Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 27

‘Eɖia Ðase Tsitotsito’

‘Eɖia Ðase Tsitotsito’

Togbɔ be Paulo nɔ gaxɔ me le Roma hãa, eyi edzi ɖe gbeƒã

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 28:11-31 dzi

1. Ame ka dzie Paulo kple nɔviawo ka ɖo, eye nu ka tae?

 LE ƑE 59 K.Ŋ. me lɔƒoa, tɔdziʋu aɖe si dzi woŋlɔ ɖo be “Zeus Viwo,” si anya nye agbatsɔʋu dze mɔ tso Mediteranea Ƒua ƒe ƒukpo si nye Malta dzi yina Italia. Paulo, si le game eye wole eŋu dzɔm, kple nɔvia Kristotɔ siwo nye Luka kple Aristarko hã nɔ ʋu ma me. (Dɔw. 27:2) Paulo kple nɔviawo meɖo ŋu ɖe Helatɔwo ƒe mawu Zeus ƒe venɔvi siwo nye Castor kple Pollux ŋu be woakpɔ yewo ta abe ale si ʋua me nɔla bubuwo le mɔ kpɔm ene o. Paulo kple nɔviawo ya subɔa Yehowa, ame si ka ɖe edzi na Paulo be aɖi ɖase tso nyateƒea ŋu le Roma, eye wòado ɖe Kaisaro ŋkume.—Dɔw. 23:11; 27:24.

2, 3. Mɔ kae tɔdziʋu si Paulo ɖoa to, eye ame kae nɔ kpekpem ɖe Paulo ŋu le mɔzɔzɔa katã me?

2 Tɔdziʋua va ɖo Sirakusa, si nye Sicily ƒe du si nya kpɔ abe Atene kple Roma ene, eye wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃. Emegbe woho tso afi ma va Regio si le Italia ƒe anyiehe. Eyome ɣedzeƒeya aɖe ƒo, si na ʋua zɔ kilometa320 eye le ɣeyiɣi kpui aɖe mea, wova ɖo Italia ƒe melidzeƒe si nye Puteoli (si gogo egbegbe Naples) le ŋkeke evea gbe.—Dɔw. 28:12, 13.

3 Madidi o, Paulo ava ɖo Roma eye wòado ɖe Roma Fiagã Nero ŋkume. Tso Paulo ƒe mɔzɔzɔa ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia, “akɔfafawo katã ƒe Mawu” la li kplii. (2 Kor. 1:3) Abe ale si míava kpɔe enea, Yehowa yi edzi kpe ɖe Paulo ŋu eye Paulo hã megbɔdzɔ alo dzudzɔ nya nyuia gbɔgblɔ o.

‘Paulo Da Akpe Na Mawu, Eye Dzi Ðo Eƒo’ (Dɔw. 28:14, 15)

4, 5. (a) Aleke wonyo dɔme na Paulo kple eƒe zɔhɛwo le Puteoli, eye nu ka tae woanya na ablɔɖee nenema gbegbe? (b) Aleke Kristotɔwo ƒe agbe nyui nɔnɔ aɖe vi na wo ne wole gaxɔ me gɔ̃ hã?

4 Esi woɖo Puteoli la, Paulo kple eƒe zɔhɛawo ‘kpɔ nɔvi aɖewo le afi sia, eye nɔviawo ɖe kuku na wo vevie be woanɔ yewo gbɔ ŋkeke adre.’ (Dɔw. 28:14) Dɔmenyonyo ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye esi nɔviawo ɖo ɖi! Le nyateƒe mea, Paulo kple eƒe zɔhɛawo anya de dzi ƒo na nɔvi siawo siwo nyo dɔme na wo alea. Gake nu ka tae wona ablɔɖe sia gbegbe gamenɔla si ŋu dzɔm wonɔ? Ðewohĩ Paulo ƒe nuwɔnawoe na asrafoawo ka ɖe edzi nenema gbegbe.

