Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 2

“Mianye Nye Ðasefowo”

“Mianye Nye Ðasefowo”

Ale si Yesu na hehe eƒe apostolowo nyuie be woaxɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 1:1-26 dzi

1-3. Nu kawoe Yesu wɔ hafi dzo le eƒe apostoloawo gbɔ, eye biabia kawoe fɔ ɖe te?

 NU SIWO teƒe apostoloawo kpɔ le kwasiɖa siwo va yi me do dzidzɔ na wo ale gbegbe be womedi be wo nu natso o. Esi wokpɔ be wofɔ Yesu tso ku mea, dzi dzɔ wo ŋutɔ! Le ŋkeke 40 siwo va yi mea, Yesu ɖe eɖokui fia eyomedzelawo enuenu. Efia nu geɖe wo, eye wòde dzi ƒo na wo. Gake esiae nye zi mamlɛtɔ si wòɖe eɖokui fia wo.

2 Apostoloawo ke to nyuie se Yesu ƒe nyawo le Amitoa dzi. Esi wòƒo nu na wo vɔa, ɖewohĩ ekɔ asi dzi, eye wòyra wo. Kasia, eyae nye ema le dzi yim! Eƒe nusrɔ̃lawo wu mo dzi le ekpɔm wòle dzi yim. Vivivia, ebu ɖe alilikpowo me. Edzo, gake nusrɔ̃lawo gakpɔtɔ le yame kpɔm.—Luka 24:50; Dɔw. 1:9, 10.

3 Nu si dzɔ gbe ma gbea atrɔ nu geɖe le Yesu ƒe apostolowo ƒe agbe me. Fifia esi woƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzo le wo gbɔ yi dziƒoa, nu kae woawɔ? Míenya nyuie be woƒe Aƒetɔa na hehe wo nyuie be woayi dɔ si gɔme yedzea dzi. Aleke wòna hehe wo ɖe dɔ vevi sia ŋu, eye aleke wowɔ nui? Aleke esia ka Kristotɔ siwo li egbeae? Woɖo nya siawo ŋu le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒe ta gbãtɔ me.

“Kpeɖodzi Geɖe Siwo Ŋu Kakaɖedzi Le” (Dɔw. 1:1-5)

4. Aleke Luka dze Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa gɔmee?

4 Luka yɔ Teofilo ŋkɔ wòfia be eyae wòŋlɔ agbalẽa na, eye eya kee wòŋlɔ eƒe Nyanyuigbalẽa na va yi. a Luka di be eme nakɔ be agbalẽ sia nye nya siwo yeŋlɔ nɛ va yi dzi yiyi. Eya ta le agbalẽa ƒe gɔmedzedzea, ezã nya bubuwo tsɔ tò nya siwo wòtsɔ wu Nyanyuigbalẽa nu ɖe eme, eye wòtsɔ numekɔkɔ yeyewo kpee.

5, 6. (a) Nu kae akpe ɖe Yesu yomedzelawo ŋu be woƒe xɔse nasẽ? (b) Nu ka tae míagblɔ be Kristotɔ siwo li egbea tu woƒe xɔse ɖe “kpeɖodzi geɖe siwo ŋu kakaɖedzi le” dzi?

5 Nu kae ana Yesu yomedzelawo ƒe xɔse nasẽ? Edze le Dɔwɔwɔwo 1:3, afi si gblɔ be: “[Yesu ɖe] eɖokui fia wo be yele agbe to kpeɖodzi geɖe siwo ŋu kakaɖedzi le la dzi.” Le Biblia mea, “atikewɔla lɔlɔ̃tɔ” Luka koe zã nya ‘kpeɖodzi siwo ŋu kakaɖedzi le.’ (Kol. 4:14) Nya ma nye nya si atikewɔla bibiwo zãna le woƒe nuŋlɔɖiwo me. Efia nane si dze ƒãa, si me kɔ, si ŋu kakaɖedzi le. Yesu na kpeɖodzi mawo tɔgbi. Eɖe eɖokui fia eyomedzelawo zi geɖe. Ɣeaɖewoɣia, eɖea eɖokui fiaa ame ɖeka alo ame eve, alo apostoloawo katã, eye gbe ɖekaa eɖe eɖokui fia xɔsetɔ siwo wu 500. (1 Kor. 15:3-6) Ena kpeɖodzi siwo ŋu kakaɖedzi le nyateƒe!

