Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 23

“Miɖo To Ne Maɖe Ðokuinye Nu Miase”

“Miɖo To Ne Maɖe Ðokuinye Nu Miase”

Paulo ʋli eƒe xɔse ta le Sanhedrin la kple ameha si do dziku ɖe eŋu ŋkume

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 21:18–23:10 dzi

1, 2. Nu ka tae apostolo Paulo yi Yerusalem, eye nu kawo mee wòato le afi ma?

 PAULOE nye ema gale zɔzɔm le Yerusalem ƒe mɔ xaxɛ siwo dzi amewo sɔa gbɔ ɖo dzi. Yerusalem ye nye du vevitɔ le Yehowa subɔlawo ƒe ŋutinya me ƒe alafa geɖe! Esia nyea dada na dua me tɔ geɖe. Paulo kpɔe be Kristotɔ siwo le dua me lé tsã nufiafiawo me ɖe asi eye ele sesẽm na wo be woatrɔ ɖe mɔ yeye si nu Yehowa di be woasubɔ ye lea ŋu. Eya ta esi Paulo le Efesoa, eɖoe be yeayi Yerusalem, menye be yeatsɔ nɔviawo ƒe nudzɔdzɔwo ayi na wo ko o, ke boŋ be yeakpe ɖe Kristotɔawo ŋu woaɖɔ woƒe susu ɖo hã. (Dɔw. 19:21) Togbɔ be afɔku le Yerusalem yiyi me nɛ hãa, eɖoe kplikpaa be yeayi.

2 Kuxi kawo mee Paulo ato le Yerusalem? Wo dometɔ ɖeka atso nɔvia Kristo yomedzelawo gbɔ, elabe woxɔ alakpanya siwo kakam amewo nɔ tso Paulo ŋu dzi se. Gake kuxi gãtɔwo atso Kristo ƒe futɔwo gbɔ. Woatso Paulo nu alakpatɔe, aƒoe, eye woadi be yewoawui gɔ̃ hã. Nu siawo siwo adzɔ ɖe wo nɔewo yome ana mɔnukpɔkpɔe hã be wòaʋli eƒe xɔse ta. Paulo ƒe ɖokuibɔbɔ, dzinɔameƒo kple xɔse si wòɖe fia le nɔnɔme siawo me nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí Kristotɔwo egbea. Le mɔ ka nu?

“Wokafu Mawu” (Dɔw. 21:18-20a)

3-5. (a) Kpekpe kae Paulo yi esi wòva ɖo Yerusalem, eye nu kawo mee wodzro? (b) Nu vevi kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso kpekpe ma me?

3 Esi Paulo va ɖo Yerusalem ƒe ŋufɔkea, eya kple eƒe zɔhɛawo yi va kpe kple hamemetsitsiawo. Womeyɔ apostolo siwo nɔ agbe ɣemaɣi dometɔ aɖeke le nuŋlɔɖia me o. Eya ta anɔ eme be woyi va le subɔsubɔm le teƒe bubuwo. Gake Yakobo, si nye Yesu nɔvi, ya nɔ anyi. (Gal. 2:9) Anɔ eme be eyae nɔ zi me na kpekpe si “hamemetsitsiawo katã” wɔ kple Paulo.—Dɔw. 21:18.

4 Esi Paulo do gbe na hamemetsitsiawo vɔa, ede “asi nu siwo Mawu wɔ le dukɔwo dome to eƒe subɔsubɔdɔa dzi la ŋuti nyawo gbɔgblɔ me na wo tsitotsito.” (Dɔw. 21:19) Paulo ƒe nyatakakawo anya de dzi ƒo na nɔviawo ŋutɔ. Egbea hã, edea dzi ƒo na mí ŋutɔ ne míese ale si subɔsubɔdɔa le edzi yim le dukɔ bubuwo me ŋuti nyatakakawo.—Lod. 25:25.