5 Egbea hã, nɔnɔme nyuie siwo Yehowa Ðasefo siwo le gaxɔwo kple fuwɔamesaɖawo me ɖena fiana taa, wonaa ablɔɖe aɖe sinu wo, si womenaa gaxɔmenɔla bubuwo o. Le kpɔɖeŋu me, le Romania, ŋutsu aɖe si wolé de gaxɔ me ƒe 75 le fififi taa, trɔ eƒe agbenɔnɔ kura esi wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Esia wɔe be gaxɔdzikpɔlaawo ka ɖe edzi ale gbegbe be, wodɔa eya ɖeka be wòayi dua me avae ƒle nuzazãwo va gaxɔa me. Le ye katã mea, míaƒe agbe nyui nɔnɔ nana wokafua Yehowa ƒe ŋkɔ.—1 Pet. 2:12.

6, 7. Aleke Roma nɔviawo ɖee fia be yewolɔ̃ Paulo vevie?

6 Esi Paulo kple eƒe zɔhɛawo dzo le Puteolia, wozɔ kilometa 50 yi Kapua le Apia Mɔ, si yi Roma dzi. Kpe gbadzɛwoe woɖo tsɔ do mɔa. Mɔzɔla siwo le mɔa dzi ate ŋu anɔ kɔƒedu nyakpɔ siwo le adzɔgea kpɔm, eye le teƒe aɖewoa, woate ŋu akpɔ Mediteranea Ƒua. Mɔa ƒe akpa aɖe va to Pontine Tɔba me. Teƒe sia nye ba finyafinya eye wòdidi kilometa 60 tso Apio-si me, le Roma. Luka gblɔ be: ‘Esi nɔviawo se mía ŋkɔ la, wo dometɔ aɖewo tso afi ma va kpe mí le keke asia me, eye bubuwo nɔ mía lalam le Amedzrodzeƒe Etɔ̃awo,’ si didi kilometa 50 tso Roma. Nɔvilɔlɔ̃ ka gbegbee nye esi!—Dɔw. 28:15.

7 Ðeɖi te mɔzɔla siawo ŋu, evɔ womate ŋu aɖi ɖe eme le Apio-sia me o, elabe teƒea mede ame dzi o. Roma hakpanyaŋlɔla Horace ɖɔ asia be enye “teƒe si tɔƒodelawo kple amedzrodzeƒedzikpɔla siwo mewɔa nu ɖe ame ŋu nyuie o sɔ gbɔ ɖo eye tsi si le teƒea ʋẽna ale gbegbe.” Eya ta hakpanyaŋlɔla sia melɔ̃na be yeaɖu nu le afi ma gɔ̃ hã o! Togbɔ be teƒea mede ame dzi o hãa, nɔvi siwo tso Roma tsɔ dzidzɔ lala Paulo kple eƒe zɔhɛawo le afi ma, be yewoakplɔe aɖo ɖa le eƒe mɔzɔzɔ mamlɛtɔ sia me.

8. Nu ka tae Paulo da akpe na Mawu ‘esi wòkpɔ nɔviawo’?

8 Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Esi Paulo kpɔ nɔviawoa, eda akpe na Mawu, eye dzi ɖo eƒo.’ (Dɔw. 28:15) Le nyateƒe mea, esi wòkpɔ nɔvia siwo dometɔ aɖewo wònyaa, efa akɔ nɛ eye wòdo ŋusẽe. Nu ka tae Paulo da akpe na Mawu? Enyae be Mawu ƒe gbɔgbɔae ʋãa amewo woɖea lɔlɔ̃ sia tɔgbi fiana. (Gal. 5:22) Egbea hãa, gbɔgbɔ kɔkɔea ʋãa Kristotɔwo be woawɔ nu ŋutɔŋutɔwo atsɔ akpe ɖe wo nɔviwo ŋu eye woafa akɔ na wo le nɔnɔme sesẽwo me.—1 Tes. 5:11, 14.

9. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Roma nɔvi siwo vae do go Paulo?

