Dzo kpo yi emenuwo dzi

Esrɔ̃ Nu Tso Gamenɔlawo Gbɔ

Esrɔ̃ Nu Tso Gamenɔlawo Gbɔ

 Ŋutsu aɖe si tso Eritrea la va zu sitsoƒedila le Norway le ƒe 2011 me. Esi Yehowa Ðasefowo do goe la, egblɔ na wo be yedo go Ðasefowo kpɔ le yewo de. Egblɔ be esi yenɔ asrafodɔ wɔm le Eritrea la, yekpɔnɛ be Ðasefo siwo wolé de ga le woƒe xɔse ta la gbena be yewomawɔ asrafodɔ o, ne wosẽ ŋuta le wo ŋu gɔ̃ hã.

 Eteƒe medidi o, nane va dzɔ si na wolé ŋutsua ŋutɔ hã de gaxɔ me. Eya kple Ðasefo etɔ̃ siwo ŋkɔe nye Paulos Eyasu, Negede Teklemariam, kple Isaac Mogos, siwo wolé de ga tso keke ƒe 1994 me le woƒe xɔse ta, lae nɔ gaxɔa me.

 Le gaxɔa me la, ŋutsua ŋutɔ va kpɔe dze sii be Yehowa Ðasefowo nɔa agbe ɖe nu siwo wofiana nu. Ede dzesii be woɖia anukware eye womaa woƒe nuɖuɖuwo kura gɔ̃ hã kple gamenɔla bubuwo. Ede dzesii hã be Ðasefoawo srɔ̃a Biblia ɖekae gbe sia gbe eye wokpea ame bubuwo be woakpɔ gome le eme kple yewo. Ne wodoe ɖe wo gbɔ be woade asi agbalẽ te be yewomeganye Yehowa subɔlawo o ko ne woaɖe asi le wo ŋu la, wogbena.

 Nu siwo teƒe ŋutsu sia si si dzi nyui le kpɔ la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be esi wòʋu yi Norway la, edi be yeanya nu si tae xɔse sẽŋu ma gbegbe le Yehowa Ðasefowo si. Eya ta esi Ðasefowo do goe la, elɔ̃ wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii enumake eye wòte woƒe kpekpewo hã dede.

 Le September 2018 me la, exɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Fifia ewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ dia ame siwo tso Eritrea kple Sudan eye wòdea dzi ƒo na wo be woasrɔ̃ Biblia ale be xɔse sẽŋu nasu wo si.