Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 24

“Lé Dzi Ðe Ƒo!”

“Lé Dzi Ðe Ƒo!”

Nugbe si woɖo ɖe Paulo ŋu be woawui medze edzi o, eye eʋli eɖokui ta le Felike ŋkume

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 23:11–24:27 dzi

1, 2. Nu ka tae yometiti siwo me tom Paulo le le Yerusalem mewɔ nuku nɛ o?

 TOGBƆ be woxɔ na Paulo tso ameha si do dziku ɖe eŋu si me le Yerusalem hãa, wogalée de gaxɔ me ake. Yometiti siwo me apostolo dovevienu sia to le Yerusalem mewɔ nuku nɛ kura o. Wona wònya be ‘woadee gaxɔ me eye wòato xaxawo me’ le du sia me. (Dɔw. 20:22, 23) Eya ta togbɔ be Paulo menya nu siwo tututu le ŋgɔ nɛ o hãa, enya be yeakpe fu le Yesu ƒe ŋkɔa ta.—Dɔw. 9:16.

2 Nyagblɔɖila aɖewo gɔ̃ hã xlɔ̃ nu Paulo be woablae eye “woatsɔe ade asi na dukɔwo me tɔwo.” (Dɔw. 21:4, 10, 11) Do ŋgɔa, Yudatɔ aɖewo dze agbagba be yewoawui. Ema megbe kpuiea, edze abe Sanhedrin la me tɔ siwo le nya hem le eta la ‘avuvui’ ene. Fifia, Paulo kee nye esia gava le Roma-srafowo si me. Wotsɔ nya geɖewo ɖe eŋu eye woagabia gbe geɖee. (Dɔw. 21:31; 23:10) Edze ƒãa be ehiã be dzi nanɔ apostolo Paulo ƒo!

3. Nu kawoe kpena ɖe mía ŋu dzi nɔa mía ƒo be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi?

3 Míenya be le nuwuɣi sia mea, “ame siwo katã dina be yewoanɔ agbe ɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome.” (2 Tim. 3:12) Ehiãna be dzi nanɔ míawo hã ƒo tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi be míate ŋu ayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Míedaa akpe ŋutɔ be “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” toa agbalẽwo kple kpekpe siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzia dzi faa akɔ na mí eye wòdoa ŋusẽ mí! (Mat. 24:45) Yehowa ka ɖe edzi na mí be madze edzi na ame siwo tsi tsitre ɖe nya nyuia ŋu o, eye womate ŋu atsrɔ̃ Mawu subɔlawo katã ɖa alo atɔ te gbeƒãɖeɖedɔa o. (Yes. 54:17; Yer. 1:19) Gake nu kae va dzɔ ɖe apostolo Paulo dzi? Ðe ame aɖe de dzi ƒo nɛ, ale be wòate ŋu ayi edzi aɖi ɖase tsitotsito togbɔ be wotsi tsitre ɖe eŋu hã? Ne nenemaea, ame kae de dzi ƒo nɛ, eye aleke Paulo wɔ nui?

Amewo “Ðo Nugbe Heka Atam” Ƒu Edzi (Dɔw. 23:11-34)

4, 5. Aleke Yesu de dzi ƒo na Pauloe, eye nu ka tae wòsɔ ɖe ɣeyiɣia dzi?

4 Esi woɖe Paulo tso Sanhedrin la si me ƒe zã si kplɔe ɖo mea, Aƒetɔ la de dzi ƒo nɛ vevie. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Aƒetɔ la va tsi tsitre ɖe egbɔ, eye wògblɔ nɛ be: ‘Lé dzi ɖe ƒo! Elabena ale si ko nèle ɖase ɖim tsitotsito le ŋunye le Yerusalem la, nenema kee nàɖi ɖase le Roma hã.’” (Dɔw. 23:11) Yesu ƒe dzideƒonamenya siawo na Paulo ka ɖe edzi be woaxɔ na ye godoo. Enya be yeatsi agbe aɖo Roma, eye mɔnukpɔkpɔa asu ye si yeaɖi ɖase tso Yesu ŋu le afi ma.

