Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 21

“Ŋutinye Kɔ Tso Amewo Katã Ƒe Ʋu Me”

“Ŋutinye Kɔ Tso Amewo Katã Ƒe Ʋu Me”

Dzo si nɔ Paulo me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu kple aɖaŋu si wòɖo na hamemetsitsiwo

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 20:1-38 dzi

1-3. (a) Gblɔ nu siwo nɔ edzi yim hafi Eutiko ku. (b) Nu kae Paulo wɔ esi Eutiko ku, eye nu kae esia fia mí tso Paulo ŋu?

 PAULO le dziƒoxɔ aɖe si me amewo sɔ gbɔ ɖo me le Troa. Esi wònye be esiae nye zi mamlɛtɔ wòado go kple nɔviawo taa, ele nu ƒom na wo wòdidi vie va se ɖe zãtiƒe. Amewo ƒe agbɔsɔsɔ kple akaɖigbɛawo wɔe be ɖewohĩ dzudzɔ kple dzoxɔxɔ nɔ xɔa me. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Eutiko nɔ anyi ɖe fesre to. Esi Paulo le nuƒoa ƒomaa, alɔ̃ mu Eutiko eye wòge tso dzisasrã etɔ̃lia dzi!

2 Esi Luka nye atikewɔla taa, ɖewohĩ ele ame gbãtɔ siwo yi be yewoalé ŋku ɖe ɖekakpuia ŋu dome. Esi wova ɖo Eutiko gbɔa, “wokpɔ be eku.” (Dɔw. 20:9) Gake nukunu aɖe dzɔ. Paulo tsyɔ akɔ ɖe ɖekakpuia dzi eye wògblɔ na amehaa be: “Midzudzɔ hoowɔwɔ, elabena ele agbe.” Paulo fɔ Eutiko ɖe tsitre!—Dɔw. 20:10.

3 Nudzɔdzɔ sia na míekpɔ ŋusẽ si gbegbe le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu. Womate ŋu abu fɔ Paulo ɖe Eutiko ƒe ku ta o. Gake medi be ɖekakpuia ƒe ku nagblẽ wɔna vevi si le edzi yimaa me alo anye nukikli na ame aɖeke o. Esi Paulo fɔ Eutiko ɖe tsitrea, efa akɔ na hamea ŋutɔ eye wòdo ŋusẽ wo be woayi subɔsubɔdɔa dzi. Edze ƒãa be amewo ƒe agbe le vevie na Paulo ŋutɔ. Esia na míeɖo ŋku eƒe nya siawo dzi be: “Ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me.” (Dɔw. 20:26) Na míakpɔ ale si Paulo ƒe kpɔɖeŋu sia akpe ɖe míawo hã ŋui ɖa.

“Edze Mɔ Ðo Ta Makedonia” (Dɔw. 20:1, 2)

4. Nɔnɔme sesẽ ka mee Paulo to?

4 Abe ale si míekpɔe le ta si do ŋgɔ me enea, Paulo to nɔnɔme sesẽ aɖe me. Gbeƒã si wòɖe le Efeso dua me na zi gã aɖe tɔ. Klosalonutula siwo kpɔa ga tso Artemis subɔsubɔ me ye de zi ameawo me! Dɔwɔwɔwo 20:1 gblɔ be: “Esi hoowɔwɔa nu tso la, Paulo na woyɔ nusrɔ̃lawo vɛ, eye esi wòde dzi ƒo na wo heklã wo vɔ la, edze mɔ ɖo ta Makedonia.”

5, 6. (a) Ɣeyiɣi didi kae Paulo nɔ Makedonia, eye nu kae wòwɔ na nɔviawo esime wònɔ afi ma? (b) Aleke Paulo bu nɔvia haxɔsetɔwoe?

