Dzo kpo yi emenuwo dzi

MARCH (Tedoxe) 17, 2014
TURKEY

Turkey Dziɖuɖua Gbe Be Yemawɔ Ðe Europa Ƒe Ðoɖo Ku Ðe Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Dzi O

Turkey Dziɖuɖua Gbe Be Yemawɔ Ðe Europa Ƒe Ðoɖo Ku Ðe Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Dzi O

“Turkeytɔ ɖe sia ɖe nyea asrafo tso edzigbe ke.” Wofia nya siawo sukuviwo, dunyagblɔlawo zãnɛ le woƒe nyagbɔgblɔwo me, eye wokunɛ ɖe to me na ame siwo woyɔ be woava xɔ asrafo ƒe hehe. Enye dzizizi na Turkey-ŋutsuwo katã be woaxɔ asrafo ƒe hehe eye eƒe gɔmedzedze nyea dzidzɔ gã aɖe na amewo. Eya ta mewɔ nuku o be Turkey (Turquie) dziɖuɖua gbe be yemaɖe mɔ ɖe gomenɔamesi si nye be ame ate ŋu agbe be yemaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ŋu o.

Turkey dziɖuɖua nye Europa Aɖaŋudeha me tɔ ʋɛ siwo medea bubu asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ƒe ɖoɖoa ŋu o la dometɔ ɖeka

Gake esi wònye be Turkey-dukɔa le Europa Aɖaŋudeha me eye wòda asi ɖe Europa Ƒe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ƒe Ðoɖowɔha ƒe ɖoɖowo dzi be yeawɔ ɖe wo dzi ta la, eƒoe ɖe enu be wòawɔ ɖe Europa ƒe ɖoɖowo dzi. Tso esime Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe Nyagbugbɔgadrɔ̃kɔmiti Gãtɔ tso Bayatyan kple Armenia, ƒe nyaa me la, agba le Turkey dziɖuɖua dzi be wòawɔ ɖe Europa Aɖaŋudeha ƒe ɖoɖowo dzi ahaɖe mɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ƒe gomenɔamesi la ŋu le eƒe dukɔa me. Esi Turkey dziɖuɖua gbe esia wɔwɔ ta la, nuwo mele ame siwo gbea asrafo ƒe hehe xɔxɔ le dukɔ sia me kpam o.

Le ƒe 10 siwo va yi me la, ŋutsu 55 siwo nye Yehowa Ðasefowoe ŋlɔ agbalẽ na Turkey dziɖuɖua be wòaɖe mɔ ɖe asrafo ƒe hehe xɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ƒe gomenɔamesi ŋu. Esi womewɔ woƒe biabia dzi na wo o ta la, wotsɔa ʋɔnunya gbogbo aɖewo ɖe wo ŋuti, wodoa fe gbogbo aɖewo na wo, eye woléa wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã dea ga ƒe gbogbowo. Fifi laa la, wodrɔ̃a ʋɔnu sɔhɛ Ðasefo 15 aɖewo enuenu le esi wogbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ta.

‘Ele Be Mawɔ Ðe Nye Dzitsinya Ƒe Mɔfiame Dzi’

“Nyemexɔe se be Dukɔ Sẽŋu aɖeke ate ŋu azi dzinye mawɔ nu si tsi tsitre ɖe nye dzitsinya si metsɔ Biblia na hehee kple Mawu ƒe nya si dze le Yesaya 2:4 la ŋu o, eye mexɔe se be ele be mawɔ mawunyakpukpui sia dzi.” Woɖe mawunyakpukpui nyanyɛ ma me nyawo ɖe kpe dzi le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔƒegã si le New York City. Kpukpui ma gblɔ be ame siwo tsri aʋawɔwɔ la ‘atsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.’ Feti Demirtaş si nye Turkeytɔ si xɔ ƒe 25 la gblɔ nya siawo tsɔ ɖe nu si tae wòlɔ̃ faa be woalé ye tu wu be yeasrɔ̃ aʋawɔwɔ la me. Esi wònye Yehowa Ðasefoe Feti nye ta la, exɔe se vevie be ele be yeawɔ ɖe yeƒe dzitsinya si yetsɔ Biblia na hehee la ƒe mɔfiame dzi. Le esia ta wodrɔ̃ ʋɔnu Feti zi ewo sɔŋ eye wonɔ ga me wu ƒe ɖeka kple afã.

Esi wolé Feti zi gbãtɔ la, asrafowo ƒe tatɔ aɖe ɖe gbe nɛ be wòado asrafowu, gake egbe, eye wòtiae be yeawɔ ɖe yeƒe dzitsinya si yetsɔ Biblia na hehee la ƒe mɔfiame dzi. Asrafomegã si kpɔa asaɖa la dzi kplɔ Feti va ame 400 ŋkume heɖe gbe nɛ be wòado asrafowu. Egagbe ake. Le eƒe gamenɔnɔ gbãtɔ sia me la, gaxɔdzikpɔlawo dzui vevie, woƒo eƒe tagbɔ, abɔta, afɔwo kple tome nɛ.

