Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?

Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo, eye wotso gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple to sia to me. Nu kae na ameƒomevi vovovo siawo va wɔ ɖeka?

Tameɖoɖo Kae Le Mawu Si Na Mí?

Mawu di be amewo nanya yeƒe lɔlɔ̃nu le anyigba bliboa dzi. Nu kae nye eƒe lɔlɔ̃nu, eye ame kawoe le nu fiam amewo tso eŋu egbea?

LESSON 1

Ame Kawoe Yehowa Ðasefowo Nye?

Ènya Yehowa Ðasefo aɖewoa? Nu ka tututue nènya tso mía ŋu?

LESSON 2

Nu Ka Tae Míetsɔ Ŋkɔ Yehowa Ðasefowo?

De dzesi susu etɔ̃ siwo tae míetsɔ ŋkɔ sia ɖo.

LESSON 3

Aleke Wowɔ Va Ke Ðe Biblia Me Nyateƒea Ŋu?

Aleke míawɔ aka ɖe edzi be nu si tututu Biblia fia la ƒe gɔmesese vavãtɔ ye su mía si egbea?

LESSON 4

Nu Ka Tae Míeta Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia La?

Nu kae na Mawu ƒe Nya la ƒe gɔmeɖeɖe sia ɖe dzesi?

LESSON 5

Vi Kae Míaƒe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Dede Aɖe Na Wò?

Míekpena srɔ̃a Ŋɔŋlɔawo hedea dzi ƒo na mía nɔewo. Míaxɔ wò alɔ evee!

LESSON 6

Vi Kae Hadede Kple Mía Nɔvi Kristotɔwo Ðena Na Mí?

Mawu ƒe Nya de dzi ƒo be Kristotɔwo naƒo ƒu ɖekae. Srɔ̃ nu tso ale si hadede sia tɔgbi aɖe vi na wòe ŋu.

LESSON 7

Aleke Míaƒe Kpekpewo Nɔna?

Ðe nèbu eŋu kpɔ be nu kae yia edzi le míaƒe kpekpewo me hã? Ðikeke mele eme o be nu nyui siwo nàsrɔ̃ tso Biblia me la alé dzi na wò.

LESSON 8

Nu Ka Tae Míedoa Awu Siwo Sɔ Ne Míeyina Míaƒe Kpekpewo?

Ðe Mawu tsɔa ɖe le míaƒe awudodowo mea? Xlẽ nu tso Biblia me mɔfiame siwo kpena ɖe mía ŋu be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nasɔ ŋu.

LESSON 9

Mɔ Nyui Ka Dzie Míato Adzra Ðo Ðe Kpekpeawo Ŋu?

Dzadzraɖo do ŋgɔ ana kpekpeawo dede naɖe vi na wò wu.

LESSON 10

Nu Kae Nye Ƒometadedeagu?

Kpɔ ale si ɖoɖo sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Mawu ŋu kple ale si wòate ŋu ado ŋusẽ miaƒe ƒomekadodoa.

LESSON 11

Nu Ka Tae Míewɔa Takpekpe Gãwo?

Ƒe sia ƒe la, míekpea ta na wɔna vevi etɔ̃. Aleke takpekpe mawo ate ŋu aɖe vi na woe?

LESSON 12

Ðoɖo Ka Nue Míewɔa Míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa Le?

Míesrɔ̃a kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi esime wònɔ anyigba dzi la. Gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu kawo ŋu dɔe wòwɔ?

LESSON 13

Ame Kawoe Nye Mɔɖelawo?

Ðasefo aɖewo zãa gaƒoƒo 30, 50, alo esiwo wu ema ɣleti sia ɣleti ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Nu kae ʋãa wo?

LESSON 14

Suku Kawoe Woɖo Na Mɔɖelawo?

Suku tɔxɛ kawoe woɖo na ame siwo tsɔ woƒe

ɣeyiɣiawo katã ɖo anyi na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ?

LESSON 15

Aleke Hamemetsitsiwo Kpena Ðe Hamea Ŋui?

Hamemetsitsiwo nye ame siwo si tenɔnɔ nyui le le Mawu ŋkume, siwo xɔa ŋgɔ le hamea me. Kpekpeɖeŋu kae wonana?

