Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 9

“Mawu Mekpɔa Ame Ŋkume O”

“Mawu Mekpɔa Ame Ŋkume O”

Kristotɔwo te gbeƒãɖeɖe na dukɔwo me tɔwo

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 10:1–11:30 dzi

1-3. Ŋutega kae woɖe fia Petro, eye nu ka tae wòle be míase nu si wòfia gɔme?

 ƑE 36 K.Ŋ. ƒe kele mee. Petro le gbe dom ɖa le xɔ ta le ŋdɔ me, le aƒe aɖe si le melidzeƒedu Yopa me. Ŋkeke aɖewoe nye esia wòlɔ̃ va dze aƒe sia me, si na míekpɔe be medea vovototo amewo me o. Aƒea tɔ ŋkɔe nye Simon, si nye lãgbalẽŋudɔwɔla, eye Yudatɔ geɖe malɔ̃ be yewoadze dɔ sia wɔla ƒe aƒe me o. a Togbɔ be Petro ya te ŋu wɔ esia hãa, ava srɔ̃ nu vevi aɖe tso ale si Yehowa mekpɔa ame ŋkume o ŋu.

2 Esi Petro nɔ gbea dom ɖaa, ekpɔ ŋutega aɖe eye nu siwo wòkpɔ le ŋutegaa me aɖe fu na Yudatɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ. Ekpɔ ze gã aɖe wòle ɖiɖim tso dziƒo, eye lã siwo Sea gblɔ be wo ŋu mekɔ o le eme. Esi wogblɔ na Petro be wòawu wo aɖua, egblɔ be: “Nyemeɖu nu ƒoɖi kple nu makɔmakɔ aɖeke kpɔ o.” Gbeɖiɖia gblɔ nɛ zi etɔ̃ sɔŋ be: “Dzudzɔ nu siwo ŋuti Mawu kɔ la yɔyɔ be nu ƒoɖi.” (Dɔw. 10:14-16) Ŋutega sia na Petro tɔtɔ sẽe.

3 Nu kae ŋutega si Petro kpɔ fia? Ele vevie be míanya, elabe nyateƒenya vevi aɖe be ɖe eme ku ɖe ale si Yehowa bua amewoe ŋu. Hafi mí Kristotɔ vavãwo míate ŋu aɖe gbeƒã tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu tsitotsitoa, ele be míabu amewo abe ale si Mawu bua woe ene. Be míate ŋu ase ŋutega si Petro kpɔ gɔme nyuiea, ele be míanya nu siwo tae woɖe ŋutega sia fiae.

Enɔa “Kokoƒoƒo Dzi Na Mawu Ɣeawokatãɣi” (Dɔw. 10:1-8)

4, 5. Ame kae nye Kornelio, eye nu kae dzɔ esi wònɔ gbe dom ɖa?

4 Petro menya kura be ŋkeke si do ŋgɔa, Mawu ɖe ŋutega aɖe fia ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Kornelio hã le Kaisarea si didi kilometa 50 tso Yopa gbɔ le dziehe gome o. Kornelio nye Roma-srafoha aɖe ƒe aʋafia, eye “edoa vevie mawusubɔsubɔ.” b Enye ƒome ƒe ta nyui aɖe, elabe “eya kple eƒe aƒe blibo la katã vɔ̃a Mawu.” Kornelio menye ame si trɔ dzi me zu Yudatɔ o, ke boŋ enye Trɔ̃subɔdukɔmetɔ. Gake enyoa dɔ me na Yudatɔ siwo ɖo hiã me eye wòkpena ɖe wo ŋu. Ŋutsu sia nɔa “kokoƒoƒo dzi na Mawu ɣeawokatãɣi.”—Dɔw. 10:2.

5 Anɔ ɣetrɔ ga etɔ̃ lɔƒo, esime Kornelio nɔ gbe dom ɖaa, mawudɔla aɖe gblɔ nɛ le ŋutega me be: “Wò gbedodoɖawo va ɖo Mawu gbɔ eye wòɖo ŋku wò dɔmenyowɔwɔwo hã dzi.” (Dɔw. 10:4) Abe ale si mawudɔlaa gblɔe na Kornelio enea, edɔ ame ɖa be woayɔ apostolo Petro vɛ. Mɔnukpɔkpɔ aɖe si menɔ ʋuʋu ɖi na Kornelio tsã o le esi wònye Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔ taa, va ʋu ɖi nɛ azɔ. Madidi o, woagblɔ nya nyui si ana wòakpɔ ɖeɖea nɛ.

