Dzo kpo yi emenuwo dzi

Lãwo Kple Avewo Ta Kpɔkpɔ Le Warwick

Lãwo Kple Avewo Ta Kpɔkpɔ Le Warwick

Yehowa Ðasefowo dze woƒe dɔwɔƒegã yeyea tutu gɔme le teƒe si te ɖe ta aɖe si ŋkɔe nye Sterling Forest Lake (si wogayɔna be Blue Lake) ŋu le New York State ƒe kɔƒenuto aɖe me. Aleke wole lãwo kple avewo ta kpɔmee?

Ðasefoawo tɔ kpɔ ƒo xlã anyigba si dzi wole xɔa tum ɖo ale be dawo kple klowo magava dɔa wɔƒe ne nu vevi nawɔ wo o. Woléa ŋku ɖe kpɔa ŋu edziedzi hekpɔa egbɔ be ele nɔnɔme nyui me ale be lãwo magadze kpɔ ava dɔa wɔƒe o. Ne wowu dɔa nu heɖe kpɔa ɖa la, woana ame aɖe si wona hehe nyuie be wòate ŋu alé da evɔ daa maɖui o la nalé da ɖe sia ɖe si wòakpɔ le teƒe siwo te ɖe dɔwɔƒea ŋu ayi aɖada ɖe teƒe bubu.

Atsutsrɔe ƒomevi

Wotso atiwo le vuvɔŋɔli ale be womagaɖe fu na atsutsrɔe ƒomevi aɖewo le ɣeyiɣi si me wonɔa atɔ me o. Ne Ðasefowo wu dɔa nu le teƒe siwo wotso atiawo le vɔ la, woada aɖakago siwo me xeviwo ate ŋu awɔ atɔ ɖo la ɖi ale be xeviawo nagatrɔ gbɔ.

Nenema kee woƒo teƒe aɖewo hedzra wo ɖo nyuie le October kple March domedome ale be isop-ti siwo nu le tsitsim la ƒe kuwo nakaka ale be woagadze nyuie. Wozɔna ɖe ɖoɖo sia dzi togbɔ be womekpɔ ati sia ƒomevi aɖeke le anyigba si dzi wole dɔa wɔm le le Warwick tso ƒe 2007 me o hã.

Tɔmelã vovovowo le Sterling Forest Lake ta si do liƒo kple dɔwɔƒea la me eye tɔdzixewo hã nɔa afi sia. Xɔtuɖaŋuwɔlawo tia xɔtumɔnu siwo magblẽ nu le nutoa me ŋu o la vovovowo ale be woakpɔ ta la ta. Esiawo dometɔ aɖewoe nye be woado gbewo ɖe xɔwo tame ne woaɖe ɖiƒoƒo siwo le tsidzadzawo me, eye wòana hã be tsiawo magasi agbagba o. Gakpe ɖe eŋu la, wole ati siwo ƒo xlã ta la ta kpɔm.

Ðasefo aɖe si kpɔa gome le dɔa ƒe akpa sia me la gblɔ be, “Togbɔ be esia wɔwɔ abia ɖoɖo bubuwo wɔwɔ kple ɣeyiɣi geɖe hã la, míeɖoe kplikpaa be míakpɔ lãwo kple ati siwo le teƒe si míele dɔa wɔm le le Warwick la ta.”