Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 26

“Mia Dometɔ Aɖeke Mabu Eƒe Agbe O”

“Mia Dometɔ Aɖeke Mabu Eƒe Agbe O”

Paulo ɖe xɔse sẽŋu kple lɔlɔ̃ deto fia esime tɔdziʋu si me wonɔa gbã

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 27:1–28:10 dzi

1, 2. Mɔzɔzɔ kae dze ŋgɔ Paulo, eye nu kawo ŋue wòanya tsi dzi ɖo?

 PAULO anya nɔ nya si Nutodziɖula Festo gblɔ nɛ be “Àyi Kaisaro gbɔ” ŋu bum, elabe Paulo menya nu si ava dzɔ ɖe ye dzi le afi ma o. Ƒe eve sɔŋ ye nye ema Paulo le gaxɔ me, eya ta mɔ legbee sia zɔzɔ ayi Roma ana wòaganɔ ame dome vie ya teti. (Dɔw. 25:12) Gake mɔ siwo Paulo zɔ to ƒu dzi va yi ƒe akpa gãtɔ mede edzi o. Eya ta Paulo anya nɔ mɔzɔzɔa kple ale si wòava do ɖe Kaisaro ŋkume ŋu bum.

2 Paulo ɖo “ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi” zi geɖe. Enɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃, eye wòtsi atsiaƒu dzi zã blibo ɖeka kple ŋkeke blibo ɖeka kpɔ. (2 Kor. 11:25, 26) Gake mɔzɔzɔ sia ato vovo na esiwo wòzɔ va yi esime wònye dutanyanyuigblɔla. Fifia ya, gamenɔlae wònye eye mɔa hã didi ŋutɔ; tso Kaisarea yi Roma ade kilometa 3,000. Ðe wòate ŋu aɖo afi ma dediea? Ne eva yi ɖo dedie hãa, ɖe woatso kufia nɛ le afi maa? Ðo ŋku edzi be eyina dodo ge ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si nɔ anyi le Satana ƒe xexe sia me ɣemaɣia ŋkume.

3. Nu kae Paulo ɖoe kplikpaa be yeawɔ, eye nu ka mee míadzro le ta sia me?

3 Esi nèxlẽ nu tso Paulo ŋu va se ɖe fifia, èsusu be nɔnɔmea ana dzi naɖe le eƒo eye wòana taa? Gbeɖe! Enyae be yeato nɔnɔme sesẽwo me, gake menya ale si tututu nuwo anɔ o. Enyae hã be mele be yeatsi dzi ɖe nu mawo ŋu o, elabe yemate ŋu awɔ naneke tso wo ŋu o. (Mat. 6:27, 34) Ele susu me na Paulo be ne nu siawo na yetsi dzia, ana yemagakpɔ dzidzɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me o. Eɖo ŋku edzi be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be yeaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia le nɔnɔme ɖe sia ɖe me, na dziɖulawo gɔ̃ hã. (Dɔw. 9:15) Esia na wòɖoe kplikpaa be nu ka kee ɖadzɔ o, yeawɔ dɔ sia. Menye nu siae míawo hã míeɖo be míawɔ oa? Eya ta na míakplɔ Paulo ɖo le mɔzɔzɔ vevi sia me, ne míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ.

“Ya Sesẽ Aɖe Ƒo Va Kpe Mí” (Dɔw. 27:1-7a)

4. Tɔdziʋu ka tɔgbi mee wode Paulo na mɔzɔzɔa, eye nɔvi kawoe yi kplii?

4 Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubuawo de asi na Roma-srafomegã aɖe si ŋkɔe nye Yulio. Yulio tiae be yewoaɖo agbatsɔtɔdziʋu aɖe si va Kaisarea. Tɔdziʋua tso Adramitio ƒe melidzeƒe si le Asia Sue, va to Mitilene si le Lesbos ƒukpoa dzi va Kaisarea. Tɔdziʋua aɖo ta dziehe eye emegbe wòatrɔ ayi ɣetoɖoƒe gome, anɔ tɔtɔm anɔ agbawo ɖem eye wòanɔ agbawo dem le mɔ dzi. Womewɔ agbatsɔʋu siawo tɔgbi be woakɔ amewo o, vevietɔ made gamenɔlawo dzi o. (Kpɔ aɖaka si nye “ Ƒudzimɔzɔzɔ Kple Asitsamɔwo.”) Enyo ŋutɔ be menye Paulo ɖeka koe nye Kristotɔ le gamenɔla nu gbegblẽ wɔlawo dome o. Ne mede ɖeke oa, nɔvia Kristotɔ eve le eŋu: woawoe nye Aristarko kple Luka. Le nyateƒe mea, Lukae ŋlɔ nu tso nudzɔdzɔ siawo ŋu. Mímenya ne Aristarko kple Luka xe fe hafi ɖo ʋua, alo woɖe mɔ woɖoe le esi wole kpekpem ɖe Paulo ŋu ta o.—Dɔw. 27:1, 2.

