Hakpakpawo

Ha siwo wokpa be míatsɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe míaƒe gbɔgbɔmedomenyinu la ŋu.

Dzi Dzɔm Be Meɖu Tetekpɔ Dzi

Nu kae ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woanɔ te ɖe nya siwo wo hatiwo ƒona ɖe wo nu le suku la ŋu?

Ɣeyiɣiae Nye Esia

Mɔɖelawo ƒe gbɔgbɔ si le mía me la ʋãa mí míekpena ɖe míaƒe aƒelikawo ŋu.

Ko Alɔgbɔnu

Alɔgbɔnukoko ate ŋu ana míakpɔ dzidzedze le míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe agbe me.

Nusɔsrɔ̃ Ana Makpɔ Kesinɔnuwo

Ðokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ kple ƒometadedeagu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsi le gbɔgbɔ me.

Yehowa Le Kpewòm Be Nàtrɔ Gbɔ

Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖe afɔ siwo hiã ale be nàte ŋu atrɔ ava egbɔ.

Dzidzɔ Si Míekpɔna Le Takpekpewo Me

Ne míeyi takpekpe gãwo la, míekpɔa lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le mía nɔviwo ƒe xexea me katã ƒe habɔbɔ la me.

Metsɔ Nye Nu Nyuitɔ Na Wò

Mele bɔbɔe be dzilawo nakpɔ wo viwo woaʋu ayi teƒe didi aɖe o.

Gbɔ Dzi Ði Be Nàwɔ Tiatia Nyuitɔ

Ne míele ame si míaɖe tiam la, ele be míagbɔ dzi ɖi awɔ tiatia nyuitɔ.

Kpɔe Le Susu Me Ðaa

Xexe yeye si gbɔna kpuie la le mía lalam.

Trɔ Ðe Eŋu

Zɔ aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔ si le ŋgɔ yim la!

Yayra Geɖe Le Gbe Yeye Sɔsrɔ̃ Me

Yayra kawoe nàte ŋu akpɔ ne èsrɔ̃ gbe yeye?

Mèganɔ Du Dzi O

Zi geɖe la, míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe agbea ƒe akpa bubuwo ganyona ɖe edzi wu ne míegbɔ dzi ɖi hekpɔ vovo ɖe amewo ŋu.

“Minɔ Amedzrowɔwɔ Dzi”

Mɔ bubu kawo nue nàgate ŋu awɔ amedzro le?

Wòe Míada Akpe Na

Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le nɔnɔme sesẽ siwo vaa mía dzi la me. Esia ʋãa mí míekafunɛ.

Afi Si Wòle Be Manɔ

Aleke nàwɔ atia xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake?

Tiatia Siwo Míewɔna

Nunya anɔ eme be míade ŋugble le ŋusẽ si tiatia siwo míewɔna le nu siwo nye ame ŋutɔ ƒe nya me la kpɔna ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa kple ame bubuwo dzi la ŋu.

Míatsɔ Ake Mía Nɔewo

Di mɔnukpɔkpɔwo le wò agbe me nàsrɔ̃ Yehowa eye nàtsɔ ake amewo.

Esiae Míenɔ Mɔ Kpɔm Na

Mɔkpɔkpɔ na Paradiso si ava le etsɔme la ate ŋu akpe ɖe míado dzi.

Nusɔsrɔ̃ Ana Nàsẽ Ŋu

Ðokuisi Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woasẽ ŋu le gbɔgbɔ me.

Wò Nya La Anɔ Anyi Ðaa

Kafu Mawu ɖe ale si wòkpɔ eƒe Nyaa ta na ameƒomeae la ta!

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu, Do Gbe Ða Nɛ

Ne míele kuxiwo me tom la, nu kae míawɔ?

Matu Nye Etsɔme Ðe Yehowa Dzi

Na tiatia siwo nèwɔna gbe sia gbe la nado dzidzɔ na Yehowa.

Xɔse Akplɔm Dedie

Ebia agbagbadzedze geɖe be míatu xɔse sẽŋu ɖo, gake Yehowa aɖo míaƒe agbagbadzedzeawo teƒe na mí.

Wò Seawo Dzi Mawɔ

Mina míato míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna dzi aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa ƒe sewo.

Magate Ŋu Afɔ

Kplɔ hadzidzia ɖo be nàkpɔ ale si ŋusẽ gaɖo Yehowa subɔla aɖe si doa vevie nu tsã evɔ wòva gbɔdzɔ la ŋu be wògatrɔ va hame si me lɔlɔ̃ le la me.

Wò Dɔwo Léa Dzi Nam

De asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su asiwò nèle dɔ wɔm kple Yehowa la ŋu!

Vinye Lɔlɔ̃a

Vifofo aɖe nɔ vianyɔnuvi kpɔm esime wònɔ tsitsim henɔ nyateƒea wɔm etɔe.

Na Míatee Kpɔ

Abe Yehowa subɔlawo ene la, mɔ ka ke nue míeɖakeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le o, ate ŋu ahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí.

Kpɔ Gbɔnye

Na ɣeyiɣi si nètsɔ le ha dem kple nɔviwò Kristotɔwo la naɖe vi na wò.

