TA 5
“Ele Be Míaɖo To Mawu Abe Dziɖula Ene”
Apostoloawo nɔ te sesĩe wònye kpɔɖeŋu na Kristotɔ vavãwo katã
Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 5:12–6:7 dzi
1-3. (a) Nu ka tae wokplɔ apostoloawo va Sanhedrin, eye nya ka koŋue fɔ ɖe te? (b) Nu ka tae míedi be míanya nu si apostoloawo wɔ?
WOKPLƆ Yesu ƒe apostoloawo va ʋɔnu, eye Sanhedrin la ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe dzi le fiefiẽm ale gbegbe. Nu ka tae wokplɔ wo va ʋɔnu? Nunɔlagã Yosef Kayafa, si le zi me na Sanhedrin la, gblɔ na wo adãtɔe be: “Míede se na mi eme kɔ nyuie be miagayi edzi anɔ nu fiam le ŋkɔ sia dzi o.” Kayafa si do dziku vevie medi be yeayɔ Yesu ŋkɔ gɔ̃ hã o. Eyi edzi gblɔ be: “Gake miena miaƒe nufiafia xɔ Yerusalem katã kpe ɖo, eye mieɖoe kplikpaa be yewoahe ŋutsu sia ƒe ʋu ava mía dzi.” (Dɔw. 5:28) Sededea me kɔ: Ne womedzudzɔ gbeƒãɖeɖe oa, woahe to na wo!
2 Aleke apostoloawo wɔ nui? Yesu, ame si Mawu na ŋusẽe, ye de se na wo be woaɖe gbeƒã. (Mat. 28:18-20) Ðe dzidzi aƒo apostoloawo woamia nua? Alo ɖe dzi anɔ wo ƒo woayi edzi aɖe gbeƒãa? Nya si koŋ fɔ ɖe tee nye: Ðe woayi edzi aɖo to Mawu loo alo woaɖo to amegbetɔ? Apostolo Petro mehe ɖe megbe o. Eƒo nu enumake ɖe apostolo mamlɛawo katã nu. Eƒe nyawo me kɔ eye woɖee fia be dzi nɔ eƒo.
3 Mí Kristotɔ vavãwo hã míedi be míanya ale si apostoloawo wɔ nui esi Sanhedrin la do ŋɔdzi na wo, elabe wode dɔ asi na míawo hã be míaɖe gbeƒã. Esi míele dɔ sia wɔmaa, woate ŋu ati míawo hã yome. (Mat. 10:22) Tsitretsiɖeŋulawo ate ŋu axe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu alo aɖo asi dɔa dzi. Ne edzɔ alea, nu kae míawɔ? Aɖe vi na mí ne míelé ŋku ɖe nu si apostoloawo wɔ kple nu si na wokplɔ wo yi Sanhedrin la ŋu. a
“Yehowa Ƒe Dɔla Va Ʋu Gaxɔ La Ƒe Ʋɔtruwo” (Dɔw. 5:12-21a)
4, 5. Nu ka tae Kayafa kple Zadukitɔwo “yɔ fũu kple ŋuʋaʋã”?
4 Ðo ŋku edzi be esi wode se na Petro kple Yohanes be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe zi gbãtɔa, woɖo eŋu be: “Míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple nu siwo míese la ŋu o.” (Dɔw. 4:20) Esi Petro kple Yohanes dzo le Sanhedrin la ŋkumea, wo kple apostolo bubuawo yi edzi nɔ gbeƒã ɖem le gbedoxɔa me. Apostoloawo wɔ nukunu gãwo. Woda dɔ na amewo eye wonya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. “Salomo ƒe Akpata” si le gbedoxɔa ƒe ɣedzeƒe mee wowɔ dɔ sia le; afi mae Yudatɔ gbogbo aɖewo va ƒo ƒu ɖo. Dɔnɔ gbogbo siwo dzi Petro ƒe vɔvɔli dze gɔ̃ hã haya. Ame siwo woda dɔ na lɔ̃ faa ɖo to Mawu ƒe nyaa. Esia wɔe be “ame siwo xɔ Aƒetɔ la dzi se la nɔ dzidzim ɖe edzi, wonye ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe ha gã aɖe.”—Dɔw. 5:12-15.
