GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA December 2014

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso February 2 va se ɖe March 1, 2015 la le tata sia me.

‘Miɖo To Ne Miase Egɔme’

Yesu wɔ kpɔɖeŋuwo ku ɖe atiku sue la, amɔwɔʋãnu, asitsala mɔzɔla kple kesinɔnu si woɣla ŋu. Nu kae kpɔɖeŋuawo fia?

Ðe ‘Nèse Wo Gɔmea’?

Nu kae Yesu ƒe kpɔɖeŋu siwo ku ɖe nukuwula si dɔa alɔ̃, ɖɔ la kple vi nudomegblẽlaa ŋu fia?

Agbetsitsi Le Xexe Xoxo Sia Ƒe Nuwuwu Bia Ðekawɔwɔ

Biblia me kpɔɖeŋu ene aɖewo ɖo kpe ɖekawɔwɔ ƒe vevienyenye kple nu si tae wòagava nɔ vevie wu le etsɔme dzi.

Ðe Nèdea Asixɔxɔ Nu Si Su Asiwò La Ŋua?

Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ míaƒe gbɔgbɔmedomenyinua ŋu?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu kae nya si Yeremiya gblɔ be Raxel le fafam na viaŋutsuwo la fia?

Ðe Wòle Be Nàtrɔ Susua?

Nyametsotso aɖewo li si mele be míatrɔ gbeɖe o, gake menye wo katãe o. Aleke nàwɔ akpɔ vovototoa?

‘Enya Mɔ La’

Guy H. Pierce, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha me tɔ la ku le Braɖa, March 18, 2014 dzi.