6, 7. (a) Ðe Mawu ɖoa ame siwo doa gbe ɖa nɛ tso dzi me be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoanya ame si tututu wònye la ƒe gbedodoɖawo ŋua? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Nu kae kpɔɖeŋu siawo fia mí?

6 Ðe Mawu ɖoa ame siwo doa gbe ɖa nɛ tso dzi me be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoanya ame si tututu wònye ƒe gbedodoɖawo ŋu egbea? Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Wona Gbetakpɔxɔ aɖe si ƒo nu tso ale si woawɔ ahe ɖeviwo nyɔnu aɖe le Albania. c Egblɔ na Ðasefo si va ƒo ʋɔ nɛ be: “Ènya be ɖeko menɔ gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe ŋunye mahe vinyenyɔnuviwo nyuie koe nye esia? Mawue dɔ wò ɖe gbɔnye! Nu si tututu hiãmee nye esia nètsɔ vɛ nam!” Wova nɔ Biblia srɔ̃m kple nyɔnua kpakple vianyɔnuviawo, eye emegbe wova nɔ esrɔ̃m kple srɔ̃a hã.

7 Ðe kpɔɖeŋu sia nye nu madzɔkpɔa? Kura o! Nu siawo tɔgbi dzɔna zi geɖe le xexea me godoo, si ta míate ŋu agblɔ be menye nudogoɖenunue o. Nu kae esiawo fia? Gbã, Yehowa ɖoa ame siwo dinɛ tso dzi me ƒe gbedodoɖawo ŋu. (1 Fia. 8:41-43; Ps. 65:2) Evelia, mawudɔlawo le kpekpem ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me.—Nyaɖ. 14:6, 7.

“Petro Tɔtɔ” (Dɔw. 10:9-23a)

8, 9. Nu kae Mawu to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ɖe fia Petro, eye aleke wòwɔ nui?

8 “Petro tɔtɔ” elabe mese ŋutega si wòkpɔ gɔme o, eye ekpɔtɔ nɔ dziƒoxɔa dzi hafi Kornelio ƒe ame dɔdɔwo va ɖo egbɔ. (Dɔw. 10:17) Ðe Petro, ame si gblɔ zi etɔ̃ sɔŋ be yemalɔ̃ aɖu nu siwo Sea gblɔ be wonye nu makɔmakɔwo oa, alɔ̃ ayi kple ŋutsu siawo, age ɖe Trɔ̃subɔdukɔmetɔ ƒe aƒe mea? Le mɔ aɖe nua, Mawu to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi na nuwo me kɔ na Petro. Gbɔgbɔa gblɔ na Petro be: “Kpɔ ɖa! Ŋutsu etɔ̃ le diwòm. Eya ta tso, ɖi nàyi kpli wo, mègake ɖi kura o, elabena nyee dɔ wo.” (Dɔw. 10:19, 20) Ŋutega si Petro kpɔ do ŋgɔ ku ɖe lã makɔmakɔwo ŋu dzra eƒe dzi ɖo wòte ŋu wɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiamewo dzi.

9 Esi Petro va nya be Mawue na Kornelio dɔ amewo ɖe ye gbɔa, ena Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siawo ge ɖe eme, “eye wodze egbɔ.” (Dɔw. 10:23a) Ŋutega si apostolo Petro kpɔ, si dzi wòwɔ ɖo, na wòva de dzesii be tso fifia, Mawu di be yeazã Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo hã be yeƒe lɔlɔ̃nu nava eme.

10. Aleke Yehowa fiaa mɔ eƒe amewo, eye nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokuiwo?

10 Va se ɖe egbea, Yehowa yi edzi le mɔ fiam eƒe amewo vivivi. (Lod. 4:18) Etoa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi fiaa mɔ “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela.” (Mat. 24:45) Ɣeaɖewoɣia, wotrɔa asi le ale si míese Mawu ƒe Nyaa gɔme alo ale si míewɔa nanewo le habɔbɔa me ŋu. Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ne asitɔtrɔ siawo vaa, aleke mewɔa nui? Ðe melɔ̃na faa trɔna ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia siawo ŋua?’

