Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 3

“Gbɔgbɔ Kɔkɔe Yɔ Wo Katã Taŋ”

“Gbɔgbɔ Kɔkɔe Yɔ Wo Katã Taŋ”

Nu si gbɔgbɔ kɔkɔe si wokɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi le Pentekoste ŋkekea dzia kpe ɖe wo ŋu wowɔ

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 2:1-47 dzi

1. Ƒo nu tso ale si nɔnɔmeawo nɔna le Pentekoste Ŋkekenyuia ɖuɣi ŋu.

 AMEWO xɔ Yerusalem ƒe ablɔwo dzi taŋ, eye wole dzidzɔ kpɔm. a Dzudzɔ de dzi le gbedoxɔa ƒe vɔsamlekpui dzi kɔtɔɔ, eye Lewi-viwo le kafukafuhawo dzim bobobo. (Psalmo 113 va se ɖe 118) Anɔ eme be hadziha ɖeka doa haa ɖa eye evelia xenɛ. Amedzro siwo tso teƒeteƒewo sɔ gbɔ ɖe dua me fũu. Ðewo tso Elam, Mesopotamia, Kapadokia, Ponto, Egipte kple Roma. b Nu ka wɔ gee wova? Wova Pentekoste, si wogayɔna be “agblemenuku gbãtɔwo” ƒe ŋkekenyui ɖuƒe. (4 Mose 28:26) Woɖua azã sia le luŋeɣi ƒe nuwuwu, si ganyea ƒoŋeɣi ƒe gɔmedzedze. Enye dzidzɔɣi gã aɖe.

2. Nu wɔnuku kawoe dzɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi?

2 Gbe ɖeka ŋdi abe ga asieke lɔƒo, le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe adamea, nane dzɔ, si awɔ nuku na amewo ƒe alafa geɖe. Wose nane ƒe ɖiɖi tso dziƒo le vome “abe yaƒoƒo sesẽ aɖe ene.” (Dɔw. 2:2) Gbeɖiɖia xɔ aƒe si me Yesu ƒe nusrɔ̃la 120 ƒo ƒu ɖo. Nu wɔnuku aɖe dzɔ kplɔe ɖo. Nane si le abe dzoƒaɖe ene dze ɖe nusrɔ̃laawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. c Eyome “gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo katã taŋ,” eye wode asi gbe bubuwo dodo me! Esi nusrɔ̃laawo do go le xɔa mea, ame siwo wodo goe le Yerusalem ƒe ablɔwo dzi ƒe nu ku, elabe wosee be nusrɔ̃laawo le yewo degbe dom! Ɛ̃, “wo dometɔ ɖe sia ɖe see wole eya ŋutɔ degbe dom.”—Dɔw. 2:1-6.

3. (a) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be nu si dzɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi nye nu ɖedzesi aɖe le subɔsubɔ vavãtɔ ƒe ŋutinya me? (b) Aleke nuƒo si Petro ƒo gbe ma gbe ɖee fia be ezã “dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo”?

3 Nu ɖedzesi aɖee ma dzɔ gbe ma gbe le subɔsubɔ vavãtɔ ƒe ŋutinya me. Eɖee fia be woɖo gbɔgbɔ me Israel, si nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea anyi. (Gal. 6:16) Gake nu bubuwo hã dzɔ. Esi Petro ƒo nu na amehawo gbe ma gbea, ezã “Dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo” ƒe gbãtɔ. Safuiawo dometɔ ɖe sia ɖe aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na ame hatsotso vovovowo. (Mat. 16:18, 19) Safui gbãtɔ sia na Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me va zu Yudatɔwo xɔ nya nyuia, eye wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na wo. d Esia wɔe be woava zu gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo, eye mɔnukpɔkpɔa asu wo si woava zu fiawo kple nunɔlawo le Mesia Fiaɖuƒea me. (Nyaɖ. 5:9, 10) Emegbea, mɔnukpɔkpɔ ma ava su Samariatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o hã si. Nu kae Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso nu ɖedzesi siwo dzɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi me?

