Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 13

‘Nyaʋiʋli Ðo Wo Dome Vevie’

‘Nyaʋiʋli Ðo Wo Dome Vevie’

Wotsɔ aʋatsotso ƒe nyaa ɖo dɔdzikpɔhaa ŋkume

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 15:1-12 dzi

1-3. (a) Nu kawoe do mo ɖa, siwo ate ŋu ana Kristo hame gbãtɔ me nama? (b) Aleke Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me nuŋlɔɖi sia me dzodzro aɖe vi na míi?

 PAULO kple Barnaba wu woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔ nu, eye wotrɔ gbɔ va Antiokia si le Siria kple dzidzɔ. Evivi wo nu be Yehowa “[ʋu] xɔse ƒe ʋɔtru la na dukɔwo me tɔwo.” (Dɔw. 14:26, 27) Le nyateƒe mea, nya nyuia xɔ Antiokia dua ŋutɔ hã me, eye Trɔ̃subɔdukɔmetɔ “geɖe” le hamea me vam.—Dɔw. 11:20-26.

2 Dzidziɖedzi sia ŋu nya ɖo keke Yudea ke. Gake le esi wòana amewo katã nakpɔ dzidzɔ teƒea, ɖe wòna aʋatsotso ƒe nya si le toa me xoxoa gado gã ɖe edzi boŋ. Aleke wòle be Yudatɔwo nabu xɔsetɔ siwo menye Yudatɔwo o? Eye aleke wòle be xɔsetɔ siwo menye Yudatɔwo o nabu Mose ƒe Sea? Nya sia he nyaʋiʋli sesẽ aɖe si ate ŋu ana Kristo hamea me nama vɛ. Aleke woakpɔ nya sia gbɔe?

3 Ne míele Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me nuŋlɔɖi sia me dzromaa, míasrɔ̃ nu vevi aɖewo tso eme, eye woakpe ɖe mía ŋu míanya ale si míakpɔ ta na nya sesẽ siwo ate ŋu ana hamea me nama.

‘Ele Be Woatso Aʋa Na Mi’ (Dɔw. 15:1)

4. Susu totro kawoe xɔsetɔ aɖewo nɔ dodom ɖe ŋgɔ, eye nyabiase kae esia fɔ ɖe te?

4 Nusrɔ̃la Luka gblɔ be: “Azɔ ame aɖewo tso Yudea va [Antiokia] eye wole nu fiam nɔviawo be: ‘Ne wometso aʋa na mi le Mose ƒe kɔa nu o la, miate ŋu akpɔ ɖeɖe o.’” (Dɔw. 15:1) Biblia megblɔe ne ‘ame siawo siwo tso Yudea va’ la nye Farisitɔwo tsã hafi va trɔ zu Kristotɔwo o. Ne mele alea o hãa, edze abe Farisitɔawo, siwo léa Sea me ɖe asi kpaɖii ƒe kɔnyinyiwo nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzi ene. Azɔ hã, woanya na wòadze abe apostolo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem ye dɔ wo ɖa ene. (Dɔw. 15:23, 24) Gake nu ka tae Yudatɔ xɔsetɔwo gale tɔ tem ɖe aʋatsotso ƒe nya sia dzi, evɔ ƒe 13 aɖewo do ŋgɔa, Mawu to apostolo Petro dzi xɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔwo ɖe Kristo hamea me? aDɔw. 10:24-29, 44-48.

5, 6. (a) Nu ka tae Kristotɔ Yudatɔ aɖewo di be yewoakpɔtɔ alé aʋatsotso ƒe sea me ɖe asi? (b) Ðe aʋatsotso kpe ɖe nu, si Mawu bla kple Abraham ŋua? Ðe eme. (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

5 Anye susu vovovowo tae wogalé nya sia me ɖe asi. Ðekae nye be, Yehowa ŋutɔe gblɔ be ŋutsuwo katã natso aʋa eye esia nye dzesi be wonye ame tɔxɛwo nɛ. Yehowa gblɔ na Abraham kple eƒe aƒemetɔwo be woatso aʋa do ŋgɔ hafi wova wɔ Se ƒe nubablaa, eye esi wova nɔ Sea ɖom anyia, wotsɔ aʋatsotso hã kpe ɖe eŋu. b (3 Mose 12:2, 3) Le Sea mea, ele be amedzrowo gɔ̃ hã natso aʋa hafi akpɔ mɔ awɔ nanewo, abe Ŋutitotoa ɖuɖu ene. (2 Mose 12:43, 44, 48, 49) Edze ƒãa be Yudatɔwo bua aʋamatsomatsotɔwo be wo ŋu mekɔ o eye womedze asubɔ Mawu o.—Yes. 52:1.