5 Le Paulo ƒe nyatakakaa mea, egblɔ lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo wòtsɔ ɖe asi tso Europa vɛa ŋu nya na wo. Nɔviawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yewo nɔvi siwo le adzɔge ʋĩi ke hã tsɔ ɖe le eme na yewo nenema gbegbe. Nuŋlɔɖia gblɔ be esi hamemetsitsiawo se Paulo ƒe nyatakaka siawoa, “wokafu Mawu”! (Dɔw. 21:20a) Nenema kee egbea hã, mía nɔvi siwo dzi dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ ɖo, alo esiwo dze dɔ vevie, kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne wo nɔviwo kpe ɖe wo ŋu eye wode dzi ƒo na wo.

Wo Dometɔ Geɖe ‘Ku Ðe Sea Ŋu Goŋgoŋ’ (Dɔw. 21:20b, 21)

6. Nya kae wotsɔ ɖo Paulo ŋkume?

6 Emegbe hamemetsitsiawo he kuxi aɖe si le mo dom ɖa le Yudea ɖe go, eye wogblɔ be eku ɖe eya Paulo ŋu. Wogblɔ be: “Nɔvi, èkpɔe be xɔsetɔ akpe geɖe le Yudatɔwo dome, eye wo katã woku ɖe Se la ŋu goŋgoŋ. Ke wose le ŋutiwò be, èle nu fiam Yudatɔ siwo le dukɔwo dome la be woagbe nu le Mose ƒe Se la gbɔ, eye nèle gbɔgblɔm na wo be, woagatso aʋa na wo viwo alo azɔ le kɔawo nu o.” aDɔw. 21:20b, 21.

7, 8. (a) Susu totro kae nɔ Kristotɔ siwo le Yudea si? (b) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be susu totro ma mefia be wonye xɔsegbelawo o?

7 Togbɔ be Mose ƒe Sea wu enu ƒe 20 do ŋgɔ hãa, nu ka tae Kristotɔ aɖewo galé eme ɖe asi kokoko? (Kol. 2:14) Le ƒe 49 K.Ŋ. me, esi apostoloawo kple hamemetsitsiawo kpe ta le Yerusalem la, woɖo agbalẽ ɖe hameawo eye wona eme kɔ be mehiã be dukɔwo me tɔ siwo va zu xɔsetɔwo natso aʋa eye woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi o. (Dɔw. 15:23-29) Gake agbalẽa meƒo nu tso Yudatɔ xɔsetɔ siwo dometɔ akpa gãtɔ xɔe se be ele be yewoawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi ŋu o.

8 Ðe susu totro ma fia be Yudatɔ xɔsetɔawo medze anye Kristotɔwo oa? Kura o. Menye ɖe wonɔ alakpamawuwo subɔm tsã hafi va zu Kristotɔwo eye fifia wogale didim be yewoatrɔ ɖe alakpamawu mawo ŋu o. Yehowae na Se si ŋu Yudatɔ xɔsetɔwo tsi dzi ɖoa wo le blema. Naneke mele Se sia me si gblẽ alo do ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Gake nubabla xoxo si nɔ Mawu kple Israel-viwo dome tae wotsɔ Se ma na wo ɖo, evɔ Kristotɔwo va le nubabla yeyea te azɔ. Se sia nu va yi eye Yehowa megadi be woawɔ ɖe edzi kokoko hafi woasubɔ ye wòadze ye ŋu o. Hebri Kristotɔ siwo melɔ̃a nu le Sea gbɔ o mese egɔme bliboe be fifia ɖoɖoa trɔ o, eye womeka ɖe edzi tututu be Yehowa gbɔe ɖoɖo yeyea tso o. Ehiã be woadze agbagba ase ɖoɖo yeye si Yehowa wɔ ɖe esubɔsubɔ ŋua gɔme nyuie eye woatrɔ ɖe eŋu. bYer. 31:31-34; Luka 22:20.