“Wo Katã Woƒo Ƒu Ðe Teƒe Ðeka” (Dɔw. 2:1-4)

4. Aleke Kristo hame si woɖo le ƒe 33 K.Ŋ. me keke ta va se ɖe egbea?

4 Nusrɔ̃la 120 siwo ‘ƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka’ le dziƒoxɔ aɖe dzi ye wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na tsɔ dze Kristo hamea gɔme. (Dɔw. 2:1) Kaka ŋkeke ma nawu enua, ame akpewoe xɔ nyɔnyrɔ va zu hamea me tɔwo. Aleae Yehowa ƒe habɔbɔa dze takeke gɔme va se ɖe egbea. Nyateƒee, mawuvɔ̃la siwo li egbea, siwo le Kristo hamea me ye le gbeƒã ɖem “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã” hafi nuwuwua nava.—Mat. 24:14.

5. Yayra kawoe ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo kpɔ esi wode ha kple Kristo hamea, eye aleke míawo hã míele yayra ma tɔgbi kpɔm egbea?

5 Nu bubu si Kristo hamea awɔe nye be, ado ŋusẽ ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na kple ‘alẽ bubuawo’ me tɔ siwo ava wɔ ɖeka kpli wo la siaa be woƒe xɔse nasẽ. (Yoh. 10:16) Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma mea, eɖee fia be yekpɔ dzidzɔ ɖe ale si wole ŋusẽ dom wo nɔewo ŋu. Egblɔ be: “Ele dzroyem vevie be makpɔ mi ɖa, be mana gbɔgbɔmenunana aɖe mi, ne ŋusẽ naɖo mia ŋu; alo be míade dzi ƒo na mía nɔewo boŋ; ame sia ame ƒe xɔse nado ŋusẽ nɔvia tɔ, mia tɔ kple tɔnye siaa.”—Rom. 1:11, 12.

6, 7. Aleke Kristotɔ siwo li egbea le wɔwɔm ɖe se si Yesu de be woaɖe gbeƒã na dukɔwo katã dzi?

6 Taɖodzinu ɖekae le Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me kple esiwo li egbea siaa si. Dɔ si Yesu de asi na eƒe nusrɔ̃lawo ana woakpɔ dzidzɔ togbɔ be kuxiwo le eme hã. Egblɔ na wo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.”—Mat. 28:19, 20.

7 Yehowa le eƒe Ðasefo siwo li egbea zãm wole dɔ sia wɔm. Ele eme be mele bɔbɔe be woaɖe gbeƒã na gbe vovovo dolawo o. Gake Yehowa Ðasefowo ta Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 me. Ne èdea kpekpeawo, eye nèdoa vevie Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa, dzi adzɔ wò. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye su asiwò be wò hã nèle ame ʋɛ siwo ɖia ɖase tso Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu tsitotsito le anyigba dzia dome!

8. Aleke Yehowa yra hamea me tɔ ɖe sia ɖee?

8 Yehowa na mía nɔviwo ƒe habɔbɔ si le xexea me godoo mí be wòakpe ɖe mía ŋu míado dzi kple dzidzɔ le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Paulo gblɔ na Hebri Kristotɔwo be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, zi ale si miekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Heb. 10:24, 25) Nunanae Kristo hamea nye tso Yehowa gbɔ. Míedea dzi ƒo na mía nɔviwo, eye woawo hã dea dzi ƒo na mí. Eya ta nɔ ha dem kple nɔviawo, eye mèganɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo gblẽm ɖi o!

‘Wo Dometɔ Ðe Sia Ðe See Le Eya Ŋutɔ Degbe Me’ (Dɔw. 2:5-13)

“Wole nu ƒom tso Mawu ƒe nu dzɔtsuwo ŋu le mía degbe me míele sesem.”—Dɔwɔwɔwo 2:11

9, 10. Aleke ame aɖewo tsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoaɖe gbeƒã na gbe bubu dolawo?