6 “Kpeɖodzi geɖe siwo ŋu kakaɖedzi le” dzie Kristotɔ vavã siwo li egbea hã tu woƒe xɔse ɖo. Ðe kpeɖodziwo li be Yesu nɔ anyigba dzi kpɔ, eku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wofɔe ɖe tsitrea? Ɛ̃! Ame siwo kpɔ nudzɔdzɔ mawo teƒe ŋutɔŋutɔ na kpeɖodzi siwo katã hiã la mí le Mawu ƒe Nyaa me. Ne míesrɔ̃ nuŋlɔɖi siawo nyuie, eye míedo gbe ɖa be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu míase wo gɔmea, ado ŋusẽ míaƒe xɔse. Ðo ŋku edzi be xɔse vavã si wotu ɖe nu siwo ŋu kpeɖodzi ŋutɔŋutɔwo le dzi to vovo na nu sia nu dzi xɔxɔ se ko. Ele be xɔse vavãtɔ nanɔ mía si hafi míate ŋu akpɔ agbe mavɔ.—Yoh. 3:16.

7. Nu ka koŋue Yesu ɖe gbeƒãe, eye nu kae eyomedzelawo ate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ?

7 Yesu ‘ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu’ na amewo. Le kpɔɖeŋu me, eɖe nyagblɔɖi siwo ku ɖe ale si Mesia akpe fu eye wòaku la me. (Luka 24:13-32, 46, 47) Yesue wotia be woanye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. Eya ta esi wònɔ akpa si wòawɔ abe Mesia ene me ɖemaa, ehe susu yi Fiaɖuƒea dzi. Fiaɖuƒe mae nye nu vevi si Yesu ŋutɔ ɖe gbeƒãe, eye Fiaɖuƒe ma kee eyomedzela siwo li egbea hã le gbeƒã ɖemee.—Mat. 24:14; Luka 4:43.

“Va Se Ðe Anyigba Ƒe Seƒe Ke” (Dɔw. 1:6-12)

8, 9. (a) Susu totro eve kawoe nɔ Yesu ƒe apostoloawo si? (b) Aleke Yesu ɖɔ eƒe apostoloawo ƒe susu ɖoe, eye nufiame kae le eme na Kristotɔwo egbea?

8 Esi apostoloawo ƒo ƒu ɖe Amitoa dzia, Yesu kpe kpli wo zi mamlɛtɔ le anyigba dzi. Wotsi dzi, eya ta wobiae be: “Aƒetɔ, ɖe nègbugbɔ le fiaɖuƒe la ɖom anyi na Israel le ɣeyiɣi sia mea?” (Dɔw. 1:6) Biabia sia ɖee fia be susu totro eve nɔ apostoloawo si. Gbãa, wosusui be Israel-viwoe woaɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi na. Evelia, wonɔ mɔ kpɔm be Fiaɖuƒea nadze dziɖuɖu gɔme enumake, ‘le ɣeyiɣi ma me.’ Aleke Yesu kpe ɖe wo ŋu be woaɖɔ woƒe susu ɖo?

9 Yesu nya be eteƒe madidi kura o woakpɔ ŋuɖoɖo na woƒe nyabiase gbãtɔa, elabe le ŋkeke ewo pɛ ko mea, woakpɔe be wodzi dukɔ yeye aɖe, si nye gbɔgbɔ me Israel. Ale si Mawu wɔa nu kple Israel vidzidziwo wu enu vɔ. Yesu gblɔ tso susu evelia si nɔ wo si ŋu be: “Mehiã be mianya ɣeyiɣi alo azãgbe siwo Fofo la ɖo le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu la o.” (Dɔw. 1:7) Yehowae nye Gamedzinɔla Gãtɔ. Hafi Yesu nakua, egblɔ be Vi la gɔ̃ hã menya “ŋkeke ma kple gaƒoƒo” si nuwuwua ava o, “negbe Fofo la ko.” (Mat. 24:36) Eya ta ne Kristotɔ siwo li egbea hã tsi dzi be yewoanya ŋkeke si tututu nuwuwua avaa, ke wole fu ɖem na wo ɖokuiwo dzodzro.

10. Apostoloawo ƒe nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si, eye nu ka tae?

10 Gake mele be esia nana míaƒo nya ta be xɔse mele Yesu ƒe apostoloawo si o. Xɔse sẽŋu le wo si. Wolɔ̃ faa woɖɔ wo ɖo. Togbɔ be susu totroe nɔ wo si wotsɔ bia nya ma Yesu hãa, eɖee fia be nɔnɔme nyui le wo si, elabe Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo enuenu be: “Minɔ ŋudzɔ.” (Mat. 24:42; 25:13; 26:41) Nya si wobia ɖee fia be wole ŋudzɔ ɖe dzesi siwo aɖee afia be Yehowa awɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi ŋu. Nɔnɔme sia tututue wòle be wòanɔ míawo hã si egbea, vevietɔ esi míele ‘ŋkeke mamlɛawo’ ƒe yɔyrɔe nu ta.—2 Tim. 3:1-5.

