Dzo kpo yi emenuwo dzi

APRIL 7, 2014
UZBEKISTAN

Ðe Nɔnɔmeawo Aka Ðe Eme Na Yehowa Ðasefo Siwo Le Uzbekistan La?

Ðe Nɔnɔmeawo Aka Ðe Eme Na Yehowa Ðasefo Siwo Le Uzbekistan La?

Yehowa Ðasefo siwo le Uzbekistan le mɔ kpɔm be Uzbekistan dziɖuɖumegãwo aɖe mɔ na yewo be yewoawɔ yewoƒe mawusubɔsubɔdɔwo kplamatsɛdodo aɖeke manɔmee. Igor Yurchenko si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Uzbekistan si nɔ Ðasefo siwo do go kple dziɖuɖumegãwo le ƒe 2013 me dome la gblɔ be: “Míede dzesi be míaƒe nyamedzodzro kple Uzbekistan dziɖuɖumegãwo le afɔ tsɔm nyuie, eye ewɔ na mí be wodi be yewoaɖɔ nɔnɔmeawo ɖo. Míele mɔ kpɔm be nu nyuiwo ado tso nyamedzodzro sia me kpuie.”

Abdubannob Akhmedov

Dzesi nyui aɖe si ɖee fia be ɖewohĩ nɔnɔmeawo le tɔtrɔ ge lae nye ale si Uzbekistan dziɖuɖumegãwo ɖe asi le aƒetɔ Abdubannob Akhmedov ŋu le March 2, 2013 dzi. Ðasefo sia nɔ ga me ƒe ene kple afã ko evɔ ƒe ade kple afã ye woka nɛ hafi. Aƒetɔ Abdubannob Akhmedov nye Ðasefo etɔ̃ siwo wolé de ga ɖe woƒe mawusubɔsubɔdɔ siwo wowɔna le ŋutifafa me ta la dometɔ ɖeka. Woɖe asi le ame eve ya ŋu do ŋgɔ le ƒe 2012 me. Ðasefo aɖeke megale ga me le Uzbekistan fifia o.

Le ɣleti siwo kplɔ Aƒetɔ Akhmedov ɖeɖe le ga me ɖo me la, Uzbekistan dziɖuɖumegãwo do ŋugbe be yewoatrɔ asi le amegbetɔ ƒe gomenɔamesinyawo ŋu woaganyo ɖe edzi wu. Le July 5, 2013 dzi la, Uzbekistan dziɖuɖua na nyanya Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔkpɔha si léa ŋku ɖe gomenɔamesinyawo ŋu le xexea me tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi be yewoawɔ ɖe aɖaŋu si wòɖo be yewonena mawusubɔsubɔ kple dzixɔse ƒe ablɔɖe ame ɖekaɖekawo kple hatsotsowo katã la dzi ameŋkumemakpɔmakpɔe.

Agbagba Siwo Ðasefowo Dze Be Yewoade Yewoƒe Hame Yeyewo Agbalẽ Me

Va se ɖe fifia la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame ɖeka koe wode agbalẽ me le Uzbekistan eye hame sia le du si nye Chirchik me le Tashkent-nuto me. Ke hã, Yehowa Ðasefo geɖewo le dukɔa ƒe akpa bubuwo. Esi womete ŋu de hame yeyewo agbalẽ me o tso keke ƒe 1996 me ke ta la, dziɖuɖu ƒe se mekpɔa Ðasefoawo ta ne wokpe hena mawusubɔsubɔ le ŋutifafa me o, eye woate ŋu ahe to na wo ɖe kpekpe siawo ta gɔ̃ hã. Aƒetɔ Yurchenko gblɔ kpee be: “Míele mɔ kpɔm be nyamedzodzro nyui si yi edzi le mí kple dziɖuɖumegãwo dome la ahe tɔtrɔ aɖewo vɛ si awɔe be míate ŋu ade Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo agbalẽ me le se nu le Uzbekistan dukɔ bliboa me.”

Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm be woaɖe mɔ na yewo yewoanɔ mawusubɔsubɔ ƒe kpekpewo wɔm le ŋutifafa me le Uzbekistan eye wole mɔ kpɔm hã be Uzbekistan dziɖuɖumegãwo aɖe mɔ yewoade yewoƒe hame yeyewo agbalẽ me kpuie.