Dzo kpo yi emenuwo dzi

JUNE 11, 2015
AZERBAIJAN

Yehowa Ðasefowo Bia Tso Azerbaijan Dziɖuɖua Si Be Wòatsi Ameléle De Ga Madzemadzee Nu

Yehowa Ðasefowo Bia Tso Azerbaijan Dziɖuɖua Si Be Wòatsi Ameléle De Ga Madzemadzee Nu

Yehowa Ðasefowo le biabiam tso xexemedukɔwo si be woade ale si wolé Irina Zakharchenko kple Valida Jabrayilova de ga madzemadzee ƒe nya la me. Nyɔnu eve siawo le ga me tso February 17, 2015 dzi esime Sabail Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe la tso nya me be woanɔ ga me ɣleti etɔ̃ hafi woava drɔ̃ ʋɔnu wo le nya si wotsɔ ɖe wo ŋu be wole mawusubɔsubɔgbalẽwo mam mɔɖeɖemaxɔmaxɔe ta. Nyitsɔ laa la, ʋɔnudrɔ̃ƒea gatso nya me be nyɔnu siawo naganɔ ga me ɣleti eve akpee.

Irina Zakharchenko kple Valida Jabrayilova

Nyɔnu Ŋutifafame Siwo Ŋu Wole Nu Wɔm Ðo Abe Nu Vlo Wɔla Vɔ̃ɖiwoe Wonye Ene

Le December 5, 2014 dzi la, aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova nɔ nu ƒom tso woƒe Biblia me dzixɔsewo ŋu na aƒe gã aɖe me tɔwo le Baku eye kpovitɔwo va lé wo. Kpovitɔwo ɖe asi le nyɔnu eveawo ŋu le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe, gake nyagɔmekulawo samaa wo enuenu hebiaa gbe wo. Le February 17, 2015 dzi la, Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Dedienɔnɔnyawo Gbɔ ƒe dɔwɔlawo yɔ nyɔnu siawo eye wodrɔ̃ ʋɔnu wo kpata ko le adzame hetsɔ nya ɖe wo ŋu be wonye nu vlo wɔlawo. Ʋɔnudrɔ̃la la gblɔ be wonye “afɔku na dumeviwo” ale be woate ŋu alé wo ade ga hafi woava drɔ̃ ʋɔnu wo. Enumake Dudɔwɔƒea ƒe dɔwɔlawo lé nyɔnu siawo tu le woƒe dɔwɔƒegã si le dzedzem le fotoa me le etame.

Tso ɣemaɣi la, Dudɔwɔƒea ƒe dɔwɔlawo ka nyɔnu siawo ƒe aƒe me eye wolɔ woƒe subɔsubɔgbalẽwo, woƒe nuŋlɔɖigbalẽwo, kɔmpiuta kple asitelefon dzoe. Esi nyɔnuawo bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na yewo la, ʋɔnudrɔ̃ƒea gbe. Eye esi wobia be woaɖe yewo le gaxɔa me asika yewo ɖe aƒe me boŋ la, ʋɔnudrɔ̃ƒea gagbe eya hã.

Woƒe Lãmesẽ Kple Dedienɔnɔ Ðo Afɔku Me

Senyalawo, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo tsi dzi ɖe nyɔnu eve siawo ƒe lãmesẽ kple dedienɔnɔ ŋu, elabena wode dzesii be nuwo mele wo kpam o. Aƒenɔ Zakharchenko xɔ ƒe 55. Ðɔktawo gblɔ be ƒunukpeƒetetedɔ sesẽ aɖe kple afɔku aɖe si wòdze va yi si gblẽ nu le eƒe ɖusifɔ ŋu vevie la na be eƒe ametia ƒe akpa gãtɔ tu.

Wotsi dzi vevie ɖe nyɔnuawo ƒe seselelãme hã ŋu. Senyala siwo ʋlia nyɔnuawo ta ɖeɖe koe Dudɔwɔƒea ɖe mɔ na be woava nɔ nyɔnuawo kpɔm ɖa. Woƒe ƒometɔwo ate ŋu aɖo nuhiahiãwo abe awuwo, atikewo kple adzalẽwo ɖe wo zi ɖeka pɛ ko le ɣletia me. Woƒe ƒometɔwo ɖo Biblia ɖe wo ale be wo me nyawo nafa akɔ na wo, gake ɖeko Dudɔwɔƒea gbe gbidii.

Azerbaijan Ava Ðe Mɔ Ðe Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Ŋu Gbe Ðeka?

Esi Dudɔwɔƒea nɔ nya gɔme kum tso aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova ŋu la, esama Ðasefo bubu siwo ade 20 ya teti eye wòna woka woƒe aƒe ewo me. Dudɔwɔƒea ƒe dɔwɔlawo kple Dukɔa Ƒe Kɔmiti Si Kpɔa Dɔwɔnyawo Kple Subɔsubɔhawo Ƒe Nyawo Gbɔ ƒe dɔwɔlawo kpakple kpovitɔwo kaa Fiaɖuƒe Akpata, afi si nyɔnuawo subɔa Mawu le la hã me.

Esi Azerbaijan dziɖuɖumegãwo mena mɔnukpɔkpɔ aɖeke Yehowa Ðasefowo be woaʋli wo ɖokuiwo ta o ta la, wotsɔ woƒe nyawo yi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Dɔdzikpɔƒegã eye wona nyanya xexemehabɔbɔ geɖewo hã ale be woanya nu tso ale si Azerbaijan dziɖuɖua lé aƒenɔ Zakharchenko kple aƒenɔ Jabrayilova de ga madzemadzee hele fu wɔm wo la ŋu. Azerbaijan de asi agbalẽ te be yeawɔ ɖe xexemedukɔwo ƒe ɖoɖo siwo ku ɖe amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo kple dukɔmeviwo ƒe ablɔɖe veviwo ŋu la dzi, eye wòƒoa adegbe be yenaa mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe yeƒe dukɔmeviwo.

Yehowa Ðasefowo bia tso Azerbaijan dziɖuɖua si bubutɔe be wòawɔ ɖe ŋugbe si wòdo na xexemedukɔwo be yeade bubu amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ŋu la dzi eye wòaɖe mɔ na Ðasefowo woasubɔ le ŋutifafa me. Wole biabiam tso Azerbaijan dziɖuɖua si be wòaɖe asi le nyɔnu maɖifɔ eve siawo ŋu enumake.