Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 11

‘Wonɔ Dzidzɔ Kpɔm Eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe Yɔ Wo Fũu’

‘Wonɔ Dzidzɔ Kpɔm Eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe Yɔ Wo Fũu’

Ale si Paulo wɔ nui esi amewo tsi tre ɖe eŋu eye womedi be yewoaɖo to o nye kpɔɖeŋu na mí

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 13:1-52 dzi

1, 2. Nu kae ɖe dzesi le dɔ si dze ŋgɔ Barnaba kple Saul ŋu, eye aleke woƒe dɔa ana nyagblɔɖi si le Dɔwɔwɔwo 1:8 nava eme?

 ANTIOKIA hamea le dzidzɔ kpɔm ŋutɔ, elabe gbɔgbɔ kɔkɔea tia Barnaba kple Saul le nyagblɔɖila kple nusrɔ̃la siwo le afi ma dome be woatsɔ nya nyuia ayi na amewo le didiƒewo. a (Dɔw. 13:1, 2) Do ŋgɔa, wodɔ dutanyanyuigblɔlawo ɖe teƒe siwo nya nyuia ɖo xoxo. (Dɔw. 8:14; 11:22) Gake fifia, Barnaba kple Saul kpakple Yohanes si wogayɔna be Marko, si anɔ kpekpem ɖe wo ŋu, aɖe gbeƒã nya nyuia le teƒe siwo womeɖe gbeƒã le haɖe o.

2 Anɔ abe ƒe 14 do ŋgɔa, Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Esi woɖo Barnaba kple Saul dutanyanyuigblɔlawoa, woana Yesu ƒe nyagblɔɖia nava eme! b

Woɖe Wo Ðe Vovo “Hena Dɔ” La (Dɔw. 13:1-12)

3. Nu kae na mɔzɔzɔ yi didiƒewo le ƒe alafa gbãtɔ me sesẽ?

3 Egbea, ʋu, yameʋu kple nutovɛ bubuwo wɔe be amewo ate ŋu azɔ mɔ ayi didiƒe le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me. Gake menye aleae wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me o. Ɣemaɣia, afɔe amewo zɔna toa teƒe dzekpodzeʋewo. Ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ, si ɖewohĩ anɔ abe kilometa 30 pɛ ko ene, tea ɖeɖi ame ŋu ŋutɔ! c Eya ta togbɔ be edzɔ dzi na Barnaba kple Saul be wode dɔ sia asi na yewo hãa, woanya de dzesii be dɔ sia bia be yewoaku kutri blibo.—Mat. 16:24.

4. (a) Aleke wòdzɔe be wotia Barnaba kple Saul, eye aleke nɔviawo wɔ nui esi wotia wo? (b) Aleke míate ŋu akpe asi ɖe nɔvi siwo wode dɔ aɖewo asi na le habɔbɔa me ŋu?

4 Nu ka tae gbɔgbɔ kɔkɔea yɔ Barnaba kple Saul ŋkɔ be woaɖe wo ɖe vovo “hena dɔ” sia? (Dɔw. 13:2) Biblia megblɔe o. Gake míenyae be gbɔgbɔ kɔkɔeae gblɔ be woatia wo. Naneke meɖee fia be nyagblɔɖila kple nufiala siwo le Antiokia meda asi ɖe wo tiatia dzi o. Edze ƒãa be wo katã woda asi ɖe edzi. Bu ale si dzi anya dzɔ Barnaba kple Saul ŋu kpɔ, elabe wo nɔviwo meʋã ŋu wo o, ke boŋ nɔviawo tsi nu dɔ hedo gbe ɖa eye “esi woda woƒe asiwo ɖe wo dzi vɔ la, wodo mɔ wo.” (Dɔw. 13:3) Ele be míawo hã míakpe asi ɖe ame siwo wode dɔ asi na le habɔbɔa me ŋu, ame siwo woɖo dzikpɔlawoe le hamea me hã le eme. Le esi míaʋã ŋu ame siawo teƒea, ele be “[míade] bubu geɖe ŋutɔ wo ŋu le lɔlɔ̃ me, le woƒe dɔwɔwɔ ta.”—1 Tes. 5:13.

