Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Aɖe Nye Dzixɔse Ku Ðe Gbɔdɔdɔ Ŋu Me?

Aleke Mawɔ Aɖe Nye Dzixɔse Ku Ðe Gbɔdɔdɔ Ŋu Me?

“Ègakpɔtɔ nye ɖetugbui leaƒea?”

Ne èdi be yeaɖo nyabiase sia ŋu, eye wò ŋuɖoɖoa anye ɛ̃ la, ɖe nàdi be dzi nanɔ ye ƒo yeaɖo eŋu kple kakaɖedzia? Nyati sia akpe ɖe ŋuwò.

 Ame kae nye ɖetugbui leaƒe?

Ðetugbui leaƒe nye ɖetugbui si gbɔ ŋutsu aɖeke medɔ kpɔ o, woate ŋu agblɔ tso ɖekakpui siwo medɔ nyɔnu gbɔ kpɔ o hã ŋu be wole aƒe.

Menye be woadɔ ame gbɔ ŋutɔŋutɔ koe wòlɔ ɖe eme o. Ame aɖewo ate ŋu ayɔ wo ɖokuiwo be “ɖetugbui leaƒewo” elabe womedɔ wo gbɔ kpɔ o, togbɔ be wokpɔa gome le gbɔdɔnuwɔna geɖewo me hã.

Le kpɔɖeŋu me, nya “gbɔdɔdɔ” ate ŋu alɔ vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me kple meƒi me, alo asilili ame bubu ƒe vidzinuwo ŋu hã ɖe eme.

Nya vevitɔ: Ame siwo kpɔa gome le gbɔdɔnuwo, siwo dometɔ aɖewoe nye vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me kple meƒi me kpakple asilili ame bubu ƒe vidzinuwo ŋu me la, mate ŋu agblɔ be yewonye ɖetugbui leaƒewo alo ɖekakpui siwo menya nyɔnuwo o.

 Nya kae Biblia gblɔ tso gbɔdɔdɔ ŋu?

Biblia gblɔ be ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo koe kpɔ mɔ akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me. (Lododowo 5:18) Eya ta mele be ɖekakpui alo ɖetugbui si di be yeƒe nu nadze Mawu ŋu la nakpɔ gome le gbɔdɔnuwɔna aɖeke me o va se ɖe esime wòɖe srɔ̃ hafi.​—1 Tesalonikatɔwo 4:3-5.

Ame aɖewo gblɔna be Biblia ƒe sedede ma zu tsigãdzinu eye mesɔ na mí egbea kura o. Gake nenɔ susu me na wò be mí ame siwo li egbea domee srɔ̃gbegbe, gbɔmeyafufɔfɔ kple nulɔdɔwo xɔ aƒe ɖo. Eya ta mí ame siwo li egbea míedze kura aɖo aɖaŋu tso agbe nyui nɔnɔ ŋu o!​—1 Yohanes 2:15-17.

Ne ède ŋugble tso Biblia me se siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la, àkpɔe be susu le wo me. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ame aɖe na Amerika dɔlar 1,000 wò, ɖe nàde xɔ ta atsɔ gaa ada kaɖigbegbe ɖe yame be ame sia ame si nya to afi ama va yina ko la naxea?

Nyametsotso ma tɔgbie dze ŋgɔ wò le gbɔdɔnyawo hã gome. Sierra si xɔ ƒe 14 gblɔ be: “Nyemedi be maɖe mɔ ame aɖe si ƒe ŋkɔ dzi nyemate ŋu aɖo ŋkui gɔ̃ hã le ƒe aɖewo megbe o la, nagblẽ nye ɖetugbui leaƒe nyenye dome nam o.” Tammy si xɔ ƒe 17 da asi ɖe eƒe nya sia dzi. Egblɔ be: “Nunana xɔasi aɖee gbɔdɔdɔ nye, nyemalɔ̃ agblẽ edome o.”

Nya vevitɔ: Biblia bia tso ŋutsu alo nyɔnu siwo mekpɔ ɖe srɔ̃ o la si be womegakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o eye woanɔ agbe dzadzɛ.​—1 Korintotɔwo 6:18; 7:8, 9.

 Nu kae nye dzixɔse?

  • Ðe nèbua se si Biblia de ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu be susu le eme loo alo ɖe nèbunɛ be esesẽ akpa?

  • Èsusu be ne ame eve siwo meɖe wo nɔewo o nya lɔ̃ wo nɔewo vevie ko la, woate ŋu adɔ wo nɔewo gbɔ faa?

Esi sɔhɛ geɖewo da nya siawo kpɔ nyuie la, wotso nya me be nu nyuitɔ si wòle be yewoawɔe nye be yewoaƒo asa na gomekpɔkpɔ le gbɔdɔnuwɔnawo me ahanɔ agbe dzadzɛ. Mevea wo be yewotso nya me alea o, eye womesena le wo ɖokuiwo me hã be nane le yewo ŋu tom o. Kpɔ nya siwo wo dometɔ aɖewo gblɔ la ɖa:

  • “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mekpɔtɔ nye ɖetugbui leaƒe! Naneke megblẽ le asaƒoƒo na dzigbagbã, nuxaxa kple afɔku siwo nɔa gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me ŋu o.”​—Emily.

  • “Dzi dzɔam ŋutɔ be ŋutsuvi aɖeke mede asi ŋunye ɖe asi le ŋunye o, esi nyemedea ŋutsuha o ta la, enye dzidzɔ nam be vɔvɔ̃ vie aɖeke teti gɔ̃ hã menɔa menye be mate ŋu axɔ nulɔdɔ o.”​—Elaine.

