Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 20

‘Nya La Nɔ Ta Kekem Henɔ Ŋusẽ Kpɔm’ Le Yometitiwo Me

‘Nya La Nɔ Ta Kekem Henɔ Ŋusẽ Kpɔm’ Le Yometitiwo Me

Nu si Apolo kple Paulo wɔ tsɔ kpe asi ɖe nya nyui si nɔ ta kekem ŋu

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 18:23–19:41 dzi

1, 2. (a) Nya sesẽ kae dzɔ ɖe Paulo kple eƒe zɔhɛwo dzi le Efeso? (b) Nu ka mee míadzro le ta sia me?

 AMEHA gbogbo aɖewo le du ƒum le Efeso ƒe ablɔwo dzi eye woƒe gbe de dzi bobobo. Wo dometɔ aɖewo do dziku vevie eye zi tɔ eteƒe mekɔ o! Wolé apostolo Paulo ƒe zɔhɛ eve, eye wole wo hem sesẽe. Amewo do go le woƒe fiasewo me, eye wolɔ hoo to dua ƒe mɔdodowo dzi ɖo ta woƒe fefewɔƒe si ate ŋu axɔ ame 25,000. Ame akpa gãtɔ menya nu si na zia tɔ gɔ̃ hã o. Gake wobewobewo le ɖiɖim be wogblɔ busunya ɖe woƒe gbedoxɔa kple woƒe mawu lɔlɔ̃a Artemis ŋu. Eya ta wodze ɣlidodo sesĩe le gbɔgblɔm be: “Efesotɔwo ƒe Artemis lae nye gã!”—Dɔw. 19:34.

2 Satana gadze agbagba be yeazã ameha siwo do dziku atsɔ axe mɔ na Mawu Fiaɖuƒe nya nyuia. Le nyateƒe mea, menye nu vlo wɔhawo koe Satana zãna o. Le ta sia mea, míadzro ayemɔ vovovo siwo Satana zã be yeatsɔ agblẽ gbeƒãɖeɖedɔa kple ɖekawɔwɔ si nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo domea me. Vevietɔ wua, míava de dzesii be eƒe ayemɔ aɖeke medze edzi o, elabe “Yehowa ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem henɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi.” (Dɔw. 19:20) Nu kae kpe ɖe Kristotɔ mawo ŋu woɖu Satana dzi? Nu si le kpekpem ɖe mía ŋu egbea ye kpe ɖe woawo hã ŋu. Ele be míakafu Yehowa ɖe aʋadziɖuɖu sia ta. Gake ele be míawɔ mía tɔ sinua abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene. Yehowa ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be nɔnɔme nyui siwo hiã be míaƒe subɔsubɔdɔa nadze edzia nasu mía si. Gake gbãa, mina míadzro kpɔɖeŋu si Apolo ɖo ɖia me.

‘Enya Ŋɔŋlɔawo Nyuie’ (Dɔw. 18:24-28)

3, 4. Nu vevi kae Akwila kple Priskila de dzesii be ele be Apolo nanya, eye nu kae wowɔ tso eŋu?

3 Esime Paulo le mɔ dzi yina Efeso le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia mea, Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolo va dua me. Aleksandria si nye du xɔŋkɔ aɖe le Egipte mee wòtso. Nɔnɔme ɖedzesi aɖewo le Apolo si. Menye ɖeko wòbi ɖe nuƒoƒo me o, ke boŋ ‘enya Ŋɔŋlɔawo nyuie’ eye ‘wòxɔ dzo le gbɔgbɔ me’ hã. Esi dzo le eme alea taa, eƒo nu na Yudatɔwo vɔvɔ̃manɔmee le ƒuƒoƒea.—Dɔw. 18:24, 25.

4 Akwila kple Priskila see Apolo nɔ nu fiam. Dzi dzɔ wo esi wosee wònɔ “nu fiam tso Yesu ŋu ɖe eteƒe tututu.” Nya siwo wògblɔ tso Yesu ŋu de pɛpɛpɛ. Gake eteƒe medidi o, Kristotɔ atsu kple asia va de dzesii be nu vevi aɖe li wòle be Apolo nanya. “Nyɔnyrɔxɔxɔ si Yohanes ɖe gbeƒãe ŋu nya koe wònya nyuie.” Apolo ƒe sukudede kple ale si wòbi ɖe nuƒoƒo me mewɔe be avɔgbadɔwɔla tsɛ siawo vɔ̃e o. Ke boŋ “wokplɔe ɖe wo ɖokui ŋu, eye woɖe Mawu ƒe mɔ la me nɛ nyuie wu.” (Dɔw. 18:25, 26) Aleke agbalẽnyala sia si bi ɖe nuƒoƒo me wɔ nui? Edze ƒãa be eɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme vevi aɖe fia. Eyae nye ɖokuibɔbɔ.