9 Le kpɔɖeŋu me, gbɔgbɔ kɔkɔea ʋãa nɔviwo be woawɔ amedzro na nutome sue dzikpɔlawo, dutanyanyuigblɔlawo kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla bubuwo. Nɔvi dovevienu siawo tsɔ nu geɖe sa vɔe be yewoate ŋu asubɔ Yehowa geɖe wu. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mate ŋu awɔ geɖe wu atsɔ akpe asi ɖe nutome sue dzikpɔla ŋu, ɖewohĩ awɔ amedzro na eya kple srɔ̃a, ne srɔ̃ le esia? Ðe mate ŋu awɔ ɖoɖo azɔ kpli wo le gbeadzia?’ Ne èwɔ esiawoa, aɖe vi na wò ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, bu dzidzɔ si Roma nɔviawo akpɔ esi Paulo kple eƒe zɔhɛawo nɔ nuteƒekpɔkpɔ dedziƒonamewo gblɔm na wo ŋu kpɔ.—Dɔw. 15:3, 4.

“Woƒoa Nu Tsia Tre Ðe Kɔmama Sia Ŋu Le Afi Sia Afi” (Dɔw. 28:16-22)

10. Aleke nɔnɔmeawo nɔ na Paulo le Roma, eye nu kae apostoloa wɔ esi wòva ɖo afi ma teti?

10 Esi Paulo kple eƒe zɔhɛawo va ɖo Roma mlɔebaa, “woɖe mɔ na Paulo be wòanɔ eɖokui si, gake asrafo nanɔ eŋu dzɔm.” (Dɔw. 28:16) Zi geɖea, wodea kɔsɔkɔsɔ gamenɔla si woɖe mɔ na be wòanɔ eɖokui si tsina ɖe dzɔla aɖe ŋu. Togbɔ be Paulo nɔ nɔnɔme sia tɔgbi me hãa, eyi edzi ɖe gbeƒã nya nyuia. Eya ta esi wòɖi ɖe eme ŋkeke etɔ̃ vɔ megbea, eyɔ Yudatɔwo ƒe amegã siwo le Roma ƒo ƒu eye wòɖe eɖokui fia wo, ɖi ɖase na wo.

11, 12. Esi Paulo nɔ nu ƒom kple Yudatɔ siwo le Romaa, nya kae wògblɔ kple susu be woagabu nazã ɖe ye ŋu o?

11 Paulo gblɔ na wo be: “Ŋutsuwo, nɔviwo, togbɔ be nyemewɔ naneke si tsi tsitre ɖe dukɔ la alo mía tɔgbuiwo ƒe kɔnuwo ŋu o hã la, wode gam tso Yerusalem, eye wotsɔm de asi na Romatɔwo. Esi ame siawo ku nya la me vɔ la, wodi be yewoaɖe asi le ŋunye, elabena nyemewɔ naneke si dze ku o. Ke esi Yudatɔwo melɔ̃ ɖe edzi o ta la, eva hiã be mabia be Kaisaro nagbugbɔ nye nya la adrɔ̃ nam, ke hã, menye abe ɖe metsɔ nya ɖe nye dukɔa ŋu ene o.”—Dɔw. 28:17-19.

12 Esi Paulo yɔ Yudatɔ siwo nɔ to ɖomee be “nɔviwo” la, edi be woakpɔe be ye nɔviwo ko wonye, ale be woagabu nazã ɖe ye ŋu o. (1 Kor. 9:20) Ena eme kɔ hã be menye ɖe yeva be yeabu fɔ ye nɔvi Yudatɔwo o, ke boŋ be Kaisaro nagbugbɔ yeƒe nyaa adrɔ̃ na ye. Yudatɔ siwo le nutoa me mese nya aɖeke kura be Paulo bia be woagbugbɔ yeƒe nya aɖe adrɔ̃ na ye o. (Dɔw. 28:21) Aleke wòdzɔe be Yudatɔ siwo le Yudea mena Yudatɔ siwo le Roma see o? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Tɔdziʋu si Paulo ɖo anya nye gbãtɔ siwo va ɖo Italia le vuvɔŋɔlia megbe dometɔ ɖeka. Eya ta ame dɔdɔ alo agbalẽ aɖeke meva ɖo do ŋgɔ na Paulo o.”

