Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

GBETAKPƆXƆ No. 1 2021 | Ðe Wòhiã Be Nàdo Gbe Ða?

Ðe wòwɔ na wò kpɔ be ne yedo gbe ɖa na Mawu la, mesenɛ oa? Ne èse le ɖokuiwò me alea kpɔ la, ke menye wò ɖeka koe o. Ame geɖe do gbe ɖa na Mawu tso kuxi aɖewo ŋu kpɔ, gake kuxiawo gakpɔtɔ li. Le nyati siwo gbɔna me la, míakpɔ nu siwo tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu sea míaƒe gbedodoɖawo, nu siwo tae Mawu meɖoa gbedodoɖa aɖewo ŋu o, kple ale si nàdo gbe ɖa be Mawu nasee.

 

Nya Siwo Amewo Gblɔna Tso Gbedodoɖa Ŋu

Ðe gbedodoɖa nye nunana tɔxɛ aɖe tso Mawu gbɔa, alo kɔnu dzro aɖe koe wònye?

Ðe Mawu Sea Míaƒe Gbedodoɖawoa?

Biblia ka ɖe edzi na mí be ne míedo gbe ɖa na Mawu le mɔ nyuitɔ nu la, esenɛ.

Nu Ka Tae Mawu Meɖoa Gbedodoɖawo Katã Ŋu O?

Biblia na míekpɔ gbedodoɖa siwo tɔgbi ŋu Mawu ɖona kple esiwo tɔgbi ŋu meɖona o.

Aleke Nàdo Gbe Ða Be Mawu Nasee?

Do gbe ɖa na Mawu ɣesiaɣi, le afi sia afi. Àte ŋu ado gbe ɖa le ta me alo adoe ɖa wòaɖi. Yesu fia nu siwo ŋu míate ŋu ado gbe ɖa tsoe la gɔ̃ hã mí.

Ale Si Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò

Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èle kuxiwo me tom?

Ðe Mawu Sea Wò Gbedodoɖawoa?

Biblia gblɔ be ne èdo gbe ɖa na Mawu la, esenɛ eye edi be yeakpe ɖe ŋuwò.