5, 6. Nɔnɔme kae nɔ Apolo si si na Yehowa zãe geɖe wu, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Apolo gbɔ?

5 Esi Apolo lɔ̃ Akwila kple Priskila kpe ɖe eŋu taa, egava bi ɖe edzi le Yehowa subɔsubɔ me. Ezɔ mɔ yi Akaya eye ‘ekpe ɖe xɔsetɔwo ŋu geɖe ŋutɔ.’ Eɖi ɖase na Yudatɔ siwo nɔ tɔ tem ɖe edzi le nuto mawo me be menye Yesue nye Mesia si ŋu nya wogblɔ ɖi oa hã nyuie. Luka gblɔ be: “Eɖoa kpe edzi kple ŋusẽ le dutoƒo be Yudatɔwo da ƒu, eye wòtsɔa Ŋɔŋlɔawo ɖenɛ fiana be Yesu ye nye Kristo la.” (Dɔw. 18:27, 28) Apolo kpe ɖe hameawo ŋu ŋutɔ! Le nyateƒe mea, Apolo hã ƒe agbagbadzedzewo wɔe be “Yehowa ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem.” Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Apolo gbɔ?

6 Ele vevie be Kristotɔ ɖe sia ɖe nabɔbɔ eɖokui. Nunana kple ŋutete vovovowoe le mía si. Ðewo nye nuteƒekpɔkpɔwo, dzɔdzɔmeŋutetewo alo nu siwo míawo ŋutɔwo míesrɔ̃. Ele be ɖokuibɔbɔ naɖe dzesi le mía ŋu wu míaƒe ŋutetewo. Ne menye nenema oa, míaƒe ŋutetewo maɖe vi o, ɖeko woana míava zu dadalawo. (1 Kor. 4:7; Yak. 4:6) Ne míebɔbɔa mía ɖokui ŋutɔŋutɔa, míadze agbagba abu ame bubuwo be wonye gã wu mí. (Flp. 2:3) Esia awɔe be míalɔ̃ woaɖɔ mí ɖo alo afia nu mí. Ne Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi trɔ asi le ale si míese nanewo gɔmee tsã ŋua, míebɔbɔa mía ɖokui xɔnɛ dea eme. Ne míebɔbɔ mía ɖokuia, Yehowa kple Via ayi edzi azã mí.—Luka 1:51, 52.

7. Ðokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu kae Paulo kple Apolo ɖo ɖi na mí?

7 Ðokuibɔbɔ kpena ɖe mía ŋu be mímeʋlia ho kple mía nɔviwo o. Bu ale si Satana adi vevie be yeana Kristotɔ gbãtɔ mawo dome nama ŋu kpɔ. Dzi adzɔ Satana ŋutɔ ne nɔvi bibi eve siawo, Apolo kple apostolo Paulo, ʋlia ho kple wo nɔewo eye ɖewohĩ woʋãa ŋu wo nɔewo le hamea me. Ema ate ŋu adzɔ hafi, elabe le Korinto hamea mea, nɔvi aɖewo nɔ gbɔgblɔm be: “Paulo tɔe menye” eye ɖewo hã be: “Nye ya Apolo tɔe menye.” Ðe Paulo alo Apolo de nɔviawo ƒe nuwɔna sia si ate ŋu ahe mama vɛ dzia? Ao! Ke boŋ Paulo bɔbɔ eɖokui eye wòde dzesi dɔ nyui siwo wɔm Apolo le, eye wògade dɔ bubuwo esi gɔ̃ hã. Apolo hã lɔ̃ xɔ mɔfiamewo tso Paulo gbɔ. (1 Kor. 1:10-12; 3:6, 9; Tito 3:12, 13) Ðokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖee nye esia, si akpe ɖe míawo hã ŋu be míawɔ dɔ kple mía nɔewo ɖekae egbea!