5. Gblɔ ale si gbeƒãɖeɖedɔa nɔ le Kipro ƒukpoa dzi.

5 Esi Barnaba kple Saul zɔ va ɖo Seleukia, si nye melidzeƒe aɖe si te ɖe Antiokia ŋua, woɖo tɔdziʋu tso afi ma zɔ mɔ abe kilometa 200 ene yi Kipro ƒukpoa dzi. d Kiprotɔe Barnaba nye, eya ta míeka ɖe edzi be edzɔ dzi nɛ be yeagblɔ nya nyuia na yewo detɔwo. Esi wova ɖo Salami, si le ƒukpoa ƒe ɣedzeƒe gomea, womehe ɖe megbe kura o. Enumake “woyi ɖagblɔ Mawu ƒe nya la le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo.” e (Dɔw. 13:5) Barnaba kple Saul yi Kipro ƒe teƒeteƒewo, eye woɖe gbeƒã le du siwo me woto me. Esia fia be ne mede ɖeke oa, dutanyanyuigblɔla siawo zɔ afɔ le ƒukpoa dzi abe kilometa 160 sɔŋ ene!

6, 7. (a) Ame kae nye Sergio Paulo, eye nu ka tae Bar-Yesu dze agbagba be yeahe eƒe susu ɖa le nya nyuia ŋu? (b) Aleke Saul wɔ nui esi Bar-Yesu tsi tre ɖe eŋu?

6 Le ƒe alafa gbãtɔ mea, alakpasubɔsubɔ xɔ aƒe ɖe Kipro. Barnaba kple Saul de dzesi esia esi wova ɖo Pafo, si le ƒukpoa ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi. Le afi maa, “wodo go Yuda ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Bar-Yesu, ame si nye dzotɔ kple aʋatsonyagblɔɖila. Enɔ nuto gã dziɖula Sergio Paulo, si nye ŋutsu nyanu aɖe gbɔ.” f Le ɣeyiɣi mawo mea, Romatɔ ame ŋkuta geɖe yia dzotɔwo alo ɣletivimefakalawo gbɔ be yewoakpɔ ta na nya aɖewo. Ame siawo dometɔ ɖekae nye “ŋutsu nyanu” Sergio Paulo. Gake Fiaɖuƒe nya nyuia wɔ dɔ ɖe Sergio Paulo dzi, eye “wòdi vevie be yease Mawu ƒe nya la.” Esia medzɔ dzi na Bar-Yesu, si woyɔna koŋ be Elima, si gɔmee nye “Dzotɔ” la kura o.—Dɔw. 13:6-8.

7 Bar-Yesu tsi tre ɖe Fiaɖuƒe nya nyuia ŋu. Enya be mɔ si dzi yeato ana Sergio Paulo nayi edzi ava nɔ nu ta biam le ye gbɔ koe nye be ‘yeatrɔe ɖa tso xɔsea gbɔ.’ (Dɔw. 13:8) Gake Saul medi be yeaɖe mɔ dzotɔ sia nahe Sergio Paulo ƒe susu ɖa le nya nyuia ŋu o. Eya ta nu kae Saul wɔ? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ Saul si wogayɔna be Paulo fũu la, efɔ ŋku ɖe [Bar-Yesu dzi] gãa, eye wògblɔ be: ‘Oo, wò, ame si yɔ fũu kple amefuflu kple nu vɔ̃ɖiwo katã ƒomevi, wò, Abosam vi, wò, nu dzɔdzɔewo katã ƒe futɔ, màdzudzɔ Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔewo gɔglɔ̃ oa? Kpɔ ɖa! Yehowa kɔ asi dzi ɖe ŋuwò, wò ŋku agbã, eye màgakpɔ ɣe ƒe keklẽ o va se ɖe ɣeyiɣi aɖe.’ Enumake eƒe ŋku dzi tsyɔ eye wòtsi viviti me, eye wòle togodoe dom le ame dim be wòalé yeƒe alɔnu akplɔ ye. g Esi nuto gã dziɖula la kpɔ nu si dzɔ la, ezu xɔsetɔ, elabena Yehowa ƒe nufiafia la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe.”—Dɔw. 13:9-12.

