Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Esiae Míenɔ Mɔ Kpɔm Na

Esiae Míenɔ Mɔ Kpɔm Na

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Xeviwo le ha vivi’o dzim.

    Ya fafɛwo le ƒoƒom.

    Dziŋgɔlia le blɔ henya kpɔ.

    Míele ya xɔm le baliwo me,

    Le dzaa dom na mía nɔewo.

    Enya kpɔ ale gbegbe.

    ’Nyigba zu paradiso.

    Esiae míenɔ mɔ kpɔm na.

  2. 2. Míetso’aƒe ɖe bali la me,

    Ðewo hã le toawo dzi.

    Tsi le sisim le tɔwo me,

    Woƒe hoowɔwɔ le ɖiɖim ɖaa.

    Nuku bɔ ɖ’agblewo me,

    Woƒu keŋkeŋ na ŋeŋe.

    Paradisonyigba sia

    Míenɔ mɔkpɔm nɛ vevie.

    (DOMETSOHA)

    Míakpɔ dzidzɔ kple mía nɔewo.

    Esiawoe míenɔ mɔ kpɔm na.

    Aɖatsiwo nu yi tegbee.

    Míedze agbe yeye gɔme.

  3. 3. Dzidzɔ ha vivi’o le ɖiɖim.

    Seƒoƒowo nya kpɔ ŋ’tɔ.

    Amewo katã de blibo.

    Meyɔ nye ame veviwo vɛ

    Be míada ’kpe na Yehowa

    Ðe eƒe dɔmenyo ta.

    Yayra si’o kpɔm míele la

    Nye ’si’o míenɔ mɔ kpɔm na

    (DOMETSOHA)

    Gbe sia gbe la mekpɔnɛ be

    Ame sia ’me le dzidzɔ kpɔm.

    Míexɔ míaƒe ame vevi

    Si’o fɔ ɖe tsitre hã atuu.

  4. 4. Xexe yeyea gogo.

    Míele mɔ kpɔm nɛ vevie.

    Yehowa ƒe ŋugbedodoe.

    Míeka ɖe ’dzi be ava eme.

    Ta dzi maɖe le mía ƒo o.

    Ava ’me na mí godoo.

    Ŋkeke ma tu’aƒe vɔ.

    Míele mɔ kpɔm nɛ vevie ŋ’tɔ.