Petro ‘Gblɔ Be Woanyrɔ Wo’ (Dɔw. 10:23b-48)

11, 12. Nu kae Petro wɔ esi wòva ɖo Kaisarea, eye nu kae wòva de dzesii?

11 Le ŋkeke si kplɔe ɖoa, Petro kple ame dɔdɔ etɔ̃awo kpakple “nɔvi [Yudatɔ] ade” tso Yopa ɖo ta Kaisarea. (Dɔw. 11:12) Kornelio nɔ mɔ kpɔm na Petro, eya ta eyɔ “eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ veviwo ƒo ƒu.” Ðewohĩ wo katã wonye Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo. (Dɔw. 10:24) Esi woɖoa, Petro wɔ nane si mesusu kpɔ be yeawɔ o. Ege ɖe Trɔ̃subɔdukɔmetɔ si metso aʋa o ƒe aƒe me! Petro gblɔ be: “Miawo ŋutɔwo mienyae nyuie, ale si mele se nu be Yudatɔ nade ha kple dukɔ bubu me tɔ alo ava egbɔ o, gake Mawu ɖee fiam be magayɔ ame aɖeke be ame ƒoɖi alo ame makɔmakɔ o.” (Dɔw. 10:28) Fifia Petro va de dzesii be ŋutega si yekpɔa meku ɖe nu siwo yeate ŋu aɖu alo nu siwo yemate ŋu aɖu o ŋu o. Ke boŋ efia be mele be wòayɔ “ame aɖeke be ame ƒoɖi” o, ne amea nye Trɔ̃subɔdukɔmetɔ gɔ̃ hã.

“Kornelio hã le mɔ kpɔm na wo, eye wòyɔ eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ veviwo ƒo ƒu.”—Dɔwɔwɔwo 10:24

12 Ame siwo katã va kpe ta di vevie be yewoase nya si le Petro si. Kornelio gblɔ be: “Mí katã míele afii le Mawu ŋkume, be míase nya siwo katã Yehowa de asiwò be nàgblɔ.” (Dɔw. 10:33) Aleke nàse le ɖokuiwò me ne ame aɖe si di be yeanya nu geɖe tso Yehowa ŋu gblɔ nya sia na wò? Petro dze eƒe nyawo gɔme kple nya ʋãme sia be: “Azɔ medze sii le nyateƒe me be Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.” (Dɔw. 10:34, 35) Petro va de dzesii be ame ɖanye yevu alo ameyibɔ o, gbe ka kee wòdona alo dukɔ ka ke mee wòtso o, Mawu wɔa nu ɖe wo katã ŋu sɔsɔe. Petro ɖi ɖase tso Yesu ƒe subɔsubɔdɔ, eƒe ku kple eƒe tsitretsitsi ŋu na wo.

13, 14. (a) Nu ɖedzesi kae dzɔ esi Kornelio kple Trɔ̃subɔdukɔmetɔ bubuwo trɔ dzi me le ƒe 36 K.Ŋ.? (b) Nu ka tae mele be míanɔ te ɖe nanewo ko dzi adrɔ̃ ʋɔnu amewo o?

13 “Esi Petro gale nu ƒom” la, nu wɔnuku aɖe dzɔ: Wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe “dukɔwo me tɔwo” dzi. (Dɔw. 10:44, 45) Nudzɔdzɔ sia me koe Ŋɔŋlɔawo gblɔ le be wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe amewo dzi hafi wova xɔ nyɔnyrɔ. Esi Petro kpɔ dzesi sia si fia be Mawu xɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siawoa, egblɔ be “woanyrɔ wo.” (Dɔw. 10:48) Esi Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siawo trɔ dzi me eye woxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 36 K.Ŋ. taa, efia be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si nɔ Yudatɔwo si be woawo ɖeɖe koe nye Mawu ƒe dukɔ la wu enu ɖe afi ma. (Dan. 9:24-27) Petro xɔ ŋgɔ woɖi ɖase tsitotsito gbe ma gbe, eye wòzã ‘Fiaɖuƒea ƒe safui’ etɔ̃lia, si nye mamlɛtɔ. (Mat. 16:19) Safui sia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔwo be woava nye Kristotɔ siwo wosi ami na.

