Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 12

“Yehowa Do Ŋusẽ Wo Woƒo Nu Dzinɔameƒotɔe”

“Yehowa Do Ŋusẽ Wo Woƒo Nu Dzinɔameƒotɔe”

Paulo kple Barnaba bɔbɔ wo ɖokui, wodo vevie nu, eye dzi le wo ƒo

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 14:1-28 dzi

1, 2. Nu kawoe dzɔ esi Paulo kple Barnaba va ɖo Listra?

 LISTRA tɔ zi esi amedzro eve aɖewo da dɔ na ŋutsu aɖe si nye bafa tso dadaa ƒe dɔ me ke. Amehaa ƒe nu ku, eye Zeus ƒe nunɔla tsɔ seƒoƒotsihe vɛ na ŋutsu eveawo, siwo amehaa bu be wonye mawuwo. Ekplɔ nyitsuwo hã vɛ be yeatsɔ asa vɔ na wo. Paulo kple Barnaba meda asi ɖe edzi kura o. Wodze woƒe awuwo, dzo dze amehaa dome eye bebli hafi wote ŋu gbee na wo be woagasubɔ yewo o.

2 Emegbe Yudatɔ tsitretsiɖeŋula aɖewo tso Antiokia si le Pisidia kple Ikonio va. Wogblẽ to na ameha siwo le Paulo kple Barnaba kafum le Listra ale be fifia wova lé fu wo eye wotso ɖe wo ŋu. Woƒu kpe Paulo wòku afã kple afã. Emegbe wohe Paulo tso dua me va da ɖe dugboa nu, elabe wosusu be eku.

3. Nyabiase kawo mee míadzro le ta sia me?

3 Nu kae na nuwo va trɔ kpata alea? Eye nu kae mí ame siwo le nya nyuia gblɔm egbea míate ŋu asrɔ̃ tso Barnaba, Paulo, kple ale si Listra dua me tɔwo wɔ nui me? Esi Barnaba kple Paulo do vevie nu le woƒe subɔsubɔdɔa me taa, “Yehowa do ŋusẽ wo woƒo nu dzinɔameƒotɔe.” Nu kae Kristotɔ hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ tso woƒe kpɔɖeŋua me egbea?—Dɔw. 14:3.

Ameha “Gã Aɖe Va Zu Xɔsetɔwo” (Dɔw. 14:1-7)

4, 5. Nu kae na Paulo kple Barnaba yi Ikonio, eye nu kae dzɔ le afi ma?

4 Ŋkeke aɖewo do ŋgɔa, Yudatɔwo de zi amehawo me eye wonya Paulo kple Barnaba le Romatɔwo ƒe du si nye Antiokia si le Pisidia me. Esia meɖe dzi le wo ƒo o, ke boŋ “woʋuʋu ke le woƒe afɔwo ŋuti” le dua me tɔ siwo gbe be yewomaɖo to o ta. (Dɔw. 13:50-52; Mat. 10:14) Paulo kple Barnaba dzo le dua me kpoo eye wogblẽ dua me nɔlawo ɖe Yehowa ŋutɔ si me. (Dɔw. 18:5, 6; 20:26) Dutanyanyuigblɔla eve siawo yi woƒe dɔa dzi kple dzidzɔ. Wozɔ mɔ kilometa 150 va nuto bubu si me amewo aɖo to le me le anyieheɣedzeƒe gome.

5 Gbãa, Paulo kple Barnaba tɔ ɖe Ikonio, si nye Romatɔwo ƒe du si le Galatia, si me Helatɔwo ƒe dekɔnuwo xɔ aƒe ɖo. a Yudatɔwo ƒe ame ŋkutawo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo sɔ gbɔ ɖe dua me. Abe ale si ko Paulo kple Barnaba wɔnɛ enea, woge ɖe ƒuƒoƒea eye wodze gbeƒãɖeɖe. (Dɔw. 13:5, 14) “Woƒo nu nyuie ale gbegbe be Yudatɔwo kple Helatɔwo ƒe ha gã aɖe va zu xɔsetɔwo.”—Dɔw. 14:1.

6. Nu kae kpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu wofia nu wòde dzi gbɔ na amewo, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ wo?

