Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ale si agaɖevi gblẽ nui le Natonin, le Mountain Province

AUGUST 14, 2019
PHILIPPINES

Tsidzadza Sesẽwo Gblẽ Nu Le Philippines

Tsidzadza Sesẽwo Gblẽ Nu Le Philippines

Le August 2019 ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, tsidzadza kple yaƒoƒo sesẽwo gblẽ nu le Philippines, si he tsiɖɔɖɔwo kple agaɖeviwo vɛ. Nublanuitɔe la, nɔviŋutsu aɖe si nɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela vevi dɔa wɔm la ku le agaɖevi si dzɔ le Natonin, si le nuto si woyɔna be Mountain Province la me. Nɔviŋutsu bubu aɖe si hã nɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela vevi dɔa wɔm la xɔ abi vie le agaɖevi ma ke me. Le agaɖevi bubu me la, nuvevi wɔ ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe ewo, gake wowɔ atike nɛ hekpɔ egbɔ nyuie.

Nu megblẽ le mía nɔviwo dometɔ aɖeke ƒe aƒe ŋu vevie o. Ke hã, nu gblẽ le Fiaɖuƒe Akpata aɖe si le Negros Occidental la ŋu vie esi ya ƒo sesĩe si wɔe be Akpataa ƒe xɔmesasrã ƒe akpe aɖe dzɔ ɖe anyigba.

Philippines Alɔdzedɔwɔƒea kple nutome sue dzikpɔla si le nutoa me la tsɔ Biblia me nyawo le akɔ fam na nɔvi siwo ŋu afɔku sia gblẽ nu le hele dzi dem ƒo na wo.

Ete ɖe mía dzi be mía nɔvi lɔlɔ̃a ku le afɔku sia me, eye míele gbe dom ɖa ɖe ame siwo le nu xam le eƒe kua ta la ta. Míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me nudzɔdzɔ dovevesesename siawo “magava susu me na ame” gɔ̃ hã o.—Yesaya 65:17