NYƆ! February 2014 | Ale Si Nàzã Wò Ɣeyiɣiwo Le Nunya Me

Ne ɣeyiɣi aɖe nu va yi ko la, enu yi tegbee. Bu nu ene siwo kpe ɖe ame geɖewo ŋu wozã woƒe ɣeyiɣi le mɔ nyuitɔ nu ɖe nu siwo le vevie wu le agbe me la ŋu.

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Nyatiawo dometɔ aɖewoe nye: nyiɖutsɔtsɔ gbã de le Malaysia, womegale kakam ɖe sɔlemehaa dzi le Italy o, dɔléle siwo le Afrika kple ɖeviwo ƒe tsatsadada le Australia.

NU SI BIBLIA GBLƆ

Gbɔgbɔyɔyɔ

Ame geɖewo dzea agbagba be yewoaƒo nu kple kukuawo, gake nya kae Biblia gblɔ tso nuwɔna sia ŋu

NYATI SI LE AKPAA DZI

Ale Si Nàzã Wò Ɣeyiɣiwo Nyuie

Mɔ siwo dzi nàto azã wò ɣeyiɣiwo la dometɔ ɖekae nye be nàbu wò agbe ŋu le mɔ eve nu. Woawoe nye kawo?

INTERVIEW

Nu Gbagbewo Ŋuti Nunyala Aɖe Ƒe Xɔse

Ðɔkta Hans Kristian Kotlar srɔ̃ nu tso dɔlélenutsiŋutete ŋu, eye esia na wòva nɔ nya geɖe biam tso ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ ŋu. Aleke Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe eŋu wòkpɔ ŋuɖoɖo na eƒe nyabiaseawo?

ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Konstantino

Kpɔ ale si konstantino ƒe dunyahehe kple eƒe subɔsubɔnuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe sɔleme geɖewo ƒe dzixɔsewo kple woƒe nuwɔnawo dzi egbeae ɖa.

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU

Nu Si Nàwɔ Ne Nu Te Ðe Viwò Nyɔnuvi Dzi

Nyɔnuvi geɖe tsia dzodzodzoe ne wole go dom tɔtrɔ siwo doa mo ɖa ne wole sɔhɛme ɖom. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woanɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu?

WAS IT DESIGNED?

Kedzokedzo Ƒe Kaɖisinu La

Aleke nusɔsrɔ̃ tso nudzodzoevi sia ŋu te ŋu kpe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ŋu wowɔ LED, si klẽna nyuie wu?

Internet Dzi Nu Bubuwo

Ðe Nètsi Dzi Ðe Wò Dzedzeme Ŋu Fũu Akpa?

Ne ètsia dzi ɖe wò dzedzeme ŋu fũu akpa la, kpɔ ale si nàwɔ ada asɔ la ɖa?

Ame Kae Nye Xɔlɔ̃ Vavã?

Alakpaxɔlɔ̃wo kpɔkpɔ mesesẽ kura o, gake aleke nàwɔ akpɔ xɔlɔ̃ vavã?

Nu Kawoe Wòle Be Manya Tso Amamaɖenuwo Ðoɖo Ða To Asitelefon Dzi Ŋu?

Ðe wòle eƒom ɖe nuwò be nàwɔ nu sia? Afɔku kawoe le eme? Ahiãmoɖoɖo koe wònyea?

Sɔhɛwo Le Nu Ƒom Tso Lãmesẽmenɔnɔ Ŋu

Ðe wòsesẽna na wò be nàɖu nu ɖe ɖoɖo nu ahade kamea? Le video kpui sia me la, sɔhɛwo gblɔ nu siwo wowɔna hafi nɔa lãmesẽ me.

Mose Tsi Le Egipte

Nu ka tae Mose dada tsɔe da ɖe Nil Tɔsisia me? Xlẽ nu geɖe tso Mose, eƒe ƒometɔwo kple Farao vinyɔnu la ŋu.