Biblia-gbalẽwo Ƒe Ŋgɔdonya Videowo

Srɔ̃ nu vevi aɖewo tso Biblia-gbalẽ ɖe sia ɖe ŋu.

Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Ƒe Ŋgɔdonya

Ne èxlẽ Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa la, àkpɔ nyatakaka vevi siwo ku ɖe ale si Mawu wɔ amegbetɔ le gɔmedzedzea me kple nu si he fukpekpe kple ku vae la ŋu.

Mose Ƒe Agbalẽ Evelia Ƒe Ŋgɔdonya

Mawu ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte eye wòɖo wo wonye dukɔ si ɖe adzɔgbe nɛ.

Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia Ƒe Ŋgɔdonya

Kpɔ ale si Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ƒo nu tso Mawu ƒe kɔkɔenyenye kple nu si tae wòle be míanɔ kɔkɔe la ŋu.

Mose Ƒe Agbalẽ Enelia Ƒe Ŋgɔdonya

Kpɔ ale si wòle vevie be míaɖo to Yehowa, kple nu si ta wòle be míade bubu ame siwo wòɖo be woaxɔ ŋgɔ le eƒe amewo dome la ŋu.

Mose Ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia Ƒe Ŋgɔdonya

Kpɔ ale si Se si Yehowa tsɔ na Israel-viwo la ɖe ale si wòlɔ̃ woe fia la ɖa.

Yosua Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Kpɔ ale si Israel-viwo xɔ anyigba si ŋugbe Mawu do na wo kple ale si womae.

Ʋɔnudrɔ̃lawo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Ŋkɔ “Ʋɔnudrɔlawo” si wotsɔ na Biblia gbalẽ sia he susu yi ŋutsu dzinɔameƒotɔ siwo Mawu zã tsɔ ɖe Israel-viwo tso dukɔ siwo te wo ɖe anyi si mea dzi. Dɔ siwo wowɔ le xɔse me ŋue woƒo nu tsoe le eme.

Rut Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Ale si ahosi aɖe lɔ̃xoyɔvi si hã nye ahosi ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fiae, kple ale si Yehowa ɖo eteƒe na wo ame evea siaa ŋue woƒo nu tsoe le Rut ƒe agbalẽa me.

Samuel Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Ƒe Ŋgɔdonya

Xlẽ nu tso ɣeyiɣi si me Yehowa megazãna ʋɔnudrɔ̃lawo tsɔ xɔna na eƒe amewo le Israel o, ke boŋ wòɖe mɔ be fiawo naɖu wo dzi la ŋu.

Samuel Ƒe Agbalẽ Evelia Ƒe Ŋgɔdonya

Kpɔ ale si David ƒe ɖokuibɔbɔ kple xɔse wɔe be wònye ame siwo míelɔ̃ eye míenya nyuie le Biblia me la dometɔ ɖeka.

Fiawo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Ƒe Ŋgɔdonya

Kpɔ ale si nuwo dze edzi na Israel-viwo le Salomo ƒe dziɖuɣi kple ale si nuwo va gblẽ ɖe edzi kura esi fiaɖuƒea va ma ɖe eve zu Israel kple Yuda.

Fiawo Ƒe Agbalẽ Evelia Ƒe Ŋgɔdonya

Kpɔ ale si xɔsegbegbe gblẽ nu le Israel ƒe dziehe fiaɖuƒea ŋu kple ale si Yehowa yra Israel-vi ʋɛ siwo subɔe kple dzi blibo la ɖa.

Ezra Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Yehowa na ŋugbe si wòdo be yeaɖe yeƒe amewo tso aboyo me le Babilon ahana woagaɖo tadedeagu vavãtɔ anyi le Yerusalem la va eme.

Esta Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Nu wɔdɔɖeamedzi siwo dzɔ le Esta ŋɔli ado ŋusẽ wò xɔse nàkpɔe be ŋusẽ le Yehowa Mawu si be wòaɖe eƒe amewo tso xaxa me.

Hiob Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Ame siwo katã lɔ̃ Yehowa ato dodokpɔwo me. Hiob ƒe ŋutinyaa na kakaɖedzi mí be míate ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa ahanɔ eƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi sesĩe.

Psalmowo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Psalmowo ɖee fia be Yehowae dze aɖu dzi, ekpena ɖe ame siwo lɔ̃nɛ ŋu hefaa akɔ na wo, eye be eƒe Fiaɖuƒea ahe tɔtrɔ gãwo ava xexea me.

Lododowo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Àkpɔ Mawu ƒe mɔfiame siwo ɖea vi le agbemenya ɖe sia ɖe kloe me la le Lododowo ƒe agbalẽa me​—tso asitsanyawo dzi va yi ƒomenyawo dzi.

Nyagblɔla Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Fia Salomo he susu yi nu siwo le vevie wu le agbe me dzi eye wòɖee fia be wonyo sãsãsã wu nu siwo tsi tsitre ɖe mawumenunya ŋu.