6 Nu kae na Paulo kple Barnaba ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe amewo dzi? Paulo nya Ŋɔŋlɔawo nyuie. Enya ale si wòayɔ nya tso Israel-viwo ƒe ŋutinyawo, nyagblɔɖiwo, kple Mose ƒe Sea me atsɔ aɖo kpe edzi be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo. (Dɔw. 13:15-31; 26:22, 23) Barnaba hã tsɔa ɖe le eme na amewo. (Dɔw. 4:36, 37; 9:27; 11:23, 24) Ŋutsu eve siawo meɖo ŋu ɖe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu o, ke boŋ woɖe mɔ “Yehowa do ŋusẽ wo” woƒo nu dzinɔameƒotɔe. Aleke nàte ŋu asrɔ̃ dutanyanyuigblɔla siawo ne èle gbeƒã ɖem? Eyae nye be nànya Mawu ƒe Nyaa nyuie. De dzesi mawunyakpukpui siwo ade dzi gbɔ na wò nyaselawo. Dze agbagba nànya ale si nàwɔ afa akɔ na ame siwo nèɖea gbeƒã na. Tu wò nufiafiawo ɖe Yehowa ƒe Nyaa dzi ɣesiaɣi, ke menye wò susuwo dzi o.

7. (a) Aleke nya nyuia ate ŋu ana ame aɖewo nawɔ nui? (b) Ne wò ƒomea me ma le nya nyuia taa, nu ka dzie wòle be nàɖo ŋkui?

7 Gake menye Ikoniotɔwo katãe kpɔ dzidzɔ ɖe nya si gblɔm Paulo kple Barnaba le ŋu o. Luka yi edzi gblɔ be: “Yudatɔ siwo mexɔe se o la gblẽ to na dukɔwo me tɔwo, eye woƒoe ɖe ameawo nu wotsi tsitre ɖe nɔviawo ŋu.” Paulo kple Barnaba kpɔe be ele be yewoatsi anyi agblɔ nya nyuia, eya ta “wonɔ afi ma ɣeyiɣi didi aɖe, eye . . . woƒo nu dzinɔameƒotɔe.” Esia wɔe be “ameha la dome ma le dua me; wo dometɔ aɖewo de Yudatɔwo dzi, eye bubuawo de apostoloawo dzi.” (Dɔw. 14:2-4) Aleae amewo wɔa nu ɖe nya nyuia ŋu egbea hã. Nya nyuia nana ame aɖewo wɔa ɖeka, eye wòmaa ame bubuwo ya me. (Mat. 10:34-36) Ne wò ƒomea me ma eye wotsia tsitre ɖe ŋuwò le esi nèɖoa to nya nyuia taa, ke ɖo ŋku edzi be alakpanya siwo wose tae wowɔa nu alea ɖo. Wò agbe nyui nɔnɔ ana woakpɔe be alakpanya mawo mele eme o, eye vivivia, woava trɔ nɔnɔme ɖe ŋuwò.—1 Pet. 2:12; 3:1, 2.

8. Nu ka tae Paulo kple Barnaba dzo le Ikonio, eye nu kae míesrɔ̃ tso wo gbɔ?

8 Le ɣeyiɣi aɖe megbea, tsitretsiɖeŋula siwo le Ikonio ɖo nugbe be yewoaƒu kpe Paulo kple Barnaba. Esi dutanyanyuigblɔla siawo sea, woɖoe be yewoayi teƒe bubu si yewoate ŋu aɖe gbeƒã le. (Dɔw. 14:5-7) Fiaɖuƒe nyanyuigblɔla siwo li egbea hã dzea aɖaŋu alea tɔgbi. Ne amewo le nu gbegblẽ ƒom tso mía ŋua, míeɖea mía ɖokui nu dzinɔameƒotɔe. (Flp. 1:7; 1 Pet. 3:13-15) Gake ne woɖoe be yewoawɔ nu vevi mía, míewɔa nu le nunya me ale be míagade míawo ŋutɔwo loo alo mía nɔviwo ƒe agbe afɔku me o.—Lod. 22:3.

‘Mitrɔ Va Mawu Gbagbe La Gbɔ’ (Dɔw. 14:8-19)

9, 10. Afi kae Listra nɔ, eye nu kae míenya tso dua me tɔwo ŋu?