5. Ame kawoe Paulo do goe le Sidon, eye nu ka dzie esia nana míeɖoa ŋkui?

5 Esi wonɔ ƒu dzi ŋkeke ɖeka eye wozɔ mɔ kilometa 110 ɖo ta dziehea, ʋua va tɔ ɖe Sidon le Siria ƒu ta. Edze ƒãa be Yulio wɔ nu ɖe Paulo ŋu nyuie wu gamenɔla bubuawo, ɖewohĩ le esi Paulo nye Roma vidzidzi eye medze agɔ aɖeke o ta. (Dɔw. 22:27, 28; 26:31, 32) Yulio ɖe mɔ na Paulo be wòaɖi avae kpɔ nɔvia Kristotɔwo ɖa. Dzi anya dzɔ nɔviawo be yewoakpe ɖe Paulo si le gaxɔ me eteƒe didia ŋu! Ðe nèɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si me nènyo dɔme na nɔviwo eye woawo hã wodo ŋusẽ wò le mɔ aɖe nu dzia?—Dɔw. 27:3.

6-8. Aleke Paulo ƒe mɔzɔzɔ tso Sidon yi Knido nɔ, eye anɔ eme be mɔnukpɔkpɔ kawo ŋu dɔe Paulo wɔ tsɔ ɖe gbeƒã?

6 Ʋua ho tso Sidon eye wòva to Kilikia si te ɖe Tarso, du si me Paulo tso ŋu. Luka megblɔ afi siwo ʋua gatɔ ɖo ya o, gake eƒo nu tso nɔnɔme sesẽ aɖe si me wova ɖo ŋu. Egblɔ be: “Ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí.” (Dɔw. 27:4, 5) Togbɔ be nɔnɔmea le alea hãa, Paulo ya wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ gblɔ nya nyuia. Míeka ɖe edzi be eɖi ɖase na gamenɔla bubu siwo le ʋua me, ʋua me dɔwɔlawo, asrafoawo, kple ame siwo le teƒe siwo katã ʋua tɔ ɖo. Ðe míawo hã míewɔa mɔnukpɔkpɔ siwo ʋuna ɖi na mí egbea ŋu dɔ ɖea gbeƒã?

7 Medidi o ʋua va ɖo Mira, si nye tɔdziʋudzeƒe aɖe le Asia Sue ƒe anyiehe. Le afi maa, wona Paulo kple ʋua me nɔlawo ɖo tɔdziʋu bubu si akɔ wo ayi Roma. (Dɔw. 27:6) Ɣemaɣiwoa, Egipte ye Romatɔwo ƒlea woƒe nuku akpa gãtɔ tsonɛ; eya ta Egiptetɔwo ƒe tɔdziʋuwo va tɔna ɖe Mira. Yulio kpɔ ʋu siawo ƒe ɖe eye wòna asrafoawo kple gamenɔlawo ɖoe. Ʋu si woɖo fifia anya lolo wu gbãtɔ, elabe ʋua tsɔ nukugba gbogbo aɖewo kple ame 276 sɔŋ, siwo nye ʋua me dɔwɔlawo, asrafowo, gamenɔlaawo, kple ɖewohĩ ame bubu siwo yina Roma. Edze ƒãa be esi wogava ɖo tɔdziʋu bubu siaa, mɔnukpɔkpɔa gasu Paulo si be wòaɖe gbeƒã na ame geɖe eye míeka ɖe edzi be Paulo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia hã ŋu dɔ.