‘Nya Siwo Wogblɔ Tso Ŋuwò Mele Eme O’ (Dɔw. 21:22-26)

9. Nu kae Paulo fia tso Mose ƒe Sea ŋu?

9 Ke nya siwo wose tso Paulo ŋu be ele nu fiam Yudatɔwo le dukɔwo me le gbɔgblɔm be “woagatso aʋa na wo viwo alo azɔ le kɔawo nu o” ya ɖe? Esi Paulo nye apostolo na dukɔwo me tɔwo taa, eɖe nyametsotso si nye be mehiã be dukɔwo me tɔwo nawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi o me na wo nyuie. Ena wonya hã be ame siwo nɔ tɔ tem ɖe edzi be ele kokoko be Trɔ̃subɔdukɔmetɔ natso aʋa eye woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzia da ƒu. (Gal. 5:1-7) Paulo ɖe gbeƒã na Yudatɔ siwo le du siwo me wòyi hã, eye anɔ eme be efia nu Yudatɔ siwo ɖo toea be Yesu ƒe kua wɔe be Mose ƒe Sea dzudzɔ dɔwɔwɔ eye mehiã be ame nawɔ ɖe Se ma dzi kokoko hafi wòasubɔ Yehowa wòadze eŋu o.—Rom. 2:28, 29; 3:21-26.

10. Le ale si ame bubuwo se Mose ƒe Sea kple aʋatsotso ƒe nyaa gɔmee taa, aleke Paulo ɖe ameŋububu fia?

10 Yudatɔ Kristotɔ aɖewo tso nya me be yewoayi edzi awɔ ɖe kɔnyinyi aɖewo dzi kokoko. Esia ƒe ɖewoe nye be yewomawɔ dɔ le Sabat dzi o, eye yewoatsri nuɖuɖu aɖewo. Paulo se nu gɔme na wo. (Rom. 14:1-6) Paulo ŋutɔ mede se aɖeke ku ɖe aʋatsotsonyaa ŋu o. Le nyateƒe mea, ena wotso aʋa na Timoteo, ale be wòaganye nukikli na Yudatɔwo o, elabe fofoa nye Helatɔ. (Dɔw. 16:3) Ame ŋutɔe atso nya me be yeatso aʋa loo alo yematsoe o. Paulo gblɔ na Galatia nɔviawo be: “Asixɔxɔ aɖeke mele aʋatsotso alo aʋamatsomatso ŋu na wo o, hafi boŋ xɔse si wɔa dɔ le lɔlɔ̃ me ŋue” asixɔxɔ le. (Gal. 5:6) Gake ame siwo ɖoe be yewoatso aʋa ale be yewoate ŋu awɔ ɖe Sea dzi alo be esia wɔwɔe ana yewo ƒe nu nadze Yehowa ŋua ƒe nuwɔnawo ɖee fia be xɔse mele wo si o.

11. Aɖaŋu kae hamemetsitsiawo ɖo na Paulo, eye nu kae aɖaŋuɖoɖo ma dzi wɔwɔ abia? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

11 Togbɔ be nya siwo wose tso Paulo ŋu nye alakpanyawo hãa, eɖe fu na Yudatɔ xɔsetɔawo ŋutɔ. Eya ta hamemetsitsiawo ɖo aɖaŋu na Paulo be: “Ŋutsu ene le mía dome, siwo ɖe adzɔgbe aɖe. Kplɔ ame siawo ne wò kpli wo miayi aɖakɔ mia ɖokuiwo ŋu le kɔa nu, eye nàxe woƒe nugblẽfewo, ne woalũ ta na wo. Ekema ame sia ame anyae be nya siwo wogblɔ na wo tso ŋuwò la dometɔ aɖeke mele eme o, ke boŋ be èle zɔzɔm ɖe ɖoɖo la nu, eye be èléa Se la hã me ɖe asi.” cDɔw. 21:23, 24.