5 Esi Paulo nɔ mɔ dzi yina Makedonia la, etɔ ɖe Troa melidzeƒea, eye wònɔ afi ma vie. Paulo nɔ mɔ kpɔm be Tito, si yedɔ ɖe Korinto, ava tu ye le afi ma. (2 Kor. 2:12, 13) Gake esi Paulo kpɔ be Tito menɔ vavam oa, eyi Makedonia eye wònɔ afi ma abe ƒe ɖeka ene “hede dzi ƒo na ame siwo le afi ma kple nya geɖewo.” a (Dɔw. 20:2) Mlɔebaa, Tito va do go Paulo le Makedonia eye wògblɔ nya nyui geɖe tso ale si Korintotɔwo wɔ nu ɖe Paulo ƒe lɛta gbãtɔ ŋu nɛ. (2 Kor. 7:5-7) Esia na Paulo ŋlɔ agbalẽ bubu na wo, si míeyɔna fifia be 2 Korintotɔwo.

6 Esi Luka nɔ ale si Paulo wɔ nu ɖe Efeso kple Makedonia nɔviwo ŋu esime wòvae srã wo kpɔ gblɔma, ezã nya si nye, ‘de dzi ƒo.’ Nya ma na míekpɔ ale si Paulo wɔ nu ɖe nɔvia xɔsetɔwo ŋu! To vovo na Farisitɔwo, siwo mebua amewo ɖe ɖeke me oa, Paulo ya bu nɔviawo be wonye yeƒe hadɔwɔlawo. (Yoh. 7:47-49; 1 Kor. 3:9) Alea ke koe Paulo bua woe ne ele aɖaŋu ɖom na wo ŋkubiãtɔe gɔ̃ hã.—2 Kor. 2:4.

7. Aleke hamemetsitsiwo kple nutome sue dzikpɔla siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ Paulo?

7 Hamemetsitsiwo kple nutome sue dzikpɔla siwo li egbea hã dzea agbagba srɔ̃a Paulo. Ne wole nya gbem na nɔvi aɖe gɔ̃ hãa, woƒe taɖodzinue nye be yewoado ŋusẽe. Hamemetsitsiwo sea veve ɖe nɔviwo nu eye wodea dzi ƒo na wo, ke menye be woahe nya ɖe wo ŋu o. Nutome sue dzikpɔla bibi aɖe gblɔ kpɔ be: “Mía nɔvi akpa gãtɔ dina be yewoawɔ nu si sɔ, gake zi geɖea, dzi ɖena le wo ƒo, wovɔ̃na, eye wosusuna be yewomate ŋu awɔ naneke tso nɔnɔmea ŋu le yewo ɖokui si o.” Hamemetsitsiwo ate ŋu ado ŋusẽ wo nɔvi xɔsetɔ siawo.—Heb. 12:12, 13.

‘Woɖo Nugbe Ðe Eŋu’ (Dɔw. 20:3, 4)

8, 9. (a) Nu kae gblẽ ɖoɖo si Paulo wɔ be yeaɖo tɔdziʋu ayi Siria me? (b) Anye susu kawo tae Yudatɔwo lé fu Paulo?

8 Paulo dzo le Makedonia yi Korinto. b Esi wònɔ afi ma ɣleti etɔ̃a, eɖoe be yeayi Kenkrea eye yeaɖo tɔdziʋu tso afi ma ayi Siria. Ne edzo le afi maa, ate ŋu ayi Yerusalem ale be wòatsɔ nudzɔdzɔwo ayi na nɔvi siwo ɖo hiã me. c (Dɔw. 24:17; Rom. 15:25, 26) Gake nane va gblẽ eƒe ɖoɖoa me. Dɔwɔwɔwo 20:3 gblɔ be: “Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe eŋu!”

9 Mewɔ nuku be Yudatɔwo lé fu Paulo o, elabe wobui be enye xɔsegbela. Do ŋgɔa, eƒe subɔsubɔdɔa na Krispo, si nye ame vevi aɖe le Korintotɔwo ƒe ƒuƒoƒea trɔ dzi me. (Dɔw. 18:7, 8; 1 Kor. 1:14) Ɣebubuɣia, Yudatɔ siwo le Korinto va tso Paulo nu na Galio, si nye Akaya nutoa dzi ɖula. Gake Galio te fli ɖe nutsotsoa me eye esia ɖu dzi na Paulo ƒe futɔawo. (Dɔw. 18:12-17) Yudatɔ siwo le Korinto anya susui alo see be Paulo aɖo tɔdziʋu le Kenkrea adzo, eya ta woɖo nugbe be yewoabe ɖe mɔ dzi alée. Nu kae Paulo awɔ?

