Dzo kpo yi emenuwo dzi

MARCH 23, 2015
AZERBAIJAN

Mɔxexe Ðe Mawusubɔsubɔ Nu Le Gã Dom Ðe Edzi Le Azerbaijan

Mɔxexe Ðe Mawusubɔsubɔ Nu Le Gã Dom Ðe Edzi Le Azerbaijan

Mɔxexe ɖe mawusubɔsubɔ nu le gã dom ɖe edzi le Azerbaijan elabena setɔwo doa fe gbogbo aɖe na Yehowa Ðasefowo heléa wo dea ga. Dziɖuɖumegãwo tsɔ nya ɖe Ðasefowo ŋu be wonye nu vlo wɔlawo le esi wokpena le woƒe tadeaguƒewo eye woƒoa nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu na amewo ta.

Wobu Wo Nu Vlo Wɔlawoe Le Mawusubɔsubɔdɔwo Wɔwɔ Ta

Le December 5, 2014 dzi la, Yehowa Ðasefo eve siwo nye Irina Zakharchenko, si nye ahosi aɖe si xɔ ƒe 55 eye eƒe akpa ɖeka tu, kple via nyɔnu Valida Jabrayilova si xɔ ƒe 38, si kpɔa nɔa gbɔ la, nɔ nu ƒom tso woƒe dzixɔsewo ŋu na aƒe aɖe me tɔwo le Baku. Nyɔnuawo nɔ agbalẽ gbadza si nye Fia Nu Viwòwo, si ŋu wotrɔ asi le be dzilawo nazã atsɔ afia Biblia me ŋutinyawo kple nusɔsrɔ̃wo wo viwo la nam amewo gamaxɔmaxɔe. *

Kpovitɔwo ƒe nyagɔmekula aɖe tsɔ nya ɖe wo ŋu be wowɔ nu vlo elabe wole Biblia-srɔ̃gbalẽwo mam evɔ “womexɔ mɔɖeɖe si dze o.” Vevietɔ la, wotsɔ nya ɖe nyɔnuawo ƒe habɔbɔ bliboa ŋu be eɖi fɔ elabe eƒe ŋkɔ mee nyɔnu siawo wɔ nu vlo sia le. Fe si wodona na ame siwo wobu fɔ siae la lolona ŋutɔ, etea ŋu nyea ga home manat 7,000 va ɖo manat 9,000 (Amerika dɔlar 6,690 va ɖo 8,600) * alo woade amea gaxɔ me tso ƒe eve va ɖo ƒe atɔ̃.

Le nyagɔmekuɣia katã la, kpovitɔwo ƒe nyagɔmekula kple Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Dedienɔnɔnyawo Gbɔ yɔa nyɔnuawo edziedzi biaa gbe wo. Esi Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Dedienɔnɔnyawo Gbɔ ƒe dɔwɔlawo gayɔ nyɔnuawo be woava le February 17, 2015 dzi la, nyɔnuawo ƒe nu koe ku esi woyɔ wo ɖe kodzo me le Sabail Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Baku evɔ menɔ nyanya me na wo be woakplɔ yewo ayi ʋɔnui o.

Esi kpovitɔwo ƒe nyagɔmekula tso wo nu le ʋɔnudrɔ̃ƒea be wonye nu vlo wɔlawo megbe la, ebia tso ʋɔnudrɔ̃ƒea si be woalé nyɔnuawo ade ga gbɔ, egblɔ be yesusui be anɔ eme godoo be nyɔnuawo atri to agaƒo nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu na amewo ake eye “woasi le nyagɔmekulawo nu adzo le nutoa me.” Senyala si ʋlia nyɔnuawo ta meda asi ɖe susu sia dzi o, elabena nyɔnuawo le wɔwɔm ɖe setɔwo ƒe nya ɖe sia ɖe dzi xoxo. Togbɔ be ʋɔnudrɔ̃laa de dzesii be nya aɖeke meku ɖe nyɔnuawo ŋu le ʋɔnu kpɔ o hã la, eƒo nya ta be woƒe dɔ siwo wɔm wole la “nye afɔku na dumeviwo” eye wòɖe gbe wode nyɔnuawo ga ɣleti etɔ̃ le gaxɔ aɖe si dzi adzamekpovitɔwo kpɔna la me.

Senyala si ʋlia nyɔnuawo ta bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃, eye le February 26, 2015 dzi la, kpovitɔwo de kunyowu nyɔnuawo kplɔ wo tso gaxɔa me le Baku yi Nyagbugbɔdrɔ̃ƒea, wokɔ wo ɖe ʋu si ƒe ahuhɔ̃ewo le yibɔ me yii. Le ʋɔnudɔdrɔ̃ si teƒe womeɖe mɔ na ame bubuwo be woakpɔ o me la, Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Dedienɔnɔnyawo Gbɔ kple kpovitɔawo siaa mena kpeɖodzi aɖeke si ɖee fia be ne nyɔnuawo menɔ ga me o la woasi si tae wòle be woakpɔtɔ anɔ gaxɔ me ɖo o. Ke hã, ʋɔnudrɔ̃ƒea gbe asiɖeɖe le aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova ŋu, eye wogbugbɔ wo ɖo ɖe gaxɔa me.