12. Nu kae ɖee fia be Paulo melé eƒe nya me ɖe asi kpaɖii o, ke boŋ elɔ̃ faa wɔ ɖe hamemetsitsiawo ƒe mɔfiame dzi?

12 Paulo ate ŋu ahe nya kple hamemetsitsiawo be menye nya siwo gblɔm wole tso ye ŋue nye kuxia o, ke boŋ ale si Yudatɔ xɔsetɔawo nɔ tɔ tem ɖe edzi be ele be woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi boŋue nye kuxia. Gake melé eƒe susuwo me ɖe asi kpaɖii o. Elɔ̃ faa be yeawɔ ɖe hamemetsitsiawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi elabe ema metsi tre ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo ŋu o. Do ŋgɔa, egblɔ be: “Mezu abe ame si le se te ene na ame siwo le se te, evɔ nye ŋutɔ nyemele se te hafi o, ale be asinye nasu ame siwo le se te la dzi.” (1 Kor. 9:20) Le afi sia Paulo zɔ ɖe Yerusalem hamemetsitsiawo ƒe mɔfiamea dzi, eye wòva zu “abe ame si le se te ene.” Eto esia dzi ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí egbea be míawɔ ɖe hamemetsitsiwo ƒe mɔfiamewo dzi, ke menye be míate tɔ ɖe míawo ŋutɔwo ƒe susuwo dzi o.—Heb. 13:17.

Paulo sea nu gɔme ne amewo meda gɔmeɖose aɖeke dzi o. Ke wò ɖe?

“Medze Anɔ Agbe O!” (Dɔw. 21:27–22:30)

13. (a) Nu ka tae Yudatɔ aɖewo de zi amewo me le gbedoxɔa me? (b) Nu kae na Paulo ƒe agbe metsi eme o?

13 Nuwo meva yi nyuie na Paulo le gbedoxɔa me o. Esi ŋutsuawo ƒe adzɔgbeɖeɖea nɔ enu wumaa, Yudatɔ siwo tso Asia kpɔ Paulo le gbedoxɔa me eye wotso enu be ekplɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo va gbedoxɔa me. Esia na wode zi amehaawo me. Ne ɖe Roma-srafomegã meva de nu nyaa me oa, anye ne woƒo Paulo wòku. Asrafomegãa ɖoe be yeaxɔ Paulo le wo si ade gaxɔ me gbɔ boŋ. Ƒe ene kple edzivɔ sɔŋ ava yi hafi ablɔɖe nagasu Paulo si. Gake menye nu vie dzɔ hafi wokplɔ Paulo dzoe le amehaa gbɔ o. Esi asrafomegãa bia Yudatɔawo nu si tae wodze Paulo dzi ɖoa, woƒe gbe de dzi bobobo, eye wonɔ nya vovovowo gblɔm tsɔ nɔ enu tsom. Wonɔ ɣli dom, nɔ adã wɔm ale gbegbe be asrafomegãa menɔ naneke gɔme sem o. Eva hiã be asrafowo nakɔ Paulo adzoe le wo dome. Hafi Paulo kple Roma-srafoawo nage ɖe asrafowo nɔƒea, Paulo gblɔ na asrafomegãa be: “Meɖe kuku na wò, ɖe mɔ nam maƒo nu na ameawo.” (Dɔw. 21:39) Asrafomegãa lɔ̃, eye dzi nɔ Paulo ƒo wòʋli eƒe xɔse ta le amehaa ŋkume.

14, 15. (a) Nya kae Paulo gblɔ na Yudatɔawo? (b) Afɔ kawoe Roma-srafomegãa ɖe ale be yease nu si tae Yudatɔawo do dziku ɖe Paulo ŋu gɔme?