9 Bu dzidzɔ si gbegbe Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me va zu Yudatɔwo kpɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi ŋu kpɔ. Wo dometɔ geɖe anya se Helagbe alo Hebrigbe. Gake fifia, “wo dometɔ ɖe sia ɖe see [nusrɔ̃lawo le wo ame siwo va ƒo ƒu la] degbe dom.” (Dɔw. 2:6) Ðikeke mele eme o be, dzi dzɔ wo be yewose nya nyuia le yewo degbe me. Ele eme be Kristotɔ siwo li egbea medoa gbe bubuwo nukutɔe o ya. Gake wo dometɔ geɖe tsɔ wo ɖokuiwo na be yewoagblɔ Fiaɖuƒe nya nyuia na gbe bubu dolawo. Aleke wole ewɔmee? Wo dometɔ aɖewo srɔ̃ gbe yeye, ale be woate ŋu asubɔ le dutagbehame aɖe me, alo aʋu ayi duta. Zi geɖea, ale si wodze agbagba srɔ̃ gbea wɔa dɔ ɖe ame siwo woɖea gbeƒã na dzi.

10 Le kpɔɖeŋu me, bu Christine kple Ðasefo adre bubu siwo srɔ̃ Gujaratigbe ŋu kpɔ. Esi Christine do go eƒe dɔwɔhati ɖetugbui aɖe si doa gbe siaa, edo gbe nɛ le wo degbe me. Esia wɔ dɔ ɖe ɖetugbuia dzi, eye wòdi be yeanya nu si ta Christine dze agbagba be yeasrɔ̃ yewo degbea. Esia na Christine te ŋu ɖi ɖase nɛ. Ðetugbuia gblɔ na Christine be: “Subɔsubɔha bubu aɖeke made dzi ƒo na eƒe hameviwo be woasrɔ̃ gbe sesẽ sia o. Nya vevi aɖe anya nɔ asiwò na mí.”

11. Aleke míate ŋu adzra ɖo agblɔ Fiaɖuƒe nya nyuia na ame siwo doa gbe bubuwo?

11 Nyateƒee, menye mí katãe ate ŋu asrɔ̃ gbe bubu o. Gake míate ŋu adzra ɖo be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia na gbe bubu dolawo. Aleke míawɔe? Mɔ ɖekae nye be míazã JW Language® dɔwɔnua atsɔ asrɔ̃ gbedoname kpuiwo le gbe siwo koŋ wodona le míaƒe nutoa mea me. Àte ŋu asrɔ̃ dzeɖonya kpui aɖewo hã le gbe mawo me atsɔ aɖi ɖase na amewo. He woƒe susu yi jw.org dzi, eye ɖewohĩ nàtsɔ video kple agbalẽ vovovo siwo le woƒe gbegbɔgblɔa me afia wo. Ne míezã dɔwɔnu siawo le míaƒe subɔsubɔdɔa mea, míawo hã míakpɔ dzidzɔ abe mía nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ene. Ɣemaɣia, ewɔ nuku na gbe vovovo dolawo esi wosee wole nya nyuia gblɔm le wo ‘dometɔ ɖe sia ɖe degbe’ me.

“Petro . . . Tsi Tsitre” (Dɔw. 2:14-37)

12. (a) Aleke nu wɔnuku siwo dzɔ le Pentekoste ŋkekea dzi na nyagblɔɖila Yoel ƒe nyawo va eme? (b) Nu ka tae wonɔ mɔ kpɔm be Yoel ƒe nyagblɔɖia ava eme le ƒe alafa gbãtɔ me?