6 Eya ta Kristotɔ Yudatɔawo hiã xɔse kple ɖokuibɔbɔ hafi alɔ̃ ɖe nufiafia yeye aɖe dzi. Nubabla yeyea va xɔ ɖe Se ƒe nubablaa teƒe. Megahiã be ame nanye Yudatɔ kokoko hafi anye Mawu subɔla o. Ehiã dzinɔameƒo be Kristotɔ Yudatɔ siwo le Yudatɔwo ƒe duwo abe Yudea ene mea, naxɔ Kristo dzi ase, eye woabu Kristotɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo metso aʋa o be wozu xɔsetɔwo.—Yer. 31:31-33; Luka 22:20.

7. Nyateƒenya ka gɔmee ‘ame siwo tso Yudea vaa’ mese o?

7 Gake Mawu ƒe nudidiwo metrɔ o. Esia ƒe kpeɖodzi aɖee nye be Mose ƒe Sea me gɔmeɖose aɖewo dze le nubabla yeyea me. (Mat. 22:36-40) Le kpɔɖeŋu me, Paulo gblɔ tso aʋatsotso ƒe nyaa ŋu be: “Ame si nye Yudatɔ le ememe lae nye Yudatɔ akuakua, eye eƒe aʋatsotso la nye dzimeʋatsotso le gbɔgbɔ me, ke menye to se si woŋlɔ ɖi me o.” (Rom. 2:29; 5 Mose 10:16) ‘Ame siwo tso Yudea vaa’ mese nyateƒenya sia gɔme o. Eya ta wote tɔ ɖe edzi be Mawu ƒe se si ku ɖe aʋatsotso ŋu metrɔ o. Ðe woalɔ̃ woakpe ɖe wo ŋua?

“Nyaʋiʋli Kple Nyahehe” (Dɔw. 15:2)

8. Nu ka ta wotsɔ aʋatsotso ƒe nyaa yi na dɔdzikpɔhaa le Yerusalem?

8 Luka yi edzi be: “Esi esia na nyaʋiʋli kple nyahehe ɖo wo [‘ame siwo tso Yudea va’] kpakple Paulo kple Barnaba dome vevie ta la, wowɔ ɖoɖo be Paulo kple Barnaba kpakple ameawo dometɔ aɖewo nayi apostoloawo kple hamemetsitsiawo gbɔ le Yerusalem le nya sia ta.” c (Dɔw. 15:2) “Nyaʋiʋli kple nyahehe” sia na míekpɔe be akpa evea siaa te tɔ ɖe woƒe nyawo dzi, si fia be hame si le Antiokia mate ŋu akpɔ ta na nyaa o. Be woakpɔ ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si le hamea me taa, woɖoe be yewoatsɔ nyaa ayi “apostoloawo kple hamemetsitsiawo gbɔ le Yerusalem;” ame siawoe nye dɔdzikpɔhaa ɣemaɣi. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso hamemetsitsi siwo nɔ Antiokia gbɔ?

Ame aɖewo te tɔ ɖe edzi be: ‘Ehiã be woade se na Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo be woawɔ Mose ƒe Sea dzi’

9, 10. Kpɔɖeŋu nyui kae Paulo kple Barnaba kpakple nɔvi siwo nɔ Antiokia ɖo ɖi na mí egbea?

