GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA January 2014

Tata sia ɖo kpe edzi be Yehowa nye Fia ɣeawokatãɣi. Akpe ɖe mía ŋu be míagakpɔ ŋudzedze ɖe Mesia Fiaɖuƒea kple nu siwo wɔm wòle ŋu geɖe wu.

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Ɣetoɖoƒe Afrika

Nu kae ʋã Europatɔ aɖewo woʋu va Afrika, eye aleke nuwo va yii na wo?

Subɔ Yehowa, Fia Mavɔmavɔtɔ La

Ne èsrɔ̃ nu tso mɔ si nu Yehowa nye mía Fofo le kple ale si wòɖua dzii ŋu la, ana nàte ɖe eyama ŋu geɖe wu.

Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum Ƒe 100 Ye Nye Esia—Vi Ka Ðem Wòle Na Wò?

Aleke Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu le vi ɖem na mí? Kpɔ ale si Yesu to Mesia Fiaɖuƒea dzi kɔ eteviwo ŋu, le hehe nam wo hele ɖoɖo nyuiwo wɔm na woe ɖa.

Wɔ Tiatia Nyuiwo Le Wò Sɔhɛme

Sɔhɛ geɖewo le dzidzɔ geɖe kpɔm esi wole kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woase Biblia gɔme. Nu kae nàwɔ be nàwɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me?

Subɔ Yehowa Hafi Ŋkeke Vɔ̃wo Nava

Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kawoe sua Kristotɔ tsitsiwo si be woakeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu?

“Wò Fiaɖuƒe Nava”—Gake Ɣekaɣie?

Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be eteƒe madidi o, Fia si Mawu ɖo la ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi bliboe?

Tiatia Si Mewɔ Le Nye Ðevime

Ŋutsuvi dzaa aɖe si tso Columbus, Ohio, U.S.A. ɖoe be yeasrɔ̃ Cambodiagbe. Nu ka tae? Aleke esia va kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe edzi emegbe?