Le March 6, 2015 dzi la, ame siwo wɔa dɔ le Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Dedienɔnɔnyawo Gbɔ ƒe ƒuƒoƒo eve xɔ mɔɖeɖe tso ʋɔnudrɔ̃ƒea gbɔ eye wova ka aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova ƒe aƒe me, eye wolɔ woƒe subɔsubɔgbalẽwo, woƒe nuŋlɔɖigbalẽwo, kɔmpiuta kple asitelefon dzoe. Le March 10, 2015 dzi la, Dudɔwɔƒea, Dukɔa Ƒe Kɔmiti Si Kpɔa Dɔwɔnyawo Kple Subɔsubɔhawo Ƒe Nyawo Gbɔ ƒe ame dɔdɔwo kple kpovitɔwo xɔ ŋusẽ tso ʋɔnudrɔ̃ƒe be woaka Fiaɖuƒe Akpata (si nye tadeaguƒe) kple hamea ƒe hamemetsitsiwo dometɔ ɖeka ƒe aƒe me. Dudɔwɔƒea sama Ðasefo siwo le Baku dometɔ geɖe be woabia gbe wo ku ɖe nya sia ŋu.

Le ale si aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova ƒe nya va le yiyim glamaglama ta la, Yehowa Ðasefowo ŋlɔ lɛta na Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nyatakaka Tɔxɛ Kple Amedede Ga Me Madzemadzee Ƒe Ha be wòade nu nyaa me. Nutoa me senyala aɖe le asi trɔm le biabia aɖe ŋu ale be wòabia be woaɖe wo le gaxɔa me asika wo ɖe aƒe me boŋ.

Wodo Fe Gbogbo Aɖe Na Wo Helé Wo De Ga Le Esi Wokpɔ Gome Le Subɔsubɔwɔna Aɖe Me Ta

Le Ganja la, dziɖuɖumegãwo do fe gbogbo aɖe na Ðasefo siwo de woƒe mawusubɔsubɔ ƒe kpekpewo eye wolé wo dometɔ aɖewo de ga. Fe siwo wodo na wo la ƒe home nye manat 1,500 (Amerika dɔlar 1,433) va ɖo manat 2,000 (Amerika dɔlar 1,911).

Le October 2014 me la, ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo le Ganja na wolé Ðasefo etɔ̃ aɖewo kple ŋutsu aɖe si kpɔa gome le woƒe subɔsubɔwɔnawo me la de ga, elabena womete ŋu xe fe si wodo na wo le mawusubɔsubɔ ƒe kpekpe dede ta o. Togbɔ be woxe fea ƒe akpa aɖe hã la, dziɖuɖumegãwo lé wo de ga hena ŋkeke 3 va ɖo ŋkeke 20 sɔŋ.

Ŋutsu si kpɔa gome kple Ðasefowo le woƒe subɔsubɔwɔnawo me la gblɔ be: “Ga home manat 1,500 (Amerika dɔlar 1,433) sɔ gbɔ nam akpa. . . . Gbã la meɖoe be nyemaxe finiki o, elabe nyemedze agɔ aɖeke o.” Ðasefoawo dometɔ eve siwo nye ŋutsuwo la hã se le wo ɖokuiwo me be wohe to na yewo madzemadzee, eye wogblɔ be wowɔ nu ɖe yewo ŋu abe nu vlo wɔlawoe yewonye ene.

Ðasefo siwo wolé de ga la dometɔ etɔ̃lia, si nye nyɔnu la gblɔ be: “Ame aɖeke mebu ale si ganyawo sesẽ na nye ƒomea, ale si mekpɔa nɔnye si nye wɔametɔ, si metea ŋu wɔa naneke le eɖokui si o dzi, kple ale si melɔ̃ faa te fea xexe le ɖokuinye si la ŋu o.”

Ame ene siawo wu ŋkeke siwo woɖo be woanɔ ga me la nu, gake ʋɔnudrɔ̃ƒea gale biabiam tso wo si kokoko be woaxe feawo katã. Ne womete ŋu xe fea le game si ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖo dzi o la, woagate ŋu alé wo ade ga ake.

Ðe Woava Drɔ̃ Nya Dzɔdzɔe Le Azerbaijan Gbe Ðekaa?

Azerbaijan dziɖuɖumegãwo le mɔnu geɖewo zãm be yewoatsɔ axe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔdɔwo nu. Fifi laa la, Yehowa Ðasefowo tsɔ nya 19 ɖe Azerbaijan dziɖuɖua ŋu le Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea be woakpɔ mɔxexe ɖe yewoƒe mawusubɔsubɔ nu ƒe nyaa gbɔ. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, Ðasefoawo le mɔ kpɔm be Azerbaijan ƒe dziɖuɖumegãwo aɖɔ nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ɖe aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova ŋu esi wolé wo de ga madzemadzee la ɖo. Ne Azerbaijan dziɖuɖua ɖɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ sia kple mɔxexe ɖe mawusubɔsubɔ nu ƒe nuwɔnawo ɖo la, dziɖuɖua aɖee fia be yedea bubu yeƒe dukɔmeviwo kple yeƒe dukplɔsea ŋu, eye yewɔna ɖe amegbetɔ ƒe gomenɔamesise veviwo dzi.

^ mm. 4 Azerbaijan ƒe Dukɔa Ƒe Kɔmiti Si Kpɔa Dɔwɔnyawo Kple Subɔsubɔhawo Ƒe Nyawo Gbɔ da asi ɖe edzi hafi wotsɔ agbalẽ gbadza sia va dukɔa me, Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ gbadza sia le August 11, 2014 dzi.

^ mm. 5 Fetu si amewo xɔna ɣleti sia ɣleti le Azerbaijan lae nye manat 440 (Amerika dɔlar 420), le August 2014 ƒe akɔntabubu nu.