9 Nu vevi si míesrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia mee nye be, ele be míaka ɖe Mawu ƒe habɔbɔa dzi. Bu eŋu kpɔ: Nɔvi siwo nɔ Antiokia nyae nyuie be dɔdzikpɔhaa me tɔwo katã nye Yudatɔwo. Gake woka ɖe edzi be woazã Ŋɔŋlɔawo atsɔ akpɔ aʋatsotso ƒe nya sia gbɔ. Nu ka tae woka ɖe edzi alea? Elabe hamea ka ɖe edzi be Yehowa ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple Yesu Kristo si nye hamea ƒe Ta dzi afia mɔ wo be woakpɔ ta na nya sia. (Mat. 28:18, 20; Ef. 1:22, 23) Ne nya sesẽwo do mo ɖa egbea, ele be míasrɔ̃ nɔvi siwo nɔ Antiokia aka ɖe Mawu ƒe habɔbɔa kple Dɔdzikpɔha si nye Kristotɔ amesiaminawo dzi be woakpɔ egbɔ.

10 Míesrɔ̃e hã be ele be miabɔbɔ mía ɖokui eye míagbɔ dzi ɖi. Gbɔgbɔ kɔkɔea ye dɔ Paulo kple Barnaba ɖe dukɔwo me tɔwo gbɔ. Gake womebui be ema na ŋusẽ yewo be yewoakpɔ aʋatsotso ƒe nyaa gbɔ enumake le Antiokia o. (Dɔw. 13:2, 3) Paulo gblɔ emegbe be: “Nyaɖeɖefia aɖe si mexɔ tae meyi [Yerusalem] ɖo.” Esia fia be Mawue nɔ mɔ fiamee. (Gal. 2:2) Hamemetsitsi siwo li egbea hã dzea agbagba be yewoabɔbɔ yewo ɖokuiwo agbɔ dzi ɖi nenye be nya siwo ate ŋu ahe mama vɛ do mo ɖa. Le esi woanɔ tɔ tem ɖe woawo ŋutɔwo ƒe susuwo dzi teƒea, wotrɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu be yewoakpɔ Yehowa ƒe susu eye wodia mɔfiamewo tso kluvi nuteƒewɔlaa gbɔ.—Fil. 2:2, 3.

11, 12. Nu ka tae wòle vevie be míagbɔ dzi ɖi akpɔ Yehowa si nu?

11 Le nɔnɔme aɖewo mea, ele be míalala akpɔ Yehowa si nu be woakɔ nya aɖewo me. Ðo ŋkui be ele be nɔvi siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekea me nalala ƒe 13 sɔŋ—tso esime wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Kornelio le ƒe 36 K.Ŋ. me va se ɖe ƒe 49 K.Ŋ. me—hafi Yehowa na wokpɔ aʋatsotso ƒe nyaa gbɔ. Nu ka tae wòdidi alea? Esi tɔtrɔ sia lolo taa, ɖewohĩ Mawu di be yeana ɣeyiɣi Yudatɔ siwo si dzi nyui le ale be woatrɔ susu, elabe wobui be aʋatsotso ƒe nu, si Mawu bla kple yewo tɔgbui Abraham, si nɔ anyi ƒe 1,900 la nu mate ŋu ayi bɔbɔe nenema o!—Yoh. 16:12.

12 Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee wònye na mí be mía Fofo si le dziƒo, si gbɔa dzi ɖi eye wònyoa dɔme nafia mɔ mí eye wòaɖɔ mí ɖo! Ne míewɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzia, eɖea vi na mí. (Yes. 48:17, 18; 64:8) Mele be míana dada nawɔe be míanɔ tɔ tem ɖe mía ŋutɔwo ƒe susuwo dzi agbe be míalɔ̃ ɖe tɔtrɔ siwo wowɔ le habɔbɔa me alo Ŋɔŋlɔawo me numekɔkɔ yeyewo dzi o. (Nyagb. 7:8) Ne ède dzesii be nɔnɔme siawo ƒe ɖe di be yeazu mɔ̃ aɖe ye le mɔ suetɔ kekeake nu gɔ̃ hãa, ɖe manyo be nàdo gbe ɖa ade ŋugble le nufiame nyui siwo dze le Dɔwɔwɔwo ta 15 lia me ŋu oa? d

13. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe dzigbɔɖi le míaƒe subɔsubɔdɔa me?