“Wo dometɔ siwo wu blaene de xa ɖi nɛ.”—Dɔwɔwɔwo 23:21

5 Yesu va de dzi ƒo na Paulo ɖe game dzi ŋutɔ! Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi tututua, Yuda ŋutsu 40 “ɖo nugbe heka atam be, ne yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano nu o.” ‘Nugbe si woɖo heka atam ƒu edzi’ ɖee fia be Yudatɔ siawo ɖoe kplikpaa be yeawu apostoloa. Yudatɔ siawo kpɔe be ne yewomewɔ nugbe si yewoɖoa dzi oa, ke fi si yewoƒo de yewo ɖokuiwo ava yewo dzi. (Dɔw. 23:12-15) Eya ta wowɔ ɖoɖo be nunɔlawo ƒe tatɔwo kple amegãawo nana woakplɔ Paulo ava Sanhedrin la, abe ɖe yewodi be yewoagabia gbee tsitotsito wu ene. Gake nugbeɖolaawo ɖoe be yewoabe ɖe mɔ dzi adze edzi awui.

6. Aleke Paulo wɔ se nugbe si woɖo ɖe eŋu, eye nu kae sɔhɛ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me?

6 Gake Paulo nyruiyɔvi aɖe se woƒe nugbeɖoɖoa eye wòva fi tofi na Paulo. Paulo gblɔ na ɖekakpuia be wòagblɔe na Roma-srafomegã Klaudio Lisia. (Dɔw. 23:16-22) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ sɔhɛ siwo wɔa nu abe Paulo ƒe nyruiyɔvi sia si ŋkɔ womeyɔ oa ene. Dzi nɔa wo ƒo wodia Yehowa ƒe amewo ƒe nyonyo gbã, wowɔa nuteƒe, eye wowɔa nu sia nu si woate ŋui tsɔ doa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ.

7, 8. Ðoɖo kae Klaudio Lisia wɔ be Paulo nanɔ dedie?

7 Esi Klaudio Lisia, si le asrafo 1,000 nu se esia koa, ewɔ ɖoɖo enumake be asrafo 470 nadzɔ Paulo ŋu akplɔe le zã me tso Yerusalem ayi Kaisarea dedie. Asrafoawo dometɔ aɖewo nye akplɔtsɔlawo, eye ɖewo nye sɔdolawo. Egblɔ na wo be ne woɖo afi maa, woakplɔ Paulo ade asi na Nutodziɖula Felike. a Togbɔ be Yudatɔwo sɔ gbɔ ɖe Kaisarea, afi si Romatɔwo nɔ Yudea bliboa dzi ɖum tsoe hãa, dukɔwo me tɔwoe sɔ gbɔ ɖe dua me wu. Nuwo le ɖoɖo nu le Kaisarea, eye eto vovo na ale si nuwo le le Yerusalem, afi si wobua nazã ɖe subɔsubɔha bubu me nɔlawo ŋu eye wolɔa gbɔ le edziedzi hã. Tsɔ kpe ɖe eŋua, Roma-srafoha siwo kpɔa Yudea nutoa dzi ƒe dɔwɔƒegãa nɔ Kaisarea.

8 Lisia wɔ ɖe Romatɔwo ƒe se dzi. Eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Felike eye wògblɔ nutsotsoawo ɖe eme be esi yeva de dzesii be Paulo nye Romatɔ taa, yeɖee tso Yudatɔ siwo de “ewu ge kloe” si me. Lisia gagblɔ le agbalẽa me be yemekpɔ naneke le Paulo ŋu be edze agɔ, si tae ‘wòdze na ku alo na gamenɔnɔ o.’ Gake esi woɖo nugbe ɖe Paulo ŋu taa, yele eɖom ɖe eya Nutodziɖula Felike, ale be wòase Paulo kple enutsolawo ƒe nyawo ne wòatso nya me.—Dɔw. 23:25-30.

9. (a) Nu kae ɖee fia be womede bubu Paulo ƒe Roma dukɔmevinyenye ŋu o? (b) Nu ka tae wòle be míawɔ dukɔ siwo me míele ƒe sewo ŋu dɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui ta?

9 Ðe nya siwo Lisia gblɔ nye nyateƒea? Menye nyateƒea katãe wògblɔ o. Ede ba mo na nyawo be yeƒe nu nadze nutodziɖulaa ŋu. Menye esi wòva de dzesii be Paulo nye Romatɔ tae wòxɔ nɛ ɖo o. Lisia megblɔ hã be yena ‘wotsɔ kɔsɔkɔsɔ eve blae’ eye yeɖe gbe be “woaƒoe kple atam ne wòato nyateƒe” o. (Dɔw. 21:30-34; 22:24-29) Lisia ƒe nuwɔna sia mede bubu Paulo ƒe gomenɔamesi abe Roma vidzidzi ene ŋu o. Egbea hã, Satana zãa subɔsubɔha zazɛ̃nyahelawo wotia Mawu ƒe amewo yome, eye wodzea agbagba be yewoaxɔ ablɔɖe si le mía si be míasubɔ Mawua le mía si. Abe Paulo enea, Mawu ƒe amewo hã dzea agbagba be yewoana dukɔ siwo me yewole ƒe sewo nakpɔ yewo ta.

“Melɔ̃ Faa Be Maƒo Nu Aʋli Ðokuinye Ta” (Dɔw. 23:35–24:21)

10. Nya sesẽ kawoe wotsɔ ɖe Paulo ŋu?

10 Le Kaisarea, ‘wonɔ Paulo ŋu dzɔm le Herodes ƒe fiasãa me’ tsɔ nɔ enutsola siwo atso Yerusalem avaa lalam. (Dɔw. 23:35) Le ŋkeke atɔ̃ megbea, Nunɔlagã Anania, nyanuɖela Tertulo, kple amegã aɖewo va ɖo. Gbãa, Tertulo kafu Felike ɖe dɔ nyui siwo wɔm wòle na Yudatɔwo ta, gake edze ƒãa be ɖeko wòwɔe be yeƒe nu nadze eŋu. b Azɔ esi Tertulo trɔ ɖe nya si ŋutɔ le toa me ŋua, egblɔ tso Paulo ŋu be: “Nugblẽla vɔ̃ɖi aɖee ŋutsu sia nye, eye wòle zitɔtɔ dem Yudatɔwo katã me le anyigba dzi godoo, eye wònye Nazaretetɔwo ƒe kɔmama la ƒe ŋgɔnɔla. Ete kpɔ hã be yeagblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la, eya ta míelée.” Yudatɔ bubuawo “hã de nutsotsoa dzi be nu siawo le eme nenema tututu.” (Dɔw. 24:5, 6, 9) Nutsotso siwo nye be ele zitɔtɔ dem amewo me, ele ŋgɔ na kɔmama aɖe, eye be egblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔa nye ŋkubiãnya siwo ate ŋu ana woatso kufia nɛ.

11, 12. Aleke Paulo ɖe eɖokui nui?

11 Woɖe mɔ na Paulo azɔ be wòaƒo nu. Edze eƒe nyawo gɔme be: “Melɔ̃ faa be maƒo nu aʋli ɖokuinye ta.” Ena eme kɔ be nya siwo katã wotsɔ ɖe ye ŋua dometɔ aɖeke mele eme o. Paulo megblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔa loo alo dze agbagba be yeade zitɔtɔ amewo me o. Egblɔ be “ƒe geɖe” ye nye ema yemenɔ Yerusalem o, gake yetrɔ va be yeatsɔ “dɔmenyonunanawo” avae na Kristotɔ siwo dɔtoto kple yometiti na woda ahe. Paulo na eme kɔ nyuie be hafi yeage ɖe gbedoxɔa mea, ‘yekɔ ye ɖokui ŋu le kɔa nu,’ eye ‘yedzea agbagba be dzitsinya nyui nanɔ ye si le Mawu kple amewo gbɔ.’—Dɔw. 24:10-13, 16-18.