‘Edzroa Nu Me Kpli Wo Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Le Mɔ Wɔdɔɖeamedzi Nu’ (Dɔw. 18:23; 19:1-10)

8. Mɔ kae Paulo to esi wòtrɔ yina Efeso, eye nu ka tae?

8 Paulo do ŋugbe na Efeso nɔviawo be yeatrɔ ava wo gbɔ, eye ewɔ ɖe eƒe nyaa dzi. a (Dɔw. 18:20, 21) Gake de dzesi si wòto yi. Zi mamlɛtɔ si míeƒo nu tso eŋua, enɔ Antiokia le Siria. Be wòaɖo Efesoa, ate ŋu ato mɔ kpuitɔ ayi Seleukia aɖo tɔdziʋu le afi ma ayi. Gake Paulo tiae be yeazɔ mɔ “to kɔƒenutowo me.” Akɔntabubu aɖe na míekpɔe be Paulo ƒe mɔzɔzɔ siwo katã ŋu woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo 18:23 kple 19:1 le kilometa 1,600 sɔŋ! Nu ka tae Paulo tiae be yeazɔ mɔ legbe ma? Elabe eɖoe be ‘yeado ŋusẽ nusrɔ̃lawo katã.’ (Dɔw. 18:23) Le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia mea, enya be ahiã be yeaku kutri geɖe abe ale si wònɔ le mɔzɔzɔ gbãtɔ kple evelia me ene. Gake esia aɖe vi geɖe. Nutome sue dzikpɔla siwo li egbea kple wo srɔ̃wo hã ɖea nɔnɔme nyui sia ke fiana. Ðe mímekpɔa dzidzɔ ɖe ale si wotsɔ wo ɖokui sa vɔ alea ta oa?

9. Nu ka tae wòva hiã be woaganyrɔ nusrɔ̃la aɖewo, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ?

9 Esi Paulo va ɖo Efesoa, ekpɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe nusrɔ̃la 12 aɖewo. Yohanes ye nyrɔ wo, evɔ nyɔnyrɔxɔxɔ bubu va xɔ ɖe ema teƒe. Ame siawo menya nu boo aɖeke tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu o. Eya ta Paulo gblɔ Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu nya na wo. Woawo hã bɔbɔ wo ɖokui lɔ̃ faa be yewoasrɔ̃ nu geɖe abe ale si Apolo wɔe ene. Esi wonyrɔ wo ɖe Yesu ƒe ŋkɔ me vɔa, woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea kple nukununana aɖewo. Eme kɔ be ne míewɔna ɖe Yehowa ƒe habɔbɔ si le zɔ ɖem ƒe mɔfiamewo dzia, eɖea vi na mí ŋutɔ.—Dɔw. 19:1-7.

10. Nu ka tae Paulo dzo le ƒuƒoƒea yi takpexɔa me, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa me?

10 Nu bubu aɖe dzɔ, si wɔe be nya nyuia keke ta. Paulo ɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe ɣleti etɔ̃ le ƒuƒoƒea. Togbɔ be ‘edzroa nu me kpli wo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu le mɔ wɔdɔɖeamedzi nu’ hãa, wo dometɔ aɖewo sẽ dzi me eye wotsi tsitre ɖe eŋu. Megblẽ ɣeyiɣi ɖe ame siawo ŋu kura o, elabe wonɔ “nya manyomanyo gblɔm ɖe Mɔ La ŋu.” Edzo le wo gbɔ eye wòvae gblɔ nya nyuia le suku aɖe ƒe takpexɔ me. (Dɔw. 19:8, 9) Ele be ame siwo di be yewoagasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔa nadzo le ƒuƒoƒea ayi takpexɔa me. Anyo be míasrɔ̃ Paulo adzo le ame siwo madi be yewoaɖo to o alo adi be yewoahe nya kpli mí le gbeƒãɖeɖedɔa mea gbɔ. Ame geɖewo gali siwo si dzi nyui le, siwo adi be yewoaɖo to nya nyui dedziƒoname si míeɖea gbeƒãe!

11, 12. (a) Aleke Paulo do vevie nu eye wòtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me? (b) Aleke Yehowa Ðasefowo hã doa vevie nu eye wotrɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

11 Ðewohĩ Paulo ƒoa nu le suku ma ƒe takpexɔa me gbe sia gbe tso ŋdi ga 11:00 va se ɖe ɣetrɔ ga 4:00 lɔƒo. (Dɔw. 19:9) Anɔ eme be ɣeyiɣi mawoe ɖoɖoe zina wu gake yame xɔa dzo, si nana ame geɖe dzudzɔa dɔ ale be woate ŋu aɖu nu eye woaɖi ɖe eme. Bu eŋu kpɔ. Ne Paulo lé ɖoɖo ma me ɖe asi ƒe evea, ke efia be ezã gaƒoƒo si wu 3,000 tsɔ fia nu amewo. b Esiae ganye susu bubu si ta Yehowa ƒe nyaa nɔ ta kekem eye wònɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi. Paulo doa vevie nu eye wòtrɔna ɖe nɔnɔme vovovowo ŋu. Etrɔ asi le eƒe ɖoɖowo ŋu ale be wòate ŋu aɖe gbeƒã na nutoa me tɔwo le ɣeyiɣi si asɔ na wo dzi. Nu kae do tso esia me? “Ame siwo katã le Asia nutoa me la se Aƒetɔ la ƒe nya la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.” (Dɔw. 19:10) Paulo ɖi ɖase tsitotsito nyateƒe!

Míedzea agbagba be míadi amewo le afi sia afi si wole

12 Yehowa Ðasefo siwo li egbea hã doa vevie nu eye wotrɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Míeyia amewo gbɔ le ɣeyiɣi si me míake ɖe wo ŋu, kple teƒe si míakpɔ wo le. Míeɖea gbeƒã le ablɔ dzi, le asiwo me kple ʋutɔɖoƒewo. Míeɖea gbeƒã na amewo to telefon kple lɛtaŋɔŋlɔ dzi hã. Eye ne míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔmaa, míedzea agbagba be míayi le ɣeyiɣi siwo me míake ɖe ameawo ŋu.

‘Nya La Nɔ Ta Kekem’ Togbɔ Be Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Nɔ Mɔ Xem Hã (Dɔw. 19:11-22)

13, 14. (a) Nu kae Yehowa kpe ɖe Paulo ŋu wòwɔ? (b) Aleke Skeva viwo da ƒui, eye aleke sɔlemedela geɖewo wɔa vodada ma ke tɔgbi egbea?

13 Luka na míekpɔe be nu ɖedzesi aɖewo dzɔ le Paulo ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi, elabe Yehowa to edzi nɔ “ŋusẽdɔ gãwo” wɔm. Ne wotsɔ Paulo ƒe takuviwo kple akɔtawuwo gɔ̃ hã yi na dɔnɔwoa, wohayana. Wozãa nu mawo ke tsɔ nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe. c (Dɔw. 19:11, 12) Satana dzi ɖuɖu alea na amewo kpɔ dzidzɔ, gake menye ame sia amee wòdzɔ dzi na o.

14 “Yudatɔ aɖewo nɔ tsatsam tso du me yi du me nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam” eye wodze agbagba be yewoawɔ nukunu siwo tɔgbi wɔm Paulo nɔ. Yudatɔ mawo dometɔ aɖewo nɔa Yesu kple Paulo ƒe ŋkɔ yɔm be yewoatsɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. Luka na míenya ame siawo dometɔ aɖewo; wonye nunɔlawo ƒe tatɔ Skeva ƒe vi adre. Esi wotee kpɔ be yewoanyã gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do goa, gbɔgbɔ vɔ̃a gblɔ na wo be: “Menya Yesu, eye medze si Paulo; ke ame kawoe miawo ya mienye?” Ame si me gbɔgbɔ vɔ̃a le dzo dze alakpanukunuwɔla siawo dzi abe lã wɔadã ene, de abi wo ŋu, eye wosi dzo amamae. (Dɔw. 19:13-16) Amewo kpɔe be vovototo gã aɖe le Paulo ƒe ŋusẽa kple alakpatɔawo tɔ dome. Esia wɔe be “Yehowa ƒe nya” yi edzi nɔ ta kekem. Egbea hã, ame geɖe susunɛ vodadatɔe be ne yewoyɔa Yesu ƒe ŋkɔ alo gblɔna be “Kristotɔ” yewonye koa, ema ɖeɖe su. Gake abe ale si Yesu gblɔe enea, ame siwo wɔa Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu ŋutɔŋutɔ ko sie mɔkpɔkpɔ vavã le.—Mat. 7:21-23.

15. Ne edzɔ be nanewo le mía si, siwo do ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo alo gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔnawoa, aleke míate ŋu asrɔ̃ Efesotɔwo?