13, 14. Aleke Paulo dze Fiaɖuƒe nya nyuia gbɔgblɔ gɔme, eye aleke míate ŋu asrɔ̃e?

13 Paulo gblɔ Fiaɖuƒe nya nyuia na wo le mɔ si ana woadi be yewoagase nya geɖe nu. Egblɔ na wo be: “Susu sia tae mebia be woana makpɔ mi ne maƒo nu kpli mi ɖo, elabena ame si Israel le mɔ kpɔm na la tae kɔsɔkɔsɔ sia le ŋunye ɖo.” (Dɔw. 28:20) Mɔkpɔkpɔ mae nye Mesia kple eƒe Fiaɖuƒea, si Kristotɔwo ɖea gbeƒãe. Yudatɔwo ƒe amegãwo gblɔ nɛ be: “Míekpɔe be esɔ be míase nu si le susu me na wò, elabena le nyateƒe me la, míenyae be woƒoa nu tsia tre ɖe kɔmama sia ŋu le afi sia afi.”—Dɔw. 28:22.

14 Ne mɔnukpɔkpɔa su mía si be míagblɔ nya nyuia, míate ŋu asrɔ̃ apostolo Paulo ne míezã nyabiase siwo ana amewo nabu tame eye woadi be yewoaɖo to. Míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le agbalẽ siawo me: Reasoning From the Scriptures [Comment raisonner à partir des Écritures], Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Hehenana Naɖe Vi Na Wò, kple Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia. Ðe nèle Biblia-srɔ̃gbalẽ siawo ŋu dɔ wɔm nyuie be woaɖe vi na wòa?

Paulo Ðo Kpɔɖeŋu Ði Na Mí—‘Eɖi Ðase Tsitotsito’ (Dɔw. 28:23-29)

15. Nu vevi ene kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe ɖaseɖiɖia me?

15 ‘Yudatɔ gbogbo aɖewo’ va Paulo gbɔ le afi si wòdze le ŋkeke si woɖoa dzi. Paulo ɖe nu me na wo eye wòɖi “ɖase le Mawu Fiaɖuƒe la ŋu tsitotsito tsɔ ɖe nya la me na wo tso ŋdi va se ɖe fiẽ, eye wòna kpeɖodzi wo tso Mose ƒe Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽwo me ku ɖe Yesu ŋu.” (Dɔw. 28:23) Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi ene tso Paulo ƒe ɖaseɖiɖia me. Gbã, eƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea koŋ ŋu. Evelia, ena kpeɖodziawo dze. Etɔ̃lia, ezã Ŋɔŋlɔawo tsɔ dzro nu me kpli wo. Enelia, etsɔ eɖokui na eye wòɖi ɖase “tso ŋdi va se ɖe fiẽ.” Kpɔɖeŋu nyui aɖee nye esia míate ŋu asrɔ̃! Aleke Paulo ƒe agbagbadzedze siawo ɖe vii? “Wo dometɔ aɖewo xɔ nya siwo wògblɔ la dzi se,” togbɔ be bubuwo ya mexɔ edzi se o hã. Esia wɔe be nyahehe ɖo wo dome, eye Luka gblɔ be: “Wonɔ dzodzom.”—Dɔw. 28:24, 25a.

16-18. Nu ka tae Yudatɔ siwo le Roma, siwo gbe nya nyuia sese, ƒe nuwɔna mewɔ nuku na Paulo o, eye aleke wòle be míawo hã míawɔ nu ne amewo gbe nya nyuia sese?

16 Ameawo ƒe nuwɔna mewɔ nuku na Paulo o, elabe wogblɔe ɖi le Biblia me eye menye zi gbãtɔe nye esia amewo le nu wɔm alea o. (Dɔw. 13:42-47; 18:5, 6; 19:8, 9) Eya ta Paulo gblɔ na eƒe nyasela siwo gbe toɖoɖo, siwo nɔ dzodzomaa be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nyuie to nyagblɔɖila Yesaya dzi na mia tɔgbuiwo be, ‘Yi dukɔ sia gbɔ nàgblɔ na wo be: “Miasee baa, gake miase egɔme akpɔ o; eye miakpɔ nu baa, gake miadze sii gbeɖe o. Elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri.”’” (Dɔw. 28:25b-27) Yudatɔ siawo tu to eye wogbe Fiaɖuƒe nya nyuia sese. Nublanuinya kae nye esi!