12 Paulo lɔ̃ ɖe edzi be yele subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm na ye tɔgbuiwo ƒe Mawu “le mɔ si yɔm wole be kɔmama la nu” ya. Gake ete gbe ɖe edzi be yexɔ “nu siwo katã le Se la me kple esiwo woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽwo me la dzi se.” Eye abe ye nu tsolawo ke enea, ye hã yexɔe se be “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” Emegbe Paulo gblɔ na nutodziɖulaa tso enutsolawo ŋu be: “Na ame siwo le afi sia la ŋutɔ nagblɔ vodada si wokpɔ le ŋunye esi metsi tsitre ɖe Sanhedrin la ŋkume, negbe nya ɖeka sia ko, si medo ɣli gblɔ esime mele tsitre ɖe wo dome be: ‘Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la tae wole ʋɔnu drɔ̃mem egbea le mia ŋkume ɖo!’”—Dɔw. 24:14, 15, 20, 21.

13-15. Nu ka tae míate ŋu asrɔ̃ Paulo ne wokplɔ mí yi ʋɔnu?

13 Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí ne wokplɔ mí yi setɔwo gbɔ le míaƒe subɔsubɔ ta eye wotso mía nu alakpatɔe be míele dzi dem ƒo na amewo be woadze aglã, míele zitɔtɔ dem amewo me, alo be míenye “kɔmama vɔ̃ɖi” aɖe me tɔwo. Paulo medze agbagba zã ameflunyawo ale be yeƒe nu nadze nutodziɖulaa ŋu abe ale si Tertulo wɔe ene o. Elé eɖokui kpoo eye wòƒo nu bubutɔe. Le eƒe nuƒoa mea, eɖɔ ŋu ɖo eye wògblɔ nyateƒea eme kɔ. Egblɔ be ‘Yudatɔ siwo tso Asia’ va, siwo tso ye nu be yegblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔa, mele afi ma o, evɔ le se nua, ɖe wòle be ame mawo hã nava nutodziɖulaa ŋkume ale be ne nya aɖe le wo si ɖe ye ŋua, woagblɔe yease hafi.—Dɔw. 24:18, 19.

14 Nu si wɔ nukue nye be Paulo ƒo nu tso eƒe dzixɔsewo ŋu faa, mehe ɖe megbe kura o. Dzi nɔ apostoloa ƒo wògaƒo nu tso tsitretsitsia ŋu, evɔ nya mae na zi tɔ le Sanhedrin la va yi. (Dɔw. 23:6-10) Esi Paulo nɔ eɖokui nu ɖemaa, egate gbe ɖe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzi. Nu ka tae? Elabe Paulo nɔ ɖase ɖim be wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, evɔ tsitretsiɖeŋulaawo ya mexɔ edzi se o. (Dɔw. 26:6-8, 22, 23) Le nyateƒe mea, susu si koŋ ta wokplɔ Paulo va ʋɔnu ɖoe nye be exɔ tsitretsitsia dzi se, vevietɔ, exɔe se be wofɔ Yesu ɖe tsitre.

15 Abe Paulo enea, míawo hã míate ŋu ana nya si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo nado ŋusẽ mí ne míayi edzi aɖi ɖase dzinɔameƒotɔe. Yesu gblɔ na wo be: “Amewo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta. Ke ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.” Ðe míatsi dzi ɖe nya si míagblɔ ŋua? Kura o! Elabe Yesu ka ɖe edzi na mí be: “Ne wokplɔ mi yina ʋɔnudrɔ̃ƒe la, migatsi dzimaɖi le nya si miagblɔ ŋu o; ke boŋ nya sia nya si woana mi le gaƒoƒo ma me la, migblɔe, elabena menye miawoe le nu ƒom o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe lae.”—Marko 13:9-13.

