GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 2013

Nyati sia ku ɖe ame aɖewo siwo ŋkɔ Biblia yɔ siwo ɖe xɔse kple dzideƒo fia ŋu.

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Norway

Aleke nya si wobia ƒome aɖe le vo me la ʋã wo woyi ɖasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖe hiã le wu?

Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Li Kpli Wò!

Xɔse kple dzideƒo ƒe kpɔɖeŋu si Yosua, Yehoyada, Daniel kple ame bubuwo ɖo la ate ŋu aɖe vi na wò.

Mègana Naneke Nate Wò Ðe Aga Tso Yehowa Gbɔ O

Kpɔ ale si nàte ŋu awɔ tiatia nyuiwo ku ɖe dɔwɔɖui, modzakaɖeɖe kple wò ƒomea ŋu.

Yi Edzi Nànɔ Tetem Ðe Yehowa Ŋu

Aleke míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu eye míada asɔ le elektrɔnikmɔ̃wo kple lãmesẽnyawo me ahaƒo asa galɔlɔ̃ kple dada?

Subɔ Yehowa, Mèganɔ Veve Sem Le Nu Siwo Dzɔ Va Yi Ta O

Apostolo Paulo wɔ vodada gãwo kple tiatia siwo me nunya le la siaa. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

Hamemetsitsiwo—‘Wonye Hadɔwɔlawo Na Míaƒe Dzidzɔkpɔkpɔ’

Mɔ kawo nue hamemetsitsiwo kpena ɖe nɔviwo ŋu le be dzi na dzɔ wo le Mawu subɔsubɔ me?

Amekpekpedɔ Aɖe Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Do Ŋgɔ Nyuie La Tse Ku

Kpɔ ale si nyɔnuvi ƒe ewo vi aɖe si le Chile ku kutri ma wɔna tɔxɛ aɖe ƒe amekpegbalẽvi na ame siwo katã doa Mapudungun le eƒe suku.