5 Zadukitɔwo kple Kayafa si ŋutɔ hã nye Zadukitɔ “yɔ fũu kple ŋuʋaʋã,” eye wolé apostoloawo de gaxɔ me. (Dɔw. 5:17, 18) Nu kae na Zadukitɔwo do dziku nenema gbegbe? Elabe apostoloawo nɔ nu fiam be wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ku me, evɔ Zadukitɔwo mexɔ tsitretsitsia dzi se o. Apostoloawo nɔ gbɔgblɔm be ne ame aɖe xɔ Yesu dzi sea, akpɔ ɖeɖe. Nya sia na Zadukitɔwo vɔ̃ be Romatɔwo ava he to na yewo be yewoɖo Kplɔla bubu na yewo ɖokui. (Yoh. 11:48) Mewɔ nuku o be Zadukitɔwo ɖoe be yewoamia nu na apostoloawo!
6. Ame kawo koŋue ƒlɔa dzo ɖe amewo te egbea be woati Yehowa subɔlawo yome, eye nu ka tae mele be esia nawɔ nuku na mí o?
6 Egbea, subɔsubɔhakplɔla siwo melɔ̃ mí Yehowa subɔlawo ƒe nya o koŋue ƒlɔa dzo ɖe amewo te be woati mía yome. Wotoa dziɖuɖumegãwo kple nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo dzi be yewoana míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Ðe wòle be esia nawɔ nuku na mía? Kura o! Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kloa nu le subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo dzi, eye ne ame siwo si dzi nyui le va lɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzia, wovona tso alakpadzixɔsewo kple nuwɔna gbegblẽwo si me. (Yoh. 8:32) Eya ta mewɔ nuku o be míaƒe dɔa nana subɔsubɔhakplɔlawo ʋãa ŋu eye woléa fu mí?
7, 8. Ŋusẽ kae mawudɔlaa ƒe nyawo anya kpɔ ɖe apostoloawo dzi, eye nya kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu abia eɖokui?
7 Esi apostoloawo nɔ gaxɔa mea, ɖewohĩ woanɔ wo ɖokuiwo biam be ɖe woawu yewo ɖe yewoƒe xɔse ta hã. (Mat. 24:9) Gake le zã mea, nane si womele mɔ kpɔm na o dzɔ. “Yehowa ƒe dɔla va ʋu gaxɔ la ƒe ʋɔtruwo.” b (Dɔw. 5:19) Mawudɔlaa gblɔ na wo tẽe be: “Miyi ɖatsi tsitre ɖe gbedoxɔa me, ne mianɔ agbe sia ŋu nyawo katã gblɔm na amewo.” (Dɔw. 5:20) Nya sia anya de dzi ƒo na apostoloawo woakpɔe be dɔa koe ma wɔm yewole. Mawudɔlaa ƒe nyawo anya de dzi ƒo na wo hã be woanɔ te sesĩe, nu ka kee ɖadzɔ o. Xɔse sẽŋu kple dzideƒo si nɔ apostoloawo si taa, “woyi gbedoxɔa me ŋdi kanya, eye wode asi nufiafia me.”—Dɔw. 5:21.
8 Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu abia eɖokui be: ‘Ðe xɔse kple dzideƒo ate ŋu anɔ asinye be maɖe gbeƒã le nɔnɔme mawo tɔgbi mea?’ Dzi le mía ƒo, eye míevɔ̃na kura o, elabe míenyae be mawudɔlawo le megbe na mí esi míele ‘ɖase ɖim le Mawu Fiaɖuƒe la ŋu tsitotsito.’—Dɔw. 28:23; Nyaɖ. 14:6, 7.
“Ele Be Míaɖo To Mawu Abe Dziɖula Ene Wu Amewo” (Dɔw. 5:21b-33)
9-11. Aleke apostoloawo wɔ nui esi Sanhedrin la de se na wo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe, eye kpɔɖeŋu kae woɖo ɖi na Kristotɔ vavãwo?
