GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA July 2018

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso September 3 va se ɖe 30, 2018 la le tata sia me.

WOTSƆ WO ÐOKUIWO NA FAA

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Myanmar

Nu ka tae Yehowa Ðasefo geɖe ʋu tso wo de yi Myanmar be yewoafia Mawu ƒe Nya la amewo?

Ame Ka Ŋue Nèdina Be Yeadze?

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Mawu ɖenɛ fiana esubɔla wɔnuteƒewo be yekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu la me?

Ame Ka Ŋue Wò Ŋku Le?

Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso vo si Mose da, si nye ŋkubiãnya la me.

“Ame Kae Le Yehowa Ƒe Akpa Dzi?”

Kain, Salomo, Mose kple Aron ƒe ŋutinyawo ɖee fia be nunya le eme be míanɔ Yehowa ƒe akpa dzi.

Yehowa Tɔ Míenye

Aleke míate ŋu ada akpe na Yehowa ɖe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si wòna mí be míeva le ƒomedodo me kplii la ta?

Na Wò Dɔme Natrɔ Ðe “Ame Ƒomeviwo Katã” Ŋu

Srɔ̃ Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ eye nàde dzesi amewo ƒe hiahiãwo kple kuxi siwo me tom wole, eye nàwɔ nu si nàte ŋui atsɔ akpe ɖe wo ŋu.

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ne ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo o la tsi aƒe ɖeka me dɔ le nɔnɔme siwo mesɔ o me la, ɖe esia anye nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya?