Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Fiaɖuƒegbeƒãɖela Lɔlɔ̃a:

Tsɔe be yenɔ apostolo siwo nɔ Amitoa dzi dome esime Yesu ɖe eɖokui fia mi. Hafi wòatrɔ ayi dziƒoa, egblɔ na mi be: “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Aleke nàse le ɖokuiwò me?

Ðewohĩ wò nu aku eye àbia ɖokuiwò be, ‘Aleke mí nusrɔ̃la ʋɛ siawo míawɔ aɖi ɖase “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke”?’ Ànya ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ le zã si do ŋgɔ na eƒe ku tsɔ ɖo afɔ afɔta na mi la hã dzi be: “Kluvi mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã mia yome; ne wolé nye nya me ɖe asi la, woalé mia tɔ hã me ɖe asi. Ke woawɔ nu siawo katã ɖe mia ŋu le nye ŋkɔ la ta, elabena womenya Ame si dɔm ɖa la o.” (Yoh. 15:20, 21) Nya siawo ana nàbia ɖokuiwò be, “Ne alea gbegbee woati mía yome eye woatsi tsitre ɖe mía ŋua, ke aleke mawɔ aɖi ɖase tsitotsito?”

Nɔnɔme ma tɔgbi kee dze ŋgɔ míawo hã egbea. Dɔ sia kee wode asi na mí Yehowa Ðasefowo hã be míaɖi ɖase tsitotsito “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke” eye ele be míaɖo “dukɔwo katã me tɔwo” gbɔ. (Mat. 28:19, 20) Aleke míate ŋu awɔ dɔ sia vevietɔ esi wona míenya be woati mía yome?

Nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi siwo le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa mea na míekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe apostoloawo kple wo nɔvi Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu wote ŋu wɔ dɔ vevi sia. Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu siwo me Kristotɔ siawo to kple dzidzɔ si gbegbe wokpɔ esi gbeƒãɖeɖedɔa nɔ ta kekem. Ne èwɔe alea, àva kpɔe be dɔ ɖeka ko wɔm míele eye awɔ nuku na wò be nu siwo me woto kple nu siwo do tso woƒe subɔsubɔdɔa me meto vovo na ale si wòle egbea o. Àva kpɔe hã be wowɔ ɖoɖo ɖe dɔa ŋu egbea abe ale si wònɔ ɣemaɣi ene. Ne ède ŋugble le nudzɔdzɔ siawo ŋu nyuiea ana nàgaka ɖe edzi be Yehowa Mawu yi edzi le mɔ fiam eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi.

Míele gbe dom ɖa, eye míele mɔ kpɔm vevie be Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me dzodzro nakpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be Yehowa ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ado ŋusẽ wò be nàdo dzi. Na nya siawo nado ŋusẽ wò be nàyi edzi ‘aɖi ɖase tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito’ eye nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu be woava agbemɔa dzi.—Dɔw. 28:23; 1 Tim. 4:16.

Mia nɔviwo,

Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha