Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 1

“Miheyi Ðawɔ . . . Nusrɔ̃lawo”

“Miheyi Ðawɔ . . . Nusrɔ̃lawo”

Nya vevi siwo le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me kple ale si wòka mí egbeae

1-6. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖee fia be Yehowa Ðasefowo wɔa mɔnukpɔkpɔ vovovowo ŋu dɔ be yewoatsɔ aɖe gbeƒã.

 REBECCA nye ɖetugbui Ðasefo aɖe le Ghana. Ebua eƒe sukua be enye yeƒe anyigbamama. Ɣesiaɣi si wòyina sukua, Biblia-srɔ̃gbalẽwo nɔa eƒe akplo me. Eye ne wole ɖiɖim ɖe emea, ewɔa mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ ɖia ɖase na eƒe sukuhatiwo. Esia na wòva dze Biblia sɔsrɔ̃ kple eƒe sukuhatiawo dometɔ geɖe.

2 Atsu kple asi mɔɖela aɖe si le Madagascar, le Afrika, zɔa afɔ kilometa 25 va yi ɖea gbeƒã le kɔƒe totroewo me, togbɔ be nuto mawo me xɔa dzo ŋutɔ hã. To esia dzia, wote ŋu dze Biblia sɔsrɔ̃ kple ɖetsɔlemetɔ geɖe.

3 Tɔdziʋu manɔmeea, asesẽ be Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo naɖo ame siwo le Paraguay kple Paraná tɔsisiawo to la gbɔ. Eya ta Ðasefo siwo le Paraguay kple ame bubu siwo lɔ̃ faa tso dukɔ 15 me la do vevie nu kpa tɔdziʋu aɖe si lolo ale be ame 12 ate ŋu akpɔ mlɔƒe le eme. Tɔdziʋu mae Ðasefo dovevienu mawo zã tsɔ va yi gblɔ nya nyuia le nuto mawo me.

4 Ðasefo siwo le Alaska, le Amerika ƒe dziehe ɖaa, wɔa mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe ŋu dɔ tsɔ ɖia ɖase le dzomeŋɔliwo. Amewo tsoa dukɔ vovovowo me va ɖia tsa le nuto mawo me, eye Ðasefo siwo le afi ma tsɔa Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo le gbe vovovowo me yina ɖafiaa tsaɖila siwo le tɔdziʋuawo me. Le nuto ma ke mea, Ðasefowo zãa yameʋu tsɔ yia kɔƒe totroewo me va yi ɖea gbeƒã le Aleut, Athabascan, Tsimshian, kple Tlingit.

5 Larry, si le Amerika ƒe du si nye Texas mea, hã tsɔ ame tsitsiwo dzi kpɔƒe si wòlea wɔ eƒe anyigbamamae. Togbɔ be Larry dze afɔku eye wòtsi bunɔkeke me hãa, dzo kpɔtɔ le eme ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Egblɔa Fiaɖuƒe nya nyuia kple mɔkpɔkpɔ si le esi be yeagava tso ɖe yeƒe afɔwo dzi gbe ɖeka le Fiaɖuƒea mea na ame siwo le afi ma.—Yes. 35:5, 6.

6 Ele be Ðasefo siwo le Mandalay naɖo tɔdziʋu hafi ate ŋu ayi takpekpe le Myanmar ƒe dziehe. Esi mɔzɔzɔa axɔ ŋkeke etɔ̃ taa, wotsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe asi ale be yewoate ŋu aɖi ɖase na ʋua me nɔlawo. Ɣesiaɣi si ʋua tɔ ɖe teƒe aɖea, wowɔna kaba ɖina, ɖea gbeƒã na kɔƒea me tɔwo eye womaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Le ɣeyiɣi ma ke mea, ame bubuwo va ɖoa ʋua, si wɔnɛ be wogaɖea gbeƒã na woawo hã.

7. Mɔnu kawoe Yehowa Ðasefowo zãna tsɔ ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea, eye nu kae nye woƒe taɖodzinu?