10. Ðe Paulo nɔ vɔvɔ̃m tae meto Kenkrea oa? Ðe eme.

10 Be Paulo ŋutɔ kple nudzɔdzɔ siwo wode esi be wòatsɔ ayi na nɔviawo nanɔ dediea, eɖoe be yemato Kenkrea o, ke boŋ yeatrɔ ava to Makedonia. Afɔku le mɔzɔzɔ to mɔdodowo dzi me, elabe adzohawo bena ɖe mɔa dzi. Amedzrodzeƒewo gɔ̃ hã menɔa dedie o. Gake Paulo kpɔe be afɔzɔzɔa ade ye dzi wu be yeava ge ɖe nugbeɖola siwo le Kenkrea dome. Nu si ganyoe nye be menye Paulo ɖekae le mɔa zɔm o. Ame bubu siwo hã le Paulo ŋu le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ sia mee nye Aristarko, Gayo, Sekundo, Sopatro, Tikiko, Timoteo, kple Trofimo.—Dɔw. 20:3, 4.

11. Aleke Kristotɔ siwo li egbea wɔa nu siwo ana woanɔ dedie, eye kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo le go sia me?

11 Kristotɔ siwo li egbea srɔ̃a Paulo eye wowɔa nu siwo ana woanɔ dedie ne wole gbeƒã ɖem. Le nuto aɖewo mea, nɔviwo zɔna eveve alo le ƒuƒoƒo me. Ke yometitiwo ya ɖe? Kristotɔwo nyae be yewomate ŋu asi le ema ya nu o. (Yoh. 15:20; 2 Tim. 3:12) Gake womeɖonɛ koŋ tsɔa wo ɖokuiwo dea afɔku me o. Bu Yesu ŋu kpɔ. Gbe ɖeka esi Yerusalemtɔ siwo tsi tsitre ɖe eŋu nɔ kpewo fɔm be yewoaƒuia, “Yesu si bè, eye wòdo go le gbedoxɔa me.” (Yoh. 8:59) Emegbe esi Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom be yewoawuia, “Yesu megadona ɖe Yudatɔwo dome o, ke boŋ edzo le afi ma yi nuto aɖe si te ɖe gbedzi ŋu” me. (Yoh. 11:54) Yesu wɔ nu si wòate ŋui tsɔ kpɔ eɖokui ta, ne ema matsi tsitre ɖe nu si Fofoa di be wòawɔ ŋu o. Kristotɔ siwo li egbea hã wɔa nu nenema ke.—Mat. 10:16.

“Akɔfafa Si Wokpɔ La Wu Gbɔgblɔ” (Dɔw. 20:5-12)

12, 13. (a) Aleke nɔviawo se le wo ɖokui me esi wofɔ Eutiko ɖe tsitre? (b) Mɔkpɔkpɔ kae Biblia na mí, si faa akɔ na ame siwo ƒe ame veviwo ku egbea?

12 Paulo kple eƒe zɔhɛawo yi Makedonia, eye anɔ eme be woma mɔ le afi ma. Edze ƒãa be wogava do go le Troa. d Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Le ŋkeke atɔ̃ me la, míeva tu wo le Troa.” e (Dɔw. 20:6) Afi siae Paulo fɔ ɖekakpui Eutiko ɖe tsitre le abe ale si míegblɔe le ta sia ƒe gɔmedzedze ene. Bu dzidzɔ si gbegbe nɔviawo kpɔ esi wokpɔ be yewo nɔvi Eutiko gbɔ agbe ŋu kpɔ! Abe ale si nuŋlɔɖia gblɔe enea, “akɔfafa si wokpɔ la wu gbɔgblɔ.”—Dɔw. 20:12.