Ne wotsi tre ɖe mía ŋua dzi nɔa mía ƒo míeʋlia nya nyuia ta abe ale si Paulo wɔe ene

8. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe dzinɔameƒo egbeae?

8 Paulo mevɔ̃ Bar-Yesu o. Nenema kee mele be míavɔ̃ ne tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba be yewoana dzi naɖe le ame siwo di be yewoase Fiaɖuƒe nya nyuia ƒo o. Gake ele be míana míaƒe “nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme.” (Kol. 4:6) Togbɔ be ele alea hã, mímatsi dzi ɖe esia ŋu ale gbegbe be míahe ɖe megbe le nya nyuia gbɔgblɔ na ame aɖe si tsɔ ɖe le eme ŋu ale be míaƒo asa na dzre o. Alo vɔvɔ̃ nawɔe be míagbe nukoklo le alakpasubɔsubɔha siwo le ‘Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔea glɔ̃m’ abe ale si Bar-Yesu wɔe ene la dzi o. (Dɔw. 13:10) Abe Paulo enea, ele be dzi nanɔ mía ƒo míaɖe gbeƒã nyateƒea na ame siwo si dzi nyui le. Eye togbɔ be madze na mí be Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu le mɔ tɔxɛ aɖe nu abe ale si wòkpe ɖe Paulo ŋu ene o hã, míate ŋu aka ɖe edzi be ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ahe ame siwo dze ava nyateƒea me.—Yoh. 6:44.

“Dzideƒonamenya” (Dɔw. 13:13-43)

9. Kpɔɖeŋu nyui kae Paulo kple Barnaba ɖo ɖi na nɔvi siwo xɔa ŋgɔ le hamea me egbea?

9 Edze ƒãa be nuwo trɔ esi wodzo le Pafo ɖo tɔdziʋu ɖo ta Perga, si gbɔ didi abe kilometa 250 ene le Asia Sue ƒe ƒutanuto me. Dɔwɔwɔwo 13:13 yɔ ƒuƒoƒoa be “Paulo kple eƒe zɔhɛawo.” Nya mawo fia be Paulo ye va le ŋgɔ xɔm na ƒuƒoƒoa azɔ. Gake naneke meɖee fia be Barnaba ʋã ŋu Paulo o. Ke boŋ wo ame evea wowɔ dɔ aduadu be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Paulo kple Barnaba ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me egbea. Le esi nɔviwo nanɔ ɖoƒe ʋlim teƒea, woɖoa ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be: “Mi katã la, nɔviwo mienye.” Yesu gblɔ kpee be: “Ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.”—Mat. 23:8, 12.

10. Aleke mɔzɔzɔ tso Perga yi Antiokia si le Pisidia nɔ?

10 Esi wova ɖo Perga la, Yohanes si wogayɔna be Marko gbugbɔ le Paulo kple Barnaba yome trɔ yi Yerusalem. Womegblɔ nu si tae wòtrɔ kpata alea na mí o. Gake Paulo kple Barnaba yi mɔzɔzɔa dzi tso Perga yi Antiokia si le Pisidia, le Galatia nutoa me. Mɔzɔzɔa mele bɔbɔe kura o, elabe Pisidia nye tonuto si kɔkɔ meta 1,100. Esi mɔ siwo le tonutoa me mede ame dzi o taa, adzohawo bena ɖe mɔa dzi. Tsɔ kpe ɖe esiawo katã ŋua, anɔ eme be lãmesẽ mede Paulo dzi ɣemaɣi o. h

11, 12. Le Antiokia si le Pisidia la, aleke Paulo ƒo nu wòde dzi gbɔ na amewo le ƒuƒoƒea?