9 Kayafa kple Sanhedrin la ƒe ʋɔnudrɔ̃la bubuwo va ɖi anyi be yewoatu nu kple apostoloawo. Esi womenya nu si dzɔ o taa, wodɔ kpovitɔwo be woava he apostoloawo tso gaxɔ me vɛ. Bu ale si kpovitɔawo ƒe mo anya da tui esi wokpɔ “gaxɔ la wòle tutu nyuie, eye dzɔlawo hã le tsitre ɖe ʋɔtruawo nu,” gake ame aɖeke mele gaxɔa me o ŋu kpɔ. (Dɔw. 5:23) Gbedoxɔdzikpɔlawo ƒe amegã see be apostoloawo trɔ va gbedoxɔa me va le dɔ si na wolé wo de gaxɔa me wɔm. Wole ɖase ɖim tso Yesu ŋu! Gbedoxɔdzikpɔlawo ƒe amegãa kple kpovitɔwo yi gbedoxɔa me va yi lé apostoloawo eye wokplɔ wo yi Sanhedrin la.
10 Abe ale si míekpɔe le ta sia ƒe gɔmedzedze enea, subɔsubɔhakplɔla siwo do dziku la di be apostoloawo nadzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Aleke apostoloawo wɔ nui? Petro ƒo nu ɖe apostolo mamlɛawo nu dzinɔameƒotɔe be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔw. 5:29) Kpɔɖeŋu nyui aɖee nye esia apostoloawo ɖo ɖi na Kristotɔ vavãwo katã. Amegbetɔ dziɖulawo wɔa nu wògbɔa woƒe ŋusẽ ŋu. Wodea se na amewo be woagawɔ nu siwo Mawu di o, ke boŋ woawɔ nu siwo Mawu tsri. Eya ta egbea ne “ŋusẽtɔwo” ɖo asi míaƒe dɔa dzi hãa, mímate ŋu adzudzɔ dɔ si Mawu de mía si be míagblɔ nya nyuia o. (Rom. 13:1) Ne woɖo asi míaƒe dɔa dzi hãa, míedzea aye, eye míeɖia ɖase tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito.
11 Mewɔ nuku o be, ale si apostoloawo ɖo nya ŋu dzinɔameƒotɔe ho dzi na ʋɔnudrɔ̃laawo. Esia na woɖoe kplikpaa “be yewoawu” wo. (Dɔw. 5:33) Edze abe madidi o, apostolo dzinɔameƒotɔ siawo aku ɖe woƒe xɔse ta ene. Gake mènya o ɖe, woaxɔ na wo to nukumɔ aɖe dzi!
Dɔw. 5:34-42)
“Miate Ŋu Agblẽ Eme O” (12, 13. (a) Aɖaŋu kae Gamaliel ɖo na etɔwo, eye aleke wowɔ nui? (b) Aleke Yehowa xɔna na eƒe amewo egbea, eye ne eɖe mɔ be ‘míakpe fu le dzɔdzɔenyenye ta’ hã, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?
12 Gamaliel, si nye “sefiala si ŋu ameawo katã dea bubui,” tsi tre le Sanhedrin la, eye wòƒo nu. c Anɔ eme be ʋɔnudrɔ̃la mamlɛawo dea bubu Gamaliel ŋu, elabe ‘eɖe gbe be woakplɔ apostoloawo ado goe vie.’ (Dɔw. 5:34) Ehe woƒe susu yi kplɔla aɖewo siwo do va yia dzi. Egblɔ be esi kplɔlawo mawo kua, wo yomedzelawo hã di afi aɖe to. Eya ta ede dzi ƒo na etɔwo be woagbɔ dzi ɖi, elabe ɖeko apostoloawo hã ƒe Kplɔla Yesu ku medidi o koe ma. Nya si Gamaliel gblɔ wɔ dɔ ɖe wo dzi. Egblɔ be: “Migade nu ame siawo ƒe nya me o, ke boŋ miɖe asi le wo ŋu. Elabena ne amewo gbɔe ɖoɖo sia alo dɔ sia tso la, ekema eme ava gblẽ; ke ne Mawu gbɔe wòtso la, miate ŋu agblẽ eme o. Ne menye nenema o la, ava dze abe ɖe miele avu wɔm kple Mawu ŋutɔ.” (Dɔw. 5:38, 39) Ʋɔnudrɔ̃laawo wɔ ɖe aɖaŋu si wòɖo dzi. Ke hã, woƒo apostoloawo, eye wode se na wo “be woadzudzɔ nuƒoƒo le Yesu ƒe ŋkɔ me.”—Dɔw. 5:40.