Hawo Ƒe Ha Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Woɖɔ lɔlɔ̃ vavã si nɔ Sunem-ɖetugbuia si na alẽkplɔvia la be enye “Yah ƒe dzoƒaɖe.” Nu ka tae?

Yesaya Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Yesaya ƒe agbalẽa nye nyagblɔɖigbalẽ si ŋu kakaɖedzi le, si ate ŋu ana nàka ɖe edzi bliboe be Yehowa nye Mawu si nana eƒe ŋugbedodowo vaa eme kple wòganye Mawu si gbɔ míaƒe xɔxɔ tso.

Yeremiya Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Yeremiya lé fɔ ɖe eƒe nyagblɔɖidɔa ŋu nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be eto nɔnɔme sesẽwo me hã. Bu ale si eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na Kristotɔwo egbea ŋu kpɔ.

Konyifahawo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Nyagblɔɖila Yeremiyae ŋlɔ Konyifahawo ƒe agbalẽa. Eŋlɔ ale si gbegbe wòle blanui esime wotsrɔ̃ Yerusalem kple ale si dzimetɔtrɔ hea Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ vanɛ.

Ezekiel Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Ezekiel bɔbɔ eɖokui hewɔ dɔ siwo katã Mawu de asi nɛ la dzinɔameƒotɔe, aleke kee woɖasesẽe o. Nufiame geɖe le eƒe kpɔɖeŋua me na mí egbea.

Daniel Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Daniel kple eƒe zɔhɛawo lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Kpɔɖeŋu si woɖo kpakple nyagblɔɖiawo me vava ate ŋu aɖe vi na mí fifia le nuwuɣi sia me.

Hosea Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Nufiame vevi aɖewo le Hosea ƒe nyagblɔɖia me na mí egbea ku ɖe ale si Yehowa kpɔa nublanui na nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me kpakple subɔsubɔ si dzea eŋu ŋu.

Amos Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Yehowa zã ŋutsu ɖokuibɔbɔla sia tsɔ wɔ dɔ veviwo. Nufiame vevi kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Amos ƒe kpɔɖeŋua me?

Obadiya Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Eyae nye agbalẽ suetɔ kekeake le Hebri Ŋɔŋlɔawo dome. Nyagblɔɖia naa mɔkpɔkpɔ ame eye eɖee fia kɔtɛ be woado Yehowa ɖe dzi be eya koe dze anye fia.

Yona Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Nyagblɔɖilaa lɔ̃ Mawu ɖɔe ɖo, ewɔ dɔ si Mawu de esi, eye wòsrɔ̃ nu vevi aɖe tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu. Nuxexlẽ tso nu siwo me wòto ŋu awɔ dɔ ɖe dziwò.

Nahum Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Nyagblɔɖia na míeka ɖe edzi be Yehowa nana eƒe nyawo katã vaa eme, eye efaa akɔ na ame siwo katã di vevie be yewoakpɔ ŋutifafa kple xɔname le eƒe Fiaɖuƒea te.

Habakuk Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Míate ŋu aka ɖe edzi be ɣeawokatãɣi la, Yehowa nya ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi wòaxɔ na eƒe amewo kple mɔ nyuitɔ si nu wòawɔe le.

Malaki Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Enye nyagblɔɖigbalẽ si ƒo nu tso Yehowa ƒe mɔfiame veviwo, eƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe lɔlɔ̃ siwo metrɔna o ŋu. Nufiame veviwo hã le nyagblɔɖigbalẽ sia me siwo akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme siwo me tom míele egbea la me.

Mateo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Srɔ̃ nyateƒenya vevi aɖewo tso Biblia gbalẽ sia si nye Nyanyuigbalẽ eneawo ƒe gbãtɔ ŋu.

Marko Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Marko ƒe agbalẽa, si nye Nyanyuigbalẽ eneawo ƒe suetɔ la, na míekpɔ ale si Yesu ƒe dziɖuɖu anɔ ne eva zu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia.

Luka Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Nya kawoe le Luka ƒe Nyanyuigbalẽa me siwo medze le Nyanyuigbalẽ bubuawo me o?

Yohanes Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Yohanes ƒe agbalẽa ɖe lɔlɔ̃ si le Yesu si na amegbetɔwo la fia, eƒo nu tso ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la ŋu, eye wòɖee fia be eyae nye Mesia—si anye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia.

Apostolowo Ƒe Dɔwɔwɔwo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Kristotɔ gbãtɔwo ku kutri vevie be yewoawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo. Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ana dzo yeye nagaɖo mewò ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye nàwɔe veviedodotɔe.

Romatɔwo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Mɔfiame siwo tso Yehowa gbɔ ku ɖe ale si wòwɔa nu ɖe amewo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔe kple ale si gbegbe Yesu Kristo dzi xɔxɔ se le vevie la ŋu.

Korintotɔwo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Ƒe Ŋgɔdonya

Aɖaŋuɖoɖo siwo tso Mawu gbɔ, siwo dometɔ aɖewo ku ɖe ɖekawɔwɔ, agbe nyui nɔnɔ, lɔlɔ̃ si nu metsina o, kple tsitretsitsi ŋuti nufiafiaa ŋu lae le agbalẽ sia si Paulo ŋlɔ la me.