11, 12. (a) Dɔ kae Yesu de asi na eyomedzelawo? (b) Nu ka tae wòsɔ be Yesu ƒo nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu esime wònɔ gbeƒãɖeɖedɔa dem asi na eyomedzelawo?

11 Yesu ɖo ŋku nu si ŋu wòle be apostoloawo natsi dzi ɖo dzi na wo. Egblɔ na wo be: “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Woaɖe gbeƒã Yesu ƒe tsitretsitsi ŋu nya. Woadze egɔme tso Yerusalem, du si me wowu Yesu le, eye woakekee ɖe enu tso afi ma ayi Yudea. Emegbe woayi Samaria kple teƒe bubuwo.

12 Esɔ be Yesu gaɖo ŋku edzi na wo be yeaɖo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe wo be wòakpe ɖe wo ŋu hafi ƒo nu tso gbeƒãɖeɖedɔ si wòde asi na wo ŋu. Wozã nya “gbɔgbɔ kɔkɔe” wu zi 40 sɔŋ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me, eye gbɔgbɔ kɔkɔe si Yesu zã le afi sia nye wo dometɔ ɖeka. Gbɔgbɔ kɔkɔe si wozã enuenu le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me na míekpɔe be mímate nu awɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu gbɔgbɔ kɔkɔea manɔmee o. Eya ta ele vevie be míanɔ gbe dom ɖa edziedzi abia gbɔgbɔ kɔkɔea! (Luka 11:13) Ehiã fifia wu tsã.

13. Aleke gbeƒãɖeɖedɔ si Mawu de asi na eƒe amewo keke ta egbea, eye nu ka tae wòle be míalɔ̃ faa awɔe?

13 Gɔmesese si le “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke” ŋu yi ŋgɔ wu ale si nusrɔ̃lawo se egɔme ɣemaɣi. Abe ale si míekpɔe le ta si do ŋgɔ me enea, Yehowa Ðasefowo lɔ̃ faa be yewoaɖe gbeƒã, elabe wonyae be Mawu di be amewo katã nase Fiaɖuƒe nya nyuia. (1 Tim. 2:3, 4) Ðe nèƒo ɖokuiwò ɖe dɔ sia mea? Dɔ aɖeke meli si ganyo wui o. Eye Yehowa ado ŋusẽ wò nàte ŋu awɔe. Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ mɔnu siwo nàte ŋu azã kple nɔnɔme si wòle be nàɖe afia be nàte ŋu awɔ dɔa nyuie.

14, 15. (a) Nya kae mawudɔlaawo gblɔ tso ale si Yesu atrɔ agbɔe ŋu, eye nu kae woƒe nyawo fia? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.) (b) Aleke Kristo trɔ gbɔ “nenema ke” abe ale si wòdzoe ene?

14 Abe ale si míekpɔe le ta sia ƒe gɔmedzedze enea, Yesu dzo yi dziƒo, eye eƒe nusrɔ̃lawo megakpɔe o. Gake apostolo 11-awo tɔ ɖi wu mo dzi nɔ yame kpɔm. Emegbe mawudɔla eve ɖe wo ɖokui fia nusrɔ̃lawo eye wobia wo be: “Galilea ŋutsuwo, nu ka tae mietɔ ɖi le dziƒo kpɔm? Yesu sia si woxɔ tso mia gbɔ yi dziƒo la, ava nenema ke abe ale si miekpɔe wòle dziƒo yim ene.” (Dɔw. 1:11) Ðe mawudɔlaawo ƒe nyawo fia be Yesu atrɔ agbɔ le ŋutilã me abe ale si hakplɔla aɖewo fiaa nui enea? Menye emae mawudɔlaawo ƒe nyawo fia o. Aleke míewɔ nya?

15 Mawudɔlaawo megblɔ be Yesu atrɔ agbɔ le nɔnɔme si me wònɔ hafi dzo o, ke boŋ be atrɔ agbɔ “nenema ke.” b Aleke Yesu dzoe? Ebu ɖe eƒe apostolowo hafi mawudɔlaawo ƒo nu kpli wo. Yesu ƒe apostolo ʋɛ siawo koe kpɔe be edzo le anyigba dzi yina Fofoa gbɔ le dziƒo. Nenema kee Kristo atrɔ agbɔ, eye nenemae wòdzɔe hã. Egbea, ame siwo se Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme, eye wode dzesi ɣeyiɣi siwo me míele la koe te ŋu kpɔe be Yesu trɔ gbɔ eye wòle fia ɖum. (Luka 17:20) Ele be míade dzesi nu siwo ɖo kpe edzi be Yesu trɔ gbɔ, ale be míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔe be xexe xoxo sia wu enu vɔ.