13 Egbea hã, Yehowa ate ŋu ana ame ŋkuta siwo le abe Gamaliel ene naxɔ na eƒe amewo. (Lod. 21:1) Yehowa ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔa dzi ana dziɖulawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple senyalawo nawɔ nu si wòdi. (Neh. 2:4-8) Gake ne eɖe mɔ be ‘míakpe fu le dzɔdzɔenyenye ta hã,’ míate ŋu aka ɖe nu vevi eve dzi. (1 Pet. 3:14) Gbãtɔ, Mawu ate ŋu ado ŋusẽ mí míado dzi. (1 Kor. 10:13) Evelia, tsitretsiɖeŋulawo ‘mate ŋu agblẽ’ Mawu ƒe dɔa me o.—Yes. 54:17.
14, 15. (a) Aleke apostoloawo wɔ nu esi woƒo wo vɔ, eye nu ka tae? (b) Gblɔ kpɔɖeŋu si ɖo kpe edzi be Yehowa ƒe ame siwo li egbea doa dzi kple dzidzɔ.
14 Ðe ale si woƒo apostoloawo na dzi ɖe le wo ƒo eye wogbɔdzɔa? Gbeɖe! “Wodzo le Sanhedrin la ŋkume, eye wonɔ dzidzɔ kpɔm.” (Dɔw. 5:41) Nu ka tae “wonɔ dzidzɔ kpɔm”? Menye esi woƒo wo tae o. Ke boŋ wonyae be yewole nuteƒe wɔm na Yehowa, eye yewole yewoƒe Kpɔɖeŋuɖola Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome dzem.—Mat. 5:11, 12.
15 Míawo hã míedoa dzi kple dzidzɔ ne míele fu kpem le nya nyuia ta, abe ale si mía nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me wɔe ene. (1 Pet. 4:12-14) Medzɔa dzi na mí ne wodo ŋɔdzi na mí, ti mía yome alo lé mí de gaxɔ me ya o. Gake míaƒe dzi dzea eme, elabe míenyae be míele nuteƒe wɔm. Bu Henryk Dornik si do dzi ƒe geɖe le dziɖula amedzizilawo si me ŋu kpɔ. Egblɔ be le August 1944 mea, setɔwo gblɔ be yewoade ye kple ye fo fuwɔamegaxɔ me. Tsitretsiɖeŋulaawo gblɔ be: “Míate ŋu axe mɔ na wo be woagawɔ nu si wodi o. Edzɔa dzi na wo be yewoaku ɖe yewoƒe xɔse ta.” Nɔviŋutsu Dornik gblɔ be: “Togbɔ be menye nye didie wònye be maku ɖe nye xɔse ta o hãa, mekpɔa dzidzɔ, elabe dzi le ƒonye, eye meyi edzi le nuteƒe wɔm na Yehowa.”—Yak. 1:2-4.
16. Aleke apostoloawo ɖee fia be yewoɖoe kplikpaa be yewoaɖi ɖase tsitotsito, eye aleke míesrɔ̃a woƒe gbeƒãɖeɖemɔnu ma egbea?
16 Apostoloawo mehe ɖe megbe kura o; woyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. “Gbe sia gbe woyi edzi nɔ nu fiam henɔ nya nyui la gblɔm le Kristo la, si nye Yesu ŋu madzudzɔmadzudzɔe le gbedoxɔa me kple aƒe me yi aƒe me.” d (Dɔw. 5:42) Dzo le apostoloawo me, eye woɖoe kplikpaa be yewoaɖi ɖase tsitotsito. De dzesii be wotsɔ nya nyuia yi na amewo le woƒe aƒewo me, abe ale si Yesu Kristo de se na wo ene. (Mat. 10:7, 11-14) Ðikeke mele eme o be, mɔ sia dzie woto na woƒe nufiafiawo xɔ Yerusalem. Egbea, Yehowa Ðasefowo hã srɔ̃a apostoloawo ƒe gbeƒãɖeɖemɔnua. Esi míedi be míaɖi ɖase tsitotsito eye míana mɔnukpɔkpɔ ame sia ame wòase nya nyuia taa, míawo hã míetsɔa nya nyuia yia aƒe sia aƒe me. Ðe Yehowa yra ɖe aƒe me yi aƒe me dɔa dzia? Ɛ̃, eyra ɖe edzi! Ame miliɔn geɖe le to ɖom Fiaɖuƒe nya nyuia le nuwuɣia me, eye wo dometɔ geɖe see zi gbãtɔ esi Ðasefowo tsɔ nya nyuia va wo gbɔ le aƒe me.
