Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 4

“Womenya Agbalẽ O, Eye Wonye Ame Tsɛwo”

“Womenya Agbalẽ O, Eye Wonye Ame Tsɛwo”

Apostoloawo wɔ nu dzinɔameƒotɔe, eye Yehowa yra wo

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 3:1–5:11 dzi

1, 2. Nukunu kae Petro kple Yohanes wɔ le gbedoxɔa ƒe agbo nu?

 ŊDƆ me lɔƒoe, eye ɣe le keklẽm ɖe amehaa dzi. Yudatɔ dovevienuwo kple Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le zi nyem va gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu. “Gbedoɖaɣi” le ɖoɖom. a (Dɔw. 2:46; 3:1) Petro kple Yohanes zɔ to amehawo dome ɖo ta gbedoxɔa ƒe agbo si woyɔna be Agbo Nyui la nu. Esi hoowɔwɔ le edzi yim eye amehawo ƒe afɔzi le ɖiɖim la, ŋutsu aɖe si nye bafa tso edziɣi, le ga biam.—Dɔw. 3:2; 4:22.

2 Esi Petro kple Yohanes ɖo nubialaa gbɔa, ebia ga wo abe ale si wòwɔnɛ ɖaa ene. Apostoloawo tɔ ɖe nubiala sia si le mɔ kpɔm vevie be woana nane yea gbɔ. Petro gblɔ nɛ be: “Klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye la, eyae mana wò: Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la, ƒe ŋkɔa me la, zɔ azɔli!” Bu ale si amehawo ƒe nu ku esi Petro lé bafaa ƒe asi wòtso ɖe eƒe afɔwo dzi kã zi gbãtɔ le eƒe agbe me ŋu kpɔ! (Dɔw. 3:6, 7) Kpɔe ɖa ko be ŋutsu sia le ŋku lém ɖe eƒe afɔ siwo ŋu woda gbe le ŋu, eye wòle agbagba dzem be yeazɔ zi gbãtɔ le yeƒe agbe me. Mewɔ nuku o be ele kpo tim eye wòle Mawu kafum kple ɣli!

3. Nunana xɔasi kae su ŋutsu sia si woda dɔ na kple amehaa si?

3 Dzi dzɔ amehaa, eye woƒu du va Petro kple Yohanes gbɔ le Salomo ƒe akpataa me, afi si Yesu fia nu le kpɔ. Le afi sia la, Petro kpe ɖe amehawo ŋu wose nu si dzɔa gɔme. (Yoh. 10:23) Petro tsɔ nunana si xɔ asi wu klosalo kple sika ɖo amehaa kple ŋutsu si woda dɔ na ŋkume. Nunana sia yi ŋgɔ wu dɔyɔyɔ dzro ko. Eyae nye mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woatrɔ dzi me ne woatutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa, ale be woava dze Yesu Kristo yome, eya si Yehowa tia be wòanye “Kplɔla Vevitɔ si naa agbe.”—Dɔw. 3:15.

4. (a) Nu kae dɔ si apostoloawo da na bafaa ana ŋusẽtɔwo nawɔ? (b) Nyabiase eve kawo ŋue míaɖo?

4 Ŋkeke ɖedzesi aɖee nye esia! Woda dɔ na ame ɖeka eye fifia ate ŋu azɔ. Mɔnukpɔkpɔ su ame akpe geɖe hã si be wose Mawu ƒe Nyaa gɔme nyuie, ale be woanɔ agbe wòadze eŋu. (Kol. 1:9, 10) Nu si dzɔ gbe ma gbe ana ŋusẽtɔwo nati Yesu yomedzela wɔnuteƒewo yome, eye woaxe mɔ na wo be woagawɔ ɖe se si Yesu de na wo be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzi o. (Dɔw. 1:8) Togbɔ be wobu Petro kple Yohanes be ‘womenya agbalẽ o, eye wonye ame tsɛwo’ hãa, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nɔnɔme nyui si woɖe fia kple mɔnu siwo wozã tsɔ ɖe gbeƒã na amehaa me? b (Dɔw. 4:13) Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Petro kple Yohanes kpakple apostolo bubuawo te ŋu nɔ te ɖe tsitretsiɖeŋuwo nu me?

Menye “Míawo Ŋutɔwo Ƒe Ŋusẽ” Mee O (Dɔw. 3:11-26)

5. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Petro ƒo nu na amehaa me?

5 Petro kple Yohanes nyae be, ameha si ŋkume yewonɔ te ɖo dometɔ aɖewo hã anya da asi ɖe edzi wowu Yesu kwasiɖa ʋɛ aɖewo va yi. (Marko 15:8-15; Dɔw. 3:13-15) Bu ale si dzi anɔ Petro ƒo esi wògblɔ na amehaa be Yesu ƒe ŋkɔ mee yewoda dɔ na bafaa le ŋu kpɔ. Petro mevɔ̃ be yeagblɔ nyateƒea o. Egblɔ na ameha kã be woƒe asi nɔ eme wowu Kristo. Gake Petro medo dziku ɖe ameha sia ŋu o, elabe enya be ɖe “wowɔe le manyamanya me.” (Dɔw. 3:17) Eya ta eƒo nu na wo abe nɔviawo ene, eye wògblɔ Fiaɖuƒe nya nyuia na wo. Ne wotrɔ dzi me eye woxɔ Kristo dzi sea, woakpɔ “dzidzemeɣiwo” tso Yehowa gbɔ. (Dɔw. 3:19) Ele be dzi nanɔ míawo hã ƒo ne míele nu ƒom tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si le ŋgɔ gbɔna ŋu na amewo. Gake mele be míaƒo nu le dziku me alo anɔ ʋɔnu drɔ̃m amewo o. Ke boŋ míebua ame siwo míeɖea gbeƒã na be woate ŋu ava zu mía nɔviwo, eye míegblɔa Fiaɖuƒe nya nyuia na wo be woƒe dzi nadze eme, abe ale si Petro wɔe ene.

6. Aleke Petro kple Yohanes ɖee fia be yewobɔbɔ yewo ɖokui?

6 Apostoloawo bɔbɔ wo ɖokui. Womelɔ̃ be woakafu yewo ɖe nukunu si yewowɔ ta o. Petro gblɔ na amehaa be: “Nu ka tae miefɔ ŋku ɖe mía dzi, abe míawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ alo mawusosroɖae na wòzɔ azɔli ene?” (Dɔw. 3:12) Petro kple apostolo bubuawo nyae be, menye yewoƒe ŋusẽ mee yewowɔa subɔsubɔdɔa le o, ke boŋ Mawue doa ŋusẽ yewo. Eya ta wobɔbɔ wo ɖokui eye wokafu Yehowa kple Yesu boŋ ɖe nu siwo katã wowɔ ta.

7, 8. (a) Nu kae míate ŋu ana amewo? (b) Aleke ŋugbe si Mawu do be yeana “woaɖɔ nuwo katã ɖo” le eme vam egbea?

7 Ele be míawo hã míabɔbɔ mía ɖokui alea ne míele Fiaɖuƒe nya nyuia gblɔm na amewo. Ele eme be Mawu ƒe gbɔgbɔa medoa ŋusẽ Kristotɔ siwo li egbea be woada dɔ nukutɔe o ya. Gake míekpena ɖe amewo ŋu be woaxɔ Mawu kple Kristo dzi se, be woawo hã naxɔ nunana si Petro na amehaa, si nye mɔnukpɔkpɔ si asu wo si be woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo, eye Yehowa nana woƒe dzi nadze eme. Ƒe sia ƒea, ame akpe alafa geɖe xɔa nunana sia, eye woxɔa nyɔnyrɔ zua Kristo ƒe nusrɔ̃lawo.

8 Nyateƒee, míele agbe le ɣeyiɣi si ŋu Petro gblɔ le be “woaɖɔ nuwo katã ɖo” la me. Woɖo Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me, si wɔe be nya si “Mawu [gblɔ] to eƒe blema nyagblɔɖila kɔkɔewo ƒe nu me” la va eme. (Dɔw. 3:21; Ps. 110:1-3; Dan. 4:16, 17) Ema megbe kpuiea, Kristo va dze dɔ vevi aɖe dzi kpɔkpɔ gɔme; eyae nye be woagbugbɔ subɔsubɔ vavãtɔ aɖo anyi le anyigba dzi. Esia wɔe be wokplɔ ame miliɔn geɖe va gbɔgbɔmeparadisoa me, eye wova zu Mawu Fiaɖuƒea teviwo. Woɖe woƒe amenyenye xoxo si le gbegblẽm la ɖa, eye wodo “amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.” (Ef. 4:22-24) Menye amegbetɔ ƒe ŋusẽ mee míete ŋu le dɔ sia wɔm le o, ke boŋ Mawue doa ŋusẽ mí to eƒe gbɔgbɔa dzi, abe ale si ko wòna woda gbe le bafa nubialaa ŋu ene. Ele be dzi nanɔ míawo hã ƒo míafia Mawu ƒe Nya la nyuie abe ale si Petro wɔe ene. Mawu ƒe ŋusẽe wɔnɛ be míetea ŋu kpena ɖe amewo ŋu be woazu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo, ke menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe o.

“Míate Ŋu Adzudzɔ Nuƒoƒo” O (Dɔw. 4:1-22)

9-11. (a) Aleke Yudatɔwo ƒe ŋgɔxɔlawo wɔ nu ɖe Petro kple Yohanes ƒe nyawo ŋui? (b) Nu kae apostoloawo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ?

9 Petro ƒe nyawo kple ale si bafa si woda dɔ na le kpo tim, le ɣli dom la, he zitɔtɔ gã aɖe vɛ. Esia wɔe be gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã, si kpɔa dedienɔnɔnyawo gbɔ le gbedoxɔa me, kple nunɔlawo ƒe tatɔwo ƒu du va be yewoakpɔ nu si tututu le dzɔdzɔm. Ðewohĩ Zadukitɔwoe ŋutsu siawo nye. Zadukitɔwo nye subɔsubɔha sẽŋu aɖe me tɔwo, kesinɔtɔwo kple dunyahelawo, eye wokpɔa egbɔ be ŋutifafa le yewo kple Romatɔwo dome. Ame siawo gbe kɔnyinyi siwo Farisitɔwo ya lɔ̃ vevie, eye womexɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se o. c Wodo dziku vevie esi wokpɔ Petro kple Yohanes le gbedoxɔa me wole nu fiam dzinɔameƒotɔe be wofɔ Yesu tso ku me!

10 Tsitretsiɖeŋula siawo lé Petro kple Yohanes de gaxɔ me, eye wokplɔ wo yi Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ le ŋufɔke. Dziɖula siawo, siwo kpɔa wo ɖokuiwo be ame aɖeke mede yewo nu oa, bu Petro kple Yohanes be ‘wonye ame tsɛwo eye womenya agbalẽ o.’ Eya ta womekpɔ mɔ afia nu le gbedoxɔa me o. Womexɔ hehe le subɔsubɔsuku xɔŋkɔ aɖeke me o. Gake ale si woƒo nu vɔvɔ̃manɔmee wɔ nuku na ʋɔnudrɔ̃ƒea. Nu kae kpe ɖe Petro kple Yohanes ŋu be woƒo nu nyuie alea? Susuawo dometɔ ɖekae nye be “wonɔ Yesu ŋu.” (Dɔw. 4:13) Woƒe Aƒetɔ fia nu wo abe ame si si ŋusẽ le ene, ke menye abe agbalẽfialawo ene o.—Mat. 7:28, 29.