7 Abe ale si nɔvi siawo ƒe kpɔɖeŋuawo ɖee fia enea, Yehowa subɔla dovevienu siwo le xexea me godoo ‘ɖia ɖase tsitsotsito tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu.’ (Dɔw. 28:23) Woyia amewo gbɔ le aƒe me, tena ɖe wo ŋu le ablɔ dzi, ŋlɔa lɛta na wo alo yɔa wo le fon dzi. Ʋu mee woɖale o, teƒe aɖee woɖi tsa yi alo ɖiɖim wole ɖe eme le dɔ me o, wowɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ be yewoaɖi ɖase na amewo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Gbeƒãɖeɖemɔnu siwo míazã ate ŋu ato vovo ya, gake taɖodzinu ɖeka koe: eyae nye be míaɖi ɖase na amewo le afi sia afi si míakpɔ wo le.—Mat. 10:11.

8, 9. (a) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔ si le ta kekem la wɔ nuku ŋutɔ? (b) Biabia vevi kae fɔ ɖe te, eye aleke míawɔ akpɔ ŋuɖoɖoa?

8 Ðe wò hã nèle Fiaɖuƒe gbeƒãɖela gbogbo siwo le dukɔ siwo wu 235 mea domea? Ne nenemaea, ke èle akpa vevi aɖe wɔm le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔ dodzidzɔname si le ta kekemaa me! Ale si gbegbe dɔ sia le edzi yim le xexea me godooa wɔ nuku ŋutɔ. Togbɔ be kuxi sesẽwo li, dziɖuɖu aɖewo ɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi, eye wole wo yome tim hãa, wole gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒea tsitsotsito na dukɔwo katã me tɔwo.

9 Nyabiase vevi aɖe fɔ ɖe te be: Togbɔ be kuxiwo li, eye Satana tsi tsitre ɖe mía ŋu vevie hãa, nu ka tae naneke mete ŋu xe mɔ na Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa o? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa, ele be míayi megbe akpɔ nu si dzɔ le ƒe alafa gbãtɔ K.Ŋ. me, elabe mí Yehowa Ðasefo siwo li egbea, ka xoxoa nue míele yeyea gbim ɖo.

Gbeƒãɖeɖedɔ Si Ade Didiƒe Ke

10. Dɔ kae Yesu wɔ le eƒe agbe me katã, eye nu ka hãe wònya tso dɔ sia ŋu?

10 Yesu Kristo, ame si ɖo Kristo hamea anyi, ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le eƒe agbe me katã. Egblɔ be: “Ele nam be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabe esia tae wodɔm ɖo.” (Luka 4:43) Yesu nya be dɔ si gɔme yedzea, ye ɖeka yemate ŋu awɔe va se ɖe nuwuwu o. Eya ta hafi wòakua, egblɔe ɖi be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia “le dukɔwo katã me.” (Marko 13:10) Gake ame kawoe awɔ dɔ sia, eye aleke woawɔe?

“Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.”—Mateo 28:19

11. Dɔ gã kae Yesu de asi na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nu kawoe akpe ɖe wo ŋu woawɔe?

11 Esi Yesu ku, eye wofɔe ɖe tsitre megbea, ede dɔ gã aɖe asi na eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be: “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi. Eye kpɔ ɖa, meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:19, 20) Yesu ƒe nya siwo nye “meli kpli mi” fia be akpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu woaɖe gbeƒã eye woawɔ nusrɔ̃lawo. Woahiã kpekpeɖeŋu ma, elabe egblɔ na wo do ŋgɔ be: “Dukɔwo katã alé fu mi.” (Mat. 24:9) Nu bubu aɖe hã li, si akpe ɖe nusrɔ̃lawo ŋu. Do ŋgɔ teti hafi Yesu nayi dziƒoa, egblɔ na wo be gbɔgbɔ kɔkɔea ado ŋusẽ wo ale be woaɖi ɖase “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔw. 1:8.

12. Nyabiase vevi kawoe fɔ ɖe te, eye nu ka tae wòle vevie be míanya ŋuɖoɖoawo?

12 Nyabiase vevi aɖewo fɔ ɖe te. Woawoe nye: Ðe Yesu ƒe apostoloawo kple nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ mea tsɔ dɔ sia dɔ veviia? Ðe Kristotɔ ʋɛ siwo nɔ anyi ɣemaɣia te ŋu ɖe gbeƒã tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito togbɔ be woti wo yome vevie hã? Ðe Yesu kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe wo ŋu le dɔa me nyateƒea? Woɖo nyabiase siawo kple bubuwo ŋu le Biblia-gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo me. Ele vevie be míakpɔ ŋuɖoɖoawo. Nu ka tae? Elabe Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo ayi dɔ si gɔme yedzea dzi “va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” Kristotɔ vavãwo katãe awɔ dɔ sia, eye mí ame siwo le agbe le nuwuɣi sia hã le eme. Eya ta ele vevie be míasrɔ̃ ŋutinya siwo le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa mea tsitotsito.

