GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 2020

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso May 4 va se ɖe 31, 2020 la le tata sia me.

Lɔlɔ̃ Na Yehowa Aʋã Wò Be Nàxɔ Nyɔnyrɔ

Lɔlɔ̃ na Yehowa ate ŋu aʋã wò be nàxɔ nyɔnyrɔ. Gake nu kae ate ŋu ana nànɔ hehem ɖe megbe?

Ðe Nèsu Te Na Nyɔnyrɔxɔxɔa?

Ale si nàɖo biabia siwo me wodzro le nyati sia me ŋu la akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me le nya sia ŋu.

AGBEMEŊUTINYA

“Míawoe Nye Esi! Midɔ Mí!”

Jack kple Marie-Line ɖe nu si ʋã wo wodze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme kple nu si kpe ɖe wo ŋu wotea ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu ne woxɔ dɔdeasi yeye aɖe la me.

Ɣekaɣie Nye Ɣeyiɣi Nyuitɔ Si Wòle Be Míaƒo Nu?

Xlẽ nu tso Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu siwo akpe ɖe ŋuwò nànya ɣesiɣi wòle be nàƒo nu kple ɣesiɣi wòle be nàzi ɖoɖoe la ŋu.

Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie

Yesu gblɔ be lɔlɔ̃ ye ade dzesi Kristotɔ vavãwo. Aleke lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be míanye ŋutifafawɔlawo, míagade vovototo mía nɔviwo me o, eye míanye amedzrowɔlawo?

Ènyaa?

Kpeɖodzi bubu kawoe ɖee fia be Israel-viwo nye kluviwo le Egipte kpɔ?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ame kawoe nye Yudatɔwo ƒe gbedoxɔmekpovitɔwo? Dɔ kawoe wowɔna?