11 Ʋɔnudrɔ̃ƒea de se na apostoloawo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Le nuto ma mea, ŋusẽ nɔa ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsowo ŋu. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo va yia, ʋɔnudrɔ̃ƒe sia kee tso nya me na Yesu be: “Edze ku.” (Mat. 26:59-66) Gake esia mena vɔvɔ̃ ɖo Petro kple Yohanes o. Esi wotɔ ɖe ŋutsu kesinɔtɔ siwo nya agbalẽ eye woxɔ ŋkɔ ŋkumea, Petro kple Yohanes tsɔ dzinɔameƒo ƒo nu bubutɔe be: “Ne edzɔ le Mawu ŋkume be míaɖo to miawo wu Mawu la, miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ. Ke míawo ya míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple nu siwo míese la ŋu o.”—Dɔw. 4:19, 20.

12. Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu dzi nanɔ mía ƒo míaƒo nu kple kakaɖedzi?

12 Ðe dzi ate ŋu anɔ ƒowò abe Petro kple Yohanes enea? Aleke nèsena le ɖokuiwò me ne mɔnukpɔkpɔa su asiwò be nàɖe gbeƒã na gatɔwo, agbalẽnyalawo, alo ame ŋkuta siwo le miaƒe nutoa me? Ke ne ƒometɔwo, sukuhatiwo alo dɔwɔhatiwo ɖua fewu le ŋuwò le wò xɔse ta ɖe? Ðe vɔvɔ̃ ɖoa wòa? Ne nenemaea, àte ŋu aɖu vɔvɔ̃ ma dzi. Esime Yesu nɔ anyigba dzia, efia eƒe apostoloawo ale si woawɔ dzi nanɔ wo ƒo woaƒo nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu bubutɔe. (Mat. 10:11-18) Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbea, eka ɖe edzi na eyomedzelawo be yeayi edzi anɔ anyi kpli wo “ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:20) Yesu toa “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi fiaa ale si míaƒo nu tso míaƒe xɔse ŋu mí. (Mat. 24:45-47; 1 Pet. 3:15) Wotoa mɔ vovovowo dzi kpena ɖe mía ŋu. Esia ƒe ɖewoe nye Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ kpekpea kple jw.org nyati siwo nye “Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo.” Ðe nèna nu siawo le vi ɖem na wòa? Ne nenemaea, woana dzi naganɔ ƒowò geɖe wu. Abe apostoloawo enea, mègana naneke naxe mɔ na wò be nàgaƒo nu tso nyateƒenya vevi siwo nèva srɔ̃ le Biblia me ŋu o.

Mègana naneke naxe mɔ na wò be nàgaƒo nu tso nyateƒenya vevi siwo nèva srɔ̃ le Biblia me ŋu o

“Wokɔ Gbe Dzi Na Mawu Ðekae” (Dɔw. 4:23-31)

13, 14. Ne wole mía yome tim la, nu kawoe wòle be míawɔ, eye nu ka tae?

13 Esi woɖe Petro kple Yohanes le gaxɔ me teti koa, wova wɔ ɖeka kple hamea. Wo katã “wokɔ gbe dzi na Mawu ɖekae” eye wodo gbe ɖa nɛ be wòana dzi nanɔ yewo ƒo yewoaɖe gbeƒã. (Dɔw. 4:24) Petro nyae nyuie be afɔku le eme be ame si di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu naɖo ŋu ɖe eɖokui ŋu. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo do ŋgɔa, eƒo adegbe gblɔ na Yesu be: “Ne ame susɔeawo katã gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o!” Gake abe ale si Yesu gblɔe enea, amegbetɔvɔvɔ̃ na Petro gbe nu le exɔlɔ̃ si ganye eƒe nufiala gbɔ. Gake Petro srɔ̃ nu tso eƒe vodadawo me.—Mat. 26:33, 34, 69-75.