13 Ahiã be míagbɔ dzi ɖi ne míele Biblia srɔ̃m kple ame aɖe si wòsesẽ na be wòaɖe asi le alakpadzixɔse alo kɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Biblia o ŋu. Ne edzɔ alea, ele be míagbɔ dzi ɖi akpɔ Yehowa si nu be wòana eƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu. (1 Kor. 3:6, 7) Anyo hã be míanɔ gbe dom ɖa tso nɔnɔmea ŋu. Le ɣeyiɣi nyuitɔ dzia, Mawu akpe ɖe mía ŋu míanya nu si míawɔ.—1 Yoh. 5:14.

Wogblɔ Nuteƒekpɔkpɔ Dedziƒonamewo “Tsitotsito” (Dɔw. 15:3-5)

14, 15. Aleke Kristotɔ siwo nɔ Antiokia de bubu Paulo, Barnaba, kple mɔzɔla bubuawo ŋu, eye aleke nɔviawo ƒe afi ma yiyi ɖe vi na hamea?

14 Luka yi edzi gblɔ be: “Esi hame la ɖo wo ɖa vie vɔ la, ŋutsu siawo yi mɔzɔzɔa dzi to Foinike kple Samaria, eye wogblɔ dukɔwo me tɔwo ƒe dzimetɔtrɔ ŋu nya na nɔviawo tsitotsito si na dzi dzɔ nɔviawo ŋutɔ.” (Dɔw. 15:3) Esi hamea va ɖo Paulo, Barnaba, kple mɔzɔlawo bubuawo ɖa viea, efia be wolɔ̃ wo, de bubu wo ŋu, eye wodi Mawu ƒe yayra na wo. Kpɔɖeŋu nyui bubue nye esia nɔvi siwo le Antiokia gaɖo ɖi na mí míasrɔ̃! Ðe nèdea bubu nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu, ‘vevietɔ hamemetsitsi siwo doa vevie nu le nuƒoƒo kple nufiafia me’ ŋua?—1 Tim. 5:17.

15 Esi nɔviawo nɔ mɔa dzia, woto Kristotɔ siwo nɔ Foinike kple Samaria gbɔ, eye wogblɔ ale si gbeƒãɖeɖedɔa yii le Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo dome na wo “tsitotsito.” Anɔ eme be ame siwo se nyatakaka siawo dometɔ aɖewo nye Kristotɔ Yudatɔ siwo si va afi ma esime wowu Stefano le eƒe xɔse ta. Egbea hã, nyatakaka siwo ku ɖe ale si Yehowa le yayram ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi doa ŋusẽ mía nɔviwo, vevietɔ esiwo le nɔnɔme sesẽwo me tom. Wò hã àte ŋu ase nyatakaka nyui siawo eye woade dzi ƒo na wò ne èdea Kristotɔwo ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo, eye nèxlẽa mía nɔviwo ƒe nuteƒekpɔkpɔ kple agbemeŋutinya siwo le míaƒe agbalẽwo me alo le jw.org.

16. Nu kae ɖee fia be aʋatsotso ƒe nyaa va zu nya gã?

16 Paulo, Barnaba kple ame dɔdɔ bubuawo zɔ mɔ kilometa 550 eye wova ɖo Yerusalem mlɔeba. Luka gblɔ be: “Esi wova ɖo Yerusalem la, hame la kple apostoloawo kpakple hamemetsitsiawo xɔ wo nyuie, eye wogblɔ nu geɖe siwo Mawu wɔ to wo dzi la na wo.” (Dɔw. 15:4) Gake “ame siwo nye Farisitɔwo ƒe kɔmama me tɔwo tsã, eye wova zu xɔsetɔwo la, dometɔ aɖewo tso le woƒe ziwo dzi gblɔ be: ‘Ehiã be woatso aʋa na wo, eye woade se na wo be woawɔ Mose ƒe Se la dzi.’” (Dɔw. 15:5) Edze ƒãa be aʋatsotso na Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo va zu Kristotɔwo ƒe nyaa zu nya gã si gbɔ wòle be woakpɔ godoo.