9 Paulo kple Barnaba dzo le Ikonio yina Listra, si nye Roma du si gbɔ didi tso afi ma kilometa 30 le anyiehe gome. Kadodo kplikplikpli aɖe nɔ Listra kple Antiokia si le Pisidia dome, gake Yudatɔwo ƒe ame ŋkutawo mesɔ gbɔ ɖe Listra o. Togbɔ be dua me tɔ akpa gãtɔ doa Helagbe hãa, wo degbe ŋutɔe nye Likaoniagbe. Ðewohĩ esi ƒuƒoƒe aɖeke mele dua me o tae Paulo kple Barnaba dze gbeƒãɖeɖe le ablɔ dzi. Míaɖo ŋku edzi be esi Petro nɔ Yerusalem la, eda dɔ na ame aɖe si nye bafa tso edziɣi ke. Eye le Listra, Paulo hã da dɔ na ame aɖe si nye bafa tso dadaa ƒe dɔ me. (Dɔw. 14:8-10) Nukunu si Petro wɔ na ame gbogbo aɖewo va zu xɔsetɔwo. (Dɔw. 3:1-10) Gake ale si amewo wɔ nu ɖe nukunu si Paulo wɔ ŋu ya to vovo kura.

10 Abe ale si míekpɔe le ta sia ƒe gɔmedzedze enea, esi bafaa tso ɖe eƒe afɔwo dzia, Listratɔ siwo nye trɔ̃subɔlawo tsɔ kafukafua na woƒe mawuwo. Woyɔ Barnaba be Zeus, si nye mawuawo ƒe tatɔ, eye woyɔ Paulo be Hermes, si nye Zeus ƒe vi kple mawuawo ƒe nyanuɖela. (Kpɔ aɖaka si nye “ Listratɔwo Kple Woƒe Mawu Zeus Kple Hermes.”) Gake Barnaba kple Paulo dze agbagba be yewoana woase egɔme be menye woƒe mawuwoe na ŋusẽ yewo yewotsɔ wɔ nukunua o, ke boŋ Yehowa, Mawu vavãa, gbɔe ŋusẽa tso.—Dɔw. 14:11-14.

‘Mitrɔ tso nu dzodzro siawo gbɔ miava Mawu gbagbe si wɔ dziƒo kple anyigba gbɔ.’—Dɔwɔwɔwo 14:15

11-13. (a) Nya kae Paulo kple Barnaba gblɔ na Listratɔwo? (b) Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo kple Barnaba ƒe nyawo me?

11 Togbɔ be nu siawo nɔ dzɔdzɔm hãa, Paulo kple Barnaba dze agbagba be yewoaƒo nu wòade dzi gbɔ na amehawo. Ale si Luka ŋlɔ nudzɔdzɔa na míekpɔ mɔ nyui si dzi míato aɖe gbeƒã na trɔ̃subɔlawo. Esia dze le ale si Paulo kple Barnaba ƒo nu na amehaa me. Wogblɔ be: “Ŋutsuwo, nu ka tae miele nu siawo wɔm? Amegbetɔ siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔwo le koe míawo hã míenye abe miawo ke ene. Eye nya nyui la gblɔm míele na mi, be miatrɔ tso nu dzodzro siawo gbɔ ava Mawu gbagbe si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kpakple wo me nuwo katã la gbɔ. Le dzidzime siwo va yi me la, eɖe mɔ na dukɔwo katã be woazɔ woawo ŋutɔwo ƒe mɔwo dzi, togbɔ be medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋu hafi o, elabena ewɔa nyui na mi, enaa tsidzadza mi tso dziƒo eye wònaa nukuwo wɔna le wo wɔɣi, eye wòtsɔa nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔa miaƒe dziwo me fũu.”—Dɔw. 14:15-17.

12 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya ʋãme siwo nɔvi siawo gblɔ me? Gbãa, Paulo kple Barnaba mekpɔe be yewonyo wu ame siwo yewonɔ nua ƒom na o. Menye ameŋkumenue wowɔ o. Ke boŋ wobɔbɔ wo ɖokuiwo eye wolɔ̃ ɖe edzi be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le yewo ŋu abe yewoƒe nyasela siwo nye trɔ̃subɔlawo ke ene. Ele eme be gbɔgbɔ kɔkɔea le Paulo kple Barnaba dzi, eye nyateƒea na ablɔɖe wo tso alakpanufiafiawo me. Mɔnukpɔkpɔ su wo si hã be woava ɖu fia kple Kristo le dziƒo. Gake wokpɔe be ne Listratɔwo ɖo to Kristoa, ke mɔnukpɔkpɔ siawo ate ŋu asu woawo hã si.