14 Mí Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo li egbea hãa, míede dzesii be “Mawu mekpɔa ame ŋkume o.” (Rom. 2:11) Eƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã.” (1 Tim. 2:4) Eya ta mele be míanɔ te ɖe amewo ƒe dzedzeme dzi adrɔ̃ ʋɔnu wo o. Míaƒe dɔdeasie nye be míaɖi ɖase tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito. Esia fia be míaɖe gbeƒã na amewo katã, metsɔ le woƒe dzedzeme, dukɔ si me wotso, subɔsubɔha si me wole, alo be wonye yevu alo ameyibɔ me o.

“Wodzudzɔ Nyaa Hehe, Eye Wokafu Mawu” (Dɔw. 11:1-18)

15, 16. Nu ka tae Kristotɔ Yudatɔ aɖewo he nya ɖe Petro ŋu, eye aleke Petro ɖe eɖokui nui?

15 Petro anya di vevie be yeagblɔ nu si dzɔ ŋu nya na nɔviawo. Eya ta eɖo ta Yerusalem. Edze ƒãa be nɔviawo se Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔ siwo va “xɔ Mawu ƒe nya la” ŋu nya hafi Petro va ɖo. Esi Petro nya ɖo teti koa, “ame siwo de aʋatsotso dzi la he nya ɖe eŋu.” Nu si ɖia wo nue nye be, Petro yi “aʋamatsomatsotɔwo ƒe me heɖu nu kpli wo.” (Dɔw. 11:1-3) Menye esi Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo va zu Kristo yomedzelawoe ɖe fu na wo o. Ke boŋ nusrɔ̃la Yudatɔ siawo nɔ tɔ tem ɖe edzi vevie be ele be dukɔwo me tɔwo nawɔ ɖe aʋatsotso ƒe sea kple se bubuawo katã dzi hafi woate ŋu asubɔ Yehowa wòadze eŋu. Edze ƒãa be esesẽ na nusrɔ̃la Yudatɔ mawo be woalɔ̃ ɖe edzi be Mose ƒe Sea wu enu.

16 Aleke Petro ɖe eɖokui nui? Le Dɔwɔwɔwo 11:4-16 lia, eƒo nu tso nu vevi ene siwo ɖo kpe edzi be Mawu gbɔe nu siwo dzɔa tso ŋu: (1) ŋutega si Mawu ɖe fiae (Kpukpui 4-10); (2) nya si gbɔgbɔa gblɔ nɛ (Kpukpui 11, 12); (3) ale si mawudɔla aɖe yi Kornelio gbɔ (Kpukpui 13, 14); kple (4) ale si wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo dzi. (Kpukpui 15, 16) Petro ƒo eƒe nyaa ta kple nyabiase wɔdɔɖeamedzi aɖe be: “Eya ta ne Mawu tsɔ nunana faa [si nye gbɔgbɔ kɔkɔe] ma ke na woawo [Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo] hã, abe ale si wòna mí [Yudatɔwo,] ame siwo xɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se la hã ene ɖe, ame kae menye be maxe mɔ na Mawu?”—Dɔw. 11:17.

17, 18. (a) Tiatia kae Kristotɔ Yudatɔwo wɔ esi wose Petro ƒe nyawo? (b) Nu ka tae wòasesẽ be míawɔ ɖeka le hamea me egbea, eye nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?

17 Nya siwo Petro gblɔ ƒoe ɖe Kristotɔ Yudatɔawo nu be woawɔ tiatia vevi aɖe. Ðe woaɖe asi le ale si wobua nazã ɖe amewo ŋu tsãe ŋu eye woaxɔ dukɔwo me tɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ la faa abe wo nɔvi Kristotɔwo enea? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ke esi [apostoloawo kple Kristotɔ Yudatɔ bubuawo] wose nya siawo la, wodzudzɔ nyaa hehe, eye wokafu Mawu gblɔ be: ‘Ekema Mawu na mɔnukpɔkpɔ dukɔwo me tɔwo hã be woatrɔ dzi me, ne woakpɔ agbe.’” (Dɔw. 11:18) Nɔnɔme nyui sia si woɖe fia wɔe be ɖekawɔwɔ kpɔtɔ nɔ hamea me.

