Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia

Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàbi ɖe dutoƒonuxexlẽ, nuƒoƒo kple nufiafia me.

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Míele nu fiam amewo tso gbedeasi vevitɔ kekeake si yi na amegbetɔwo la ŋu.

NUSƆSRƆ̃ 1

Ŋgɔdonya Si Sɔ Nyuie

Ŋgɔdonya si sɔ nyuie la ɖoa taɖodzinu etɔ̃ gbɔ.

NUSƆSRƆ̃ 2 LIA

Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu

Nuƒoƒo le dzeɖoɖomɔ nu ana wò nyaselawo naɖe dzi ɖi eye woalɔ̃ axɔ wò gbedeasia nyuie.

NUSƆSRƆ̃ 3 LIA

Nyabiasewo Ŋu Dɔ Wɔwɔ

Bia nyawo ŋuɖɔɖotɔe be wò nyaselawo nadi be yewoase wò nyawo, bia nyawo nàtsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi.

NUSƆSRƆ̃ 4 LIA

Susuhehe Yi Ŋɔŋlɔawo Dzi Nyuie

Xlẽ nu tso ale si nàdzra wò nyaselawo ƒe susu ɖo hafi axlẽ mawunyakpukpui aɖe la ŋu.

NUSƆSRƆ̃ 5 LIA

Nuxexlẽ Nyuie

Nuxexlẽ Nyuie nye mɔ vevi aɖe si dzi míetona nana amewo dzea si Yehowa.

NUSƆSRƆ̃ 6 LIA

Na Nu Si Tae Nèxlẽ Ŋɔŋlɔa Ðo La Me Nakɔ

Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔ ƒomedodo si le ŋɔŋlɔ si nèxlẽ kple nya vevi si me ɖem nèle dome nyuie.

NUSƆSRƆ̃ 7 LIA

Nyaa Nede Pɛpɛpɛ Eye Kakaɖedzi Nanɔ Eŋu

Kpeɖodzinya siwo de pɛpɛpɛ siwo ŋu kakaɖedzi le akpe ɖe nyaselawo ŋu woaƒo nya ta nyuie.

NUSƆSRƆ̃ 8 LIA

Kpɔɖeŋu Siwo Me Nufiame Le

Wɔ kpɔɖeŋu siwo gɔme sese le bɔbɔe, siwo sɔ na wò nyaselawo, la ŋu dɔ nàtsɔ aɖe nya veviwo me be wò nufiafia nalé vi.

NUSƆSRƆ̃ 9 LIA

Nu Siwo Wokpɔna Ŋu Dɔ Wɔwɔ Nyuie

Zã nu siwo wokpɔna nàtsɔ ana nufiamea natsi susu me na nyaselawo.

NUSƆSRƆ̃ 10 LIA

Gbetɔtrɔ Vovovoe

Trɔ wò gbea ƒe tsɔtsɔme, eƒe kɔkɔme kple eƒe sesẽme be wòawɔ dɔ ɖe nyaselawo ƒe seselelãme dzi eye wòaʋã wo woaɖe afɔ.

NUSƆSRƆ̃ 11 LIA

Dzonɔameme

Dzonɔameme ana wò nyaselawo nakpɔe be èka ɖe nya si gblɔm nèle dzi eye esia awɔe be woƒe susu nanɔ nya si gblɔm nèle ŋu.

NUSƆSRƆ̃ 12 LIA

Vividoɖeameŋu Kple Veveseɖeamenu

Ne èƒo nu kple seselelãme si tso dzi me la, ana wò nyaselawo nakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na yewo.

NUSƆSRƆ̃ 13 LIA

Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa

Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔ ale si nyatia aɖe vi na woe, eye nàfia wo ale si woawɔ nu si srɔ̃m wole la ŋu dɔ.

NUSƆSRƆ̃ 14 LIA

Na Nya Veviawo Nadze Ƒãa

Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu be woakplɔ wò nuƒoa me nyawo ɖo, eye nàna woakpɔ ale si nuƒoa me nya vevi ɖe sia ɖe do ƒome kple nuƒoa ƒe taɖodzinu kple tanyaa nyuie.

NUSƆSRƆ̃ 15 LIA

Ƒo Nu Kple Kakaɖedzi

Ƒo nu kple kakaɖedzi. Ðee fia be yeka ɖe edzi bliboe be nya si gblɔm yele la le vevie.

NUSƆSRƆ̃ 16 LIA

Nyawo Nede Dzi Ƒo Eye Wòatu Ame Ðo

Tu wò nyaselawo ɖo, mègahe nya ɖe wo ŋu o. He susu yi nyateƒenya fakɔname siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi.

NUSƆSRƆ̃ 17 LIA

Egɔme Nanya Se Na Amewo

Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woase wò gbedeasia gɔme. Na nya veviawo me nakɔ.

NUSƆSRƆ̃ 18 LIA

Nufiame Nanɔ Eme Na Nyaselawo

Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woabu tame le nyatia ŋu ale be woase le wo ɖokuiwo me be yewosrɔ̃ nu vevi aɖe.

NUSƆSRƆ̃ 19 LIA

Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ

Wò nyawo neʋã wò nyaselawo woalɔ̃ Mawu kple eƒe Nya, Biblia la.

NUSƆSRƆ̃ 20 LIA

Nyataƒonya Si Awɔ Dɔ Ðe Ame Dzi

Ne nyataƒonyaa wɔ dɔ ɖe wò nyaselawo dzi la, aʋã wo woalɔ̃ ɖe nu si wosrɔ̃ dzi eye woawɔ ɖe edzi.

Wɔ Wò Ŋgɔyiyi Ŋuti Nuŋlɔɖi

Wɔ wò ŋgɔyiyi ŋuti nuŋlɔɖi esi nèle agbagba dzem be wò nuxexlẽ kple wò nufiafia nanyo ɖe edzi.

Ɖewohĩ Esia Hã Adzɔ Dzi Na Wò

VIDEO SERIES

Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia—Videowo

Tu aɖaŋu siwo le vevie na nuxexlẽ kple nufiafia le dutoƒo la ɖo.