14 Paulo dze eƒe nyawo gɔme be: “Miɖo to ne maɖe ɖokuinye nu miase.” (Dɔw. 22:1) Paulo ƒo nu kple amehaa le Hebrigbe me, si na wo katã wozi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ. Eɖe susu si tae wòva dze Kristo yomea me na wo eme kɔ nyuie. Ewɔ esia aɖaŋutɔe eye wògblɔ nya siwo ŋu Yudatɔawo ŋutɔ ate ŋu aku nu me le akpɔ kpeɖodziawo. Anɔ eme be amehaa dometɔ aɖewo nyae be Paulo srɔ̃ nu le nufiala xɔŋkɔ Gamaliel ƒe afɔnu eye wòti Kristotɔwo yome kutɔkutɔe va yi. Gake esi wònɔ mɔ dzi yina Damasko la, Kristo si wofɔ ɖe tsitrea ɖe eɖokui fiae le ŋutega me eye wòƒo nu nɛ. Ame siwo nɔ mɔa zɔm kple Paulo kpɔ keklẽ gã aɖe eye wose gbe aɖe, gake womese nyaawo gɔme o. (Dɔw. 9:7; 22:9) Emegbe kekelia na Paulo ƒe ŋkuwo tsi eye ame siwo le eŋua lé eƒe alɔnu kplɔe yi Damasko. Le afi maa, Anania si Yudatɔawo nya nyuie le nutoa me ʋu ŋku na Paulo nukutɔe.

15 Paulo yi eƒe nyawo dzi be esi yegbɔ va Yerusalem la, Yesu gaɖe eɖokui fia ye le gbedoxɔa me. Esi Yudatɔawo se nya siawoa, woƒe dzi ho ale gbegbe eye wodo ɣli be: “Mibu mo na ame sia, elabena medze anɔ agbe o!” (Dɔw. 22:22) Be amehaa nagadze Paulo dzi oa, asrafomegãa na wokplɔe yi asrafowo nɔƒea. Asrafomegãa di be yeanya nu si tututu tae Yudatɔwo do dziku ɖe Paulo ŋu alea gbegbe. Eya ta eɖe gbe be asrafoawo naƒoe eye woabia gbee. Esi asrafoawo di be yewoaƒo Pauloa, egblɔ na wo be Roma vidzidzie yenye, eya ta Romatɔwo ƒe se meɖe mɔ be woaƒo ye o. Yehowa subɔla siwo li egbea hã wɔa se vovovowo ŋu dɔ tsɔ ʋlia woƒe xɔse ta. (Kpɔ aɖaka siwo nye “ Roma Sewo Kple Roma Dumeviwo” kple “ Míezãa Se Tsɔ Ʋlia Nya Nyuia Ta.”) Esi asrafomegãa se be Roma vidzidzie Paulo nyea, ekpɔe be ele be yeato mɔ bubuwo dzi ase nya geɖewo tso egbɔ. Eya ta le ŋufɔkea, ekplɔe va Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔa ŋkume.

“Farisitɔ . . . Menye” (Dɔw. 23:1-10)

16, 17. (a) Gblɔ nu si dzɔ esi Paulo nɔ nu ƒom na Sanhedrin la. Paulo sea nu gɔme (b) Esi woƒo nugbɔ na Pauloa, aleke wòɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖii?

16 Paulo dze eƒe nyawo gɔme le Sanhedrin la ŋkume be: “Ŋutsuwo, nɔviwo, metsɔ dzitsinya si ŋuti kɔ bliboe zɔ le Mawu ŋkume va se ɖe egbe sia.” (Dɔw. 23:1) Mekpɔ ɖe nu le nyaa me hafi nu bubu dzɔ o. Nuŋlɔɖia gblɔ yi edzi be: “Esi wògblɔ esia la, nunɔlagã Anania ɖe gbe na ame siwo tɔ ɖe egbɔ la be woaƒo nugbɔ nɛ.” (Dɔw. 23:2) Vlododo ame vɔ̃ɖivɔ̃ɖie ma! Esia ɖee fia be nunɔlaa bu susu vɔ̃ ɖe Paulo ŋu be enye alakpatɔ, elabe mese eƒe nyaawo vɔ hafi bu fɔe o! Mewɔ nuku o be Paulo gblɔ nɛ enumake be: “Mawu aƒo wò, wò, gli si wosi akalo na. Ðe nènɔ anyi be yeadrɔ̃ ʋɔnum le Se la nu, evɔ nègale Se la dzi dam esi nèɖe gbe be woaƒoma?”—Dɔw. 23:3.