17 Nya mamlɛtɔ si Paulo gblɔ na Yudatɔ siawoe nye: ‘Dukɔwo me tɔwo ya aɖo toe godoo.’ (Dɔw. 28:28; Ps. 67:2; Yes. 11:10) Apostoloa ka ɖe esia dzi, elabe eya ŋutɔ kpɔ eteƒe dukɔwo me tɔ geɖewo ɖo to Fiaɖuƒe nya nyuia!—Dɔw. 13:48; 14:27.

18 Abe Paulo enea, mele be wòate ɖe mía dzi ne amewo gbe nya nyuia sese o, elabe míenyae nyuie be ame ʋɛ aɖewo koe ake ɖe mɔ si kplɔa ame yia agbe mea ŋu. (Mat. 7:13, 14) Gake ne ame siwo si dzi nyui le tiae be yewoasubɔ Yehowa la, míekpɔa dzidzɔ eye míexɔa wo nyuie.—Luka 15:7.

“Eɖea Gbeƒã Na Wo Tso Mawu Fiaɖuƒe La Ŋu” (Dɔw. 28:30, 31)

19. Aleke Paulo wɔ eƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔ nyuie?

19 Luka ƒo eƒe nuŋlɔɖia ta kple nya wɔdɔɖeamedzi siawo be: “[Paulo nɔ] afi ma le xɔ si eya ŋutɔ haya me ƒe eve blibo, eye wòxɔa ame siwo vaa egbɔ la nyuie. Eɖea gbeƒã na wo tso Mawu Fiaɖuƒe la ŋu, eye wòfiaa nu siwo ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu la wo faa mɔxeɖenu aɖeke manɔmee.” (Dɔw. 28:30, 31) Paulo ɖe gbeƒã kple dzo, ewɔ amedzro eye wòɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí!

20, 21. Esi Paulo ɖe gbeƒã le Roma la, ame kawoe wòɖe vi na?

20 Ame siwo Paulo xɔ nyuie dometɔ ɖekae nye Onesimo, si nye kluvi aɖe si si tso eƒe aƒetɔ gbɔ le Kolose. Paulo kpe ɖe Onesimo ŋu wòva zu Kristotɔ, eye Onesimo va zu Paulo nɔvi “nuteƒewɔla lɔlɔ̃a.” Le nyateƒe mea, Paulo gblɔ be enye ‘ye vi, ame si yeva zu fofo na.’ (Kol. 4:9; Filem. 10-12) Onesimo hã anya de dzi ƒo na Paulo ŋutɔ! a

21 Paulo ƒe kpɔɖeŋua ɖe vi na ame bubuwo hã. Eŋlɔ agbalẽ na Filipitɔwo be: “Nye nɔnɔmea na be nya nyui la ɖe zɔ yi ŋgɔ boŋ, ale be Roma fiagã ƒe dzɔlawo katã kple ame susɔeawo katã va nyae be Kristo tae mele gaxɔ me ɖo. Azɔ kakaɖedzi va su nɔvi siwo le Aƒetɔ la me dometɔ akpa gãtɔ si le nye gamenɔnɔ ta, eye dzi gaɖo wo ƒo geɖe wu be woagblɔ Mawu ƒe nya la vɔvɔ̃manɔmee.”—Flp. 1:12-14.

22. Aleke Paulo wɔ eƒe gamenɔnɔ le Roma ŋu dɔ nyuie?

22 Togbɔ be Paulo nɔ game le Roma hãa, ewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ ŋlɔ lɛta vevi aɖewo, siwo hã va le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. b Agbalẽ siawo ɖe vi na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo wòŋlɔ wo na. Paulo ƒe agbalẽawo ɖea vi na míawo hã, elabe aɖaŋu siwo wòɖo le emea gasɔ egbea, abe ale si wònɔ ɣemaɣi ene.—2 Tim. 3:16, 17.