“Apostoloawo Kple Hamemetsitsiawo Va Kpe Ta” (Dɔw. 15:6-12)

17. Ame kawoe ƒo ƒu wɔ dɔdzikpɔha si nɔ Yerusalem, eye anye susu ka tae “hamemetsitsiawo” hã nɔ eme?

17 Lododowo 13:10 (etenuŋɔŋlɔ) gblɔ be: “Nunya tso aƒe ɖe ame siwo kpea ta la gbɔ.” Le gɔmeɖose sia taa, “apostoloawo kple hamemetsitsiawo va kpe ta be yewoalé [aʋatsotso ƒe] nya sia kpɔ.” (Dɔw. 15:6) “Apostoloawo kple hamemetsitsiawo” le hame bliboa teƒe, abe ale si wòle le Dɔdzikpɔhaa gome egbea ene. Nu ka tae “hamemetsitsiawo” nɔ dɔ wɔm kple apostoloawo? Ðo ŋku edzi be wowu apostolo Yakobo eye wolé apostolo Petro de gaxɔ me ɣeyiɣi aɖe. Ðe nu sia tɔgbi agava dzɔ ɖe apostolo aɖe dzia? Ne wona hehe hamemetsitsi bubu siwo wosi ami naa, woate ŋu ayi edzi axɔ ŋgɔ na dɔa ne edzɔ be apostoloawo megava li o.

18, 19. Nya wɔdɔɖeamedzi kae Petro gblɔ, eye nu vevi kae esia ana eƒe nyaselawo de dzesii?

18 Luka yi edzi gblɔ be: “Ke esi wodzro nya la me ʋuu la, Petro tso hegblɔ . . . be: ‘Nɔvinyeŋutsuwo, mienyae nyuie be tso gɔmedzedzea me ke la, Mawu tiam le mia dome be dukɔwo me tɔwo nase nya nyui la tso nunye ne woaxɔe ase. Eye Mawu, ame si nya dziwo me la, ɖi ɖase esi wòna gbɔgbɔ kɔkɔe wo, abe ale si wòna míawo hã ene. Eye mede vovototo aɖeke mía kpli wo dome kura o, ke boŋ ekɔ woƒe dzi ŋu to xɔse me.’” (Dɔw. 15:7-9) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya si nye “wodzro nya la me,” si dze le kpukpui 7 lia me fia be “wonɔ nya biam wo nɔewo.” Edze abe susu vovovowo nɔ nɔviawo si eye woɖe wo gblɔ faa.

19 Petro ƒe nya wɔdɔɖeamedzi siawo ɖo ŋku edzi na wo be, Petro ŋutɔ nɔ eteƒe esime wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔ gbãtɔ Kornelio kple eƒe aƒemetɔwo le ƒe 36 K.Ŋ. Ne Yehowa megadea vovototo Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o dome oa, ɖe amegbetɔ aɖe kpɔ mɔ awɔ esia? Gawua, ne ame aɖe xɔ Kristo dzi sea, woabui be ele dzɔdzɔe le dzi me, ke menye le Mose ƒe Sea dzi wɔwɔ ta o.—Gal. 2:16.

20. Mɔ ka nue ame siwo nɔ tɔ tem ɖe aʋatsotso ƒe nyaa dzi nɔ “Mawu dom kpɔ” le?

20 Le Mawu ƒe nyaa kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ɖaseɖiɖi si dze ƒãa taa, Petro ƒo nya ta be: “Ekema nu ka tae miele Mawu dom kpɔ fifia be miatsɔ kɔkuti si mía kple mía tɔgbuiwo siaa míete ŋu tsɔ o la aku kɔ na nusrɔ̃laawo? Ke boŋ míexɔe se be míakpɔ ɖeɖe to mía Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve la dzi, eye nenema kee wòle le woawo hã gome.” (Dɔw. 15:10, 11) Le nyateƒe mea, ame siwo nɔ tɔ tem ɖe aʋatsotso ƒe nyaa dzi nɔ “Mawu dom kpɔ” alo nɔ ‘eƒe dzigbɔɖi dom kpɔ.’ Wonɔ se aɖe si dzi Yudatɔwo ŋutɔ mete ŋu wɔ ɖo bliboe o, si ta Mawu bu fɔ wo be wodze na kua, zim ɖe Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo va zu Kristotɔwo dzi. (Gal. 3:10) Ðe wòle be Yudatɔawo nada akpe boŋ na Mawu ɖe amenuveve si wòto Yesu dzi ɖe fia ta.