14 Didi vevi si anɔ mewò be yeaɖi ɖase tso Kristo ŋu ɖeɖe mesu o. Ne tsitretsiɖeŋulawo do ŋɔdzi na wò be nàgbe nu le wò xɔse gbɔ alo adzudzɔ gbeƒãɖeɖea, srɔ̃ Petro kple Yohanes ƒe kpɔɖeŋu. Do gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽ wò. Na nɔvi siwo le hamea me nakpe ɖe ŋuwò. Gblɔ kuxi siwo me tom nèle na hamemetsitsiwo kple nɔvi tsitsi bubuwo. Nɔviwo ƒe gbedodoɖa ate ŋu ado ŋusẽ wò dzi nanɔ ƒowò.—Ef. 6:18; Yak. 5:16.

15. Nu ka tae mele be dzi naɖe le ame siwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe na ɣeyiɣi aɖe la ƒo o?

15 Ne yometiti wɔe be nèva dzudzɔ gbeƒãɖeɖe na ɣeyiɣi aɖea, dzi megaɖe le ƒowò o. Ðo ŋku edzi be le Yesu ƒe ku megbea, eƒe apostoloawo katã va dzudzɔ gbeƒãɖeɖe na ɣeyiɣi aɖe. Gake emegbea, wogava tso ɖe eŋu. (Mat. 26:56; 28:10, 16-20) Mègana nu siwo dzɔ va yi nana nàtsɔ anyidzeƒe awɔ anyimlɔƒee o. Srɔ̃ nu tso wo me, eye nàzãe atsɔ ado ŋusẽ ame bubuwo.

16, 17. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso gbe si Kristo yomedzela siwo nɔ Yerusalem do ɖaa me?

16 Nu kae wòle be míado gbe ɖa abia ne ŋusẽtɔwo tsi tsitre ɖe mía ŋu? De dzesii be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo medo gbe ɖa bia be Mawu nawɔe be xaxawo nagava yewo dzi o. Woɖo ŋku nya si Yesu gblɔa dzi, si nye be: “Ne woti yonyeme la, woati miawo hã mia yome.” (Yoh. 15:20) Nu si nusrɔ̃lawo do gbe ɖa na Yehowa bia boŋue nye be, ‘wòakpɔ’ tsitretsiɖeŋulawo ƒe ŋɔdzidonamewo ɖa. (Dɔw. 4:29) Nusrɔ̃laawo kpɔ nu yi ŋgɔe eye wode dzesii be, nu siwo me tom yewole na nyagblɔɖi aɖe le eme vam. Abe ale si Yesu fia wo be woado gbe ɖae enea, wonyae be nya ka kee amegbetɔ dziɖula tsɛwo ɖagblɔ o, ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ava eme le anyigba dzi.’—Mat. 6:9, 10.

17 Be nusrɔ̃lawo nate ŋu awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nua, wodo gbe ɖa na Yehowa bia be: “[Na] wò kluviwo nayi edzi agblɔ wò nya la kple dzideƒo geɖe.” Aleke Yehowa ɖo woƒe gbedodoɖaa ŋui? “Teƒe si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu, eye gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã fũu, eye wole Mawu ƒe nya la gblɔm dzinɔameƒotɔe.” (Dɔw. 4:29-31) Naneke mate ŋu axe mɔ be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nagava eme o. (Yes. 55:11) Nu ka kee ɖadzɔ o, aleke kee tsitretsiɖeŋulawo ɖasẽ ŋui o, ne mí katã míekɔ gbe dzi na Mawu ɖekaea, míate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu be dzi nanɔ mía ƒo míagblɔ eƒe nyaa na amewo.