LESSON 16

Dɔ Kawoe Subɔsubɔdɔwɔlawo Wɔna?

Subɔsubɔdɔwɔlawo kpea asi ɖe dɔ ŋu be nuwo nazɔ nyuie le hamea me. Kpɔ ale si woƒe dɔa ɖea vi na hamea katã.

LESSON 17

Kpekpeɖeŋu Kae Dzikpɔla Mɔzɔlawo Nana Mí?

Susu kawo tae dzikpɔla mɔzɔlawo srãa hamewo kpɔna? Nu kawoe nàwɔ be woƒe sasrãkpɔa naɖe vi na wò?

LESSON 18

Kpekpeɖeŋu Kae Míenana Mía Nɔvi Siwo Dzi Afɔku Dzɔ Ðo?

Ne afɔku aɖe dzɔ la, míewɔa ɖoɖo enumake ɖe alɔdodo ame ŋutɔŋutɔ ŋu, eye míetsɔa Biblia me nyawo faa akɔ na mía nɔvi siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo. Le mɔ kawo nu?

LESSON 19

Ame Kae Nye Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela La?

Yesu do ŋugbe be yeatia kluvi aɖe si anɔ Ŋɔŋlɔawo me nufiame nam le ɣeyiɣi si sɔ dzi. Aleke wòwɔa esiae?

LESSON 20

Dɔ Kawoe Dɔdzikpɔha Si Li Egbea Wɔna?

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, hamemetsitsiwo kple apostolowo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖee nye dɔdzikpɔha na Kristo hamea. Ke egbea ya ɖe?

LESSON 21

Teƒe Kae Nye Betel?

Betel nye teƒe tɔxɛ aɖe si ŋu taɖodzinu vevi aɖe le. Xlẽ nu tso ame siwo wɔa dɔ le afi ma ŋu.

LESSON 22

Dɔ Kawoe Wowɔna Le Alɔdzedɔwɔƒewo

Wokplɔa amewo ɖia tsae le míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖe sia ɖe. Míele kpewòm be nàva srã mí kpɔ!

LESSON 23

Aleke Woŋlɔa Míaƒe Agbalẽwo Heɖea Wo Gɔmee?

Míetaa agbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 700 me. Susu ka tae míele agbagba siawo katã dzem?

LESSON 24

Afi Kae Míekpɔa Ga Le Na Míaƒe Xexea Me Katã Ƒe Dɔa Wɔwɔ?

Nu kae na míaƒe habɔbɔa to vovo tso subɔsubɔha bubuwo gbɔ le nudzɔdzɔ gome?

LESSON 25

Nu Ka Tae Míetua Fiaɖuƒe Akpatawo, Eye Aleke Míewɔna Tua Wo?

Nu ka tae míeyɔa míaƒe tadeaguƒewo be Fiaɖuƒe Akpatawo. Kpɔ ale si xɔ siawo siwo womeɖo atsyɔ̃ na fũu o la ɖea vi na hamewo.

LESSON 26

Aleke Míate Ŋu Akpe Asi Ðe Beléle Na Fiaɖuƒe Akpataa Ŋui?

Fiaɖuƒe Akpata si le dzadzɛ eye wòle nɔnɔme nyui me la nyea kafukafu na mía Mawu. Ðoɖo kawoe wowɔ ɖe beléle na Fiaɖuƒe Akpatawo ŋu?

LESSON 27

Vi Kae Fiaɖuƒe Akpataa Ƒe Agbalẽdzraɖoƒe Ate Ŋu Aɖe Na Mí?

Àdi be yeawɔ numekuku be yeadzi yeƒe Biblia me sidzedze ɖe edzia? Yi Fiaɖuƒe Akpataa ƒe agbalẽdzraɖoƒe!

LESSON 28

Nu Kawoe Le Míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒe?

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ame si míenye kple míaƒe dzixɔsewo ŋu eye nàkpɔ ŋuɖoɖo na wò Biblia me biabiawo.

Àwɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nua?

Yehowa Mawu lɔ̃ wò vavã. Aleke nàte ŋu aɖee afia le wò gbe sia gbe gbenɔnɔ me be yedi be yeadze eŋu?