“Vɔvɔ̃ Ðo Felike” (Dɔw. 24:22-27)

16, 17. (a) Nya kae Felike gblɔ esi wònɔ ʋɔnu drɔ̃m Paulo? (b) Nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo Felike, eye nu ka tae wòna wokplɔ Paulo va egbɔ enuenu?

16 Menye esiae nye zi gbãtɔ si Nutodziɖula Felike se Kristotɔwo ƒe dzixɔse ŋu nya o. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi Felike nya nu ku ɖe Mɔ sia [aleae woyɔa Kristo yomedzelawo ɣemaɣi] ŋu nyuie ta la, etɔ te nya la dɔdrɔ̃ gblɔ be: ‘Ne aʋafiagã Lisia va ɖo ko la, matso nya me na mi.’ Eye wòɖe gbe na asrafomegã la be wòasika ŋutsua ɖi, gake wòana ablɔɖe aɖe sinui, eye be wòaɖe mɔ na eƒe amewo woana kpekpeɖeŋui.”—Dɔw. 24:22, 23.

17 Le ŋkeke aɖewo megbea, Felike kple srɔ̃a Drusila, si nye Yudatɔ, na woyɔ Paulo vɛ, eye wose “Kristo Yesu dzi xɔxɔ se ŋu nya tso egbɔ.” (Dɔw. 24:24) Gake “esi Paulo le nu ƒom tso dzɔdzɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felike,” elabe anɔ eme be eƒe dzitsinya nɔ fu ɖem nɛ le nu gbegblẽ siwo wòwɔ va yia ta. Eya ta egblɔ na Paulo be: “Heyi fifia gbɔ, ne mekpɔ asinu hã, magaɖo ame ɖe wò.” Le nyateƒe mea, Felike na wokplɔ Paulo va egbɔ enuenu, menye le esi wòdi be yeasrɔ̃ nyateƒea tae o, ke boŋ ele mɔ kpɔm be Paulo nana zãnu ye.—Dɔw. 24:25, 26.

18. Nu ka tae Paulo ƒo nu tso “dzɔdzɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna ŋu” na Felike kple srɔ̃a?

18 Nu ka tae Paulo ƒo nu tso “dzɔdzɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna ŋu” na Felike kple srɔ̃a? Ðo ŋku edzi be nu siwo wodi be yewoanyae nye nu si “Kristo Yesu dzi xɔxɔ se” bia. Esi Paulo nya agbe vlo si Felike kple srɔ̃a nɔ, ale si wosẽa ŋuta, kple nu madzɔmadzɔ siwo wowɔna taa, edi be yeana nu si Mawu di be woawɔ hafi woate ŋu adze Kristo yomea me nakɔ na wo. Nya siwo Paulo gblɔa ɖee fia be ale si Felike kple srɔ̃a le agbe nɔmeea to vovo kura na nu si Mawu di tso amegbetɔwo si. Ðe wòle be Paulo ƒe nyawo nakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be Mawu ava drɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe nu siwo ŋu wòbuna, nya siwo wògblɔna, kple nu siwo wòwɔna ta, eye vevietɔ wua, be ʋɔnu si Mawu ava drɔ̃ woa yi ŋgɔ wu ʋɔnu si woawo woadrɔ̃ Paulo. Eya tae mewɔ nuku o be nya siawo na “vɔvɔ̃ ɖo” Felike!

19, 20. (a) Le míaƒe subɔsubɔdɔa mea, aleke míawɔ nu ɖe ame siwo dze abe ɖe wolɔ̃ nyateƒea ene gake wogbe tɔtrɔ wɔwɔa ŋu? (b) Aleke míewɔ nya be Felike melɔ̃ Paulo ƒe nya o?