13 Aleke míewɔa nu ɖe ame siwo míeɖea gbeƒã na ŋu? Ðe míebunɛ be míenyo wu woa? Ne míele nya nyui si le Mawu ƒe Nyaa me gblɔm na amewoa, ɖe míesrɔ̃a Paulo kple Barnaba ale be míagadi bubu kple kafukafu na mía ɖokuiwo oa? Charles Taze Russell, si nye nufiala bibi si xɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me le ƒe alafa 19 va se ɖe 20 lia ƒe gɔmedzedzea, ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le go sia me. Egblɔ be: “Mímedi be woade bubu mía ŋu alo ado mí ɖe dzi le agbalẽ siwo míeŋlɔ ta o. Nenema kee mímedi be woayɔ mí be Bubutɔ alo Rabi o.” Nɔviŋutsu Russell bɔbɔ eɖokui abe Paulo kple Barnaba ene. Nenema kee ne míawo hã míele gbeƒã ɖemaa, míadi bubu na mía ɖokuiwo o, ke boŋ míakpe ɖe amewo ŋu be woatrɔ ɖe “Mawu gbagbe” la ŋu.

14-16. Nu bubu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Paulo kple Barnaba gblɔ na Listratɔwo me?

14 Na míakpɔ nu evelia si míate ŋu asrɔ̃ tso apostoloawo ƒe nyawo me. Paulo kple Barnaba trɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Listratɔwo menya nu boo aɖeke tso Ŋɔŋlɔawo kple ale si Mawu wɔ nu kple eƒe dukɔ Israel ŋu abe ale si Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, siwo nɔ Ikonio dua me nyae ene o. Togbɔ be ele alea hã, ame siwo nɔ to ɖom Paulo kple Barnaba nye agbledelawo. Tsi dzana le Listra, si na be nukuwo wɔna nyuie. Listratɔwo anya de dzesi Wɔlaa ƒe dɔmenyo le ale si woƒe nukuwo wɔna nyuie ta. Eya ta dutanyanyuigblɔlaawo nɔ te ɖe esia dzi tsɔ ɖe nu me na wo be nyateƒea naɖo dzi gbɔ na wo.—Rom. 1:19, 20.

15 Ðe míawo hã míate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋua? Ne agbledela aƒã nuku ɖeka ma ke ɖe anyigba vovovowo dzi hãa, ele be wòatrɔ asi le anyigba aɖewo ŋu etɔxɛe. Anyigba aɖewo bɔbɔ xoxo, si me woate ŋu aƒã nuku ɖo. Gake ahiã be woadzobo anyigba bubuwo ya vie. Nenema kee míawo hã, nuku ɖeka, si nye Fiaɖuƒe nya nyui si le Mawu ƒe Nyaa me, koe míeƒãna. Gake ne míesrɔ̃ Paulo kple Barnaba la, míadze agbagba ade dzesi subɔsubɔha kple nɔnɔme vovovo siwo me amewo le. Ne míewɔe alea, akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míagblɔ Fiaɖuƒe nya nyuia na wo.—Luka 8:11, 15.

16 Nu kae nye nu vevi etɔ̃lia si míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo, Barnaba, kple Listratɔwo gbɔ? Aleke kee míedze agbagbae o, ɣeaɖewoɣia, vɔ̃ɖitɔa va ɖea nuku siwo míeƒã ɖe amewo ƒe dzi me ɖa, alo wova dzea kpe dzi. (Mat. 13:18-21) Ne edzɔ alea, mele be dzi naɖe le mía ƒo o. Abe ale si Paulo ɖo ŋkui na nusrɔ̃la siwo le Roma emegbe enea, “mía dometɔ ɖe sia ɖe [ame siwo míegblɔa Mawu ƒe Nyaa na hã] abu akɔnta le eɖokui ŋu na Mawu.”—Rom. 14:12.

