Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 28

“Va Se Ðe Anyigba Ƒe Seƒe Ke”

“Va Se Ðe Anyigba Ƒe Seƒe Ke”

Yehowa Ðasefowo le gbeƒãɖeɖedɔ si gɔme Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dze ƒe 2,000 ye nye esia dzi yim

1. Nu kawoe ɖi wo nɔewo le Kristotɔ gbãtɔwo kple Yehowa Ðasefo siwo li egbea ƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

 WOÐE gbeƒã kple dzo. Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe wo ŋu esi wowɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. Yometitiwo mewɔe be wodzudzɔ gbeƒãɖeɖe o. Eye Mawu yra wo geɖe. Nu siawo katã le eme vam na Ðasefowo egbea abe ale si wòva eme na Kristotɔ gbãtɔwo ene.

2, 3. Nu kae ɖe dzesi le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ŋu?

2 Nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi si ŋu woƒo nu tsoe le Apostolowo Ƒe Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me anya de dzi ƒo na wò godoo! Agbalẽa ɖe dzesi elabe eya koe ganye Biblia-gbalẽ si ƒo nu tso Kristotɔ gbãtɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu tsitotsito tso esime Yesu yi dziƒo.

3 Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa yɔ ame vovovo 95 ƒe ŋkɔwo; eyɔ dukɔ 32, dugã 54, kple ƒukpo 9 hã ƒe ŋkɔwo. Ŋutinya wɔdɔɖeamedzi sia ku ɖe ame tsɛwo, subɔsubɔ me zazɛ̃nyahelawo, dunyahela dadalawo kple yometila vɔ̃ɖiwo ŋu. Vevietɔ wua, ŋutinya sia ƒo nu tso mía nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu. Togbɔ be woto nɔnɔme sesẽwo me hãa, woyi edzi ɖe gbeƒã nya nyuia kple dzo.

4. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be susu ɖekae le míawo, apostolo Paulo, Tabita, kple Ðasefo wɔnuteƒe bubu siwo nɔ anyi va yi si?

4 Togbɔ be apostolo Petro kple Paulo siwo me dzo nɔ, Barnaba akɔfafavi la, atikewɔla lɔlɔ̃tɔ Luka, dzinɔameƒotɔ Stefano, dɔmenyola Tabita, amedzrowɔla Lidia, kple Ðasefo wɔnuteƒe bubuwo nɔ anyi ƒe 2,000 kloe nye esi va yi hãa, susu ɖekae le míawo kple woawo siaa si. Le mɔ ka nu? Elabe Yesu de se na woawo kple míawo siaa be míawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:19, 20) Dzidzɔe wònye na mí be míele dɔ sia wɔm!

“. . . va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔwɔwɔwo 1:8

5. Afi kae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dze gbeƒãɖeɖedɔ si wode asi na wo gɔme tsoe?

5 Bu dɔ si Yesu de asi na eyomedzelawo ŋu kpɔ. Egblɔ na wo be: “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Gbãa, gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ wo woɖe gbeƒã “le Yerusalem.” (Dɔw. 1:1–8:3) Tsɔ kpe ɖe eŋua, gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ wo woɖi ɖase le “Yudea blibo la katã kple Samaria.” (Dɔw. 8:4–13:3) Emegbe wova keke gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”Dɔw. 13:4–28:31.

6, 7. Nu kawoe míezãna le gbeƒãɖeɖedɔa me egbea, si menɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ya si o?

6 Biblia bliboa mesu mía nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me si woazã atsɔ aɖe gbeƒãe o. Ƒe 41 K.Ŋ. hafi wowu Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa ŋɔŋlɔ nu. Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽ aɖewo hafi wova wu Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa nu le ƒe 61 K.Ŋ. lɔƒo. Gake Biblia bliboa alo Biblia-srɔ̃gbalẽwo menɔ Kristotɔ gbãtɔawo si woana ame siwo woɖia ɖase na o. Hafi Yudatɔ Kristotɔ siawo nava dze Yesu yomea, woxlẽa Hebri Ŋɔŋlɔawo na wo wosena le ƒuƒoƒewo. (2 Kor. 3:14-16) Togbɔ be ele alea hãa, ehiã be woado vevie nusɔsrɔ̃ ale be woate ŋu alé Ŋɔŋlɔawo me nyawo ɖe susu me agblɔ na amewo.

7 Egbea, Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ gbogbo aɖewo le mía dometɔ akpa gãtɔ si. Míele gbeƒã ɖem nya nyuia eye míele amewo wɔm nusrɔ̃lawoe le gbegbɔgblɔ vovovowo me le dukɔ 240 me.

Gbɔgbɔ Kɔkɔea Doa Ŋusẽ Mí

8, 9. (a) Nu kae gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu wote ŋu wɔ? (b) Nu kae gbɔgbɔ kɔkɔea le kpekpem ɖe kluvi nuteƒewɔlaa ŋu wòte ŋu le wɔwɔm?

8 Esi Yesu de dɔ asi na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖe gbeƒãa, egblɔ na wo be: “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi.” Esia fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, alo eƒe dɔwɔŋusẽa, afia mɔ Yesu yomedzelawo woaɖe gbeƒã va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke. Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Petro kple Paulo ŋu woda dɔ na amewo, nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe, eye wofɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Gake gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ nusrɔ̃lawo be woawɔ dɔ vevi bubu aɖe. Ekpe ɖe apostoloawo kple nusrɔ̃la bubuawo ŋu be woafia Biblia me nyateƒe si ana amewo nakpɔ agbe mavɔa wo.—Yoh. 17:3.

9 Le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzia, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo de asi “gbe vovovowo dodo me, abe ale si gbɔgbɔ la dee nu na wo ene.” Esia wɔe be woɖi ɖase tso “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” ŋu. (Dɔw. 2:1-4, 11) Mímedoa gbe vovovowo nukutɔe egbea o. Gake Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le kpekpem ɖe kluvi nuteƒewɔlaa ŋu be wòle Biblia-srɔ̃gbalẽwo tam ɖe gbegbɔgblɔ geɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, wotaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! gbogbo aɖewo ɣleti sia ɣleti. Eye Biblia-srɔ̃gbalẽ gbogbo aɖewo kple video siwo le gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 sɔŋ mea, le míaƒe jw.org nyatakakadzraɖoƒea. Esiawo kpena ɖe mía ŋu míeɖea gbeƒã “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” na dukɔ sia dukɔ, to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ dolawo.—Nyaɖ. 7:9.

10. Biblia gɔmeɖeɖedɔ vevi kae kluvia de to me tso ƒe 1989 me?

10 Tso ƒe 1989 mea, kluvi nuteƒewɔlaa ɖoe eƒe taɖodzinu koŋ be woaɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖewo me. Woɖe egɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 200 me xoxo, wota miliɔn gbogbo aɖewo xoxo, eye woagata miliɔn geɖewo akpee. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea koe ate ŋu ana woawɔ dɔ sia.

11. Nu kae na míete ŋu ɖea míaƒe agbalẽwo gɔme?

11 Nɔvi Kristotɔ akpe geɖe tsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoaɖe gbe gɔme le dukɔ siwo wu 150 me. Mele be esia nawɔ nuku na mí o, elabe habɔbɔ sia ko ŋue gbɔgbɔ kɔkɔea le kpekpem ɖo le anyigbaa dzi be ‘woaɖi ɖase’ le xexea me godoo tso Yehowa Mawu, eƒe Mesia Fia la, kple Fiaɖuƒe si woɖo anyi le dziƒo ŋu tsitotsito!—Dɔw. 28:23.

12. Nu kae kpe ɖe Paulo kple Kristotɔ bubuwo ŋu wote ŋu ɖi ɖase?

12 Esi Paulo ɖi ɖase na Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo le Antiokia si le Pisidia la, “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la zu xɔsetɔwo.” (Dɔw. 13:48) Eye esi Luka nɔ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa nu wumaa, egblɔ be Paulo ‘ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea faa mɔxeɖenu aɖeke manɔmee.’ (Dɔw. 28:31) Afi kae apostoloa nɔ gbeƒã ɖem le? Eyae nye Roma, si nye dukɔ si kpɔ ŋusẽ wu le xexea me ɣemaɣi ƒe fiadu! Gbeƒãɖeɖemɔnu ka kee Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖazã o, míeka ɖe edzi be gbɔgbɔ kɔkɔea ye fia mɔ wo eye wòkpe ɖe wo ŋu.

Míeyia Edzi Ðea Gbeƒã Ne Wole Mía Yome Tim Hã

13. Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa ne wole mía yome tim?

13 Esi wonɔ Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo yome timaa, wodo gbe ɖa na Yehowa be wòana dzi nanɔ yewo ƒo. Nu kae do tso eme? Gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ wo dzi ɖo wo ƒo eye woɖe gbeƒã. (Dɔw. 4:18-31) Míawo hã míedoa gbe ɖa biaa Yehowa be wòana nunya mí, eye wòado ŋusẽ mí míayi edzi aɖe gbeƒã ne wole mía yome tim. (Yak. 1:2-8) Esi Mawu to eƒe gbɔgbɔa dzi le kpekpem ɖe mía ŋu taa, míetea ŋu yia edzi ɖea gbeƒã Fiaɖuƒea. Naneke mate ŋu ana míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe o; yometiti kple tsitretsiɖeŋu sesẽwo gɔ̃ hã mate ŋu ana míadzudzɔ o. Ne wole mía yome timaa, ele be míado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea, nunya kple dzideƒo ale be míate ŋu aɖe gbeƒã nya nyuia.—Luka 11:13.