Esi wolé Feti zi atɔ̃lia le April (Afɔfiɛ) 2006 me la, gaxɔdzikpɔlawo zi edzi wòɖe nu sia nu hetsi godui ko me ale be wòado asrafowu. Esi wògbe asrafowua dodo la, gaxɔdzikpɔlawo tui ɖe tohegaxɔ me ŋkeke ene. Wodea ga asi nɛ blana ɖe gakpo aɖe ŋu le eƒe abati ŋu le zã me eye wodea ga asi nɛ blana ɖe kpe aɖe ŋu le ŋkeke me kple susu be wòana ta. Feti gblɔ be, “Mevɔ̃na le ŋkeke me eye nyemetea ŋu dɔa alɔ̃ le zã me o le fu siwo wɔm wolem kple fu siwo mesusuna be woate ŋu ava awɔm la ŋu bubu ta. Togbɔ be fu siwo wɔm wolem na be nu tena ɖe dzinye vevie hã la, meɖoe kplikpaa be mawɔ ɖe nye dzitsinya ƒe mɔfiamewo dzi.”

Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea Da Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Gbegbe Le Dzitsinya Ta Ƒe Nyaa Kpɔ

Le ƒe 2007 me la, Feti Demirtaş tsɔ eƒe nyaa yi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea be Turkey dziɖuɖua tu afɔkpo yeƒe gomenɔamesi esi wòlé ye de ga ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta la ta. Le January (Dzove) 17, 2012 me la, Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me wòde Feti dzi, eye wòɖo kpe edzi be wowɔ funyafunyae heɖi gbɔ̃e eye esia na wòto vevesese kple fukpekpe geɖe me. Gakpe ɖe eŋu la, Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ kpee be asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le mawudzixɔse ta nye gomenɔamesi si ta Europa Ƒe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ƒe Ðoɖowɔha kpɔ. *

Esi Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me kɔtɛe alea ta la, Feti kpɔ mɔ be Turkey dziɖuɖua aɖe asi le nya siwo wòtsɔ ɖe ye ŋu la ŋu. Turkey dziɖuɖua xe nugblẽfe si ƒe home nye euro 20,000 nɛ abe ale si Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea bia tso esi ene. Gake le ɣleti ene pɛ ko le Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso le Feti Demirtaş kple Turkey ƒe nyaa ŋu megbe la, Turkey ƒe Asrafoʋɔnudrɔ̃ƒea galé Feti de ga ɣleti eve kple afã ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe ta. Feti tsɔ nyaa yi Asrafoʋɔnudrɔ̃ƒea gbɔ be woagbugbɔ adrɔ̃ na ye gake nyaa gakpɔtɔ le afi ma fifia.

Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Kɔmiti Hã De Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Gbegbe Le Dzitsinya Ta Dzi

Turkey dziɖuɖua do toku Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmitia ƒe mɔfiame siwo woɖe ɖe go nyitsɔ laa hã. Le ƒe 2008 me la, Ðasefo eve siwo ŋkɔe nye Cenk Atasoy kple Arda Sarkut tsɔ nya ɖe Turkey dziɖuɖua ŋu le Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Kɔmitia gbɔ be etu afɔkpo yewoƒe gomenɔamesi le ale si wodrɔ̃a ʋɔnu yewo edziedzi ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta la ta. Le eƒe nyametsotso si wòɖe go le March (Tedoxe) 29, 2012 dzi la, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Kɔmiti gblɔ be ŋutsuawo “ƒe mawudzixɔsewo tae wogbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o” eye “ʋɔnudɔdrɔ̃ wo kple wo dede ga nye afɔkpotutu woƒe amegbetɔ ƒe gomenɔamesi eye wònye Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla ƒe Seti 18 lia ƒe memama 1 dzi dada.”

Aleke Turkey dziɖuɖua wɔ nu ɖe mɔfiame siawo ŋu? Wogabia tso ŋutsu eve siawo si kokoko be woanɔ yewo gbɔ vam ɣleti ene sia ɣleti ene * hena asrafo ƒe hehe xɔxɔ eye ne womeva o la, woade wo ga alo ado fe gbogbo aɖe na wo.

Yehowa Ðasefo siwo le Turkey ɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe se si Biblia de be yewonelɔ̃ yewo nɔviwo la dzi. Ne Turkey dziɖuɖua yɔ Ðasefoawo be woava xɔ asrafo ƒe hehe la, ele be Ðasefo ɖe sia ɖe natso nya me le nu si wòawɔ la ŋu. Feti Demirtaş kple Ðasefo bubuwo ŋutɔwo kpɔe dzesii kɔtɛe aʋawɔnuwo tsɔtsɔ nye Biblia ƒe se kple yewoƒe dzitsinya ƒe mɔfiame dzi dada.

Ðekakpui siawo le mɔ kpɔm be yewoƒe dziɖuɖua awɔ ɖe se siwo dzi eya ŋutɔ da asi ɖo la dzi. Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea kple Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Kɔmitia le mɔ kpɔm be Turkey dziɖuɖua awɔ ɖe yewoƒe nyametsotsowo dzi ahada asi ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ƒe gomenɔamesisea dzi. Va se ɖe esime Turkey dziɖuɖua nawɔ ɖe nya sia dzi la, Turkey ɖeka to vovo le Europa Aɖaŋudeha me le ɖoɖo sia gome.

^ mm. 10 Esiae nye Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso gbãtɔ ku ɖe Turkey ŋu le asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ƒe nyawo me. Le November (Adeɛmekpɔxe) 2011 me la, Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me wòde Ðasefo bubu aɖe si ŋkɔe nye Yunus Erçep la dzi. Wodrɔ̃ ʋɔnui zi 41 le ƒe 14 pɛ ko me le esi wògbe be yemaɖo Turkey-ʋakɔa me o ta.

^ mm. 14 Dziɖuɖua trɔ asi le amewo yɔyɔ hena asrafo ƒe hehexɔxɔ ƒe ɖoɖoa ŋu nyitsɔ laa, fifia ezu ɣleti etɔ̃ sia ɣleti etɔ̃.