18 Mele bɔbɔe be míawɔ ɖeka egbea o, elabe Mawu subɔla vavãwo “tso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ame ƒomeviwo katã kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖ. 7:9) Hame geɖe me tɔwo nye ameyibɔwo kple yevuwo kpakple ame siwo ƒe dekɔnuwo le vovovo. Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe meɖe nazãbubu ɖa keŋkeŋ le nye dzi mea? Ðe meɖoe be nyemaɖe mɔ nu siwo maa amewo me le xexea me, abe dulɔlɔ̃, gbegbɔgblɔ, dekɔnu kple dukɔ si me ame aɖe tso nagakpɔ ŋusẽ ɖe ale si mewɔa nu ɖe nɔvinye Kristotɔwo ŋu dzi oa?’ Ðo ŋku nu si va dzɔ ɖe Petro (Kefas) dzi esi Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo trɔ dzi me ƒe ʋɛ aɖewo megbe. Eɖe mɔ ame bubuwo ƒe nazãbubu kpɔ ŋusẽ ɖe edzi eye wòɖe “eɖokui ɖe vovo” tso Kristotɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo gbɔ. Eva hiã be Paulo naɖɔe ɖo. (Gal. 2:11-14) Mina míaɖɔ ŋu ɖo be míagaɖe mɔ nazãbubu ƒe mɔ̃ aɖeke naɖe mí o.

“Ame Geɖe Va Zu Xɔsetɔwo” (Dɔw. 11:19-26a)

19. Ame kawoe Kristotɔ Yudatɔ siwo nɔ Antiokia te gbeƒãɖeɖe na, eye nu kae do tso eme?

19 Ðe Yesu yomedzelawo te gbeƒãɖeɖe na Trɔ̃subɔdukɔmetɔwoa? De dzesi nu si dzɔ emegbe le Antiokia si le Siria. d Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo menyina le afi ma tututu o. Gake Yudatɔ gbogbo aɖewo nɔ nuto ma me, eye esia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo be woaɖe gbeƒã na Trɔ̃subɔdukɔmetɔawo. Afi siae nusrɔ̃la Yudatɔ aɖewo dze nya nyuia gbɔgblɔ na ‘Helagbedolawo’ le. (Dɔw. 11:20) Gake menye Helagbedolawo koe woɖe gbeƒã na o. Woɖe gbeƒã na Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔwo hã. Yehowa yra ɖe woƒe dɔa dzi ale be “ame geɖe va zu xɔsetɔwo.”—Dɔw. 11:21.

20, 21. Aleke Barnaba bɔbɔ eɖokui, eye aleke míawo hã míabɔbɔ mía ɖokui be míate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa nyuie?

20 Be woate ŋu aɖe gbeƒã na ame gbogbo siawoa, hame si nɔ Yerusalem dɔ Barnaba ɖe Antiokia. Ame gbogbo aɖewo lɔ̃ faa nɔ to ɖom nya nyuia, si wɔe be Barnaba ɖeɖe mate ŋu aɖe gbeƒã na wo katã o. Ame kae dze akpe ɖe ame siawo ŋu wu Saul, si va zu apostolo na dukɔwo? (Dɔw. 9:15; Rom. 1:5) Ðe Barnaba ava nɔ ŋu ʋãm Saul-a? Mewɔe nenema o, ke boŋ ebɔbɔ eɖokui. Eya ta eyi Tarso va di Saul, eye wòkplɔe va Antiokia be wòakpe ɖe ye ŋu. Wo ame evea wonɔ afi ma ƒe ɖeka nɔ ŋusẽ dom hamea.—Dɔw. 11:22-26a.

21 Aleke míawo hã míabɔbɔ mía ɖokui be míate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa nyuie? Ebia ɖokuibɔbɔ be míalɔ̃ ɖe edzi be menye nu sia nue míate ŋu awɔ o. Ŋutete vovovowoe le mía si. Le kpɔɖeŋu me, anɔ bɔbɔe na nɔvi aɖewo be woaɖi vomeɖase alo aɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me, gake wòasesẽ na wo be woatrɔ ayi amewo gbɔ alo adze Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo. Ne èdi be yeagabi ɖe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe mea, ɖe manyo be nàbia kpekpeɖeŋu oa? Ne èwɔe alea, wò subɔsubɔdɔa aganyo ɖe edzi wu eye àkpɔ dzidzɔ geɖe.—1 Kor. 9:26.

Woɖo “Kpekpeɖeŋununana” Ðe Nɔviawo (Dɔw. 11:26b-30)

22, 23. Aleke Kristotɔ siwo nɔ Antiokia ɖee fia be yewolɔ̃ yewo nɔviwo, eye aleke Mawu ƒe amewo hã wɔa nu alea tɔgbi egbea?