13 Nukunu mawo tɔgbi megadzɔna egbea o. Gake Biblia na mɔkpɔkpɔ mí be tsitretsitsi gãtɔ le ŋgɔ gbɔna eye esia na ame siwo ƒe ame veviwo ku la kpɔa “akɔfafa si . . . wu gbɔgblɔ.” (Yoh. 5:28, 29) Bu eŋu kpɔ: Esi Eutiko mede blibo o taa, egava ku emegbe. (Rom. 6:23) Gake ame siwo woafɔ ɖe tsitre le Mawu ƒe xexea yeyea me ya ate ŋu anɔ agbe tegbee! Esi ganyoe nye be, ame siwo woafɔ ɖe tsitre be woava ɖu fia kple Yesu le dziƒo magaku akpɔ o. (1 Kor. 15:51-53) Susu geɖewo li, siwo tae wòle be Kristotɔ siwo li egbea, woɖanye amesiaminawo alo ‘alẽ bubuawo’ o, nakpɔ “akɔfafa si . . . wu gbɔgblɔ.”—Yoh. 10:16.

Nufiafia “Le Dutoƒo Kple Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me” (Dɔw. 20:13-24)

14. Nya kae Paulo gblɔ na Efeso hamemetsitsiawo esi wova do goe le Mileto?

14 Paulo kple eƒe zɔhɛwo zɔ mɔ tso Troa yi Aso; emegbe woyi Mitilene, Kio, Samo, kple Mileto. Paulo di be yeaɖo Yerusalem hafi Pentekoste Ŋkekenyuia nadze egɔme. Esi Paulo le kplakplakpla dzi be yeaɖo Yerusalem hafi Pentekoste naɖo taa, eɖoe be yeaɖo tɔdziʋu si mato Efeso o. Gake Paulo di be yeaƒo nu kple Efeso hamemetsitsiawo, eya ta eɖo ame ɖe wo be woado go ye le Mileto. (Dɔw. 20:13-17) Esi wova ɖoa, egblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔwo mienya ale si menɔ kpli mi tso gbe si gbe meɖo afɔ Asia nutoa me la nyuie, ale si gbegbe mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi wɔ dɔ na Aƒetɔ la abe kluvi ene kple aɖatsiwo kpakple tetekpɔ siwo me meto le Yudatɔwo ƒe nugbeɖoɖowo ta, ke nyemegbe nu siwo ŋu viɖe le la dometɔ aɖeke gbɔgblɔ na mi o, eye nyemegbe nufiafia mi le dutoƒo kple tso aƒe me yi aƒe me hã o. Ke boŋ meɖi ɖase na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa tsitotsito be woatrɔ dzi me ava Mawu gbɔ eye woaxɔ mía Aƒetɔ Yesu dzi ase.”—Dɔw. 20:18-21.

15. Aleke gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me ɖea vii?

15 Egbea, mɔ vovovowo li siwo dzi míato agblɔ nya nyuia na amewo. Abe Paulo enea, míeɖea gbeƒã na amewo le afi sia afi, le ʋutɔɖoƒewo, le mɔdodowo dzi alo asiwo me. Gake mɔ vevitɔ si dzi Yehowa Ðasefowo tona ɖea gbeƒãe nye tso aƒe me yi aƒe me. Nu ka ta? Susu si tae nye be tso aƒe me yi aƒe me dɔa naa mɔnukpɔkpɔ amewo be woase Fiaɖuƒe nya nyuia edziedzi, eye esia ɖoa kpe edzi be Mawu mekpɔa ame ŋkume o. Tsɔ kpe ɖe eŋua, tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔnɛ be woate ŋu ana kpekpeɖeŋu ame siwo si dzi nyui le, edoa ŋusẽ ame siwo wɔnɛ ƒe xɔse eye wònana wodoa dzi. Nyateƒee, gbeƒãɖeɖe “le dutoƒo kple tso aƒe me yi aƒe me” nye nu vevi siwo wotsɔna dea dzesi Kristotɔ vavã siwo li egbea dometɔ ɖeka.