11 Le Antiokia si le Pisidia la, Paulo kple Barnaba ge ɖe ƒuƒoƒea le Sabat dzi. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi woxlẽ Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽwo na ameawo vɔ la, ƒuƒoƒea dzi kpɔlawo ɖo ame ɖe wo be: ‘Ŋutsuwo, nɔviwo, ne dzideƒonamenya aɖe le mia si na amehaa la, migblɔe.’” (Dɔw. 13:15) Eya ta Paulo tso be yeaƒo nu.

12 Paulo dze eƒe nyawo gɔme ale: “Ŋutsuwo, Israel-viwo kple mi ame siwo vɔ̃a Mawu.” (Dɔw. 13:16) Ame siwo Paulo ƒo nu na nye Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo. Ame siawo mexɔe se be Yesue nye Mesia la o. Ke aleke Paulo ƒo nu be wòade dzi gbɔ na wo? Gbãa, Paulo ƒo nu tso Yudatɔwo ƒe ŋutinya ŋu kpuie. Egblɔ ale si Yehowa do “dukɔ la ɖe dzi esime wonye amedzrowo le Egipte-nyigba dzi,” kple ale si ‘wòdo dzi tsɔ woƒe nuwɔnawo ƒe blaene sɔŋ le gbea dzi’ esi wòɖe wo tso Egipte vɔ megbe. Paulo gagblɔ ale si Israel-viwo xɔ Ŋugbedodonyigbaa wòzu wo tɔ kple ale si Yehowa ma “woƒe anyigba na wo wòzu woƒe domenyinu.” (Dɔw. 13:17-19) Ame aɖewo gblɔ be Paulo anya nɔ susu hem yi Ŋɔŋlɔa ƒe akpa siwo woxlẽ na wo le Sabat dzi teti koe maa dzi. Ne aleae wòlea, ke esia hã ɖo kpe edzi be Paulo nya ale si wòazu “nuwo katã na ame ƒomeviwo katã.”—1 Kor. 9:22.

13. Aleke míate ŋu aɖo ame siwo míeɖea gbeƒã na ƒe dzi gbɔ?

13 Ele be míawo hã míadze agbagba be míaƒe nyawo naɖo dzi gbɔ na amewo ne míele gbeƒã ɖem. Le kpɔɖeŋu me, ne míenya subɔsubɔha si me amea lea, akpe ɖe mía ŋu be míaƒo nu tso nyati si me wòatsɔ ɖe le ŋu. Míate ŋu aƒo nu tso Biblia ƒe akpa siwo wònya nyuie hã ŋu. Eye anyo ŋutɔ be míana amea naxlẽ mawunyakpukpuiwo tso eya ŋutɔ ƒe Biblia me. Ele vevie be míadze agbagba aɖo ame siwo míeɖea gbeƒã na ƒe dzi gbɔ.

14. (a) Aleke Paulo gblɔ Yesu ŋu nya nyuia na amehawo, eye aleke wòxlɔ̃ nu woe? (b) Aleke amehaa wɔ nui?