22 “Antiokia ye woyɔ nusrɔ̃lawo le zi gbãtɔ be Kristotɔwo le Mawu ƒe mɔfiafia te.” (Dɔw. 11:26b) Ŋkɔ sia si tso Mawu gbɔ ɖɔ Kristo ƒe nusrɔ̃la siawo nyuie ŋutɔ! Esi dukɔwo me tɔwo va zu Kristotɔwoa, ɖe woawo kple Kristotɔ Yudatɔwo dome va le kplikplikplia? Bu nu si dzɔ esi dɔ gã aɖe to le ƒe 46 K.Ŋ. me ŋu kpɔ. e Tso blema ke ne dɔ toa, hiãtɔwo ŋue wòtena wu. Eya ta nuɖuɖu kple nu bubuwo hiã Kristotɔ Yudatɔ siwo le Yudea, siwo dometɔ geɖewo nye hiãtɔwo. Esi Kristotɔ siwo le Antiokia, siwo dometɔ aɖewo tso Trɔ̃subɔdukɔwo me seea, woɖo “kpekpeɖeŋununana” ɖe nɔvi siwo le Yudea. (Dɔw. 11:29) Nɔvilɔlɔ̃ ɖedzesi ka gbegbee nye esi!

23 Mawu ƒe amewo wɔa nu sia tɔgbi egbea hã. Ne míese be mía nɔvi siwo le dukɔ bubuwo me alo esiwo le míaƒe nutoa me hiã kpekpeɖeŋua, míelɔ̃na faa kpea asi ɖe wo ŋu. Alɔdzekɔmitiwo ɖoa Afɔku Kpekpeɖeŋunakɔmitiwo enumake be woakpe ɖe mía nɔvi siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo abe ahom sesẽwo, anyigbaʋuʋuwo, kple atsiaƒugɔmenyigbaʋuʋu si nana tsi ɖea amewo gblẽ nu lea ŋu. Agbagba siwo míedzena be míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu ɖo kpe edzi be míelɔ̃ wo tso dzi me ke.—Yoh. 13:34, 35; 1 Yoh. 3:17.

24. Aleke míate ŋu aɖee afia be míele wɔwɔm ɖe nufiame si le ŋutega si Petro kpɔ mea dzi?

24 Nufiame vevi aɖe le ŋutega si Petro kpɔ le xɔa ta le Yopa le ƒe alafa gbãtɔ mea me na mí Kristotɔ vavãwo egbea. Míesubɔa Mawu si mekpɔa ame ŋkume o. Edi be míaɖi ɖase tso yeƒe Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito. Esia fia be míaɖe gbeƒã na ame sia ame, woɖanye ameyibɔwo alo yevuwo o, dukɔ ka mee wotso alo ɖoƒe ka kee le wo si o. Eya ta mina míaɖoe kplikpaa awɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ agblɔ nya nyuia na ame siwo di be yewoasee.—Rom. 10:11-13.

Ne hiã tu mía nɔviwoa, míelɔ̃na faa kpena ɖe wo ŋu

a Yudatɔ aɖewo mebua lãgbalẽŋudɔwɔlawo ɖe ɖeke me o, elabe wozãa lã kukuwo kple ŋunyɔnu bubuwo le woƒe dɔwo wɔwɔ me. Wobua lãgbalẽŋudɔwɔlawo be womedze aka afɔ gbedoxɔa me o, eye ne mede ɖeke oa, ele be woƒe dɔwɔƒe nadidi afɔ 70 tso dua gbɔ. Esia na míekpɔ susu si tae Simon ƒe aƒe “le ƒuta.”—Dɔw. 10:6.

b Kpɔ aɖaka si nye “ Kornelio—Roma-Srafoha Aɖe Ƒe Aʋafia.”

c Nyati ma, si ƒe tanyae nye “Vihehe Ŋuti Ðaŋuɖoɖo si Ŋu Kakaɖedzi Le,” dze le November 1, 2006 ƒe Gbetakpɔxɔ me le axa 4 va se ɖe 7.

d Kpɔ aɖaka si nye “ Antiokia Si Nɔ Siria.”

e Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Josephus ƒo nu tso “dɔ gã” sia si to le Roma Fiagã Klaudio ƒe dziɖuɣi (41-54 K.Ŋ.) ŋu.