Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU

Ale Si Nàƒo Nu Tso Aha Sesẽ Ŋu Na Viwò

Ale Si Nàƒo Nu Tso Aha Sesẽ Ŋu Na Viwò

“Ƒe adee mía vinyɔnuvia xɔ esi míedzro nu me kplii ku ɖe aha sesẽ nono ŋu zi gbãtɔ. Ewɔ nuku na mí be enya nu geɖe tso aha sesẽ ŋu wu ale si míesusui.”—Alexander.

Nu si wòle be nànya

Ele vevie ŋutɔ be nàƒo nu tso aha sesẽ ŋu na viwò. Mègalala viwòa nage ɖe eƒe ƒewuiwo me hafi nàƒo nu tso eŋu nɛ o. Khamit, si le Russia, gblɔ be: “Ðe wòanyo wu ne ɖe míedzro aha sesẽ zazã le mɔ nyuitɔ nu me kple mía viŋutsuvia esime wònye ɖevi dzaa hafi. Esi nuwo te gbegblẽ hafi meva de dzesi esia ƒe vevienyenye. Meva nya be vinyea nɔ aha sesẽ nom edziedzi esi wòxɔ ƒe 13.”

Nu ka tae wòle be nya sia nanɔ vevie na wò?

  • Sukuhatiwo, boblododowo kple television dzi wɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si viwò bua aha sesẽe dzi.

  • Habɔbɔ aɖe si le Amerika gblɔ be ame siwo katã noa aha sesẽ le Amerika la dometɔ 11 le alafa me nye ɖevi siwo metsi le se nu be woano aha sesẽ o.—U.S. Centers for Disease Control and Prevention.

 Eya ta mewɔ nuku o be lãmesẽnyawo gbɔ kpɔlawo ɖoa aɖaŋu na dzilawo be woaƒo nu tso afɔku siwo le aha sesẽ nono me ŋu kple wo viwo tso woƒe ɖevime ke. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

Nu si nàte ŋu awɔ

Dzra ɖo ɖe nya siwo viwòa ate ŋu abia wò la ŋu. Ðevi suewo dina be yewoanya nu sia nu, eye ɖevi siwo tsi wu ya gakea ŋku ɖe nu me geɖe wu. Eya ta anyo be nàdzra ɖo nyuie ɖe ale si nàɖo nya ŋu na viwòa ŋu. Kpɔɖeŋu aɖewo nye esiawo:

  • Ne viwòa di be yeanya ale si aha sesẽ ƒe vivi le la, àte ŋu agblɔ nɛ be wain le abe atikutsetse me tsi si le lalãm vie ene eye biya ya tea ŋu vena vie.

  • Ne viwòa di be yeaɖɔ aha sesẽ kpɔ la, àte ŋu agblɔ nɛ be aha sesẽwo nu sẽ akpa na ɖeviwo. Gblɔ nu siwo wòwɔna na ame la nɛ: Aha sesẽ tea ŋu nana ame ɖea dzi ɖi ya, gake enono fũu akpa ate ŋu ana ame ƒe mo nanɔ tɔtrɔm, ana ame nanɔ nu manyatalenuwo wɔm, alo agblɔ nya siwo ava vee emegbe.—Lododowo 23:29-35.

Nya nu tso aha sesẽ ŋu. Biblia gblɔ be: “Aɖaŋudzela wɔa nu le nunya me.” (Lododowo 13:16) Nya siwo ku ɖe aha sesẽ zazã kple se siwo ku ɖe eŋu le miaƒe dukɔa me, abe ƒe si wòle be ame naxɔ hafi ano aha ene, nenɔ nyanya na wò. Ekema ànɔ klalo be nàkpe ɖe viwòa ŋu.

Dze agbagba nàɖo dze kple viwòa tso aha sesẽ ŋu. Mark, si nye vifofo aɖe si le Britain la gblɔ be: “Aha sesẽ nono ŋu nyawo tea ŋu tɔtɔa ɖeviwo. Mebia vinyeŋutsuvi si xɔ ƒe enyi nenye be esusu be nu gbegblẽe wònye be ame nano aha sesẽ. Mena míeɖo dzea le dziɖeɖi me xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, eye esia wɔe be wòte ŋu gblɔ eƒe susuwo faa.”

Wò nyawo ade dzi gbɔ na viwòa wu ne èdzro aha sesẽ nono ƒe nyaa me kplii zi geɖe. Le ƒe si viwòa xɔ nu la, dzro nya siwo ku ɖe aha sesẽ ŋu la me kplii esime miele dze ɖom tso agbemenya bubuwo abe ʋukusewo dzi wɔwɔ kple gbɔdɔnyawo ene hã ŋu.

Ðo kpɔɖeŋu nyui. Abe ale si ko tsiletse alo papahũ lɔa tsii ene la, ɖeviwo hã srɔ̃a ame siwo dome wole la ƒe nɔnɔmewo, eye numekukuwo ɖee fia be dzilawo ƒe nɔnɔmewoe kpɔa ŋusẽ ɖe wo viwo dzi wu. Esia fia be ne aha koŋue nènona kple susu be wò susu nadze akɔ anyi alo nàɖe dzi ɖi la, viwòa asusui be ahanonoe nye agbemedzimaɖitsitsiwo gbɔkpɔnu. Eya ta nye kpɔɖeŋu nyui ɖola na viwòa. Kpɔ egbɔ be yezãa aha sesẽ le mɔ nyuitɔ nu.

Viwòwo asrɔ̃ kpɔɖeŋu si nèɖona le ahanono gome