23, 24. Abe Paulo enea, aleke Kristotɔ siwo li egbea yi edzi kpɔa dzidzɔ togbɔ be wolé wo de gaxɔ me le woƒe xɔse ta hã?

23 Wova ɖe asi le Paulo ŋu mlɔeba, gake womeƒo nu tso esia ŋu le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me o. Le wo katã mea, Paulo nɔ gaxɔ me ƒe ene sɔŋ: ewɔ ƒe eve le Kaisarea, eye wòwɔ ƒe eve le Roma hã. c (Dɔw. 23:35; 24:27) Gake eyi edzi kpɔ dzidzɔ eye wòwɔ nu sia nu si wòate ŋui tsɔ subɔ Yehowa nyuie. Nenema kee egbea hãa, Yehowa subɔla siwo woléna dea gaxɔ me madzemadzee yia edzi kpɔa dzidzɔ eye woɖea gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Adolfo si wolé de ga le Spain le esi eƒe xɔse meɖe mɔ nɛ be wòawɔ asrafodɔ o ta. Gaxɔdzikpɔla aɖe gblɔ nɛ be: “Wò nu wɔa nuku na mí ŋutɔ. Míedzea agbagba be míana nuwo nasesẽ na wò le gaxɔa me, gake mènaa ta o, aleke kee míeɖadze agbagbae o. Èyia edzi ɖoa nukomo, eye nèƒoa nu tufafatɔe.”

24 Medidi o, wova ka ɖe Adolfo dzi ale gbegbe be womegadoa gaxɔ si me wòlea ƒe ʋɔtruwo o. Asrafowo yia egbɔ va biaa nyae tso Biblia ŋu. Dzɔlawo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã yia Adolfo ƒe gaxɔ me va xlẽa Biblia eye Adolfo nɔa mɔ dzi kpɔm nɛ. Gaxɔmenɔla boŋue ma va le dzɔlaa “ŋu dzɔm”! Mina Ðasefo wɔnuteƒe siawo ƒe kpɔɖeŋu nyui siawo naʋã mí ‘dzi naɖo mía ƒo geɖe wu be míagblɔ Mawu ƒe nyaa vɔvɔ̃manɔmee,’ le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me.

25, 26. Togbɔ be mede ƒe 30 o hãa, Yesu ƒe nyagblɔɖi kae Paulo kpɔ wòva eme, eye aleke nyagblɔɖi sia le eme vam egbea hãe?

25 Togbɔ be Kristo ƒe apostolo sia nɔ game hãa, eyi edzi ‘ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea’ na ame siwo katã va srãe kpɔ. Nya siawoe wotsɔ ƒo Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedziawo ta! Le agbalẽ sia ƒe ta gbãtɔ mea, míekpɔ dɔ si Yesu de asi na eyomedzelawo esi wògblɔ na wo be: “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Mede ƒe 30 o, gake “woɖe gbeƒã [Fiaɖuƒe nya nyuia] le nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te dome.” d (Kol. 1:23) Esia ɖo kpe edzi be ŋusẽ le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu nyateƒe!—Zak. 4:6.

26 Egbea hã, gbɔgbɔ kɔkɔea doa ŋusẽ Kristo nɔvi siwo susɔ ɖe anyigbaa dzi kple wo nɔvi siwo nye ‘alẽ bubuawo,’ be woayi edzi ‘aɖi ɖase tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito’ le dukɔ 240 me! (Yoh. 10:16; Dɔw. 28:23) Ðe nèle asi kpem ɖe dɔ sia ŋu bliboea?

a Paulo adi be Onesimo natsi ye gbɔ hafi, gake medi be yeada le Romatɔwo ƒe se dzi ana Onesimo si si le eƒe aƒetɔ Filemon, si hã va zu Kristotɔ gbɔ, nava tsi ye gbɔ o. Eya ta Paulo ŋlɔ agbalẽ de Onesimo si, eye wòɖoe ɖe eƒe aƒetɔ Filemon hegblɔ nɛ be wòaxɔe nyuie, elabe eva zu Kristotɔ.—Filem. 13-19.