21. Aleke Barnaba kple Paulo kpe asi ɖe nyaa gbɔ kpɔkpɔ ŋui?

21 Edze ƒãa be Petro ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe wo dzi. Eya ta “ameha blibo la zi ɖoɖoe.” Ema yomea, Barnaba kple Paulo “gblɔ dzesi kple nukunu geɖe siwo Mawu wɔ to wo dzi le dukɔwo dome la ŋuti nya” na wo. (Dɔw. 15:12) Azɔ apostoloawo kple hamemetsitsiawo ate ŋu anɔ te ɖe kpeɖodzi siawo katã dzi atso nya me le aʋatsotso ƒe nyaa ŋu wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.

22-24. (a) Aleke Dɔdzikpɔha si li egbea srɔ̃a dɔdzikpɔha si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me? (b) Aleke hamemetsitsiwo katã ate ŋu ade bubu habɔbɔa ƒe ɖoɖowo ŋu?

22 Egbea hã, ne Dɔdzikpɔhaa me tɔwo kpe taa, wozãa Mawu ƒe Nyaa, eye wodoa gbe ɖa be gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ yewo. (Ps. 119:105; Mat. 7:7-11) Be woate ŋu atso nya me wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nua, wotsɔa nu siwo me woava dzroa nana Dɔdzikpɔhaa me tɔ ɖe sia ɖe, ale be wòate ŋu ado gbe ɖa ade ŋugble tso eŋu do ŋgɔ. (Lod. 15:28) Ne wova kpe taa, wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒoa nu faa bubutɔe eye wozãa Biblia zi geɖe le woƒe numedzodzroa me.

23 Ele be hamemetsitsiwo nasrɔ̃ kpɔɖeŋu siawo. Ne hamemetsitsiwo kpe ta be yewoakpɔ nyaa aɖe gbɔ gake womekpɔ ta nɛ oa, woate ŋu abia kpekpeɖeŋu tso alɔdzedɔwɔƒea alo abia nutome sue dzikpɔlaa. Ne ehiãa, alɔdzedɔwɔƒea aŋlɔ agbalẽ na Dɔdzikpɔhaa abia kpekpeɖeŋu.

24 Yehowa yraa ame siwo dea bubu habɔbɔa ƒe ɖoɖowo ŋu, bɔbɔa wo ɖokui, gbɔa dzi ɖi, eye woyia edzi wɔa nuteƒe la geɖe. Abe ale si míakpɔe le ta si kplɔe ɖo mea, ne míewɔ ɖe mɔfiame siawo dzia, Mawu naa ŋutifafa vavãtɔ mí, hamea dzina ɖe edzi, eye míewɔa ɖeka.

a Kpɔ aɖaka si nye “ Nufiafia Siwo Yudatɔwo Dona Ðe Ŋgɔ.”

b Aʋatsotso mekpe ɖe nu si Mawu bla kple Abraham, si le dɔ wɔm va se ɖe egbea ŋu o. Nu, si Mawu bla kple Abraham te dɔwɔwɔ tso ƒe 1943 D.Y. me, esime Abraham (si woyɔna ɣemaɣi be Abram) tso Frat-tɔsisia ɖo ta Kanaan. Ɣemaɣia, exɔ ƒe 75. Emegbe kura hafi wova wɔ aʋatsotso ƒe nubablaa, le ƒe 1919 D.Y. me, esime Abraham xɔ ƒe 99.—1 Mose 12:1-8; 17:1, 9-14; Gal. 3:17.

c Edze abe Tito, Hela Kristotɔ si nye Paulo ƒe mɔzɔhati, hã nɔ ame siwo wodɔ ɖe Yerusalem dome ene. (Gal. 2:1; Tito 1:4) Tito nye Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na dometɔ ɖeka.—Gal. 2:3.