“Wotsɔ Wo De Yehowa” Si (Dɔw. 14:20-28)

17. Esi Paulo kple Barnaba dzo le Derbe la, afi kae wogayi, eye nu ka tae?

17 Listratɔwo susu be Paulo ku eya ta wohee yi dua godoa, eyome nusrɔ̃lawo va ƒo xlãe eye wòfɔ va yi tsi dua me dɔ. Le ŋufɔkea, Paulo kple Barnaba zɔ mɔ kilometa 100 ɖo ta Derbe. Ðeko woƒu kpe Paulo medidi o koe ma. Eya ta bu veve si gbegbe wòase esi wonɔ mɔ legbe ma zɔm ŋu kpɔ! Gake eya kple Barnaba wodo dzi eye esi wova ɖo Derbe la, wowɔ “nusrɔ̃la geɖewo.” Emegbe le esi woato mɔ kpuitɔ atrɔ ava woƒe dzeƒe le Antiokia si le Siria teƒea, “wotrɔ yi Listra kple Ikonio kple Antiokia” si le Pisidia. Nu ka ta? Be ‘woado ŋusẽ nusrɔ̃laawo ahade dzi ƒo na wo be woayi edzi anɔ xɔse la me.’ (Dɔw. 14:20-22) Esia nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí! Togbɔ be nɔnɔmeawo mede wo dzi o hãa, wona hameawo nɔ vevie na wo. Dzikpɔla mɔzɔlawo kple dutanyanyuigblɔla siwo li egbea hã srɔ̃a woƒe kpɔɖeŋu nyui sia.

18. Nu kawo ŋue woléa ŋku ɖo hafi ɖoa ame hamemetsitsi?

18 Tsɔ kpe ɖe ale si Paulo kple Barnaba ƒe nyawo kple kpɔɖeŋuwo do ŋusẽ hameawo ŋua, “woɖo hamemetsitsiwo hã na wo le hame ɖe sia ɖe me.” Togbɔ be ‘gbɔgbɔ kɔkɔe lae dɔ’ dutanyanyuigblɔla siawo ɖe dɔ gbe hãa, Paulo kple Barnaba do gbe ɖa, wotsi nu dɔ, eye “wotsɔ wo [hamemetsitsiawo] de Yehowa” si. (Dɔw. 13:1-4; 14:23) Egbea hã, hafi hamemetsitsiwo nakafu ame aɖe wòazu hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔlaa, wodoa gbe ɖa eye woléa ŋku ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidi siwo gbɔ wòle be nɔvia naɖo ŋu. (1 Tim. 3:1-10, 12, 13; Tito 1:5-9; Yak. 3:17, 18; 1 Pet. 5:2, 3) Menye ɣeyiɣi didi si amea tsɔ le subɔsubɔm ye le vevie o. Ke boŋ ele be nɔvia ƒe nuƒoƒo, nuwɔna kple agbenɔnɔ nana wòadze ƒãa be gbɔgbɔ kɔkɔea le mɔ fiamee. Ne eɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidi siwo gbɔ wòle be dzikpɔlawo naɖo gbɔa, ke edze anye dzikpɔla le hamea me. (Gal. 5:22, 23) Nutome sue dzikpɔlae ɖoa hamemetsitsiwo alo subɔsubɔdɔwɔlawo.—Tsɔe sɔ kple 1 Timoteo 5:22.

19. Nu kae le nyanya na hamemetsitsiwo, eye aleke wosrɔ̃a Paulo kple Barnaba?

19 Hamemetsitsiwo nyae be yewoabu akɔnta na Yehowa ɖe ale si yewowɔa nu ɖe hamea me tɔwo ŋui ta. (Heb. 13:17) Hamemetsitsiwo hã xɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me abe ale si Paulo kple Barnaba wɔe ene. Hamemetsitsiwo toa woƒe nyawo dzi doa ŋusẽ nɔviawo. Eye wonana hamea ƒe nyonyo nɔa vevie na wo wu woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo.—Flp. 2:3, 4.

20. Ne míexlẽa nu tso mía nɔvi wɔnuteƒewo ƒe dɔwo ŋua, vi kae wòaɖe na mí?

20 Esi Paulo kple Barnaba trɔ gbɔ va Antiokia si le Siria mlɔebaa, wogblɔ ‘nu siwo katã Mawu wɔ to wo dzi la na nɔviawo, be eʋu xɔse ƒe ʋɔtru la na dukɔwo me tɔwo.’ (Dɔw. 14:27) Ne míexlẽ nu tso ale si mía nɔvi wɔnuteƒewo le gbeƒã ɖem kple ale si Yehowa le yayram ɖe woƒe dɔwo dzi ŋua, dzi aɖo mía ƒo míaka ɖe edzi be ‘Yehowa ado ŋusẽ mí míayi edzi aƒo nu dzinɔameƒotɔe.’

a Kpɔ aɖaka si nye “ Ikonio Si Nye Frigiatɔwo Ƒe Du.”