17 Ame siwo nɔ afi ma dometɔ aɖewo ƒe nu ku, menye le esi woƒo Paulo ta o, ke boŋ le nya si Paulo gblɔ ta. Eya ta wobiae be: “Mawu ƒe nunɔlagã la dzum nèlea?” Nya si Paulo gblɔ na wo ɖee fia be ebɔbɔ eɖokui eye wòdea bubu Sea ŋu. Egblɔ be: “Nɔviwo, nyemenya be nunɔlagãe wònye o. Elabena woŋlɔ ɖi be, ‘Mègagblɔ nya vlo aɖeke ɖe wò dukɔdziɖula ŋu o.’” d (Dɔw. 23:4, 5; 2 Mose 22:28) Esi Paulo de dzesii be Sanhedrin la me tɔ aɖewo nye Farisitɔwo eye bubuwo nye Zadukitɔwo taa, eto mɔ bubu aɖe dzi ʋli eɖokui ta, esi wògblɔ be: “Ŋutsuwo, nɔviwo, Farisitɔ kple Farisitɔwo ƒe vi menye. Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti mɔkpɔkpɔ la tae wole ʋɔnu drɔ̃mem ɖo.”—Dɔw. 23:6.

Míesrɔ̃a Paulo, ale be míedia nu si dzi mía kple subɔsubɔha bubu me tɔwo míelɔ̃ ɖo ne míele dze ɖom kpli wo

18. Nu ka tae Paulo gblɔ be yenye Farisitɔ, eye aleke míawo hã míate ŋu adzro nu me kple amewo le mɔ ma ke nu?

18 Nu ka tae Paulo gblɔ be yenye Farisitɔ? Egblɔe alea, elabe enye “Farisitɔwo ƒe vi” eye wòtso Farisitɔ ƒe ƒome me. Eya ta ame geɖe abui be enye Farisitɔ nyateƒe. e Gake nu ka tae Paulo gblɔ be Farisitɔe yenye esi wònɔ nu ƒom tso tsitretsitsia ŋu evɔ susu si le Farisitɔwo si ɖe tsitretsitsia ŋu mesɔ o? Farisitɔwo xɔe se be ame ƒe luʋɔ yia edzi nɔa agbe le ku megbe eye be ame dzɔdzɔewo ƒe luʋɔwo agava nɔ agbe ake le anyigba dzi. Paulo mexɔ nufiafia siawo dzi se o. Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi si ŋu Yesu fia nu tsoe dzie wòxɔ se. (Yoh. 5:25-29) Nu si me Paulo kple Farisitɔwo ƒe susu wɔ ɖeka lee nye be, mɔkpɔkpɔ aɖe li na kukuawo, eye esia to vovo na nu si Zadukitɔwo xɔ se, elabe woawo ya susui be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o. Míawo hã míate ŋu azã mɔnu sia tɔgbi atsɔ adzro nu me kple Katolikotɔwo alo Protestanttɔwo. Míate ŋu agblɔ na wo be míawo hã míexɔ Mawu dzi se. Togbɔ be woxɔe se be Mawuɖekaetɔ̃e li eye míawo ya míexɔe se be Mawu ɖeka si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ye li hãa, míawo kple woawo siaa míexɔe se be Mawu aɖe li.