Galatiatɔwo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Lɛta si Paulo ŋlɔ na Galatiatɔwo la me nyawo gaɖea vi na mí egbea abe ale si wòɖe vi na wo ene. Ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ vavãwo katã ŋu woayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu.

Efesotɔwo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Agbalẽ sia si me nyawo tso Mawu gbɔ la na wòdze ƒãa be Mawu ɖoe be yeato Yesu Kristo dzi ahe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ava xexe bliboa me.

Filipitɔwo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Ne míedo dzi le dodokpɔwo me la, esia ate ŋu ade dzi ƒo na ame bubuwo be woanɔ te sesĩe le xɔse me.

Kolosetɔwo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Ne míewɔa nu siwo míesrɔ̃ la dzi, míetsɔna kea mía nɔewo faa, eye míedea bubu ɖoƒe si Yesu le kple ŋusẽ si le esi ŋu la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu.

Tesalonikatɔwo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Ƒe Ŋgɔdonya

Ehiã vevie be míanɔ ŋudzɔ ɖe nu siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu la ŋu, ‘míado nuwo katã kpɔ,’ ‘míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa,’ eye míade dzi ƒo na mía nɔewo.

Tesalonikatɔwo Ƒe Agbalẽ Evelia Ƒe Ŋgɔdonya

Paulo ɖɔ susu totro si nɔ amewo si tso Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava ŋu la ɖo, eye wòde dzi ƒo na nɔviawo be woanɔ te sesĩe le xɔse me.

Timoteo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Ƒe Ŋgɔdonya

Apostolo Paulo ŋlɔ Timoteo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa be yeatsɔ afia ɖoɖo siwo nu wòle be nuwo nanɔ le hameawo me eye yeaxlɔ̃ nu nɔviawo tso aʋatsonufiafiawo kple galɔlɔ̃ ŋu.

Timoteo Ƒe Agbalẽ Evelia Ƒe Ŋgɔdonya

Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòawɔ eƒe subɔsubɔdɔ la bliboe.

Tito Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Tito me la, eƒo nu tso ale si woakpɔ kuxi siwo nɔ Kreta hameawo me gbɔ la ŋu, eye wògblɔ Mawu ƒe nudidi siwo gbɔ wòle be amewo naɖo hafi woaɖo wo hamemetsitsiwoe la hã.

Filemon Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Togbɔ be agbalẽ sia le sue hã la, nufiame veviwo le eme na mí míasrɔ̃; eɖo aɖaŋu nyuiwo ku ɖe ɖokuibɔbɔ, dɔmenyonyo kple tsɔtsɔke ŋu.

Hebritɔwo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Menye gbedoxɔ si wokpɔna kpakple lãwo ƒe vɔsawo dzie wotu Kristotɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ɖo o, ke boŋ, wotui ɖe nu ŋutɔŋutɔ siwo le dziƒo, siwo de ŋgɔ sãsãsã wu la dzi.

Yakobo Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Yakobo zã kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi siwo me kɔ nyuie la tsɔ ɖe mɔfiame vevi siwo dzi wòle be Kristotɔwo nawɔ ɖo la me.

Petro Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Ƒe Ŋgɔdonya

Petro ƒe agbalẽ gbãtɔa de dzi ƒo na mí be míatsɔ dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu eye míadro míaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Mawu dzi.

Petro Ƒe Agbalẽ Evelia Ƒe Ŋgɔdonya

Petro Ƒe Agbalẽ Evelia de dzi ƒo na mí be míayi edzi awɔ nuteƒe esime míele dziƒo yeye kple anyigba yeye la lalam.

Yohanes Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Ƒe Ŋgɔdonya

Yohanes xlɔ̃ nu mí le eƒe agbalẽ gbãtɔa me tso Kristo ƒe futɔwo ŋu eye wòkpe ɖe mía ŋu be míanya nu siwo wòle be míalɔ̃ kple nu siwo mele be míalɔ̃ o.

Yohanes Ƒe Agbalẽ Evelia Ƒe Ŋgɔdonya

Yohanes ƒe agbalẽ evelia ɖo ŋku edzi na mí be míayi edzi anɔ zɔzɔm le nyateƒe la me eye míanɔ ŋudzɔ ɖe ameblelawo ŋu.

Yohanes Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia Ƒe Ŋgɔdonya

Yohanes ƒe agbalẽ etɔ̃lia fia nu vevi aɖewo mí tso Kristotɔwo ƒe amedzrowɔwɔ ŋu.

Yuda Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Yuda klo nu le mɔ vɔ̃ siwo dzi tom ame siwo nɔ agbagba dzem be yewoable Kristotɔwo ahagblẽ nu le wo ŋu le la dzi.

Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya

Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ŋutega wɔdɔɖeamedziawo ɖe ale si Mawu Fiaɖuƒea ana tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo kple anyigbaa ŋu la nava eme la fia.