Ŋutsu Siwo Dze Woatsɔ Aɖo “Dɔ Vevi” Aɖe Nu (Dɔw. 6:1-6)
17-19. Nya sesẽ si ate ŋu ahe mama vɛ kae do mo ɖa, eye mɔfiame kae apostoloawo na be woatsɔ akpɔ nya sia gbɔ?
17 Kuxi aɖe si ate ŋu agblẽ nu do mo ɖa le hame yeyea me. Kuxi kae? Nusrɔ̃la yeye siwo xɔ nyɔnyrɔ dometɔ geɖe nye amedzro siwo va Yerusalem, eye wodi be yewoagasrɔ̃ nu bubuwo akpee hafi atrɔ ayi yewo de. Eya ta nusrɔ̃la siwo le Yerusalem dzɔ nu faa be woatsɔ akpɔ amedzroawo ƒe nuɖunyawo kple hiahiã bubuwo gbɔ. (Dɔw. 2:44-46; 4:34-37) Ɣeyiɣi sia mee nya sesẽ aɖe do mo ɖa, si gbɔ kpɔkpɔ hiã ŋuɖɔɖo blibo. Le “gbe sia gbe nuɖuɖu la mama” mea, ‘wogblẽa Helagbedolawo ƒe ahosiwo ɖi.’ (Dɔw. 6:1) Gake womegblẽa Hebrigbedolawo ya ƒe ahosiwo ɖi o. Edze ƒãa be ameŋkumekpɔkpɔ ge ɖe nyaa me. Ameŋkumekpɔkpɔ sia tɔgbi ate ŋu ade mama gã aɖe hamea me.
18 Apostoloawo kpɔe be masɔ be ‘yewoagblẽ Mawu ƒe nya la ɖi anɔ nuɖuɖu mam o,’ elabe woawoe le ŋgɔ xɔm le hame si le ta kekem la me. (Dɔw. 6:2) Eya ta apostoloawo gblɔ na nusrɔ̃laawo be woatia ŋutsu adre “siwo gbɔgbɔ kple nunya yɔ fũu” be woatsɔ aɖo “dɔ vevi” sia nu. (Dɔw. 6:3) Ele be woatia ame siwo dze nyuie, elabe menye nuɖuɖu koe woama o, woakpɔ ganyawo gbɔ, aƒle nuzazãwo, eye woawɔ nuŋlɔɖi nyuiwo hã. Helagbe me ŋkɔe le ŋutsu siwo katã wotia si, ɖewohĩ esia ana ahosi Helagbedola siwo dzi nu te ɖo ƒe dzi nadze eme. Esi apostoloawo do gbe ɖa, lé ŋku ɖe ame siwo wotia ŋu vɔa, woda asi ɖe edzi be woatsɔ wo aɖo “dɔ vevi” sia nu. e
19 Ðe esia fia be megahiã be ŋutsu adre siwo woɖo be woakpɔ nuɖuɖumama ƒe dɔa dzi naɖe gbeƒã nya nyuia oa? Kura o! Ŋutsu adre siwo wotia dometɔ ɖekae nye Stefano, eye eva zu ɖaseɖila sẽŋu aɖe si mevɔ̃na o. (Dɔw. 6:8-10) Filipo hã nye ame adreawo dometɔ ɖeka, eye woyɔe be “nyanyuigblɔla.” (Dɔw. 21:8) Esia ɖee fia be ŋutsu adreawo katã yi edzi ɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia dzonɔamemetɔe.