8 Ʋua agavae tɔ ɖe Knido, si le Asia Sue ƒe anyieheɣetoɖoƒe. Ne ya de tɔdziʋua dzia, ate ŋu azɔ mɔ ma ŋkeke ɖeka. Gake Luka gblɔ be: “Míaƒe ʋua zɔ blewu eye le ŋkeke geɖe megbe la, míewɔ ɖɔɖɔɖɔ va ɖo Knido.” (Dɔw. 27:7a) Yaƒoƒoa mede wo dzi kura o. (Kpɔ aɖaka si nye “ Ya Sesẽ Siwo Ƒona Le Mediteranea Ƒua Dzi.”) Bu ale si ʋua me nɔlawo atsi dzi esi ya sesẽ va kpe ʋua eye ƒua dze agbo ŋu kpɔ.

“Ahom La Le Mía Nyamam Vevie” (Dɔw. 27:7b-26)

9, 10. Nɔnɔme sesẽ kawoe do mo ɖa esi wova ɖo Kreta nutoa me?

9 Ʋua kula ɖoe be tso Knido la, yewoaɖo ta ɣetoɖoƒe, gake Luka si kpɔ nudzɔdzɔa teƒe gblɔ be: “Ya la mena mɔ mí be míayi ŋgɔ o.” (Dɔw. 27:7b) Esi tɔdziʋua ho teti koa, ya sesẽ aɖe ƒo tso dzieheɣetoɖoƒe tutu tɔdziʋua sesĩe yi anyiehe lɔƒo. Abe ale si ko Kipro ƒukpoa xe ya na wo kpɔ va yi enea, fifia hã Kreta ƒukpoa xɔ na wo. Esi ʋua to Salmone ŋu le Kreta ƒe ɣedzeƒea, edze abe nuwo ka ɖe eme na wo vie ene. Nu ka tae? Elabe esi ʋua va ɖo ƒukpoa ƒe anyiehea, ƒukpoa xe ya na wo. Bu ale si esia ana ʋua me nɔlawo ƒe dzi nadze emee ŋu kpɔ! Gake nyae nye be vuvɔŋɔli gogo, si awɔe be mɔzɔzɔa nasesẽ. Esia na wogatsi dzi kokoko.

10 Luka gblɔe eme kɔ be: “Míewɔ ɖɔɖɔɖɔ va to [Kreta] ƒugo ma ŋu va ɖo teƒe aɖe si woyɔna be Ʋudzeƒe Nyui.” Togbɔ be wote ɖe go ŋu hãa, yaa yi edzi le ʋua nyamam. Mlɔebaa, wokpɔ teƒe aɖe si de wo dzi, si woate ŋu ada seke na ʋua le. Ŋkeke nenie wonɔ afi ma? Luka gblɔ be “ŋkeke geɖe va yi,” gake ele be woadze mɔ kaba, elabe le September alo October mea, nɔnɔmea agasesẽ ɖe edzi wu.—Dɔw. 27:8, 9.

11. Aɖaŋu kae Paulo ɖo na ʋua me nɔlawo, gake nu kae woɖo be yewoawɔ?

11 Ʋua me nɔla aɖewo anya trɔ ɖe Paulo ŋu be wòagblɔ nu siwo ate ŋu ava dzɔa na yewo, elabe ezɔa mɔ toa Mediteranea Ƒua dzi zi geɖe. Paulo ɖo aɖaŋu be yewoalala akpɔ yaa sinu vie. Ne menye nenema oa, “nu geɖewo le gbegblẽ ge,” ɖewohĩ woƒe agbe atsi eme gɔ̃ hã. Gake tɔdziʋukulaa kple ʋua tɔ ya kpɔe be ehiã kpata be yewoayi teƒe aɖe si le dedie wu. Woƒe nyawo na Yulio kple ʋua me nɔla akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be yewoadzo ayi Foinike, si nye ʋudzeƒe si le ŋgɔ vie. Ðewohĩ tɔdziʋudzeƒe sia lolo, eye woate ŋu anɔ afi ma le vuvɔŋɔlia. Esi anyieheya aɖe ƒo blewuu, si na wosusui vodadatɔe be nɔnɔmea ka ɖe emea, woho.—Dɔw. 27:10-13.

12. Esi woho le Kretaa, nɔnɔme sesẽ ka mee woto, eye nu kae ʋua me dɔwɔlawo dze agbagba wɔ be yewoanɔ te ɖe afɔkua nu?

12 Nɔnɔmeawo va gblẽ ɖe edzi kura: “ya sesẽ” aɖe te ƒoƒo tso dzieheɣedzeƒe. “Ƒukpo sue aɖe si woyɔna be Kauda,” si didi kilometa 65 tso Ʋudzeƒe Nyuia, xe ya na wo ɣeyiɣi aɖe. Gake yaa gatsɔ ʋua ɖe enu ɖo ta anyiehe, si ate ŋu ana wòavae si ke le Afrika ƒe ƒuta. Esi womedi be esia nadzɔ o taa, wohe tɔdziʋu sue si wotsi ɖe ʋu gãa ŋua de eme. Esia menɔ bɔbɔe na wo kura o, elabe ɖewohĩ tsi yɔ tɔdziʋu suea. Emegbe woku kutri vevie tsɔ kawo kple kɔsɔkɔsɔwo to ʋu gãa te tsɔ blae be wòagagbã o. Eyome woɖiɖi abalawo eye wodze agbagba vevie be yewoato ahom la me. Bu ale si nɔnɔmea ɖi vɔvɔ̃e ŋu kpɔ! Togbɔ be wowɔ esia katã hãa, “ya la le tɔdziʋua nyamam vevie.” Le ŋkeke etɔ̃a gbea, wofɔ ʋua me nuwo ƒu gbe ale be ʋua nanɔ wodzoe.—Dɔw. 27:14-19.

13. Aleke nɔnɔmea nɔ na ame siwo nɔ tɔdziʋua me kple Paulo esime ahom la nɔ tutum?

13 Ʋua me nɔlawo anya nɔ vɔvɔ̃m vevie. Gake dzi le Paulo kple nɔviawo ƒo. Do ŋgɔa, Aƒetɔ la ka ɖe edzi na Paulo be aɖi ɖase le Roma, eye mawudɔla aɖe hã ɖo kpe esia dzi nɛ. (Dɔw. 19:21; 23:11) Gake kwasiɖa eve sɔŋue nye ema ahom la yi edzi le tutum. Ʋua kula megava nya afi si tututu wole alo afi si woɖo tae o, elabe tsi le dzadzam eye alilikpo xe ɣea kple ɣletiviwo ŋkume. Vuvɔ, tsidzadza kple vɔvɔ̃ na be mava tame na ʋua me nɔla aɖeke gɔ̃ hã be yeaɖu nu teti o.

14, 15. (a) Nu ka tae Paulo gagblɔ nuxlɔ̃amenya si wògblɔ va yi esi wòle nu ƒom na ʋua me nɔlawo? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si Paulo gblɔ tsɔ na mɔkpɔkpɔ ʋua me nɔlawo me?

14 Paulo tsi tsitre. Egagblɔ nuxlɔ̃amenya si wògblɔ na wo va yi, gake menye kple susua be yeahe nya ɖe wo ŋu o. Ke boŋ ana woakpɔe be nɔnɔme si me yewova le fifia ɖee fia be susu le aɖaŋu si yeɖo va yia me. Eye Paulo gblɔ be: “Mele dzi dem ƒo na mi be mialé dzi ɖe ƒo, elabena mia dometɔ aɖeke mabu eƒe agbe o, negbe tɔdziʋua koe agbã.” (Dɔw. 27:21, 22) Nya siawo anya de dzi ƒo na ʋua me nɔlawo ale gbegbe! Dzi anya dzɔ Paulo ŋutɔ hã be Yehowa tsɔ nya dedziƒo ma na ye be yeagblɔ na wo. Ele vevie be míanyae be ame sia ame ƒe agbe xɔasi na Yehowa. Apostolo Petro gblɔ be: “Yehowa . . . medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.” (2 Pet. 3:9) Eya ta ehiã vevie be míadze agbagba ana Yehowa ƒe nya si naa mɔkpɔkpɔ naɖo ame sia ame gbɔ! Elabe amewo ƒe agbe si le vevie na Yehowa la, ɖo afɔku me.

15 Anɔ eme be Paulo nɔ gbeƒã ɖem na ʋua me nɔlawo tso “ŋugbe si Mawu do” ŋu. (Dɔw. 26:6; Kol. 1:5) Fifia esi wòdze ƒãa be ʋua agbãa, Paulo gblɔ mɔkpɔkpɔ si le ŋgɔ kpuiea na wo. Egblɔ na wo be: “Le zã sia me la, Mawu, ame si tɔ menye . . . la, ƒe dɔla va tɔ ɖe gbɔnye gblɔ be: ‘Paulo, mègavɔ̃ o. Àtsi tsitre ɖe Kaisaro ŋkume, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ ame siwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò.’” Eya ta Paulo de dzi ƒo na wo be: “Milé dzi ɖe ƒo, elabena mexɔ Mawu dzi se be ava eme pɛpɛpɛ abe ale si wògblɔe nam ene. Ke hã, míava si ke le ƒukpo aɖe dzi.”—Dɔw. 27:23-26.