12 “Petro . . . tsi tsitre” be yeaƒo nu na gbe vovovo dola siawo. (Dɔw. 2:14) Eɖe eme na nyaselaawo be Mawue na yewote ŋu do gbe vovovo mawo nukutɔe, ale be Yoel ƒe nyagblɔɖi si nye, “Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã ƒomevi dzi” nava eme. (Yoel 2:28) Hafi Yesu nadzo ayi dziƒoa, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mabia Fofo la wòana kpeɖeŋutɔ bubu mi,” eye wògblɔ kpee be kpeɖeŋutɔ mae nye ‘gbɔgbɔ kɔkɔea.’—Yoh. 14:16, 17.

13, 14. Aleke Petro dze agbagba ɖo amewo ƒe dzi gbɔ, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe nufiafiaɖaŋu sia?

13 Le Petro ƒe nyataƒonyaa mea, egblɔ na amehaa kã be: “Israel ƒe aƒe blibo la nanyae nyuie be, Mawu ɖo Yesu sia si miehe ɖe ati ŋu la wòzu Aƒetɔ kple Kristo.” (Dɔw. 2:36) Ele eme be ame siwo Petro nɔ nu ƒom na dometɔ geɖe menɔ eteƒe esime wonɔ Yesu hem ɖe ati ŋu o. Gake esi wonye Israel dukɔa me tɔwo taa, woawo hã woɖi Yesu ƒe ʋu ŋuti fɔ. De dzesii be Petro ƒo nu na nɔvia Yudatɔwo bubutɔe, be wòade dzi gbɔ na wo. Petro ƒe taɖodzinue nye be yeaʋã wo woatrɔ dzi me, ke menye be yeabu fɔ wo o. Ðe Petro ƒe nyawo do dziku na ameha siwo nɔ to ɖomeea? Kura o. Ke boŋ Petro ƒe nyawo ‘tɔ dzi na wo.’ Eye wobia be: “Nu kae míawɔ?” Ale si Petro ƒo nu bubutɔe de dzi gbɔ na ame geɖewo, ale be wotrɔ dzi me.—Dɔw. 2:37.

14 Míate ŋu asrɔ̃ ale si Petro dze agbagba be yeaɖo amewo ƒe dzi gbɔ. Ne míele gbeƒã ɖem la, mele be míadze agbagba be míaɖɔ nya sia nya si amea gblɔ si mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la ɖo o. Ke boŋ ele be míatu dzeɖoɖoa ɖe nu siwo me mía kple amea ƒe susu wɔ ɖeka le la dzi. Ne míewɔe alea, anɔ bɔbɔe be míade ŋugble kplii tso Mawu ƒe Nyaa me. Zi geɖea, ne míeƒo nu tso nu siwo me mía kple amewo ƒe susu wɔ ɖeka le ŋua, ewɔnɛ be ame siwo si dzi nyuie le la tea ŋu xɔa nyaa bɔbɔe.

“Mina Woanyrɔ Mia Dometɔ Ðe Sia Ðe” (Dɔw. 2:38-47)

15. (a) Nya kae Petro gblɔ na amehawo, eye aleke woxɔ nya lae? (b) Nu ka tae ame akpe siwo se nya nyuia le Pentekoste ŋkekea dzia dze axɔ nyɔnyrɔ gbe ma gbe?

15 Le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkeke vevi ma dzia, Petro gblɔ na Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo be: “Mitrɔ dzi me, eye mina woanyrɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe.” (Dɔw. 2:38) Esia wɔe be ame abe 3,000 ene xɔ nyɔnyrɔ, ɖewohĩ le tawo me le Yerusalem alo teƒe aɖe si te ɖe eŋu. e Ðe wotso ko xɔ nyɔnyrɔa? Ðe nudzɔdzɔ sia fia be ele be Biblia nusrɔ̃viwo kple dzila Kristotɔwo ƒe viwo natsɔ dzitsitsi axɔ nyɔnyrɔ eŋumabumabuia? Kura o. Ðo ŋku edzi be Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzia, nye Mawu ƒe Nyaa srɔ̃la dovevienuwo xoxo, eye wonye dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa la me tɔwo. Woɖee fia hã be dzo le yewo me ɖe mawusubɔsubɔ ŋu esi wozɔa mɔ legbeewo vaa Pentekoste Ŋkekenyuia ɖuƒe. Esi wova xɔ nyateƒenya siwo ku ɖe Yesu Kristo kple akpa si wɔm wòle be Mawu ƒe tameɖoɖowo nava eme ŋu dzi se taa, wosu te azu Kristo yomedzela xɔnyɔnyrɔwo eye woayi edzi asubɔ Mawu.