Míabu Akɔnta ‘Na Mawu Ke Menye Na Amewo O’ (Dɔw. 4:32–5:11)

18. Nu kae hame si nɔ Yerusalem la me tɔwo wɔ tsɔ kpe ɖe wo nɔewo ŋu?

18 Eteƒe medidi o, hame yeye si woɖo ɖe Yerusalem me tɔwo dzi ɖe edzi wu ame 5,000. d Togbɔ be nusrɔ̃lawo tso teƒe vovovowo hãa, woƒe “dzi kple luʋɔ wɔ ɖeka.” Esia fia be woƒe susu kple nuŋububu wɔ ɖeka. (Dɔw. 4:32; 1 Kor. 1:10) Menye ɖeko nusrɔ̃lawo do gbe ɖa be Yehowa nayra ɖe yewoƒe agbagbadzedze dzi ko evɔ o, ke boŋ wodo ŋusẽ wo nɔewo ƒe xɔse eye wona nu wo nɔvi siwo ɖo hiã me hã. (1 Yoh. 3:16-18) Le kpɔɖeŋu me, nusrɔ̃la Yosef, si apostoloawo gayɔna be Barnaba, lɔ̃ faa dzra eƒe anyigba eye wòtsɔ gahomea katã vɛ. Ewɔ esia be woatsɔ akpe ɖe xɔsetɔ yeye siwo va Yerusalem la ŋu ale be woate ŋu anɔ anyi asrɔ̃ nu bubuwo akpee.

19. Nu ka tae Yehowa wu Anania kple Safira?

19 Anania kple Safira siwo nye atsu kple asi hã dzra woƒe nunɔamesi aɖe eye wova dzɔ nu. Wona wòdze abe gaa katãe ma yewova dzɔ, gake “[wotsɔ] ga la ƒe ɖe ɣla.” (Dɔw. 5:2) Yehowa wu wo, menye esi ga si wova dzɔa mesɔ gbɔ o ta o, ke boŋ susu vɔ̃ si nɔ wo si kple esi woda alakpa tae. “Menye amewoe [woda] alakpa na o, ke boŋ Mawue.” (Dɔw. 5:4) Anania kple Safira wɔ nu abe alakpanuwɔla siwo Yesu ka mo na ene, elabe wodi be amewo nakafu yewo, ke menye be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu o.—Mat. 6:1-3.

20. Nu kawoe nèsrɔ̃ ku ɖe nunana Yehowa ŋu?

20 Ale si ko nusrɔ̃la wɔnuteƒe siwo nɔ Yerusalem le ƒe alafa gbãtɔ me lɔ̃ faa dzɔ nua, Ðasefo miliɔn geɖe siwo li egbea hã dzɔa nu faa be woatsɔ akpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Womezia ame aɖeke dzi be wòadzɔ ga, alo azã eƒe ɣeyiɣi atsɔ akpe asi ɖe dɔ sia ŋu o. Le nyateƒe mea, Yehowa medi be míasubɔ ye kple veve alo dzizizi o. (2 Kor. 9:7) Le Yehowa gbɔa, menye gahome si míedzɔ ye le vevie nɛ o, ke boŋ nu si ʋãa mí ye. (Marko 12:41-44) Míadi be míawɔ nu gbeɖe abe Anania kple Safira ene, ana kafukafu si míaxɔ tso amewo gbɔ nanɔ vevie na mí le mawusubɔsubɔ me o. Ke boŋ mina míasrɔ̃ Petro, Yohanes kple Barnaba, eye míana lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple mía haviwo naʋã mí le nu sia nu si míewɔna na Yehowa me.—Mat. 22:37-40.

a Ŋdi kple fiẽ vɔsaɣiwoe wodoa gbe ɖa le gbedoxɔa me. Wosaa fiẽvɔ le “gaƒoƒo asiekelia” dzi, si nye ŋdɔ ga etɔ̃ me lɔƒo.

c Kpɔ aɖaka si nye “ Nunɔlagã La Kple Nunɔlawo Ƒe Tatɔwo.”

d Anɔ eme be Farisitɔ siwo ade 6,000 kple Zadukitɔ siwo made nenema oa, ye nɔ Yerusalem le ƒe 33 K.Ŋ. Ðewohĩ esia tae ƒuƒoƒo eve sia me tɔwo anya tsi dzi ɖe Yesu ƒe nufiafia siwo kakam nusrɔ̃lawo nɔ la ŋu.