Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔnɔmetatawo

Nɔnɔmetatawo

Nɔnɔmetatawo Kple Axa Siwo Wole

  • Akpaawo dzi Paulo, Tabita, Galio, Luka, gbedoxɔmedzɔla aɖe le apostoloawo ŋu, Zadukitɔ aɖe, wokplɔ Paulo yina Kaisarea, wole ʋu si tame nyasemɔ̃ le kple agbaƒomɔ̃ zãm tsɔ le gbeƒã ɖem le míaƒe ŋkekea me.

  • Axa 1 Paulo le kɔsɔkɔsɔwo me; eya kple Luka ɖo agbatsɔtɔdziʋu yina Roma.

  • Axa 2, 3 Nɔviŋutsu J. E. Barr kple T. Jaracz siwo nye Dɔdzikpɔha Me Tɔwo tɔ ɖe xexea me ƒe anyigbatata aɖe gbɔ.

  • Axa 11 Yesu le dɔ dem asi na eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo kple eyomedzela bubuwo le Galilea toa dzi.

  • Axa 14 Yesu le alilikpowo me yina dziƒo. Eƒe apostoloawo le ekpɔm.

  • Axa 20 Nusrɔ̃lawo le amedzro vovovo siwo va la, degbe dom na wo le Pentekoste ŋkekea dzi.

  • Axa 36 Apostoloawo tɔ ɖe Kayafa si do dɔmedzoea ŋkume. Gbedoxɔmedzɔlawo le klalo be Sanhedrin la naɖe gbe na yewo yewoalé apostoloawo.

  • Axa 44 Gɔme: Le Xexemeʋa Evelia megbea, German ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe bu fɔ Yehowa Ðasefowo madzemadzee be wonye Amerikatɔwo ƒe ŋkutsalawo.—Periodical Neue Berliner Illustrierte, October 3, 1950.

  • Axa 46 Wobu fɔ Stefano le Sanhedrin la ŋkume. Zadukitɔ siwo nye kesinɔtɔwo nɔ anyi ɖe megbea ɖaa, eye Farisitɔwo le ŋgɔgbea afii.

  • Axa 54 Petro da eƒe asiwo ɖe nusrɔ̃la yeye aɖe dzi; Simon lé gakotoku ɖe asi va do.

  • Axa 75 Petro kple etɔwo va do ɖe Kornelio ƒe aƒe me. Kornelio da avɔ tɔxɛ aɖe ɖe eƒe miabɔ dzi eye ɖoƒe si wòle le asrafohaa mea ƒe dzesi le avɔa dzi.

  • Axa 83 Mawudɔla aɖe le mɔ fiam Petro; Ðewohĩ Antonia Mɔ́ la mee wode Petro gaxɔ me le.

  • Axa 84 Gɔme: Nu vlo wɔha aɖe le teƒe si te ɖe Montreal ŋu le Quebec le ƒe 1945 me.—Periodical Weekend Magazine, July 1956.

  • Axa 91 Wonya Paulo kple Barnaba dzoe le Antiokia si le Pisidia. Dua ƒe tsimɔ yeyetɔ si woanya tu le ƒe alafa gbãtɔ mea le dzedzem le megbea.

  • Axa 94 Listratɔwo le Paulo kple Barnaba kafum, gake wogbee na wo. Zi geɖea dutoƒovɔsawo nɔa kpeɖii, eye wodzia hawo kple dzidzɔɣli bobobo.

  • Axa 100 Tame: Sila kple Yuda le dzi dem ƒo na hame si le Antiokia si le Siria. (Dɔw. 15:30-32) Gɔme: Nutome sue dzikpɔla aɖe le nu ƒom na hame aɖe le Uganda.

  • Axa 107 Hame si le Yerusalem ƒo ƒu ɖe aƒe aɖe me.

  • Axa 124 Paulo kple Timoteo le Roma asitsatɔdziʋu aɖe me. Ƒudzimɔfiakaɖixɔ aɖe le dzedzem le adzɔge ɖaa.

  • Axa 139 Paulo kple Sila si le nu vlo wɔha aɖe nu eye wole aƒe aɖe si nu agbo le ƒe xɔxɔnu.

  • Axa 155 Galio nya Paulo nutsolawo ɖa. Eƒe nudodowo sɔ kple ɖoƒe si wòle: edo awu ɣi ʋlaya aɖe si toga aɖabɛ dzĩ to va yi eye wòdo afɔkpa sesẽ aɖe.

  • Axa 158 Demetrio le nu ƒom na klosalonutulawo le Efeso. Wodzraa Artemis ƒe klosalotrɔ̃xɔ suewo be woanye ŋkuɖodzinu.

  • Axa 171 Paulo kple etɔwo ɖo tɔdziʋu aɖe. Tɔdziʋudzeƒe Gã aɖe si wotu le ƒe alafa gbãtɔ me Do Ŋgɔ Na Yesu le dzedzem le megbea ɖaa.

  • Axa 180 Gɔme: Sɔhɛ aɖe tsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ yina aƒe me le adza me esi woɖo asi agbalẽ siawo dzi le ƒe 1940 me le Canada. (Kpɔɖeŋu foto.)

  • Axa 182 Paulo lɔ̃ ɖe aɖaŋu si hamemetsitsiawo ɖo nɛa dzi. Luka kple Timoteo nɔ anyi ɖe megbea eye wolé nudzɔdzɔawo ɖe asi.

  • Axa 190 Paulo nyruiyɔvi le nu ƒom na Klaudio Lisia le Antonia Mɔ́ la me, afi si Paulo anya nɔ gaxɔ me le. Herodes ƒe gbedoxɔa le dzedzem le megbea ɖaa.

  • Axa 206 Paulo le gbe dom ɖa ɖe mɔzɔla siwo ŋu ɖeɖi tea ta le agbatsɔtɔdziʋu aɖe me.

  • Axa 222 Paulo si wode ga tsi ɖe asrafo aɖe ŋua le Roma dua ƒe akpa aɖe kpɔm ɖaa.