Wò Asinudɔwo Ta, Makafu Wò

Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo wɔa nuku na mí eye esia ʋãa mí míekafunɛ.

Nu Vevitɔwo

Ele be míadi ɣeyiɣi na nu vevitɔwo siwo nye gbedodoɖa, nusɔsrɔ̃ kple gbeadziyiyi.

Lɔlɔ̃ Vavãtɔ

Ne Yehowa Mawu le wò srɔ̃ɖeɖe me la, srɔ̃ɖeɖea ali ke!

Teƒe Si Akafu Wò Ŋkɔ

Bubue wònye na mí be míakɔ teƒe aɖe si woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ gã la le la ŋu nɛ.

Maɖo Ŋu Ðe Ŋuwò

Mawu ƒe Nya xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te sesiẽ ne nɔnɔmeawo sesẽ na mí gɔ̃ hã.

Mele Asi Trɔm Le Nɔnɔmea Ŋu

Ðe nèdi be yeawɔ asitɔtrɔ le yeƒe subɔsubɔdɔa ŋua?

Nye Mawu Li Kplim

Esi Yehowae nye míaƒe Mawu ta la, magblẽ mí ɖi o!

Dadavilɔlɔ̃

Màkpɔ ale si Yehowa ƒe amewo kpena ɖe wo nɔewo ŋu la le afi aɖeke le xexea me o.

Mègavɔ̃ O

Ne kuxi sesẽwo va mía dzi le agbe me la, ele be míaɖo ŋku edzi Mawu li kpli mí.

Míedii

Ame siwo di vevie be yewoanya Mawu la ate ŋu ake ɖe eŋu ne wodze agbagba dii.

Xɔlɔ̃ Vavã

Afi kae míakpɔ xɔlɔ̃ vavãwo le?

Nyemagblẽ Wò Ði O

Le ɣeyiɣi nyuiwo kple vɔ̃wo siaa me la, mía xɔlɔ̃wo li na mí.

Yehowa Na Míewɔ Ðeka

Togbɔ be fulelé xɔ xexea me hã, míawo ya míele nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka si me ŋutifafa le la me.

Na Dzi Naɖo Ƒonye

Yehowa ate ŋu ana dzi naɖo mía ƒo míado dzi anɔ te ɖe dodokpɔ ɖe sia ɖe si ava mía dzi la nu.

Nye Ŋutete Katã

Yehowa koe wòle be míatsɔ mía ɖokui ana faa ahasubɔe tso dzi blibo me nyateƒe.

Ŋkeke Ðe Sia Ðe Kple Eƒe Kuxiwoe

Míate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme ne kuxiwo ɖe kpe na mí hã.

Lé Dzi Ðe Ƒo Sesĩe

Ha vevi aɖe si kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi.

Akpedada Ðe Mawu Ƒe Nuwɔwɔwo Ta

Di ɣeyiɣi nàde ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu eye nàdo gbe ɖa ada akpe nɛ ɖe wo ta.

Nɔviwoe Míenye

Afi ka kee míeɖale o, míenye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo.

“Ʋli Xɔse Ƒe Ʋiʋli Nyui La”

Kuxi alo nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míeɖale o, míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa.

Yehowa Magblẽ Mí Ði Kpɔ O

Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe mía ŋu.

Le Xexe Yeyea Me

Nu siwo míekpɔna ɖaa le susu me ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi. Ha sia nana míaƒe susu nɔa xexe yeyea dzi.

Masubɔ Wò Le Nye Agbe Me Katã

Lɔlɔ̃ na Yehowa ʋãa mí míewɔa tɔtrɔwo le míaƒe agbe me eye míeɖea adzɔgbe nɛ hexɔa nyɔnyrɔ.

Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O

Yehowa ƒe lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o. Enana míekpɔa dzidzɔ kple akɔfafa.

Ðo Ŋu Ðe Eŋu

Ne dzi ɖe le ƒowò la, yi edzi nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ wò ahafa akɔ na wò.

Srɔ̃ Ðevi Suewo

Aleke míanɔ abe ɖevi ene le lɔlɔ̃ɖeɖefia amewo me?

Oo, Ka Ðe Edzi

Xaxa ka ke mee míeɖale o, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí.

Tsɔ Ke Faa

Ðe ame aɖe wɔ nane wòve wòa? Ðe wòle sesẽm na wò be nàtsɔ akea? Hakpakpa sia ana nàkpɔ ale si nàwɔ atsɔ ake faa.

Ƒu Agbedua

Wɔ nyametsotso nyuiwo be nàte ŋu aƒu agbedua ade goe.

Mímana Ta O

Míaƒe xɔse ate ŋu ali ke sesĩe ne míetui ɖe gɔmeɖoanyi nyui dzi.

Nye Lɔlɔ̃a

Kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe la ŋu.

Susua Ŋu Madzɔ

Ne ètsi dzimaɖi vevie la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖe dzi ɖi.

Kpɔ Dzidzɔ Ðaa!

Hadzidzi dodzidzɔname ate ŋu aɖo ŋku susu geɖe siwo tae wole be míakpɔ dzidzɔ ɖo la dzi na mí.

Ƒome Wɔɖekae Míenye

Togbɔ be wotiaa mía yome hã la, míewɔ ɖeka le xexea me godoo.

Tsɔ Wò Ŋusẽ Subɔ Yehowa

Tsɔ wò ŋusẽ subɔ Yehowa. Mave wò akpɔ o!

Wòe Nye Míaƒe Dzidzɔ

Yehowae nye míaƒe dzidzɔ vavãtɔ Dzɔtsoƒe ɣeawokatãɣi.

Va Kpɔe Ða

Na xexe yeyea ƒe mɔkpɔkpɔa nàna dzi nadzɔ wò.

Ðo Ŋku Yehowa Dzi

Dɔ geɖe wɔwɔ na Yehowa ye nye nu nyuitɔ kekeake si míate ŋu awɔ le agbe me.

Le Xɔse Me

Bu yayra mavɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na amegbetɔwo le etsɔme ŋu kpɔ.

Yehowa Ƒe Ƒome

Amewo kpɔtɔ le xexea me siwo le nyateƒe dim. Haƒoƒo ƒe video sia aʋa wò be nàyi edzi adi ame siwo ƒe nɔnɔme le abe alẽwo ene.

Ðekawɔwɔ Mee Ŋusẽ Le

Le mía Mawu Yehowa kple mía nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka la ƒe kpekpeɖeŋu mea, míate ŋu ado dzi le xaxa ɖe sia ɖe me.

Ame Ka Gbɔe Madzo Ayi?

Kpɔ ale si Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖe ɖo to alẽkplɔla nyui la ƒe gbe le eƒe agbe me katã la ɖa.

Menya Be Yehowa Li Kplim

Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea, míate ŋu aɖu vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe dzi.

Míagazu Xɔlɔ̃wo Ake

Tsɔ vodada ɖe sia ɖe ke faa be miagazu xɔlɔ̃wo ake!

Mègatsɔ Anyidzeƒe Wɔ Anyimlɔƒe O

Ne èsrɔ̃ nu tso wò vodadawo mea, àgasẽ ŋu ɖe edzi.

Kpɔ Mɔ Na Agbe Vavãa

Míate ŋu anɔ agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le fifia kple le etsɔme siaa.

Ŋutifafa Va Mlɔeba! (Ƒe 2022 Takpekpe Gã Ƒe Ha)

Mègatsɔ wò susu ɖo wò xaxawo ŋu o, ke boŋ wò susu nenɔ ŋutifafa vavãtɔ si ƒe ŋugbe Mawu do la ŋu.

Te Ðe Ŋunye

Mawu tsɔa ɖe le eme na ame sia ame si te ɖe eŋua vevie, metsɔ le eme afi si wòtso o.

‘Matsi Megbe O!’ (Ƒe 2023 Takpekpe Gã Ƒe Ha)

Srɔ̃ nuteƒewɔlawo esime nègbɔ dzi ɖi le Yehowa sinu kpɔm.

Ètrɔ gbɔ!

Metsi megbe akpa be nàtrɔ gbɔ o.

“Gaku Sue Eve”

Míaƒe nunanawo dzea Yehowa ŋu, ne womesɔ gbɔ o gɔ̃ hã.

Enya Mí

Yehowa nya mía dometɔ ɖe sia ɖe; enya ale si tututu míesena le mía ɖokui me.

Míawɔ Ðeka Akafu Yehowa

Yehowa subɔsubɔ nana míaƒe dzi dzea eme.

Míamia Nu O

Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye nàɖe gbeƒã ne èle vɔvɔ̃m gɔ̃ hã.

Mana Nye Xɔse Nasẽ Ŋu

Na wò xɔse nasẽ ŋu, ekema màke ɖi akpɔ o.

‘Ŋutifafa Abe Tɔsisi Ene’

Ŋutifafa si tso Yehowa gbɔ le abe tɔsisi ene eye enɔa sisim ɖaa.

“Agbe Vavã”

Ŋugbledede le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu doa ŋusẽ mí be míedoa dzi le nɔnɔmesesẽwo me.

“Nya Nyui”! (Ƒe 2024 Takpekpe Gã Ƒe Ha)

Tso ƒe alafa gbãtɔ me va se ɖe egbea la, amegbetɔwo le gbeƒã ɖem nya nyuia kple dzidzɔ. Dɔ siae nye dɔ gãtɔ kekeake si míate ŋu awɔ, elabe Yesu ŋutɔe le ŋgɔ xɔm na dɔa eye mawudɔlawo hã le asi kpem ɖe eŋu.

Tɔ, De Ŋugble

Aleke ŋugbledede le Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu akpe ɖe mía ŋu mía tɔ sẽe abu nuwo ŋu ale be míate ŋu anɔ te ɖe agbe me kuxiwo nu nyuie wu?

Míanɔ Agbe Tsɛ

Míakpɔ dzidzɔ vavã ne míaƒe susu nɔa agbe me nu vevi siwo Yehowa nana mí ŋu.

Menye Nye Ŋusẽ Mee O

Kpɔ ale si Yehowa “naa nɔƒe ame tsiakogowo.”