Nu Kae Biblia Fia Mí?

Wotrɔ asi le Biblia-srɔ̃gbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu si Biblia gblɔ tso nya vovovowo ŋu, wo dometɔ aɖewoe nye nu si tae míekpea fu, nu si dzɔna ɖe mía dzi ne míeku, ale si míawɔ dzidzɔ nanɔ míaƒe ƒomea me kple bubuwo.

Tame Kae Mawu Ðo Ðe Mía Ŋu?

Ðewohĩ àdi be yeanya nu si tae kuxiwo bɔ ɖe xexea me alea gbegbe. Biblia fia nu be eteƒe madidi o Mawu ana gbɔdzɔe amegbetɔƒomea tso kuxi siwo dometɔ aɖewoe nye fukpekpe, dɔléle kple ku si me.

TA 1

Ame Kae Nye Mawu?

Èsusu be Mawu tsɔa ɖe le eme na mía? Xlẽ nu tso eƒe amenyenye kple ale si nàwɔ azu Mawu xɔlɔ̃ la ŋu.

TA 2

Biblia La—Agbalẽ Si Tso Mawu Gbɔ

Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ wo kuxiwo gbɔ? Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe Biblia kple eme nyagblɔɖiwo dzi?

TA 3

Tame Kae Mawu Ðo Ðe Amegbetɔwo Ŋu?

Aleke agbenɔnɔ anɔ le xexe yeyea me ne anyigba zu paradiso?

TA 4

Ame Kae Nye Yesu Kristo?

Srɔ̃ nu tso nu si tae Yesu nye Mesia si ŋugbe wodo, afi si wòtso va kple nu si tae wònye Yehowa ƒe Tenuvi la ŋu.

TA 5

Tafe La—Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake

Nu kae nye tafe la? Nu kae nàwɔ be wòaɖe vi na wò?

TA 6

Afi Kae Míeyina Ne Míeku?

Xlẽ nu tso nya si Biblia gblɔ tso afi kukuawo le kple nu si ta amegbetɔwo kuna la ŋu.

TA 7

Tsitretsitsi Li!

Ðe wò ame vevi aɖewo kua? Ðe wòanya wɔ be nàgakpɔ wo akea? Kpɔ nya siwo Biblia gblɔ tso tsitretsitsia ŋu la ɖa.

TA 8

Nu Kae Nye Mawu Ƒe Fiaɖuƒe La?

Ame geɖe nya Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la nyuie. Nu kae nyagbe si nye “Wò Fiaɖuƒe nava” fia?

TA 9

Ðe Xexea Me Ƒe Nuwuwu Ðo Vɔa?

Kpɔ ale si amewo ƒe nuwɔnawo kple woƒe agbenɔnɔ ɖee fia be míele ɣeyiɣi si do ŋgɔ teti na nuwuwua abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene me la ɖa.

TA 10

Nyateƒe Si Ku Ðe Mawudɔlawo Ŋu

Biblia gblɔ nyateƒe si ku ɖe mawudɔlawo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu na mí. Ðe gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo li ŋutɔŋutɔa? Ðe woate ŋu akpe ɖe mía ŋu alo awɔ nu vevi mía?

TA 11

Nu Ka Tae Fukpekpe Bɔ Alea Gbegbe?

Ame geɖe susuna be Mawu gbɔe fukpekpe siwo katã le xexea me la tso. Nu kae nèsusu? Kpɔ nu si Mawu gblɔ tso nu siwo gbɔ fukpekpe tsona la ɖa.

TA 12

Aleke Nàwɔ Azu Mawu Xɔlɔ̃?

Anya wɔ be míanɔ agbe wòadze Yehowa ŋua. Àte ŋu anye exɔlɔ̃ gɔ̃ hã.

TA 13

De Asixɔxɔ Nunana Si Nye Agbe Ŋu

Aleke Mawu bua fuɖeɖe, ʋudodo kple lãwo ƒe agbee?

TA 14

Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me

Lɔlɔ̃ si Yesu ɖe fia nye kpɔɖeŋu nyui si srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo kple ɖeviwo nasrɔ̃. Nu kae míesrɔ̃ tso egbɔ?

TA 15

Mɔ Nyuitɔ Si Dzi Míato Asubɔ Mawu

Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi míato asubɔ Mawu? Kpɔ nu ade siwo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ subɔsubɔha vavã adze sii la ɖa.

TA 16

Tiae Be Yeasubɔ Mawu

Nɔnɔme sesẽ kawoe ate ŋu ava dziwò ne èle wò dzixɔsewo gblɔm na amewo? Nu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ anɔ te ɖe wo nu evɔ màwɔ nu ɖe wo ŋu ameŋumabumabutɔe o?

TA 17

Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La

Ðe Mawu sea wò gbedodoɖawoa? Ne èdi be yeakpɔ ŋuɖoɖoa la, ele be nàse nu si Biblia fia tso gbedodoɖa ŋu la gɔme.

TA 18

Ðe Wòle Be Maɖe Adzɔgbe Na Mawu Ahaxɔ Nyɔnyrɔa?

Afɔ kawoe wòle be ame naɖe hafi adze axɔ nyɔnyrɔ? Srɔ̃ nu tso nu si nyɔnyrɔxɔxɔ fia kple ale si wòle be woawɔe ŋu.

TA 19

Nɔ Yehowa Ŋu Kplikplikpli

Aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ Mawu, eye be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã wòwɔ na mí la ŋu?

Dzesidenyawo

Nya kple nyagbe siwo wozã le Nu Kae Biblia Fia Mí? gbalẽa me la gɔme ɖeɖe.