Nya Vevi Siwo Le Dɔwɔwɔwo Ƒe Agbalẽa Me

13, 14. (a) Ame kae ŋlɔ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa, eye afi kae wòkpɔ eƒe nyawo tsoe? (b) Nu kawo ŋue Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ku ɖo?

13 Ame kae ŋlɔ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa? Amea meyɔ eƒe ŋkɔ le agbalẽa me o. Gake nya siwo wòtsɔ dze agbalẽa gɔmea na míekpɔe be eya kee ŋlɔ Luka ƒe Nyanyuigbalẽa. (Luka 1:1-4; Dɔw. 1:1, 2) Tso blema kea, amewo lɔ̃ ɖe edzi be Luka, “atikewɔla lɔlɔ̃tɔ” si ŋlɔa ŋutinyawo tsitotsitoa, ye ŋlɔ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa. (Kol. 4:14) Nu siwo dzɔ tso esime Yesu yi dziƒo le ƒe 33 K.Ŋ. va se ɖe ƒe 61 K.Ŋ. esime wode apostolo Paulo gaxɔ me le Roma ŋue agbalẽa ƒo nu tsoe. Nu siawo katã xɔ ƒe 28. Esime Luka nɔ nu ƒom tso nudzɔdzɔawo ŋua, ezã nya si nye “mí,” le teƒe aɖewo si fia be eya ŋutɔ kpɔ nuawo dometɔ geɖe teƒe. (Dɔw. 16:8-10; 20:5; 27:1) Esi Luka kua nu me tsitotsito taa, anɔ eme be ese nudzɔdzɔ mawo dometɔ aɖewo hã tso Paulo, Barnaba, Filipo kple ame bubu siwo ŋkɔ woyɔ le agbalẽa me gbɔ tẽe.

14 Nya kawoe le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me? Do ŋgɔa, Luka ƒo nu tso nya siwo Yesu gblɔ kple nu siwo wòwɔa ŋu le eƒe Nyanyuigbalẽa me. Gake le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa mea, eƒo nu tso dɔ gã nyadri siwo Yesu yomedzelawo wɔ kple nya siwo wogblɔa ŋu, togbɔ be wobua wo be “womenya agbalẽ o, eye wonye ame tsɛwo” hã. (Dɔw. 4:13) Kpuie koa, agbalẽa ku ɖe ale si Kristo hamea dze egɔme kple ale si wòva keke tae ŋu. Egblɔ mɔnu siwo Kristotɔ gbãtɔwo zã le gbeƒãɖeɖedɔa me kple nɔnɔme si nɔ wo si ɖe dɔa ŋu. (Dɔw. 4:31; 5:42) Ete gbe ɖe ale si gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe wo ŋu woɖe gbeƒã nya nyuia dzi. (Dɔw. 8:29, 39, 40; 13:1-3; 16:6; 18:24, 25) Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa he susu yi nyati vevi si le Biblia me dzi; eƒe akpa aɖee nye ale si woato Mawu Fiaɖuƒe, si ƒe fiae nye Kristo la dzi akɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋu kple ale si woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia, togbɔ be tsitretsiɖeŋu li hã.—Dɔw. 8:12; 19:8; 28:30, 31.

15. Aleke Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me dzodzro ate ŋu aɖe vi na míi?

15 Le nyateƒe mea, Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me dzodzro ado dzidzɔ na mí, eye wòado ŋusẽ míaƒe xɔse! Ne míede ŋugble le dzo si nɔ Kristo yomedzela gbãtɔwo me ŋua, awɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Aʋã mí hã be míasrɔ̃ mía nɔvi siawo ƒe xɔse, eye akpe ɖe mía ŋu be míawɔ dɔ si Yesu de mía si be ‘míawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo’ la nyuie. Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu geɖe tso Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me.