14 Emegbe Paulo gblɔ ale si “ɖela si nye Yesu,” ame si Yohanes Amenyrɔɖetsimela dzra mɔ dzi ɖo na la do tso Israel-fiawo ƒe dzidzimea me. Eyome Paulo gblɔ ale si wowu Yesu kple ale si Mawu fɔe ɖe tsitre. (Dɔw. 13:20-37) Paulo yi edzi gblɔ be: “Minya esia be, to ame sia dzi la, wole gbeƒã ɖem nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke na mi; . . . wobua ame sia ame si xɔna sena la ame maɖifɔe to ame sia ya dzi.” Azɔ apostoloa xlɔ̃ nu wo be: “Mikpɔ nyuie be nya si wogblɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽawo me la nagaɖi mia ŋu o, be: ‘Mi vlodolawo, mikpɔe, miaƒe nu neku ne miatsrɔ̃, elabena mele dɔ aɖe wɔm le miaƒe ŋkekeawo me, eye ne ame aɖe gblɔ dɔ sia ŋu nya na mi tsitotsito hã la, miaxɔ edzi ase akpɔ o.’” Ale si Paulo ƒe nyaselawo wɔ nui wɔ nuku ŋutɔ. Biblia gblɔ be: “Ameawo ɖe kuku na wo vevie be woagagblɔ nya siawo na yewo le Sabat si kplɔe ɖo la dzi.” Tsɔ kpe ɖe eŋua, esi wokaka le ƒuƒoƒea, “Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, siwo vɔ̃a Mawu la, dometɔ geɖewo dze Paulo kple Barnaba yome.”—Dɔw. 13:38-43.

“Míetrɔ Ðe Dukɔwo Ŋu” (Dɔw. 13:44-52)

15. Nu kae dzɔ le Sabat si kplɔe ɖo dzi?

15 Le Sabat si kplɔe ɖo dzia, “du blibo la katã kloe” va ƒo ƒu be yewoaɖo to Paulo. Esia medzɔ dzi na Yudatɔ aɖewo o. Eya ta “wode asi busunya gbɔgblɔ me ɖe nya siwo gblɔm Paulo le la ŋu.” Paulo kple Barnaba gblɔ na wo dzinɔameƒotɔe be: “Ehiã be woagblɔ Mawu ƒe nya la na mi gbã. Gake esi miegbe nya la, eye miele mia ɖokui bum be yewomedze na agbe mavɔ o ta la, kpɔ ɖa, míetrɔ ɖe dukɔwo ŋu. Yehowa de se na mí be, ‘Meɖo wò be nànye dukɔwo ƒe kekeli, be nànye xɔxɔ va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.’”—Dɔw. 13:44-47; Yes. 49:6.

‘Yudatɔwo de zi amewo me be woatso ɖe Paulo kple Barnaba ŋu Eye nusrɔ̃lawo yi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm eye gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo fũu.’—Dɔwɔwɔwo 13:50-52

16. Aleke Yudatɔwo wɔ nu ɖe nya sesẽ siwo wose tso Paulo kple Barnaba gbɔ ŋu, eye nu kae Paulo kple Barnaba wɔ esi wotsi tre ɖe wo ŋu?

16 Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo nɔ to ɖom kpɔ dzidzɔ, eye “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la zu xɔsetɔwo.” (Dɔw. 13:48) Medidi o, Yehowa ƒe nyaa kaka ɖe du bliboa me. Gake ale si Yudatɔwo wɔ nui to vovo kura. Esia na dutanyanyuigblɔlaawo gblɔ na wo be woawoe wogblɔ Mawu ƒe nya la na gbã, gake wogbe Mesia la, eya ta Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo. Yudatɔwo de zi nyɔnu bubumewo kple dua me ame ŋkutawo me “be woatso ɖe Paulo kple Barnaba ŋu, eye wonya wo le woƒe nutoawo me.” Nu kae Paulo kple Barnaba wɔ? “Woʋuʋu ke le woƒe afɔwo ŋuti ɖe wo ŋu, eye wodzo yi Ikonio.” Ðe esia fia be wotsi Kristotɔwo ƒe dɔa nu le Antiokia si le Pisidia? Kpao! Nusrɔ̃la siwo tsi afi maa “yi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm eye gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo fũu.”—Dɔw. 13:50-52.

17-19. Mɔ kawo nue míate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu nyui si Paulo kple Barnaba ɖo ɖi le, eye aleke esia ana míakpɔ dzidzɔe?

17 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso ale si Paulo kple Barnaba wɔ nu esi wotsi tre ɖe wo ŋu me. Mele be míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe ne ame ŋkutawo alo ŋusẽtɔwo tsi tre ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu o. De dzesii be esi ame siwo le Antiokia gbe nyaa sesea, Paulo kple Barnaba ‘ʋuʋu ke le woƒe afɔwo ŋuti.’ Nuwɔna sia mefia be Paulo kple Barnaba do dziku ɖe amehawo ŋu o, ke boŋ efia be woƒe asi mele nu si ava dzɔ ɖe wo dzi me o. Dutanyanyuigblɔla siawo de dzesii be yewomate ŋu awɔ naneke tso ale si amewo awɔ nu ɖe nya nyuia ŋu la ŋu o. Nu si woate ŋu awɔ ye nye be woayi edzi aɖe gbeƒã. Eye woɖe gbeƒã hã le Ikonio!

18 Ke nusrɔ̃la siwo wogblẽ ɖe Antiokia ya ɖe? Le nyateƒe mea, ame geɖe tsi tre ɖe wo ŋu le nuto ma me. Gake menye ale si ame geɖe awɔ nu ɖe wo ŋue ana woakpɔ dzidzɔ o. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!” (Luka 11:28) Eye nu ma tututue nusrɔ̃la siwo le Antiokia si le Pisidia ɖo be yewoawɔ.

19 Abe Paulo kple Barnaba enea, ele be míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be míaƒe dɔe nye be míaɖe gbeƒã nya nyuia. Ne amewo aɖo to alo womaɖo to oa, woawo ŋutɔwo ƒe nyae. Ne womeɖo to oa, míate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu si ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo ɖo. Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nyateƒea ŋu eye míeɖea mɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ mía, míawo hã míakpɔ dzidzɔ ne wole mía yome tim gɔ̃ hã.—Gal. 5:18, 22.

a Kpɔ aɖaka si nye “ Barnaba—‘Akɔfafavi.’

b Le ɣeyiɣi sia mea, hame aɖewo nɔ keke Antiokia si nɔ Siria ke, si didi kilometa 550 tso Yerusalem.

c Kpɔ aɖaka si nye “ Afɔmɔzɔzɔ.”

d Le ƒe alafa gbãtɔ mea, tɔdziʋuwo tea ŋu zɔa mɔ kilometa 150 ne yaƒoƒo de wo dzi. Gake ne yaa mede wo dzi oa, mɔzɔzɔa didina wu.

e Kpɔ aɖaka si nye “ Yudatɔwo Ƒe Ƒuƒoƒewo.”

f Kipro nɔ Roma Sewɔhaa te. Nuto gã dziɖulae kpɔ ŋusẽ ɖe ƒukpo sia dzi.

g Tso ɣeyiɣi sia mea, wova nɔ Saul yɔm be Paulo. Ame aɖewo susui be etsɔ Roma ŋkɔ sia be yeatsɔ ade bubu Sergio Paulo ŋu. Gake Paulo ganɔ ŋkɔ sia zãm esi wòdzo le Kipro megbe gɔ̃ hã, si fia be eya ŋutɔ si nye “apostolo na dukɔwo” ye di be woanɔ Roma ŋkɔ sia yɔm na ye azɔ. Anɔ eme hã be anya trɔ ŋkɔa zu Paulo elabe ale si woyɔa Hebrigbe me ŋkɔ Saul le Helagbe mea ɖi ŋkɔ bubu aɖe si menye ŋkɔ nyui o.—Rom. 11:13.

h Ƒe aɖewo megbe kura hafi Paulo va ŋlɔ agbalẽ na Galatiatɔwo. Paulo gblɔ le lɛtaa me be: “Nye lãmegbegblẽ aɖee ʋu mɔ ɖi nam be magblɔ nya nyui la na mi zi gbãtɔ.”—Gal. 4:13.