Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

GBETAKPƆXƆ No. 2 2017 | Àlɔ̃ Axɔ Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake La?

NU KAE NYE WÒ SUSU?

Nu kae nye nunana gãtɔ kekeake si Mawu na mí kpɔ?

Biblia gblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na.”Yohanes 3:16.

Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nu si ta Mawu dɔ Yesu ɖe anyigba dzi be wòava ɖe ku mía ta kple ale si míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nunana ma ŋu la ŋu.

 

NYATI SI LE AKPAA DZI

Nunana Si Ðeke Mesɔ Kplii O

Biblia ƒo nu tso nunana xɔasi aɖe si ɖeke mesɔ kplii o, si ate ŋu ana ame siwo lɔ̃ xɔe la nakpɔ agbe mavɔ la ŋu. Ðe nunana aɖe xɔ asi wu esia?

NYATI SI LE AKPAA DZI

Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake—Nu Ka Tae Wòxɔ Asi Ŋutɔ?

Nu kae ana nàbu nunana aɖe be exɔ asi wu bubu? Ne míede ŋugble le nu mawo ŋu la, awɔe be míakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake si nye tafea ŋu geɖe wu.

NYATI SI LE AKPAA DZI

Aleke Wòle Be Nàwɔ Nu Ðe Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake La Ŋu?

Nu kae Kristo ƒe lɔlɔ̃ la ƒonɛ ɖe mía nu be míawɔ?

Ðe Wobia Tso Kristotɔwo Si Be Woagaɖe Srɔ̃ Oa?

Subɔsubɔha aɖewo biana tso woƒe nunɔlawo si be woagaɖe srɔ̃ o. Gake nu kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso nya sia ŋu?

Wokpɔ Ablɔɖe Tso Kluvinyenye Me—Le Blema Kple Egbea Siaa

Le blema la, Mawu ƒe amewo kpɔ ablɔɖe tso kluvinyenye me. Nublanuitɔe la, ame miliɔn geɖe gakpea fu le nɔnɔme sesẽwo me egbea.

Nunana Amewo Nana Wokpɔa Dzidzɔ

Nunana amewo ɖea vi na wò ŋutɔ kple ame bubuwo. Edoa ɖekawɔwɔ kple xɔlɔ̃wɔwɔ ɖe ŋgɔ. Aleke nàwɔ anye ame si naa nu kple dzidzɔ?

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Biblia gblɔ be “le ŋkeke mamlɛawo me la,” “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava.” Ðe nya siawo sɔ kple nu siwo le dzɔdzɔm le míaƒe ŋkekea mea?

Internet Dzi Nu Bubuwo

Aleke Yesu Ƒe Vɔsa Nye “Tafe Na Ame Geɖewo”?

Aleke tafea ɖea ame tso nu vɔ̃ si me?