Biblia-srɔ̃gbalẽ Sia Akpe Ðe Mía Ŋu

16. Taɖodzinu etɔ̃ kae le agbalẽ sia ŋu?

16 Nu kae nye agbalẽ sia ƒe taɖodzinu? (1) Ana míaka ɖe edzi be Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi le kpekpem ɖe mía ŋu le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me, (2) ana míade ŋugble le Kristo yomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu be wòado ŋusẽ mí míawɔ subɔsubɔdɔa geɖe wu, eye (3) akpe ɖe mía ŋu be míade bubu deto Yehowa ƒe habɔbɔa kple ame siwo le ŋgɔ xɔm le gbeƒãɖeɖedɔa kple hameawo me ŋu.

17, 18. Aleke wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋui, eye nu kawoe le eme, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èle esrɔ̃m?

17 Aleke wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋui? Àde dzesii be womae ɖe akpa enyi me, eye akpa ɖe sia ɖe ƒo nu tso Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me nudzɔdzɔ aɖewo ŋu. Womedzro Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒe kpukpui ɖe sia ɖe me le taawo me o, ke boŋ wogblɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ siwo le eme kple ale si woaɖe vi na míi. Le ta ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedzea, wogblɔ nya vevi si le ta ma me kple Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒe akpa si me míadzro.

18 Nu bubuwo le agbalẽ sia me, siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele nu srɔ̃m le mía ɖokui si. Nutata siwo le agbalẽa mea nya kpɔ ŋutɔ eye woakpe ɖe mía ŋu míakpɔ nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa mea le susu me. Aɖakawo le taawo dometɔ geɖe me, siwo akpe ɖe mía ŋu míase nya bubuwo gɔme. Aɖakaawo dometɔ aɖewo ku ɖe ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe siwo ƒe xɔse míate ŋu asrɔ̃a ŋu. Aɖaka bubuwo ku ɖe teƒewo, nudzɔdzɔwo, dekɔnuwo, kple ame bubu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa mea ŋu tsitotsito.

Wɔ dɔ le wò anyigbamama me wòaɖee afia be gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata

19. Nya kawoe míate ŋu abia atsɔ adzro mía ɖokui me edziedzi?

19 Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò be nàdzro ɖokuiwò me nyuie. Ɣeyiɣi didi ka kee míeɖale gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe nya nyuia o, ahiã be míanɔ mía ɖokui me dzrom akpɔe ɖa be nu kae nye míaƒe nɔnɔme ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu hã. (2 Kor. 13:5) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe megabua gbeƒãɖeɖedɔa be ehiã kpataa, eye wònye dɔ vevitɔ nam le agbe mea? (1 Kor. 7:29-31) Ðe megaka ɖe nya nyuia dzi, eye mele egblɔm kple dzoa? (1 Tes. 1:5, 6) Ðe megale nye ŋutete katã wɔm le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa mea?’—Kol. 3:23.

20, 21. Nu ka tae dɔ si wode asi na mí la hiã kpata, eye nu kae wòle be míaɖo kplikpaa awɔ?

20 Ele be míaɖo ŋkui ɣesiaɣi be wode dɔ vevi aɖe asi na mí: be míaɖe gbeƒã awɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo. Esi ŋu le kekem eye zã le dodomaa, dɔ sia gava hiã kpata wu. Nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba. Ame geɖe ƒe agbe ɖo afɔku me fifia wu tsã. Míenya ame agbɔsɔsɔ siwo si dzi nyui le, siwo agase nya nyuia o. (Dɔw. 13:48) Gake míaƒe agbae wònye be míakpe ɖe wo ŋu hafi wòava tsi megbe akpa.—1 Tim. 4:16.

21 Esia ta ele vevie be míasrɔ̃ Fiaɖuƒe gbeƒãɖela dovevienu siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me. Neva eme be agbalẽ sia sɔsrɔ̃ nakpe ɖe ŋuwò dzi nanɔ ƒowò nàdo vevie gbeƒãɖeɖedɔa, eye nàwɔ ɖe tame si nèɖo be ‘yeaɖi ɖase le Mawu Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito’ la dzi.—Dɔw. 28:23.