16. Aleke Kristotɔ siwo nɔ nyi le ƒe alafa gbãtɔ me tsɔ nuwo sa vɔe ɖe wo nɔviwo ta?

16 Edze ƒãa be Yehowa yra ame gbogbo siawo. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ame siwo katã va zu xɔsetɔwo la nɔ afi ɖeka, eye wowɔa nuwo katã ɖe du, wodzraa woƒe nunɔamesiwo kple woƒe nuwo, eye womaa nu siwo wokpɔ la na wo katã, ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu.” f (Dɔw. 2:44, 45) Kristotɔ vavãwo katã adi godoo be yewoasrɔ̃ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nɔnɔme sia.

17. Afɔ vevi kawoe ame aɖe hafi adze axɔ nyɔnyrɔ?

17 Le Ŋɔŋlɔawo nua, hafi Kristotɔ aɖe naxɔ nyɔnyrɔa, ele be wòaɖe afɔ vevi aɖewo. Ele be wòasrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa. (Yoh. 17:3) Ele be woaɖe xɔse afia, wòaɖee fia be yese veve ɖe nu siwo yewɔ va yia ta eye wòatrɔ dzi me. (Dɔw. 3:19) Eyome ele be wòagbugbɔ, eye wòava nɔ agbe nɔm ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu. (Rom. 12:2; Ef. 4:23, 24) Ne amea ɖe afɔ siawo vɔa, ado gbe ɖa aɖe adzɔgbe na Mawu eye wòaxɔ nyɔnyrɔ.—Mat. 16:24; 1 Pet. 3:21.

18. Mɔnukpɔkpɔ kae ʋu ɖi na Kristo yomedzela siwo xɔ nyɔnyrɔ?

18 Yesu Kristo yomedzela ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔe nènyea? Ne nenemaea, ke da akpe ɖe mɔnukpɔkpɔ gã ma si su asiwòa ta. Ale si ko gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋua, akpe ɖe wò hã ŋuwò be nàɖi ɖase tsitotsito eye nàwɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu!

a Kpɔ aɖaka si nye “ Yerusalem—Afi Si Koŋ Yudatɔwo Subɔ Le.”

c Edze ƒãa be nu si dze ɖe nusrɔ̃laawo dzi wokpɔa menye dzo ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ ele “abe dzoƒaɖewo ene.”

d Kpɔ aɖaka si nye “ Ame Siwo Trɔ Dzi Me Zu Yudatɔwo.”

e Abe ale si wòdzɔ le ƒe alafa gbãtɔ me enea, le Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe aɖe si wowɔ le August 7, 1993 le Kiev, Ukraine la, ame 7,402 ye xɔ nyɔnyrɔ le ta vovovo ade me. Ame gbogbo siawo nyɔnyrɔ xɔ gaƒoƒo eve miniti wuiatɔ̃ sɔŋ.

f Nuwo mama ƒe ɖoɖo si Kristotɔ mawo wɔa nye nane si nɔ anyi ɣeyiɣi kpuie aɖe ko ale be woatsɔ akpe ɖe amedzro siwo va tsi Yerusalem la ŋu ale be woate ŋu agasrɔ̃ nu bubuwo akpee. Nuwo mama sia nye nu si Kristotɔ mawo lɔ̃ fãa wɔ, ke menye sɔsɔminasɔe ƒe susu si dom amewo le ɖe ŋgɔ egbea ye wònye o.—Dɔw. 5:1-4.