19. Nu ka tae Sanhedrin la me ma?

19 Nya si Paulo gblɔa na Sanhedrin la me ma. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ɣli ɖi hoo, eye agbalẽfiala siwo le Farisitɔwo ƒe akpa dzi la tso, eye wote nyahehe dzikutɔe be: ‘Míekpɔ vɔ̃ aɖeke le ame sia ŋu o, gake ne gbɔgbɔ aɖe alo mawudɔla aɖee ƒo nu nɛ la, . . . ’” (Dɔw. 23:9) Zadukitɔwo mexɔe se be mawudɔlawo li o, eya ta esi wose woyɔ mawudɔlawo ŋkɔa, dzi ku wo vevie! (Kpɔ aɖaka si nye “ Zadukitɔwo Kple Farisitɔwo.”) Esia na zitɔtɔa nu sẽ ɖe edzi ale gbegbe be Roma-srafowo ƒe amegãa gade nu nyaa me eye wòxɔ na Paulo. (Dɔw. 23:10) Gake Paulo ƒe agbe gale afɔku me kokoko. Nu kae ava dzɔ ɖe apostoloa dzi azɔ? Míakpɔe le ta si kplɔe ɖo me.

a Esi Yudatɔ geɖewo va zu Kristotɔwo taa, anɔ eme be hame geɖewo kpena le nɔviwo ƒe aƒewo me.

b Le ƒe aɖewo megbea, apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Hebri nɔviawo, eye wòɖe eme be nubabla yeyea nyo sãsãsã wu nubabla xoxoa. Ena eme kɔ be nubabla yeyea va xɔ ɖe nubabla xoxoa teƒe. Agbalẽa me nyawo akpe ɖe Yudatɔ Kristotɔwo ŋu be woate ŋu aɖe nu me na Yudatɔ siwo tsi tsitre ɖe wo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋua, Paulo ƒe nyawo ado ŋusẽ Kristotɔ siwo nɔ tɔ tem ɖe edzi be ele be woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzia ƒe xɔse ale be woatrɔ ɖe ɖoɖo yeyea ŋu.—Heb. 8:7-13.

c Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be Naziritɔnyenye ƒe adzɔgbee ŋutsuawo ɖe. (4 Mose 6:1-21) Mose ƒe Se si nana woɖea adzɔgbe sia megale dɔ wɔm o. Ðewohĩ Paulo susui be megblẽ be ŋutsu siawo nawɔ ɖe adzɔgbe aɖe si woɖe na Yehowa dzi o. Eya ta ekpɔe be megblẽ be yeakplɔ wo ayi eye yeaxe woƒe nugblẽfewo o. Míenya adzɔgbe si tututu ŋutsuawo ɖe ya o. Gake zi geɖea, Naziritɔwo tsɔa lãwo saa vɔe be wòaklɔ yewoƒe nu vɔ̃wo ɖa. Ne nenemaea, míeka ɖe edzi be Paulo malɔ̃ be yeatsɔ lãwo asa vɔe o, elabe Yesu ƒe vɔsa debliboa wɔe be asixɔxɔ aɖeke megale lãwo ƒe vɔsawo ŋu o. Nu ka kee Paulo ɖawɔ o, míeka ɖe edzi be malɔ̃ awɔ naneke si aɖe fu na eƒe dzitsinya o.

d Ame aɖewo gblɔ be ŋku ye anya nɔ fu ɖem na Paulo, si tae mete ŋu kpɔ nunɔlagãa dze sii o. Alo ɖewohĩ ɣeyiɣi didi aɖee nye ema wòdzo le Yerusalem, si wɔe be meganya ame si tututu nye nunɔlagã ɣemaɣi o. Alo esi amehawo sɔ gbɔ taa, menya ame si tututu ɖe gbe be woaƒo nugbɔ na ye o.

e Le ƒe 49 K.Ŋ. me, esi apostoloawo kple hamemetsitsiawo kpe ta be yewoadzro eme kpɔ ne ehiã be Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo nawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi hã la, Kristotɔ siwo va kpekpea dometɔ aɖewo nye “Farisitɔwo ƒe kɔmama me tɔwo tsã.” (Dɔw. 15:5) Anɔ eme be wogabua Kristotɔ siawo be wonye Farisitɔwo tsã hafi va zu xɔsetɔwo.