19 Le míaƒe subɔsubɔdɔa mea, míado go ame siwo le abe Felike ene. Adze abe ɖe wodi be yewoasrɔ̃ nyateƒea ene, gake womele klalo be yewoatrɔ yewoƒe agbenɔnɔ o. Ele be míaɖɔ ŋu ɖo ne míele kpekpem ɖe ame siawo tɔgbi ŋu. Míawo hã míate ŋu ana woanya Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo abe ale si Paulo wɔe ene. Ðewohĩ nyateƒea ava de dzi gbɔ na wo. Gake ne edze ƒãa be wogbe be yewomatrɔ oa, ele be míaɖe asi le wo ŋu, eye míatrɔ ɖe ame siwo di ŋutɔŋutɔ be yewoanya nyateƒea ŋu.

20 Ame si ƒomevi Felike nye va dze kɔtɛe le nya si Biblia gblɔa me. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Le ƒe eve megbe la, Porkio Festo va xɔ ɖe Felike teƒe; eye esi Felike di be yeƒe nu nadze Yudatɔwo ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe ga me.” (Dɔw. 24:27) Edze ƒãa be Felike melɔ̃ Paulo ƒe nya o. Felike nyae be menye ɖe Kristotɔawo nɔ agbagba dzem be yewoatsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu alo nɔ dzi dem ƒo na amewo be woawɔe nenema o. (Dɔw. 19:23) Enya hã be Paulo meda Romatɔwo ƒe se aɖeke dzi o. Gake Felike gblẽ apostoloa ɖe gaxɔ me ale “be yeƒe nu nadze Yudatɔwo ŋu.”

21. Nu kae dzɔ ɖe Paulo dzi esi Porkio Festo va zu nutodziɖula, eye nu kae anya do ŋusẽe?

21 Abe ale si wòdze le Dɔwɔwɔwo ta 24 lia ƒe kpukpui mamlɛa me enea, Paulo kpɔtɔ nɔ gaxɔ me esi Porkio Festo va zu nutodziɖula ɖe Felike teƒe. Eya ta eva hiã be woakplɔ Paulo yi dziɖula vovovowo ŋkume be woadrɔ̃ nya nɛ. Nyateƒee, wokplɔ apostolo dzinɔameƒotɔ sia yi “dufiawo kple nutodziɖulawo ŋkume.” (Luka 21:12) Abe ale si míava kpɔe enea, Paulo ɖi ɖase na fia gãtɔ si nɔ dzi ɖum ɣemaɣi. Le ye katã mea, Paulo ƒe xɔse megbɔdzɔ gbeɖe o. Edze ƒãa be Yesu ƒe nya si wògblɔ nɛ be, “Lé dzi ɖe ƒo!” la do ŋusẽe geɖe.

a Kpɔ aɖaka si nye “ Felike—Yudea Nutodziɖula.”

b Tertulo da akpe na Felike ɖe “ŋutifafa geɖe” si wòhe va dukɔa me ta. Gake nyateƒeae nye be ŋutasẽnuwo bɔ ɖe Yudea le Felike ƒe dziɖuɣi wu nutodziɖula bubu ɖe sia ɖe si do ŋgɔ nɛ tɔ ale gbegbe be mlɔeba Yudatɔwo va dze aglã ɖe Romatɔwo ŋu. Tertulo gblɔ hã be Yudatɔwo da “akpe manyagblɔ” na Felike ɖe tɔtrɔ wɔnuku siwo wòhe vɛ ta, gake ema hã nye alakpa sɔŋ. Le nyateƒe mea, Yudatɔwo lé fu Felike elabe ete wo ɖe anyi eye meɖea mɔ na wo be woalɔ gbɔ o.—Dɔw. 24:2, 3.