“Ameawo Katã De Gota Dedie” (Dɔw. 27:27-44)

‘Eda akpe na Mawu ɖe eta le wo katã ŋkume.’—Dɔwɔwɔwo 27:35

16, 17. (a) Ɣekaɣie Paulo do gbe ɖa, eye nu kae do tso eme? (b) Aleke Paulo ƒe nyawo va emee?

16 Wotsi dzodzodzoe kwasiɖa eve sɔŋ, eye ahom la kɔ wo dzoe kilometa 870 ya teti. Ʋua kulawo kpɔe be yewo gogo ƒuta, elabe ɖewohĩ wole esem ƒutsotsoewo le go gbam. Eya ta woda seke ɖe ʋua megbe be ya nagatsɔe adzoe o eye wotrɔ ʋua ɖo ɖe ƒuta ne wòanɔ bɔbɔe na yewo be yewoaɖi go. Le ɣeyiɣi sia mea, ʋua kulawo ɖoe be yewoaɖi asi dzo. Gake asrafoawo meɖe mɔ na wo o. Paulo gblɔ na asrafomegãa kple asrafoawo be: “Ne ame siawo mele ʋua me o la, miatsi agbe o.” Esi ƒutsotsoeawo dze akɔ anyi viea, Paulo de dzi ƒo na wo be woade nane nu me, eye wògaka ɖe edzi na wo be woatsi agbe. Emegbe Paulo tsɔ abolo eye wòda “akpe na Mawu ɖe eta le wo katã ŋkume.” (Dɔw. 27:31, 35) Esi Paulo do gbe ɖa da akpe na Mawu le wo katã ŋkume alea, eto esia dzi ɖo kpɔɖeŋu ɖi na Luka, Aristarko, kple Kristotɔ siwo katã li egbea. Ðe gbe siwo nèdona ɖa le amewo ŋkume dea dzi ƒo eye wòfaa akɔ na woa?

17 Esi Paulo do gbea ɖa vɔa, “dzi ɖo wo katã ƒo, eye woawo hã woɖu nu.” (Dɔw. 27:36) Eyome wogafɔ lugba siwo le ʋua mea ƒu gbe ɖe ƒua me be ʋua naganɔ wodzoe wu ne wòaɖi go dedie. Esi ŋu kea, wotso seke kaawo, tu kuɖɔɖokaawo, eye wodo abala kpe yaa, ale be woate ŋu afia mɔ ʋua ne wòaɖi go dedie. Kasia tɔdziʋua ƒe tagbɔ va xaxa, ɖewohĩ ɖe kekpo alo ba aɖe me, eye ƒutsotsoewo na ʋua ƒe megbe gbã kakɛkakɛe. Asrafoawo dometɔ aɖewo ɖoe be yewoawu gamenɔlaawo be woagasi o. Gake Yulio meda asi ɖe edzi o, eye wòde dzi ƒo na wo katã be woaƒu tsia ayi gota. Nya si Paulo gblɔ na wo va eme: ʋua me nɔla 276 la katã tsi agbe! Ɛ̃, “ameawo katã de gota dedie.” Gake afi kae wova ɖi go ɖo?—Dɔw. 27:44.

‘Wonyo Dɔme Na Mí Eteƒe Mekɔ O’ (Dɔw. 28:1-10)

18-20. Aleke Maltatɔwo ‘nyo dɔme eteƒe mekɔ o,’ eye nukunu kae Mawu wɔ to Paulo dzi?

18 Sigbeɖe Malta ƒukpo si le Sicily ƒe anyiehe dzie wova do ɖo. (Kpɔ aɖaka si nye “ Afi Kae Malta Nɔ?”) Dutagbedola siwo le ƒukpo sia dzi “nyo dɔme na [wo] eteƒe mekɔ o.” (Dɔw. 28:2) Tsi le dzadzam eye vuvɔ hã le wɔwɔm, eya ta wodo dzo na amedzroawo be woaƒu, elabe woƒo tsi eye wole ƒoƒom kpakpakpa. Dzo sia na agbe ɖo wo me. Gake esi wonɔ dzoa domaa, nukunu aɖe dzɔ.