16, 17. Aleke Paulo ɖee fia be dzi le ye ƒo, eye aleke Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃e?

16 Paulo gblɔ na Efeso hamemetsitsiawo be yemenya nu siwo adzɔ ɖe ye dzi ne yeva ɖo Yerusalem o. Gake egblɔ na wo be: “Nye agbe mele vevie nam akpa o; nu si le vevie nam la koe nye be mawu nye duɖimekeke kple subɔsubɔdɔ si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nya nyui la ŋu tsitotsito.” (Dɔw. 20:24) Dzi nɔ Paulo ƒo eye meɖe mɔ naneke, eɖanye lãmegbegblẽ alo yometiti sesẽ gɔ̃ hã, xe mɔ nɛ be wòagawu dɔ si wòxɔa nu o.

17 Kristotɔ siwo li egbea hã doa dzi le nɔnɔme sesẽ vovovowo me. Dziɖuɖuwo tia wo dometɔ aɖewo yome alo ɖoa asi woƒe dɔa dzi. Dɔléle sesẽwo le fu ɖem na wo dometɔ aɖewo. Woƒoa nya ɖe Kristotɔ sɔhɛwo hã nu le suku. Nɔnɔme sesẽ ka ke me tom Yehowa Ðasefowo le o, woawo hã wodoa dzi abe ale si Paulo wɔe ene. Woɖoe kplikpaa be ‘yewoaɖi ɖase le nya nyuia ŋu tsitotsito.’

“Mikpɔ Mia Ðokui Kple Alẽha Blibo La Dzi Nyuie” (Dɔw. 20:25-38)

18. Nu kawoe Paulo wɔ be ye ŋu nakɔ tso amewo ƒe ʋu me, eye aleke Efeso hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃e?

18 Paulo xlɔ̃ nu Efeso hamemetsitsiawo tẽe eye wògblɔ na wo be ye ŋutɔ yeɖo kpɔɖeŋu ɖi na wo. Gbãa, ena wonya be ɖewohĩ esiae nye zi mamlɛtɔ si woakpɔ ye. Egblɔ na wo be: “Ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me, elabena nyemegbe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la katã gbɔgblɔ na mi o.” Aleke Efeso hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Paulo ale be woawo hã ŋuti nakɔ tso amewo ƒe ʋu me? Egblɔ na wo be: “Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la dzi nyuie, alẽha si dome gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi dzikpɔlawoe le, be miakplɔ Mawu ƒe hame, si wòtsɔ eya ŋutɔ Via ƒe ʋu ƒle la.” (Dɔw. 20:26-28) Paulo xlɔ̃ nu wo be “amegãxi nyanyrawo” aɖo wo dome eye woagblɔ “nya totrowo be yewoahe nusrɔ̃lawo ne woadze yewo yome.” Nu kae wòle be hamemetsitsiawo nawɔ? Paulo yi edzi xlɔ̃ nu wo be: “Minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi be ƒe etɔ̃ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dometɔ aɖeke kple aɖatsiwo o.”—Dɔw. 20:29-31.

19. Xɔsegbegbe nuwɔna kawoe do mo ɖa le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo, eye nu kae do tso eme le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me va de asi na egbea?

19 Kaka ƒe alafa gbãtɔ nawu enua, “amegãxi nyanyrawo” do nyateƒe. Le ƒe 98 K.Ŋ. lɔƒoa, apostolo Yohanes gblɔ be: “Kristo ƒe futɔ geɖewo do fifia gɔ̃ hã xoxo . . . Mía domee wodo go tso, gake womele abe míawo ene o; elabena ne ɖe wole abe míawo ene la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa.” (1 Yoh. 2:18, 19) Kaka ƒe alafa etɔ̃lia naɖoa, xɔsegbegbe sia wɔe be alakpa Kristotɔwo ƒe haŋgɔnɔlawo do eye ame geɖewo dze wo yome. Le ƒe alafa enelia mea, Roma Fiagã Konstantino da asi ɖe alakpa Kristotɔ siawo dzi le se nu. Subɔsubɔhakplɔla siawo gblɔ “nya totrowo,” elabe wova da asi ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe azãwo dzi eye woda ŋkɔ ɖe wo dzi be wonye Kristotɔwo ƒe azãwo. Xɔsegbegbe ma metsonuwoe nye alakpa Kristotɔwo ƒe nufiafia kple dzixɔse totro siwo bɔ ɖe sɔlemehawo me egbea.

