Dzo kpo yi emenuwo dzi

Gbetakpɔxɔ-gbleawo​—Ƒe Blaatɔ̃ Ƒe Nuŋeŋedɔ

Gbetakpɔxɔ-gbleawo​—Ƒe Blaatɔ̃ Ƒe Nuŋeŋedɔ

Agble aɖewo le New York City ƒe dzigbe anɔ abe kilometa 145 ene le kɔƒe sue aɖe si te ɖe Wallkill si le New York ŋu me. Agble siawo wɔ akpa vevi aɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia-fiafiadɔ si wowɔna le xexea me godoo la me. Woyɔa agble siawo egbea be Gbetakpɔxɔ-gblewo. Woƒle agble siawo ƒe gbãtɔ ƒe 50 aɖewoe nye esia le January 2, 1963 dzi.

Aƒetɔ David Walker, si nye Yehowa Ðasefo aɖe si wɔ dɔ le Wallkill tso gɔmedzedzea gblɔ nu si tae woƒle agble gbãtɔa ɖo be: “Ame siwo wɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn le New York la nɔ dzidzim ɖe edzi eye ehiã be woadi nuɖuɖu na dɔwɔlawo evɔ womazã ga fũu o. Agble bubu siwo Yehowa Ðasefowo va nɔ dedem ɣemaɣi la le New York ƒe dzigbe, eye afi sia didi abe gaƒoƒo ade va se ɖe enyi ƒe mɔzɔzɔ ene tso Brooklyn gbɔ. Gake tso Brooklyn yi Wallkill ya axɔ gaƒoƒo eve pɛ ko. Esia na be teƒe sia sɔ na mí wu.” Yehowa Ðasefowo dea amagbegblewo kple kutsetsegble le teƒe sia, wonyia koklowo, hawo kple nyiwo eye wowɔa nu vovovo siwo wotsɔa nyinotsi wɔna la hã le afi sia. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova de agble bubuwo kpee.

Le ƒe ewo pɛ ko me la, ale si Yehowa Ðasefowo dzi ɖe edzi la va na be wova le Wallkill zãm le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Tsɔ kpe ɖe kutsetse ŋutɔŋutɔ siwo woate ŋu aŋe ŋu la, wova te agbalẽwo tata le afi sia, eye esia kpe asi ɖe kpɔɖeŋu ƒe nuŋeŋedɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la ŋu. (Mateo 9:37; Luka 10:2; Yohanes 4:35, 36) Na míakpɔ dɔ siwo yi edzi le Wallkill la dometɔ aɖewo ko ɖa.

Agbalẽtata: Le ƒe 1900-awo ƒe domedome la, agbalẽtaƒe si le Brooklyn le New York lae wotaa míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ akpa gãtɔ le. Gake agbalẽ sɔgbɔ wu hiã, eye agbalẽ siwo tam wole le Brooklyn megate ŋu le dedem o. Le ƒe 1973 me la, Yehowa Ðasefowo ɖo agbalẽtaƒe bubu ɖe Wallkill. Tso ɣemaɣi la, wokeke agbalẽtaƒea ɖe enu zi geɖe, eye zi mamlɛtɔ si wogawɔ esiae nye ƒe 2004.

Kɔmpiutamɔ̃ɖaŋununya: Le ƒe 1979 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe te asitɔtrɔ le kɔmpiutaɖoɖo aɖe ŋu le Wallkill, eye wona ŋkɔe be Kɔmpiuta Nuŋlɔɖoɖo Tɔxɛ Si Nana Woŋlɔa Nu Ðe Gbegbɔgblɔ Vovovowo Me (MEPS). Kɔmpiutaɖoɖo sia wɔe be míetea ŋu taa Biblia-srɔ̃gbalẽwo le gbe 600 kple edzivɔwo me.

Hehenana: Le ƒe 1988 me la, woɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku la tso Brooklyn yi Wallkill, eye wodze sukua ƒe klas gbãtɔ gɔme le October 17 dzi. Sukua nɔ afi ma va se ɖe esime woɖee yi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson le New York le April 1995 me.

Abe ale si wònɔna le agble bubuwo gome ene la, aɖaŋu siwo wozãna le Gbetakpɔxɔ-gblewo me kple eƒe dɔwɔwɔ la hã trɔ. Ke hã, wodzea agbagba vevie naa nuɖuɖu nyui ame siwo le dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe Betel si le New York le Amerika.

Fifi laa la, Yehowa Ðasefowo le dɔwɔxɔwo, mlɔƒewo kple xɔ bubuwo tum le Wallkill. Wole asi trɔm le xɔ xoxowo hã ŋu. Esiawo katã wɔe be wote ŋu le asi trɔm le gbɔgbɔmenuɖuɖuwo ŋu le Gbetakpɔxɔ-gblewo me hena ame gbogbo siwo va le ɖeka wɔm kple Yehowa Ðasefo siwo le anyigbaa ƒe akpa sia.

David Walker si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Ne mekpɔ ale si agble nyaŋui sia dze egɔme le Wallkill ƒe 50 aɖewoe nye esia heva zu teƒe nyadri sia kple ale si wole ezãm tsɔ le asi kpem ɖe xexea me katã ƒe Biblia-fiafiadɔa ŋu la, dzi dzɔam ale gbegbe!”