19 Paulo di be yeakpe asi ɖe dzoa dodo ŋu. Eya ta efɔ nakewo be yeade dzoa me. Kasia da vɔ̃ɖi aɖe va xatsa ɖe asi ŋu nɛ. Maltatɔwo susui be mawuwoe le to hem nɛ. a

20 Esi nutoa me tɔwo kpɔe be daa ɖu Pauloa, wonɔ mɔ kpɔm be “atè.” Numekugbalẽ aɖe gblɔ be wozãa gbe gbãtɔ me nya si dze le afi sia le atikewɔnyawo me. Mewɔ nuku o be nya ma kee “Luka, atikewɔla lɔlɔ̃tɔ” la hã zã. (Dɔw. 28:6; Kol. 4:14) Gake ɖeko Paulo ʋuʋu da vɔ̃ɖi sia le eƒe asi ŋu eye nu vevi aɖeke mewɔe o.

21. (a) Gblɔ kpɔɖeŋu siwo ɖee fia be Luka ƒe nuŋlɔɖiwo de pɛpɛpɛ. (b) Nukunu kawoe Paulo wɔ, eye aleke wòkpɔ ŋusẽ ɖe Maltatɔwo dzi?

21 Kesinɔtɔ gã aɖe le ƒukpo sia dzi, si ŋkɔe nye Publio, eye anyigbawo le esi. Ðewohĩ eyae nye Roma srafomegã le Malta. Luka ɖɔe be enye “amegã aɖe le ƒukpo sia dzi,” eye wokpɔ ŋkɔ sia tututu le Maltatɔwo ƒe nuŋlɔɖi eve aɖewo me. Ewɔ amedzro na Paulo kple nɔviawo ŋkeke etɔ̃. Gake Publio fofo dze dɔ. Afi sia hãa, Luka gaɖɔ nɔnɔmea pɛpɛpɛ ale si wòle. Ezã nya si atikewɔlawo zãna tsɔ ɖɔ dɔ si tututu lém ŋutsua le. Egblɔ be ele “anyimlɔƒe, elabena asrã lée eye wòle kpeta hã dem.” Paulo do gbe ɖa, da eƒe asiwo ɖe edzi, eye ŋutsua haya. Nukunu sia wɔ dɔ ɖe nutoa me tɔwo dzi eye wokplɔ dɔnɔ bubuwo vɛ na Paulo be wòada dɔ na wo. Wotsɔ nunanawo hã vɛ na eya kple nɔviawo be woatsɔ akpɔ woƒe nu hiahiãwo gbɔ.—Dɔw. 28:7-10.

22. (a) Aleke agbalẽnyala aɖe kafu ale si Luka ƒo nu tso mɔzɔzɔ yi Roma ŋui? (b) Nu ka mee míadzro le ta si kplɔe ɖo me?

22 Paulo ƒe ƒudzimɔzɔzɔ si me dzrom míele va se ɖe fifia ƒe nuŋlɔɖiwo le eteƒe eye wode pɛpɛpɛ. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Luka ƒe nuŋlɔɖia . . . ɖe dzesi wu le nuŋlɔɖi siwo ɖɔ nuwo tsitotsito le Biblia mea dome. Nu siwo wògblɔ tso ale si wozɔa ƒudzimɔ le ƒe alafa gbãtɔ me kple ale si wòɖɔ nɔnɔme siwo nɔ Mediteranea ƒe ɣedzeƒe lɔƒoa de pɛpɛpɛ” si na míekpɔe be anya de dzesi nudzɔdzɔawo ɖi esime wònɔ mɔa zɔm kple Paulo. Ne nenemaea, le mɔzɔzɔa ƒe akpa si kplɔe ɖo mea, Luka agakpɔ nu geɖe siwo ŋu wòaŋlɔ nu tsoe. Nu kae adzɔ ɖe Paulo dzi ne wova ɖo Roma? Na míakpɔe ɖa.

a Esi Maltatɔwo nya nu tso da vɔ̃ɖiwo ŋua, efia be da siawo nɔ ƒukpoa dzi ɣemaɣi. Egbea, da vɔ̃ɖi mawo megale Malta o. Anɔ eme be esi ƒeawo va nɔ yiyimaa, yame ƒe nɔnɔmewo wɔe be dawo ʋu le ƒukpoa dzi alo dua ƒe takeke wɔe be daawo tsrɔ̃.