14, 15. (a) Nu kae dzɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi “le xaxa si va le Stefano ƒe ku megbe”? (b) Aleke wòdzɔe be ame geɖe va se nu tso nyateƒea ŋu le Siberia?

14 Hafi futɔwo nawu Stefanoa, dzi nɔ eƒo wòɖe gbeƒã. (Dɔw. 6:5; 7:54-60) Esi “yometiti gã” aɖe va ɣemaɣia, nusrɔ̃lawo katã ka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria nutowo me, negbe apostoloawo koe susɔ. Gake yometitia mena wodzudzɔ ɖaseɖiɖi o. Filipo yi Samaria, “eye wònɔ gbeƒã ɖem Kristo la,” eye nu nyuiwo do go tso eme. (Dɔw. 8:1-8, 14, 15, 25) Biblia gblɔ be: “Ame siwo ka hlẽ le xaxa si va le Stefano ƒe ku megbe la yi keke Foinike kple Kipro kpakple Antiokia ke, gake Yudatɔwo ɖeɖe koe wonɔ nyaa gblɔm na. Ke ame aɖewo le wo dome siwo tso Kipro kple Kirene va Antiokia, eye woƒoa nu na Helagbe dolawo henɔa Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la gblɔm na wo.” (Dɔw. 11:19, 20) Taa, ɣemaɣia, yometiti wɔe be Fiaɖuƒe nya nyuia kaka ɖo ame geɖewo gbɔ.

15 Nu sia tɔgbi dzɔ le míaƒe ŋkekea me le tsã Soviet Union (l’Union soviétique). Le ƒe 1950-awo mea, woɖe aboyo Yehowa Ðasefo akpe geɖe yi Siberia. Esi woma wo ɖe teƒe vovovowo taa, ena nya nyuia kaka ɖe anyigba gã ma dzi. Anye ne manya wɔ be Ðasefo gbogbo mawo nakpɔ ga azɔ mɔ kilometa 10,000 avae ɖe gbeƒã nya nyuia le afi ma hafi o! Gake dziɖuɖua ŋutɔ de wo ʋu yi afi ma. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Aleae wòdzɔe be dziɖuɖua na ame akpe geɖe siwo si dzi nyui le le Siberia se nya nyuia.”

Yehowa Yraa Mí Geɖe

16, 17. Nu kawoe le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me si ɖo kpe edzi be Yehowa yra ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi?

16 Edze ƒãa be Yehowa yra ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ƒe dɔa dzi. Paulo kple ame bubuwo do nu eye wode tsii, gake ‘Mawu na wòtsi.’ (1 Kor. 3:5, 6) Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa na míekpɔe be ame geɖewo va subɔ Yehowa elabe eyi edzi nɔ yayram ɖe dɔa dzi. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be: “Mawu ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi ŋutɔ le Yerusalem.” (Dɔw. 6:7) Esi nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã le teƒe vovovowo taa, “hame si le Yudea blibo la kple Galilea kpakple Samaria la ƒe tome fa, eye wodo ŋusẽ wo, eye wonɔ dzidzim ɖe edzi le esi woyi edzi zɔ le Yehowa vɔvɔ̃ me eye gbɔgbɔ kɔkɔe na akɔfafa wo ta.”—Dɔw. 9:31.

17 Nɔvi siwo ƒo dzi le ye gblɔ nya nyuia na Yudatɔwo kple Helagbedola siwo nɔ Antiokia si le Siria. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Yehowa ƒe asi hã nɔ wo dzi, eye ame geɖe va zu xɔsetɔwo hetrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu.” (Dɔw. 11:21) Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa gblɔ tso du ma ŋu be: “Yehowa ƒe nya kaka ɖe edzi de teƒeteƒewo.” (Dɔw. 12:24) Eye wògagblɔ tso gbeƒãɖeɖedɔ si Paulo kple ame bubuwo wɔ tsitotsito le Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo dome ŋu be: “Yehowa ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem henɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi.”—Dɔw. 19:20.

18, 19. (a) Aleke míewɔ nya be “Yehowa ƒe asi” le mía dzi? (b) Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Yehowa kpena ɖe eƒe amewo ŋu.

18 Edze ƒãa be “Yehowa ƒe asi” le míawo hã dzi egbea. Esia tae ame geɖewo ɖea adzɔgbe na Mawu, xɔa nyɔnyrɔ, eye wova zua xɔsetɔwo. Nyateƒee, Mawu ƒe kpekpeɖeŋu koe ate ŋu awɔe be míanɔ te ɖe tsitretsiɖeŋu kple yometiti sesẽwo nu eye míayi edzi aɖe gbeƒã, abe ale si Paulo kple Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene. (Dɔw. 14:19-21) Yehowa Mawu li kpli mí ɣesiaɣi. Eƒe “alɔ mavɔwo” léa mí ɖe te le nɔnɔme sesẽwo me. (5 Mose 33:27) Mina míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be Yehowa magblẽ eƒe amewo ɖi akpɔ gbeɖe o, le eƒe ŋkɔ gãa ta.—1 Sam. 12:22; Ps. 94:14.

