Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Wòhiã Kokoko Be Ame Nanɔ Subɔsubɔha Aɖe Mea?

Ðe Wòhiã Kokoko Be Ame Nanɔ Subɔsubɔha Aɖe Mea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃, elabena Mawu di be amewo naƒo ƒu ade ta agu na ye. Biblia gblɔ be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi . . . o.”​—Hebritɔwo 10:24, 25.

 Yesu ɖee fia be ye yomedzelawo anye ƒuƒoƒo si le ɖoɖo nu esi wògblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Mɔ vevitɔ si dzi Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ato aɖe lɔlɔ̃ sia afia woƒe haxɔsetɔwoe nye be woanɔ kpekpem ɖekae. Woanɔ hamewo me eye woanɔ kpekpem edziedzi hena tadedeagu. (1 Korintotɔwo 16:19) Wo katã woanye xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ.​—1 Petro 2:17.

Subɔsubɔha aɖe me nɔnɔ ɖeɖe dzaa mesu o

 Togbɔ be Biblia gblɔ be ele be woaƒo ƒu ade ta agu hã la, megblɔ be ne ame nya le subɔsubɔha aɖe me ko la, eƒe nu adze Mawu ŋu o. Hafi ame ƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be eƒe mawusubɔsubɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe gbe sia gbe nuwɔnawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Subɔsubɔ si le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o, le mía Mawu si nye mía Fofo ŋkume lae nye esi: be woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexea me.”​—Yakobo 1:27.