Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 10

“Yehowa Ƒe Nya Kaka Ðe Edzi”

“Yehowa Ƒe Nya Kaka Ðe Edzi”

Woɖe Petro le gaxɔ me, eye togbɔ be woti Kristotɔwo yome hãa, nya nyuia keke ta

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 12:1-25 dzi

1-4. Nɔnɔme sesẽ ka mee Petro ɖo, eye ne wòe le nɔnɔme sia me ɖe, aleke nàwɔ nui?

 WOKPLƆ Petro to gagbo gãa nu ge ɖe eme eye agboa tu ɖe enu gbãm! Wode kɔsɔkɔsɔe tsi ɖe Roma-srafo eve ŋu eye wokplɔe de gaxɔ me. Elala ʋuu, ɖewohĩ ŋkeke aɖewo, be yeanya nu si ava dzɔ ɖe ye dzi. Nu siwo kpɔm wòle koe nye gaxɔa ƒe gliwo, gametiawo, eƒe kɔsɔkɔsɔawo, kple dzɔlaawo.

2 Afia si wotsoa va ɖo tome na Petro mlɔeba. Fia Herodes Agripa Gbãtɔ di vevie be yeawui. a Eɖoe be yeawui le Ŋutitotoa megbe, atsɔ ado dzidzɔ na amehaawo. Menye fefenyae kura o, elabe Petro nyae be Fia Herodes sia kee wu yeƒe hadɔwɔla Yakobo nyitsɔ laa.

3 Zã do, eye Petro nya be ne ŋu ke koa woawu ye. Nu ka ŋu bum Petro anya nɔ le gaxɔ dovivitia me? Ðe wòɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ va yi be gbe ɖekaa woablae akplɔe ayi afi si medi o dzia? Yesu ƒe nya ma fia ku si ƒomevi Petro aku. (Yoh. 21:18, 19) Ðewohĩ Petro anya susui be ɣeyiɣia de be Yesu ƒe nyawo nava eme.

4 Ne wòe le Petro teƒea, aleke nàwɔ nui? Dzi aɖe le ame geɖe ƒo eye woabui be evɔ na yewo. Gake ne ame aɖe nye Yesu Kristo yomedzela vavãa, ɖe nɔnɔme aɖe ana mɔkpɔkpɔ nabu ɖea? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Petro kple Kristotɔ bubuawo wɔ nui le yometiti si va wo dzi me? Na míakpɔe ɖa.

“Hame La Nɔ Gbe Dom Ða Vevie” (Dɔw. 12:1-5)

5, 6. (a) Nu ka tae Fia Herodes Agripa Gbãtɔ ti Kristo hamea yome, eye aleke wòwɔe? (b) Nu ka tae Yakobo ƒe kua nye dodokpɔ na hamea?

5 Abe ale si míekpɔe le ta si do ŋgɔ me enea, Kristo hamea kpɔ dzidzɔ esi Trɔ̃subɔdukɔmetɔ Kornelio kple eƒe ƒomea trɔ dzi me zu Kristotɔwo. Anya wɔ nuku na Yudatɔ siwo menye Kristotɔwo o be Yudatɔ Kristotɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo trɔ dzi me zu Kristotɔwo wɔ ɖeka le subɔsubɔm.

6 Herodes nye dunyahela dzeaye; eya ta ekpɔe be yeate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ana Yudatɔawo nade ye dzi. Eya ta ete Kristotɔawo yome titi. Anya see be apostolo Yakobo nɔ Yesu Kristo ŋu kplikplikpli. Eya ta Herodes ‘wu Yakobo si nye Yohanes nɔvi kple yi.’ (Dɔw. 12:2) Dodokpɔ gã kae nye esi va hamea dzi! Yakobo le ame etɔ̃ siwo kpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔa dome, eye wòkpɔ Yesu ƒe nukunu bubu siwo teƒe apostolo mamlɛawo mekpɔ o. (Mat. 17:1, 2; Marko 5:37-42) Yesu na ŋkɔ Yakobo kple nɔvia Yohanes be “Dziɖegbeviwo” ɖe dzo si le wo me ta. (Marko 3:17) Eya ta esi Yakobo kua, efia be Kristotɔ wɔnuteƒe dzinɔameƒotɔ si hamea me tɔwo lɔ̃ vevie ye nye ema megali o.

7, 8. Aleke hamea wɔ nui esime wolé Petro de gaxɔ me?

7 Yakobo ƒe kua vivi Yudatɔwo nu, abe ale si Agripa kpɔ mɔ nɛ ene. Esia na dzi ɖo eƒo, eye abe ale si míekpɔe le ta sia ƒe gɔmedzedze enea, ena wova yi lé Petro hã. Agripa anya ɖo ŋku edzi be esi wolé apostoloawo tu ɖe gaxɔ me va yia, wodo go nukutɔe abe ale si míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 5 lia me ene. Eya ta edze aɖaŋu. Ena wode kɔsɔkɔsɔ Petro tsi ɖe dzɔla eve ŋu eye asrafoha ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe me asrafo ene le, nɔ wo nɔewo ɖɔ lim nɔ eŋu dzɔm zã kple keli be wòagasi o. Ne asrafoawo ɖe ŋu ɖi Petro sia, ke woawu wo ɖe eteƒe. Nu kae Petro nɔvi Kristotɔawo awɔ tso nɔnɔme sesẽ sia ŋu?

8 Hamea nya nu si tututu wòawɔ. Dɔwɔwɔwo 12:5 gblɔ be: “Eya ta wonɔ Petro ŋu dzɔm le gaxɔa me, ke hame la nɔ gbe dom ɖa vevie na Mawu ɖe eta.” Ɛ̃, wodo gbe ɖa ɖe wo nɔvia ta vevie tso dzi me. Yakobo ƒe kua mena dzi ɖe le wo ƒo alo na wobu gbedodoɖa be enye tsikɔkɔ ɖe kpe dzi o. Yehowa ɖoa to gbedodoɖawo, eye ne wowɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nua, eɖoa wo ŋu. (Heb. 13:18, 19; Yak. 5:16) Esia nye nufiame vevi aɖe na mí Kristotɔwo egbea.

9. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nɔvi siwo do gbe ɖa ɖe Petro ta gbɔ?

9 Ðe nènya mía nɔvi siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom dometɔ aɖewoa? Ðewohĩ wole wo dometɔ aɖewo yome tim, woɖo asi woƒe subɔsubɔdɔa dzi, alo dzɔdzɔmefɔkuwo ɖe kpe na wo. Ðe nàte ŋu aɖo ŋku nɔvi siawo dzi le wò gbedodoɖawo mea? Ànya ɖo ŋku nɔvi siwo le nɔnɔme sesẽ bubu siwo medzena tututu o me tom dzi; ate ŋu anye ƒomekuxiwo, dziɖeleameƒo, alo xɔse ƒe dodokpɔwo. Ne míedea ŋugble nyuie hafi doa gbe ɖaa, míakpɔ nɔvi vovovo siwo ŋkɔ míate ŋu ayɔ ne míele gbe dom ɖa na Yehowa, ame si nye “Gbedodoɖasela.” (Ps. 65:2) Nya lae nye be, ne wò hã èle nɔnɔme sesẽwo mea, àdi godoo be nɔviwo nado gbe ɖa ɖe ye ta.

Wolé mía nɔvi aɖewo de gaxɔ me ɖe woƒe xɔse ta. Míedoa gbe ɖa ɖe wo ta

‘Dze Yonyeme’ (Dɔw. 12:6-11)

10, 11. Ƒo nu tso ale si mawudɔla aɖe ɖe Petro le gaxɔ me ŋu kpuie.

10 Ðe Petro tsi dzi ɖe nu si le ŋgɔ nɛ ŋua? Míenya ya o. Gake le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe woawui mea, edɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi le dzɔla eve siwo le ŋudzɔa dome. Xɔsetɔ sia ka ɖe edzi be nu ka kee ɖadzɔ o, yele dedie le Yehowa gbɔ. (Rom. 14:7, 8) Aleke kee Petro susui o, nu wɔnuku siwo gbɔna dzɔdzɔ ge manya va susu me nɛ kpɔ o. Kasia kekeli aɖe klẽ ɖe gaxɔa me. Mawudɔla aɖe va tsi tsitre ɖe gaxɔa me, si ɖewohĩ dzɔlawo mekpɔ o. Enyɔ Petro kaba, eye kɔsɔkɔsɔ siwo dze abe womate ŋu atso bɔbɔe oa ge le eƒe alɔwo ŋu.