19 Le kpɔɖeŋu me, esi Nɔviŋutsu Harald Abt ɖoe be yeayi edzi aɖe gbeƒãa, Nazitɔwo lée de Sachsenhausen fuwɔamegaxɔ me le Xexemeʋa Evelia wɔɣi. Le May 1942 mea, poliswo yi woƒe aƒe me. Woxɔ wo vi nyɔnuvi suea, eye wolé srɔ̃a Elsa. Wotui ɖe gaxɔ vovovowo me. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Gaxɔ vovovo siwo me menɔ le Germany na mesrɔ̃ nu vevi aɖe. Ena mekpɔe be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tea ŋu kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ ne ele nɔnɔme sesẽwo me tom. Hafi woava lémaa, mexlẽ nɔvinyɔnu aɖe ƒe lɛta si me wòŋlɔ ɖo be ne míele nɔnɔme sesẽwo me tomaa, Yehowa ƒe gbɔgbɔa ate ŋu ana míaɖe dzi ɖi. Mesusui be nya dzro aɖe koe nya siawo nye. Gake esi nye ŋutɔ meva nɔ nɔnɔme sesẽwo me tomaa, meva kpɔe be eƒe nyawo le eteƒe. Nenema tututue wòdzɔna. Ne mèto eme kpɔ oa, mànya o. Mede dzesi esia esi wòdzɔ ɖe dzinye.”

Yi Edzi Nànɔ Ðase Ðim Tsitotsito!

20. Nu kae Paulo wɔ esi wosikae ɖe aƒe aɖe me, eye aleke esia ate ŋu ade dzi ƒo na mía nɔvi aɖewo koŋ?

20 Ale si Paulo yi edzi ‘ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea’ kple dzo ye wotsɔ wu Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa nu. (Dɔw. 28:31) Esi wosikae ɖe aƒe aɖe me le Roma taa, mate ŋu aɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me o. Togbɔ be ele alea hãa, eɖia ɖase na ame siwo katã vaa egbɔ. Egbea, mía nɔvi geɖe tsi teƒe ɖeka, ɖewohĩ wotsi aba dzi. Le dukɔ aɖewo mea, wo dometɔ aɖewo le ame tsitsiwo dzi kpɔƒe le esi wotsi, wodze dɔ, alo wonye nuwɔametɔwo ta. Gake wolɔ̃ Mawu, eye wodina vevie be yewoaɖe gbeƒã. Míedoa gbe ɖa ɖe nɔvi siawo ta, eye míate ŋu abia mía Fofo si le dziƒo be wòana woakpɔ ame siwo adi be yewoasrɔ̃ nu tso eya kple eƒe tameɖoɖo wɔnukuawo ŋu, ne woaɖi ɖase na wo.

21. Nu ka tae gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata?

21 Mía dometɔ geɖe ya tea ŋu yina tso aƒe me yi aƒe me, eye míezãa ɖaseɖimɔnu bubuwo tsɔ wɔa amewo nusrɔ̃lawoe. Eya ta mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ etɔ sinua akpe asi ɖe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, ale be míaɖi ɖase “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” Dɔ sia hiã kpata, elabe “dzesi” siwo kpɔm míele fia be míele ŋkeke mamlɛawo me. (Mat. 24:3-14) Mele be míagblẽ ɣeyiɣi kura o! Fifiae wòle be míawɔ “geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me.”—1 Kor. 15:58.

22. Esi míele Yehowa ƒe ŋkekea lalamaa, nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa awɔ?

22 Esi míele lalam be ‘Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔa navaa,’ mina dzi nanɔ mía ƒo míayi edzi aɖe gbeƒã nuteƒewɔwɔtɔe. (Yoel 2:31) Míake ɖe ame geɖe siwo le abe Beroiatɔwo ene, siwo xɔ “nya la kple dzi faa,” ŋu godoo. (Dɔw. 17:10, 11) Eya ta yi edzi nànɔ ɖase ɖim, va se ɖe esime woagblɔ na wò be: “Kluvi nyui kple nuteƒewɔla, wòe wɔ dɔ kakaka!” (Mat. 25:23) Ne míedo vevie gbeƒãɖeɖedɔa egbea eye míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa la, dzi adzɔ mí yi ɖe mavɔmavɔ me, elabe míawo hã ‘míeɖi ɖase tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito!’