20, 21. Aleke Paulo tsɔ eɖokui na faa ɖe nɔviawo tae, eye aleke Kristotɔ hamemetsitsi siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ nɔnɔme ma?

20 Ale si Paulo wɔ eƒe subɔsubɔdɔa to vovo kura na ale si subɔsubɔhakplɔla siwo va do emegbe wɔ nu ɖe alẽhaa ŋu. Paulo ŋutɔ wɔ dɔ tsɔ kpɔa eƒe nuhiahiãwo gbɔ ale be wòaganye agba na hamea o. Menye viɖe si wòakpɔ tae wòdze agbagba subɔ nɔviawo ɖo o. Eya ta exlɔ̃ nu Efeso hamemetsitsiawo be woalɔ̃ atsɔ wo ɖokuiwo ana faa ɖe nɔviawo ta. Egblɔ na wo be: “[Mikpe] ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, eye . . . Aƒetɔ Yesu ƒe nya siawo nanɔ susu me na mi, esi eya ŋutɔ gblɔ be: ‘Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.’”—Dɔw. 20:35.

21 Abe Paulo enea, Kristotɔ hamemetsitsi siwo li egbea hã tsɔa wo ɖokuiwo nana faa ɖe alẽawo ta. Ame siwo wode dɔ asi na be ‘woakplɔ Mawu ƒe hamea’ mewɔa esia le woawo ŋutɔwo ƒe viɖe ta o. Gake alakpa Kristotɔwo ƒe hakplɔlawo ya tafaa woƒe hameviwo le woawo ŋutɔwo ƒe viɖe ta. Mele be ame siwo le Kristo hamea me nadi ɖoƒe gã alo anye dadalawo o. Ame siwo ‘dia bubu na wo ɖokui’ akpɔ emetsonu godoo. (Lod. 25:27) Elabe ɖokuidodoɖedzi kple ŋukpee zɔna.—Lod. 11:2.

“Wo katã wofa avi ŋutɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:37

22. Nu kae na Efeso hamemetsitsiawo lɔ̃ Paulo vevie?

22 Paulo lɔ̃ nɔviawo vevie, esia wɔe be woawo hã wolɔ̃e. Le nyateƒe mea, esi ɣeyiɣia de be Paulo nadzo le wo gbɔa, “wo katã wofa avi ŋutɔ, eye wokpla asi kɔ na Paulo hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe.” (Dɔw. 20:37, 38) Egbea hã, hamea me tɔwo lɔ̃a ame siwo tsɔa wo ɖokuiwo nana faa ɖe nɔviawo ta abe Paulo enea vevie. Esi míeva dzro Paulo ƒe kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi sia me vɔa, ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be menye ɖe wònɔ eɖokui dom ɖe edzi alo nɔ adegbe ƒom esi wògblɔ be: “Ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me” oa?—Dɔw. 20:26.

a Kpɔ aɖaka si nye “ Agbalẽ Siwo Paulo Ŋlɔ Le Makedonia.”

b Anɔ eme be esi Paulo vae srã nɔviawo kpɔ le Korinto ye wòŋlɔ agbalẽ na Romatɔwo.

d Esi Luka yɔ eɖokui de nya si dze le Dɔwɔwɔwo 20:5, 6 mea, efia be eya kple Paulo wogava do go le Filipi, afi si Luka ɖeɖe nɔ ɣeyiɣi aɖe.—Dɔw. 16:10-17, 40.

e Mɔzɔzɔ tso Filipi yi Troa xɔ ŋkeke atɔ̃. Anɔ eme be ya ɖe fu na wo, elabe mɔzɔzɔ sia ke xɔ ŋkeke eve va yi.—Dɔw. 16:11.