“Ðe Ame . . . Siawo Dometɔ Si Nètia La Fia” (Dɔw. 1:13-26)

16-18. (a) Nu kae míesrɔ̃ tso Dɔwɔwɔwo 1:13, 14 ku ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpe ɖekae ŋu? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu nɔ, Maria, gbɔ? (d) Nu ka tae wòle vevie egbea be míade Kristotɔwo ƒe kpekpewo?

16 Mewɔ nuku o be apostoloawo ‘gbugbɔ va Yerusalem kple dzidzɔ gã aɖe.’ (Luka 24:52) Gake fifia, aleke woawɔ ɖe Kristo ƒe mɔfiamewo dzii? Le Dɔwɔwɔwo 1:13, 14 la, wova ƒo ƒu ɖe “dziƒoxɔ” aɖe dzi, eye míava kpɔ nu si ta ƒuƒoƒo alea le vevie. Ɣemaɣia, wotua dziƒoxɔ le Palestina, eye atrakpui siwo le xexee woliana yia edzi. Ðewohĩ Marko nɔ ƒe aƒe si ŋu woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo 12:12 ye nye “dziƒoxɔ” sia. Aleke kee wòle o, teƒea sɔ na Kristo yomedzelawo be woakpe ta le afi ma. Gake ame kawoe va kpekpea, eye nu kae wowɔ?

17 De dzesii be menye apostoloawo alo ŋutsuwo ɖeɖe koe nɔ kpekpe ma me o. “Nyɔnu aɖewo” nɔ afi ma eye Yesu nɔ Maria hã nɔ wo dome. Esiae nye zi mamlɛtɔ si woƒo nu tso eŋu tẽe le Biblia me. Eyi afi ma be yeawɔ ɖeka kple ye nɔviwo yewoasubɔ, ke menye be woade bubu tɔxɛ ye ŋu o. Dzi anya dzɔe be ye vi ene siwo mexɔ Yesu dzi se tsã oa, va wɔ ɖeka kpli yewo azɔ. (Mat. 13:55; Yoh. 7:5) Wova xɔ wo nɔ ƒe vi Yesu dzi se le eƒe ku kple tsitretsitsi megbe.—1 Kor. 15:7.

18 De dzesi susu bubu si ta Yesu yomedzela siawo va kpe. Eyae nye be: ‘Yewoado gbe ɖa kple tame ɖeka.’ (Dɔw. 1:14) Ɣesiaɣi si Kristotɔ vavãwo di be yewoasubɔa, woƒoa ƒu ɖekae. Egbea hã, míeƒoa ƒu be míade dzi ƒo na mía nɔewo, axɔ mɔfiamewo kple aɖaŋuɖoɖowo, eye ƒo wo katã taa, míasubɔ Yehowa, mía Fofo si le dziƒo, ɖekae. Gbe siwo míedona ɖa kple kafukafuha siwo míedzina le kpekpe mawo me le vevie na mí, eye wodzea Yehowa ŋu ŋutɔ. Míadi gbeɖe be míanɔ kpekpe tuameɖo siawo dam ƒu o!—Heb. 10:24, 25.

19-21. (a) Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Petro tso ɖe eƒe afɔwo dzi wɔ akpa vevi aɖe le hamea me la me? (b) Nu ka tae wòhiã be woatia ame aɖe wòaxɔ ɖe Yuda teƒe, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si wokpɔ nya sia gbɔe me?

19 Eva hiã be Kristo yomedzelawo natso nya me le nya vevi aɖe ŋu, eye apostolo Petro xɔ ŋgɔ wowɔ esia. (Kpukpui 15-26) Kwasiɖa ʋɛ aɖewo koe nye ema Petro gbe nu le eƒe Aƒetɔ gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ. Gake ede dzi ƒo ŋutɔ be egava tso ɖe eƒe afɔwo dzi, eye wòle akpa vevi aɖe wɔm. (Marko 14:72) Mí katã míedaa vo, gake ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa ƒe ‘dɔme nyo, eye atsɔe ake’ ame siwo trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ.—Ps. 86:5.

