GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA February 2018

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso April 2 va se ɖe 29, 2018 la le tata sia me.

Srɔ̃ Noa, Daniel Kple Hiob Ƒe Xɔse Kple Woƒe Toɖoɖo

Ŋutsu nuteƒewɔla siawo to nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele egbea la tɔgbi me. Nu kae kpe ɖe wo ŋu woyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu?

Ðe Nènya Yehowa Abe Ale Si Noa, Daniel Kple Hiob Nyae Enea?

Aleke ŋutsu siawo wɔ va nya Ŋusẽkatãtɔ la? Aleke sidzedze ma ɖe vi na woe? Aleke míawɔ be xɔse si nɔ wo si la tɔgbi nasu mía si?

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Tea Ŋu Wɔa Nu Sia Nu

Nya dodzidzɔname ʋɛ aɖewo siwo ame aɖe gblɔ le ʋu me nyɔnu aɖe se la trɔ eya kple srɔ̃a ƒe agbenɔnɔ.

Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Gbɔgbɔmeme?

Biblia ƒo nu tso nu siwo ɖea dzesi le “gbɔgbɔmeme” ŋu, eye wògblɔ vovototo si le “gbɔgbɔmeme” kple “ŋutilãmeme” dome.

Yi Edzi Nànɔ Tsitsim Le Gbɔgbɔ Me!

Biblia ƒe nufiafiawo nyanya ɖeɖe mate ŋu ana nàtsi le gbɔgbɔ me o. Nu kae gahiã?

Dzidzɔ​—Nɔnɔme Nyui Si Tso Mawu Gbɔ

Ne agbemekuxi siwo me nètona gbe sia gbe la wɔe be mègale dzidzɔ kpɔm o la, nu kae nàte ŋu awɔ be nàgava nɔ dzidzɔ kpɔm ake?

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

Woto Dutoƒonuƒowo Dzi Kaka Nya Nyuia Le Ireland

Nu kae na C. T. Russell ka ɖe edzi be teƒea nye agble si “ƒu henɔ lalam na ŋeŋe”?