GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 2018

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso July 9 va se ɖe August 5, 2018 la le tata sia me.

AGBEMEŊUTINYA

Menye Ame Dahe Le Gɔmedzedzea Me—Fifia Mezu Kesinɔtɔ Le Gbɔgbɔ Me

Togbɔ be nuwo mede Samuel Herd dzi le ŋutilãme le gɔmedzedzea me o hã la, fifia ya, ezu kesinɔtɔ le gbɔgbɔ me, eye mebui kpɔ be nuwo ayi nenema o.

Ŋutifafa—Aleke Nàwɔ Be Wòasu Asiwò?

Esi wònye be xexe vɔ̃ɖi mee míele ta la, ele be míaʋli sesĩe be ŋutifafa nasu mía si. Mawu ƒe Nya la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu.

Yehowa Lɔ̃ Ame Siwo ‘Tsea Ku Le Dzidodo Me’

Dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo ne míele gbeƒã ɖem le anyigbamama si me amewo melɔ̃a toɖoɖo nya nyuia le o me. Ke hã, mía dometɔ ɖe sia ɖe ate atse ku le subɔsubɔdɔa me.

Nu Si Ta Míeyia ‘Edzi Nɔa Ku Geɖe Tsem’

Ele vevie be míana míaƒe susu nanɔ susu siwo tae míeɖea gbeƒã ɖo la ŋu.

Nya Wò Futɔ La

Míenya ale si gbegbe Satana kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi, eye eƒe nugbeɖoɖowo mele ɣaɣla ɖe mí o.

Sɔhɛwo—Minɔ Te Sesĩe Ðe Abosam Nu

Mí katã míele gbɔgbɔmeʋa aɖe wɔm. Sɔhɛwo adze wɔnamanɔŋutɔwo, ke hã, wobla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu.

Nuŋeŋe La Sɔ Gbɔ!

Le Ukraine ƒe nuto aɖe me la, ne woma amewo ɖe akpa ene me la, akpa ɖeka nye Yehowa Ðasefowo!