“Wova ɖo gagbo, si nu wotona yia dua me la nu, eye agboa ŋutɔ ʋu na wo le eɖokui si.”—Dɔwɔwɔwo 12:10

11 Mawudɔlaa gblɔ na Petro be: “Fɔ kaba! . . . Dzra ɖo, eye nàdo wò afɔkpawo. . . . Do wò awudziwui la.” Eye Petro wɔe nenema. Eyome mawudɔlaa gblɔ nɛ be: ‘Dze yonyeme,’ eye Petro dze eyome. Wodo le gaxɔa me, zɔ to dzɔla siwo le gota ŋu, eye wozɔ dzaa ɖo ta gagbo gãa nu. Aleke woawɔ ato agbo sia nu? Ne esia va susu me na Petro hãa, mehiã be wòabu eŋu eteƒe nadidi o. Esi wova ɖo agboa nua, agboa ŋutɔ ʋu “le eɖokui si.” Kaka Petro nakpɔa, woto agbo gãa nu do ɖe mɔdodoa dzi, eye mawudɔlaa bú vĩi. Esi Petro ɖeɖe tsi afi maa, eva nyɔ le eɖokui me eye wòva de dzesii be menye drɔ̃e kum yele o, ke boŋ nu ŋutɔŋutɔe. Petro do le gakpɔa me!—Dɔw. 12:7-11.

12. Ne míedea ŋugble tso ale si Yehowa ɖe Petro tso gaxɔ me ŋua, aleke esia faa akɔ na míi?

12 Ðe mefaa akɔ na mí ne míede ŋugble tso ale si Yehowa zãa eƒe ŋusẽ triakɔa tsɔ xɔna na esubɔlawo ŋu oa? Xexemeŋusẽ si ɖeke mesɔ kplii o ƒe fia aɖee lé Petro de gaxɔ me. Gake Petro do le gaxɔa me bɔbɔe. Ele eme be Yehowa mewɔa nukunu sia tɔgbi na esubɔlawo katã o ya. Mexɔ na Yakobo alo Petro ŋutɔ emegbe esi nya si Yesu gblɔ ɖi tso ewuwu ŋu va eme o. Kristotɔ vavãwo mekpɔa mɔ be Yehowa naɖe yewo nukutɔe egbea o. Gake míeɖoa ŋku edzi be Yehowa metrɔ o. (Mal. 3:6) Madidi o, ato Via dzi aɖe ame miliɔn gbogbo aɖewo tso ku ƒe gaxɔ me. (Yoh. 5:28, 29) Mɔkpɔkpɔ sia dea dzi ƒo na mí ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom egbea.

“Wokpɔe, Eye Gbɔgblɔ Bu Ðe Wo” (Dɔw. 12:12-17)

13-15. (a) Aleke hame si ƒo ƒu ɖe Maria ƒe aƒe me wɔ nui esi Petro va? (b) Nu ka ŋue Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me nya susɔeawo ku ɖo, gake aleke Petro yi edzi kpe ɖe nɔvia Kristotɔwo ŋui?

13 Petro tɔ ɖe vivitia me le mɔdodoa dzi le tame bum tso afi si wòaɖo tae ŋu. Eva kpɔ afi si wòayi azɔ. Nyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Maria ƒe aƒe me medidi tso afi ma o. Ahosie wònye, gake edze abe nu de edzi vie. Eƒe aƒea lolo vie, si na hamea te ŋu kpena le afi ma. Eyae nye Yohanes si wogayɔna be Marko dada. Zi gbãtɔe nye esia woƒo nu tso Marko ŋu le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me eye emegbe eva zu abe viŋutsu ene na Petro. (1 Pet. 5:13) Togbɔ be zã do hãa, hamea me tɔ akpa gãtɔ kpe ta ɖe Maria ƒe aƒe me le gbe dom ɖa vevie. Wole gbe dom ɖa be woaɖe Petro le gaxɔ me, gake womele mɔ kpɔm be Yehowa aɖo eŋu nukutɔe o!

14 Petro ƒo aƒea ƒe agbo gã si nu wotona gena ɖe xɔxɔnua. Dɔlanyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Roda va agboa nu. (Roda nye Helagbe me ŋkɔ si gɔmee nye “Seƒoƒo”) Ame si ƒe gbe wòsea wɔ nuku nɛ. Petro ƒe gbee! Dzi dzɔe ale gbegbe be meʋu agboa o, ke boŋ eƒu du yi ɖe aƒea me va gblɔ na nɔviawo be Petro le agboa nu. Wobe eƒe tagbɔ le gbegblẽm, gake mena ta o. Ekpɔtɔ le gbe tem ɖe edzi kokoko be Petro le agboa nu. Hamea me tɔ aɖewo gɔ̃ hã gblɔ be mawudɔla aɖee anya ƒo nu abe Petro ene. (Dɔw. 12:12-15) Petro yi edzi le agboa ƒom va se ɖe esime wova ʋui mlɔeba.

15 Esi woʋu agboa, “wokpɔe, eye gbɔgblɔ bu ɖe wo”! (Dɔw. 12:16) Ewɔ asi na wo be woazi ɖoɖoe ne yeagblɔ nu siwo dzɔa na wo. Egblɔ na wo hã be woaka nyaa ta na nusrɔ̃la Yakobo kple nɔviawo. Eyome edzo le wo gbɔ hafi Herodes ƒe asrafowo ƒe asi nagava su edzi. Petro dzo yi afi si wòanɔ dedie le awɔ subɔsubɔdɔa. Esi wogblɔ akpa si wòwɔ le aʋatsotso ƒe nya si dze le Dɔwɔwɔwo ta 15 lia me ŋu vɔa, womegaƒo nu tso eŋu le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me o. Agbalẽa me nya susɔeawo va ku ɖe apostolo Paulo ƒe subɔsubɔdɔa kple mɔzɔzɔwo ŋu. Gake míeka ɖe edzi be afi ka kee Petro ɖayi o, eyi edzi do ŋusẽ nɔviawo ƒe xɔse. Hafi wòadzo le Maria ƒe aƒea mea, nɔviawo ƒe susu dze akɔ anyi eye wokpɔ dzidzɔ.

16. Nu ka tae míeka ɖe edzi be nu nyui geɖewo ava dzɔ le etsɔme, siwo ana míakpɔ dzidzɔ?

16 Ɣeaɖewoɣia, Yehowa wɔa nanewo na mí, si nana dzi dzɔa mí glo eye gbɔgblɔ buna ɖe mí. Aleae Petro nɔvi Kristotɔwo se le wo ɖokui me zã ma me. Aleae míawo hã míesena le mía ɖokui me egbea ne Yehowa yra mí. (Lod. 10:22) Madidi o, Yehowa ƒe ŋugbedodowo katã ava eme le xexea me godoo. Yayra siwo gbegbe míakpɔ aƒo nu siwo míesusuna fifia ta sãsãsã. Eya ta ne míeyi edzi wɔ nuteƒe koa, míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe.

“Yehowa Ƒe Dɔla Ƒoe” (Dɔw. 12:18-25)

17, 18. Aleke wòdzɔe be ameha aɖe kafu Herodes?

17 Ewɔ nuku na Herodes be Petro megale gaxɔa me o, eye esia medzɔ dzi nɛ kura o. Eya ta Herodes ɖe gbe be woatsa adi Petro nyuie eye woabia gbe asrafoawo tsitotsito. Esi womekpɔe oa, egblɔ be “woakplɔ [asrafoawo] ayi aɖahe to na wo,” ɖewohĩ be woawu wo. (Dɔw. 12:19) Herodes Agripa mekpɔa nublanui na ame kura o. Ðe woava he to na fia sẽŋuta sia?

18 Anya dze ŋukpe dzi na Agripa be yemete ŋu wu Petro o. Gake nu bubu aɖe dzɔ si na dadala sia ƒe dzi dze eme vie. Kuxi aɖe do mo ɖa, si wɔe be eƒe futɔ aɖewo di be yewoawɔ ŋutifafa kplii. Eya ta wova kpe ta, eye ɖewohĩ eƒe lãme le fiefiẽm be yeaƒo nu le ameha gã aɖe ŋkume. Luka gblɔ be esi ŋkekea ɖoa, “Herodes do fiawu.” Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be klosaloe wotsɔ wɔ fiawua ale be ne dzo klẽ ɖe fiaa dzia, awua nanɔ dzo dam ŋleŋleŋle. Eɖo edzi azɔ; dunyahela dadala sia ƒo eƒe nuƒoa. Esi amehaa di be yewoana eƒe ta nate taa, wodo ɣli be: “Mawu ƒe gbee, menye amegbetɔ tɔe o!”—Dɔw. 12:20-22.

19, 20. (a) Nu ka tae Yehowa he to na Herodes? (b) Aleke Herodes Agripa ƒe ku kpata ŋu nyaa faa akɔ na míi?

19 Mawue dze na kafukafu sia, eye Mawu ŋutɔ nɔ nu si dzɔa teƒe kpɔm! Herodes ate ŋu agbe nya na amehaa ale be wòaƒo asa na afɔku si dada hena vɛa hafi. Gake eƒe nuwɔna na lododo si gblɔ be “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ” va eme ɖe edzi. (Lod. 16:18) “Enumake Yehowa ƒe dɔla ƒoe,” eye ɖokuitɔdila kple dadala sia ku gbɔɖiameku. “Ŋɔwo ɖui wòku.” (Dɔw. 12:23) Agbalẽnyala Josephus hã gblɔ be woƒo Agripa ƒu anyi enumake, eye wògblɔ kpee be fiaa ŋutɔ hã de dzesii be esi yexɔ amehawo ƒe kafukafu tae yele kukum ɖo. Josephus gblɔ be Agripa ƒo kudɔ ŋkeke atɔ̃ hafi ku. b

20 Ɣeaɖewoɣia, adze abe ame mavɔ̃mawuwo wɔa nu gbegblẽwo gake womehea to na wo o ene. Mele be esia nawɔ nuku na mí kura o, elabe “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yoh. 5:19) Gake ɣeaɖewoɣia, etena ɖe Mawu subɔla wɔnuteƒewo dzi be womehea to na ame vɔ̃ɖiwo o. Esia tae Herodes ƒe ŋutinya siawo tɔgbi faa akɔ na mí. Woɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa lɔ̃a dzɔdzɔenyenye. (Ps. 33:5) Eya ta ana nya dzɔdzɔe nava ɖu dzi gbe ɖeka godoo.

21. Nu vevi kae míede dzesi le Dɔwɔwɔwo ta 12 lia me, eye nu ka tae wòfaa akɔ na mí?

21 Nufiame vevi bubu si de dzi ƒo na ame le ŋutinya sia ƒe nuwuwu. Eyae nye be: “Yehowa ƒe nya kaka ɖe edzi de teƒeteƒewo.” (Dɔw. 12:24) Ale si Yehowa yra ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi wòkeke ta ɣemaɣi ɖoa ŋku ale si wòle ewɔm egbea hã dzi na mí. Ele eme be Dɔwɔwɔwo ta 12 lia ku ɖe ale si apostolo aɖe ku kple ale si woxɔ na apostolo bubu be eya meku o ŋu ya. Gake nu si nuŋlɔɖi sia fia koŋue nye be Yehowa gblẽ agbagba siwo Satana dze be yeaɖe dzi le Kristo hamea ƒo ale be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔa me. Satana ƒe agbagbadzedze mawo medze edzi o, eye bubu aɖeke hã madze edzi o. (Yes. 54:17) Gake ame siwo le dɔ wɔm na Yehowa kple Yesu Kristo ya mado kpo nu akpɔ o. Ðe esia mede dzi ƒo ŋutɔ oa? Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi su mía si be míakpe asi ɖe eŋu “Yehowa ƒe nya” nakaka ɖe edzi egbea!

a Kpɔ aɖaka si nye “ Fia Herodes Agripa Gbãtɔ.”

b Ðɔkta aɖe gblɔ be ŋɔvi siwo ŋu Josephus kple Luka ƒo nu tsoe le afi sia nye vɔkli si ɖua ame ƒe dɔkaviwo. Ɣeaɖewoɣia, dɔnɔa trua vɔkli siawo, alo wonɔa dodom ɖe eƒe ŋutilã ŋu ne eku. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ale si Luka si nye atikewɔla bibi ɖɔ nɔnɔmea na míekpɔe be [Herodes] ƒe ku anya vloe ŋutɔ.”