GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA August 2018

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso October 1 va se ɖe 28, 2018 la le tata sia me.

Ðe Nènya Nyateƒe Bliboa?

Biblia me gɔmeɖose etɔ̃ kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míada nyawo kpɔ nyuie be wole eme hã?

Mègadrɔ̃ Ʋɔnu Amewo Le Woƒe Gotagomedzedzeme Nu O

Srɔ̃ nu tso go etɔ̃ siwo me masɔ be míadrɔ̃ ʋɔnu amewo le ale si wodzena le gotae nu o la ŋu.

AGBEMEŊUTINYA

Meɖoe Kplikpaa Be Nyemana Nye Asiwo Nado Agblɔ O

Xlẽ nu tso nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi siwo su Maxim Danyleyko si le ƒe 68 siwo wòtsɔ wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu.

Ame Siwo Nyoa Dɔme La Kpɔa Dzidzɔ

Kadodo kae le nunana dɔmenyotɔe kple dzidzɔkpɔkpɔ dome?

Wɔ Dɔ Kple Yehowa Gbe Sia Gbe

Mɔ atɔ̃ kawo nue míate ŋu awɔ dɔ kple Yehowa le?

Dzigbɔgbɔ Blewu—Enye Dzidodo Si Ŋu Taɖodzinu Le

Srɔ̃ nu tso nu si mawumenɔnɔme si nye dzigbɔgbɔ blewu fia, ale si nàte ŋu asrɔ̃ nɔnɔme nyui sia, kple viɖe siwo ado tso eme na wò la ŋu.

NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

Ale Si Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa Dze Egɔme Le Portugal

Kuxi kawo dzie Fiaɖuƒegbeƒãɖela gbãtɔ siwo nɔ Portugal la ɖu?