20 Petro kpɔe be ehiã be woatia ame aɖe atsɔ aɖo Yuda, ame si de Yesu asi teƒe. Gake ame kae woatia? Ele be apostolo si woatia nanye ame si dze Yesu yome esime wònɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm, eye wòkpɔ eƒe tsitretsitsia teƒe. (Dɔw. 1:21, 22) Esia wɔ ɖeka kple nya si Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Mi ame siwo dze yonyeme hã mianɔ anyi ɖe fiazikpui wuieve dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel to wuieveawo.” (Mat. 19:28) Edze ƒãa be Yehowa ɖoe be apostolo 12 siwo dze Yesu yome esime wònɔ eƒe subɔsubɔdɔ wɔm le anyigba dzia, nanye Yerusalem Yeyea ƒe ‘gɔmeɖokpe wuieveawo.’ (Nyaɖ. 21:2, 14) Eya ta Mawu na Petro kpɔe be nya si wogblɔ ɖi be “ame bubu nexɔ eƒe dzikpɔkpɔdɔ la” ku ɖe Yuda ŋu.—Ps. 109:8.

21 Aleke woawɔ atia amea? Le Biblia ŋlɔɣia, ɖe wodzidzea nu, eya ta wodzidze nu. (Lod. 16:33) Gake esiae nye zi mamlɛtɔ si Biblia ƒo nu tso ale si wozã nudzidze le mɔ sia tɔgbi nu ŋu. Edze ƒãa be wodzudzɔ mɔnu sia zazã tso esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe nusrɔ̃lawo dzi. Gake de dzesi nu si tae wodzidze nu. Apostoloawo do gbe ɖa be: “Oo Yehowa, wò ame si nya amewo katã ƒe dzi me, ɖe ame eve siawo dometɔ si nètia la fia.” (Dɔw. 1:23, 24) Wodi be Yehowa ŋutɔ natia amea. Wotia Matias, si nye nusrɔ̃la 70 siwo Yesu dɔ ɖa be woaɖe gbeƒãa dometɔ ɖeka. Ale Matias va zu “Ame Wuieveawo” dometɔ ɖeka. cDɔw. 6:2.

22, 23. Nu ka tae wòle be míabɔbɔ mía ɖokui aɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me egbea?

22 Nu siawo na míekpɔe be ele be nuwo nanɔ ɖoɖo aɖe koŋ nu le Mawu ƒe habɔbɔa me. Egbea hã, woɖoa ŋutsu siwo dze dzikpɔlawoe le hamea me. Hamemetsitsiwo léa ŋku ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo ŋu, wodoa gbe ɖa, eye wobiaa gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia hafi tiaa ame siwo anye dzikpɔlawo. Eya ta hamea bua ŋutsu siwo woɖo la be gbɔgbɔ kɔkɔea ye tia wo. Ne míeɖo to, eye míebɔbɔ mía ɖokui na woa, ana ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me.—Heb. 13:17.

Ele be míabɔbɔ mía ɖokui aɖo to ame siwo woɖo be woaxɔ ŋgɔ

23 Yesu ƒe tsitretsitsia kple asitɔtrɔ siwo wowɔ le hamea me do ŋusẽ nusrɔ̃lawo be woate ŋu anɔ te ɖe nu siwo le ŋgɔ la nu. Ta si kplɔe ɖo aƒo nu tso nu vevi siwo wote ŋu wɔ ŋu.

a Le Luka ƒe Nyanyuigbalẽa mea, eyɔ ame si wòŋlɔ agbalẽa na be “bubutɔ Teofilo,” si anya fia be, dziɖuɖumegã aɖe si mezu xɔsetɔ o ye Teofilo nye. (Luka 1:3) Gake le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa mea, Luka yɔe tẽe be, “Oo Teofilo.” Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be esi Teofilo xlẽ Luka ƒe Nyanyuigbalẽa vɔa, eva zu nɔvi Kristotɔ. Eya ta Luka megayɔ bubuŋkɔ ma nɛ o.

b Helagbe me nya si Biblia zã le afi siae nye troʹpos, eye efia ale si Yesu atrɔ agbɔ, ke menye ale si woakpɔe le ŋutilã me o. Ne ɖe woakpɔe le ŋutilã mea, anye ne woazã Helagbe me nya bubu si nye mor·pheʹ.

c Wova ɖo Paulo wòzu “apostolo na dukɔwo” emegbe, gake womebui de apostolo 12-awo dome o. (Rom. 11:13; 1 Kor. 15:4-8) Paulo medze Yesu yome esime Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi o, eya ta medze na ɖoƒe tɔxɛ sia o.