Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ale si tsi ɖe Vadodara, si le Gujarat, si nye nuto siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le la dometɔ ɖeka

AUGUST 16, 2019
INDIA

Tsiɖɔɖɔ Gblẽ Nu Le Ɣetoɖoƒe India

Tsiɖɔɖɔ Gblẽ Nu Le Ɣetoɖoƒe India

Woka nya ta le nyadzɔdzɔwo me be ame 169 ya teti ku esi tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le India ƒe ɣetoɖoƒe nuto siwo nye Gujarat, Maharashtra, Karnataka, kple Kerala me.

Alɔdzedɔwɔƒe si le India la ka nya ta be mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖeke meku alo xɔ abi le tsiɖɔɖɔa me o. Tsiɖɔɖɔa ŋuti nyatakaka siwo tso alɔdzedɔwɔƒea gbɔ la nye esiwo gbɔna.

Gujarat: Le du si nye Vadodara me la, tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le gbeƒãɖela 145 ŋu. Naneke megblẽ le Gujarati gbegɔmeɖedɔwɔƒe si le Vadodara ŋu o.

Maharashtra: Le du si nye Mumbai me la, tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le ƒome ade aɖewo ƒe aƒewo ŋu. Le du si nye Sangli, si didi tso Mumbai abe kilometa 378 ene le anyieheɣedzeƒe gome me la, gbeƒãɖela 25 zu aƒemanɔsitɔwo. Nɔvi siwo le du aɖe si te ɖe wo ŋu me la di mlɔƒewo na wo gbɔ.

Karnataka: Tsiɖɔɖɔa wɔe be ƒome ade aɖewo zu aƒemanɔsitɔwo. Karnataka ye alɔdzedɔwɔƒea le, gake tsidzadza sesẽa kple tsiɖɔɖɔa megblẽ nu le eŋu o.

Kerala: Ƒome 100 ʋu yi ɖatsi Ðasefo bubu siwo le nuto siwo le kpo dzi me la gbɔ hena ɣeyiɣi aɖe. Afɔku Ŋuti Kpekpeɖeŋunakɔmiti aɖe le ŋku lém ɖe nɔnɔmea ŋu be woakpɔ nu siwo woate ŋu awɔ.

Alɔdzedɔwɔƒea le ɖoɖo siwo wowɔ be woatsɔ akpe ɖe ame siwo le nuto siwo me tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le ŋu la dzi kpɔm. Nutome sue dzikpɔlawo kple Dukɔa Me Xɔtuɖaŋu Kple Xɔtudɔ Dzikpɔƒe la me tɔwo le dɔ dzi vevie be yewoanya ale si nɔnɔmea le ahakpe ɖe nɔvi siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le la ŋu. Wole nuhiahiã veviwo abe tsi nono kple ŋutilãmenuhiahiã bubuwo ene la nam wo, eye wotsɔ Biblia me nyawo hã le akɔ fam na wo hele dzi dem ƒo na wo.

Míele gbe dom ɖa be Yehowa nayi edzi anɔ kple mía nɔvi siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le. Míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me “ŋutifafa gbogbo” ava xɔ ɖe dzɔdzɔmefɔkuwo teƒe la vevie.—Psalmo 37:11.