  • “Mese nyɔnuvi hanyetiwo kple esiwo tsi wum la dometɔ geɖewo gblɔ be eve yewo ŋutɔ be yewokpɔ gome le gbɔdɔdɔ me, eye be ne ɖe yewonya la anye ne yewolala va se ɖe esime yewoɖe srɔ̃ hafi, nyemedi be mawɔ vodada ma o.”​—Vera.

  • “Mekpɔ ame geɖe siwo gakpɔtɔ le veve sem vevie le esi wogblẽ woƒe ɖetugbui leaƒe nyenye me va yi alo zɔ kple ŋutsuvi geɖewo ta. Nye ya mekpɔe be esia wɔ nublanui ŋutɔ.”​—Deanne.

Nya vevitɔ: Ele be nànya nu si dzi nèxɔ se hafi woava nɔ gbɔdɔnyawo ƒom ɖe nuwò alo nàva dze ŋgɔ gbɔdɔdɔ ƒe tetekpɔwo.​—Yakobo 1:14, 15.

 Aleke nàɖe wò dzixɔsea me na amewo?

Nya kae nàgblɔ ne ame aɖe tsɔ nya ɖe wò dzixɔse ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu ŋu? Anɔ te ɖe nɔnɔmea dzi.

“Ne ame aɖe le fewu ɖum le ŋunye eye mekpɔe dze sii be ɖeko wòdi be yeaɖu fewu le ŋunye la, nyemetɔna ɖi ko nɔa eƒe nyawo sem o. Megblɔna nɛ be, ‘Ema meka wò o’ eye medzona le egbɔ.”​—Corinne.

“Nublanuitɔe la, sukuvi aɖewo dia ge le ame ŋu be woatsɔ ado dzidzɔ na wo ɖokui ko. Ne mekpɔe be ɖeko amea di be yeadi ge le ŋunye la, nyemedea nu eme kura o.”​—David.

Ènyaa? Ɣeaɖewoɣi la, Yesu gɔ̃ hã zia kpi ne fewuɖulawo bia nyae.​—Mateo 26:62, 63.

Gake ne ɖe amea di ŋutɔŋutɔ be yeanya ya ɖa? Ne èkpɔe be amea dea bubu Biblia ŋu la, àte ŋu ahe eƒe susu ayi mawunyakpukpui aɖewo dzi. Wo dometɔ ɖekae nye 1 Korintotɔwo 6:18, si gblɔ be ame si mekpɔ ɖe srɔ̃ o evɔ wòkpɔ gome le gbɔdɔdɔ me la, ele nu vɔ̃ wɔm alo nu gblẽm le eƒe ŋutilã ŋu.

Èɖazã Biblia enumake alo emegbe o, ele vevie be nàƒo nu kple kakaɖedzi. Ðo ŋku edzi be ele be wòanye bubu gã aɖe na wò be yenɔa agbe dzadzɛ.​—1 Petro 3:​16.

“Ne èƒoa nu kple kakaɖedzi la, aɖee fia be mevea wò be yetiae be yemakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me o eye nèka ɖe wò tiatia dzi bliboe, nèxɔe se bliboe be nu nyuitɔe nye ema wɔm yele, eye menye ame aɖekee ɖoe na ye o.”​—Jill.

Nya vevitɔ: Ne èka ɖe dzixɔse si le asiwò ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu la dzi bliboe la, dzi ànɔ ƒowò nàɖe wò tiatia sia me na ame bubuwo. Eye ɣeaɖewoɣi la, ale si amewo awɔ nui la awɔ nuku na wò. Melinda si xɔ ƒe 21 gblɔ be: “Nye dɔwɔhatiwo kafuam gɔ̃ hã be megakpɔtɔ nye ɖetugbui leaƒe. Nye nu mewɔa moya na wo o. Wobuam boŋ be meɖua ɖokuinye dzi eye menɔa agbe dzadzɛ.”

Aɖaŋuɖoɖo! Ne èdi be yealé tiatia si yewɔ be yemakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe o me ɖe asi sesĩe la, ke wɔ dɔwɔgbalẽvi si gbɔna ƒe kɔpi: “Ale Si Nàɖe Wò Dzixɔse Ku Ðe Gbɔdɔdɔ Ŋu Me.” Xlẽ agbalẽ si nye Questions Young People Ask​—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent​— Réponses pratiques) hã.

  •   Babla 1 ƒe ta 24 lia ƒe tanyae nye “Ðe Gbɔdɔdɔ Ana Míalɔ̃ Mía Nɔewo Wua?”

  •   Babla 2 ƒe ta 5 lia ƒe tanyae nye, “Nu Ka Tae Wòle Be Manye Ðetugbui Leaƒe?”

“Melɔ̃a numeɖeɖe siwo le ‘Young People Ask’ gbalẽawo me. Le kpɔɖeŋu me, le Babla 1 ƒe axa 187 la, wotsɔ gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe sɔ kple ale si ame aɖe natsɔ kɔgɛ xɔasi aɖe ana ame aɖe yaka ko. Eɖe eɖokui dzi kpɔtɔ. Axa 177 gblɔ be gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe le abe ale si woatsɔ avɔ si dzi nutata nyakpɔ le aɖo ɖe anyigba ene. Gake kpɔɖeŋu si doa dzidzɔ nam wue nye esi le Babla 2 ƒe axa 54. Woŋlɔ ɖe nɔnɔmetataa te be: ‘Gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe le ko abe nuʋuʋu le nunana aɖe si woɖo be woana wò la dzi hafi woava tsɔe na wò ene.’ Ðeko wòle abe ɖe nèle nu si nye ame bubu, ame si nava ɖe le etsɔme, tɔ la fim ene.”​—Victoria.