20. Aleke Mawu ƒe ame siwo li egbea zɔna ɖe kpɔɖeŋu si apostoloawo ɖo ɖi dzi?
20 Yehowa ƒe ame siwo li egbea zɔna ɖe kpɔɖeŋu si apostoloawo ɖo ɖi dzi. Ele be ŋutsu siwo wokafu be woaɖo agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me naɖee afia be Mawu ƒe nunyae le mɔ fiam yewo, eye gbɔgbɔ kɔkɔea le dɔ wɔm ɖe yewo dzi. Le Dɔdzikpɔhaa ƒe mɔfiafia tea, woɖoa nɔviŋutsu siwo ɖo Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo gbɔ hamemetsitsiwo alo subɔsubɔdɔwɔlawo le hamea me. f (1 Tim. 3:1-9, 12, 13) Eya ta woate ŋu agblɔ tso ame siwo ɖo nudidi siawo gbɔ ŋu be gbɔgbɔ kɔkɔea ye ɖo wo. Nɔviŋutsu dɔ sesẽ wɔla siawo kpɔa “dɔ vevi” geɖe gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, hamemetsitsiwo wɔa ɖoɖo be woakpɔ nɔvi wɔnuteƒe siwo tsi, eye wohiã kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ, ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na wo. (Yak. 1:27) Hamemetsitsi aɖewo kpɔa Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔwo gbɔ, wowɔa ɖoɖo ɖe takpekpewo ŋu, eye wo dometɔ aɖewo nye Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti me tɔwo. Subɔsubɔdɔwɔlawo kpɔa dɔ siwo meku ɖe alẽkpɔkplɔ kple nufiafia ŋu tẽe o gbɔ. Ele be nɔviŋutsu siawo katã nada asɔ le dɔ siwo wowɔna le hamea kple habɔbɔa mea me, ale be woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi ɖe dɔ vevi si Mawu de asi na mí be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia hã ŋu.—1 Kor. 9:16.
“Mawu Ƒe Nya La Yi Edzi Nɔ Ta Kekem” (Dɔw. 6:7)
21, 22. Nu kae ɖee fia be Yehowa yra hame yeyea?
21 Yehowa kpe ɖe hame yeyea ŋu be yometiti si tso egodo kple kuxi si do mo ɖa le hamea ŋutɔ me, siwo ate ŋu ahe mama vɛa, megblẽ nu le hamea ŋu o. Yehowa nɔ megbe na wo, elabe Biblia gblɔ be: “Mawu ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi ŋutɔ le Yerusalem; eye nunɔla gbogbo aɖewo hã va zu xɔsetɔwo.” (Dɔw. 6:7) Dzidziɖedzi si wokpɔ, siwo ŋu nya wogblɔ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa mea, dometɔ ɖeka koe nye esia. (Dɔw. 9:31; 12:24; 16:5; 19:20; 28:31) Egbea, ɖe medzɔa dzi na mí ne míese ale si Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa le ŋgɔ yim le xexea me godoo ŋuti nyatakakawo oa?
22 Le ƒe alafa gbãtɔ mea, subɔsubɔhakplɔlawo medzudzɔ nɔviawo yome titi o. Yometiti gã aɖe gale ŋgɔ na wo. Eteƒe medidi o, wotɔ ŋku Stefano eye woti eyome vevie abe ale si míakpɔe le ta si kplɔe ɖo me ene.
a Kpɔ aɖaka si nye “ Sanhedrin La—Yudatɔwo Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ.”
b Nya, “mawudɔla” dze le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me zi 20 sɔŋ, eye esiae nye gbãtɔ. Do ŋgɔa, woyɔ wo le Dɔwɔwɔwo 1:10 be ‘ŋutsu siwo le awu ɣiwo me.’
c Kpɔ aɖaka si nye “ Gamaliel—Wodea Bubu Eŋu Le Rabiwo Dome.”
d Kpɔ aɖaka si nye “ Gbeƒãɖeɖe Tso ‘Aƒe Me Yi Aƒe Me.’”
e Anɔ eme be ŋutsu siawo ɖo nudidi siwo gbɔ wòle be hamemetsitsiwo naɖoa gbɔ, elabe “dɔ vevi” sia nye agbanɔamedzi gã aɖe. Ke hã, Ŋɔŋlɔawo megblɔ ɣeyiɣi si tututu wodze ŋutsuwo ɖoɖo hamemetsitsiwo le Kristo hamea me gɔme o.
f Le ƒe alafa gbãtɔ mea wode dɔ asi na nɔviŋutsu siwo dze la be woaɖo hamemetsitsiwo. (Dɔw. 14:23; 1 Tim. 5:22; Tito 1:5) Egbea, Dɔdzikpɔhaa ɖoa nutome sue dzikpɔlawo eye dzikpɔla siawo hã ɖoa hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo.