GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2017

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso July 31 va se ɖe August 27, 2017 la le tata sia me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la? Kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã.

Yehowa Faa Akɔ Na Mí Le Míaƒe Tetekpɔwo Katã Me

Kuxi siwo Kristotɔwo doa goe le woƒe srɔ̃ɖeɖe kple ƒomewo me egbea la dometɔ aɖewo ɖe? Ne èle kuxi mawo me tom la, aleke Mawu ate ŋu afa akɔ na wòe?

Na Wò Dzi Naku Ðe Nu Xɔasi Siwo Mawu Na Mí La Ŋu

Nu xɔasi kawo ŋue wòle be míade asixɔxɔe, eye aleke míawɔe?

Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Nu Ayi Ŋgɔ Wu Amewo Ƒe Dzedzemea?

Nu kae va do tso eme esi Yehowa Ðasefo aɖe gbɔ dzi ɖi ƒo nu na ŋutsu aƒemanɔsitɔ aɖe si mekɔa mo ɖe ame o eye melɔ̃na be ame nade ha kpli ye o?

Ðe Nàkpɔ Masɔmasɔwo Gbɔ Be Ŋutifafa Nanɔ Anyia?

Ame sia ame hiã ŋutifafa. Gake dada kple sese le ame ɖokui me be wole ɖoƒe ʋlim kpli ye tea ŋu wɔnɛ be amewo megava wɔa nu le ŋutifafa me o. Aleke nàwɔ aƒo asa na nɔnɔme sia?

“Woakafu Wò Aɖaŋudzedze!”

David si nɔ anyi le blema Israel ye gblɔ nya mawo tsɔ kafu Abigail. Nu kae ʋã David wòkafu Abigail, eye aleke Abigail ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na mí?

Wò Susu Nenɔ Nya Vevi La Ŋu

Nu kae nye nya vevi ma si ka amegbetɔwo katã? Nu ka tae wòle vevie be nànya nu tso eŋu?

De Yehowa Ƒe Dziɖulanyenye Dzi!

Ne èlɔ̃ ɖe edzi be Yehowae dze aɖu xexea dzi la, vi kae esia aɖe na wò?

Ènyaa?

Nu ka tae Yesu yɔ ame siwo dzraa lãwo le Yerusalem gbedoxɔa me be “adzodalawo”?