15 Ale si woɖi gbɔ Skeva viwo na ame geɖe vɔ̃ Mawu eye woɖe asi le woƒe gbɔgbɔyɔnuwɔnawo ŋu va zu xɔsetɔwo. Gbɔgbɔyɔnuwɔnawo xɔ anyinɔ ɖe Efeso. Wosaa gbe dea ame, eye wozãa atiblɛwo kple afakagbalẽwo. Nu si dzɔa ʋã Efesotɔ geɖewo wotsɔ woƒe afakagbalẽwo vɛ be woatɔ dzo wo le dutoƒo. Egbea, agbalẽ mawo axɔ dɔlar akpe geɖe. d Luka gblɔ be: “Ale Yehowa ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem henɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi.” (Dɔw. 19:17-20) Esia ɖee fia be nyateƒea ɖua alakpadzixɔsewo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔnawo dzi vavã! Míate ŋu asrɔ̃ nuteƒewɔla mawo ƒe kpɔɖeŋu. Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔnawo bɔ ɖe xexea me egbea hã. Ne míekpɔe be nane le mía si, si do ka kple gbɔgbɔ vɔ̃woa, ele be míasrɔ̃ Efesotɔwo agblẽ edome enumake. Ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe agbe nu le ŋunyɔnu siawo gbɔ, aleke kee woɖaxɔ asii o.

“Zitɔtɔ Gã Aɖe Ðo Amewo Dome” (Dɔw. 19:23-41)

“Mía tɔwo, mienya nyuie be dɔ siae na nu le edzi dzem na mí.”—Dɔwɔwɔwo 19:25

16, 17. (a) Gblɔ nu si Demetrio wɔ, si na zi tɔ le Efeso. (b) Aleke Efesotɔwo ɖee fia be yewonye zazɛ̃nyahelawo nyateƒe?

16 Abe ale si míekpɔe le ta sia ƒe gɔmedzedze enea, Luka na míekpɔ ayemɔ bubu si Satana zã. Luka gblɔ be “zitɔtɔ gã aɖe ɖo amewo dome ku ɖe Mɔ La ŋu.” Menye ɖe wònɔ ami ɖem ɖe nyaa o. e (Dɔw. 19:23) Klosalonutula aɖe si ŋkɔe nye Demetrio ye de zi amewo me. Gbãa, eɖo ŋku edzi na etɔ klosalonutula mamlɛawo be legbawo dzadzra mee yewokpɔa ga geɖe tsonɛ. Eyi edzi gblɔ be nya si Paulo le gbeƒã ɖemeea ate ŋu agblẽ dɔ na yewo, elabe Kristotɔwo mesubɔa legbawo o. Egaɖee fia hã be dadae wònye na yewo be yewonye Efesotɔwo eye mesɔ be Kristotɔwo nava ɖo nu na yewo o. Eya ta ena wonya be ne yewomedi nane wɔ oa, “woava do vlo” yewoƒe mawunɔ Artemis eye woaklo bubu le eƒe gbedoxɔ xɔŋkɔa ŋu.—Dɔw. 19:24-27.

17 Demetrio te ŋu ɖo eƒe taɖodzinua gbɔ. Klosalonutulawo te ɣlidodo hoo be: “Efesotɔwo ƒe Artemis lae nye gã!” Esia na amehaa do dziku vevie eye zi tɔ le du bliboa me abe ale si míegblɔe le ta sia ƒe gɔmedzedze ene. f Esi Paulo mevɔ̃na o taa, edi be yeayi fefewɔƒea aƒo nu na amehaa. Gake nusrɔ̃laawo di be wòanɔ dedie, eya ta womelɔ̃ ɖe edzi nɛ o. Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Aleksandro tsi tre be yeaƒo nu na amehaa. Esi wònye Yudatɔ taa, adi be yeana woakpɔ vovototo si le Yudatɔwo kple Kristotɔ siawo dome. Menye nya ma dimee wole be yewoase kura o! Esi wokpɔ be Yudatɔea, woƒe ɣli gade dzi be: “Efesotɔwo ƒe Artemis lae nye gã!” tsɔ tsi nya ɖe enu. Wowɔ esia anɔ gaƒoƒo eve sɔŋ. Va se ɖe egbea, Demetrio ƒe nɔnɔme sia kee le subɔsubɔ zazɛ̃nyahelawo si, si wɔnɛ be amewo mebua nuwo ŋu nyuie o.—Dɔw. 19:28-34.

18, 19. (a) Aleke dudzikpɔlaa na ɖoɖoe zi le amehaa nu le Efeso? (b) Aleke ŋusẽtɔ aɖewo xɔ na Yehowa ƒe amewo egbeae, eye nu kae míate ŋu awɔ be ne eva hiãa, woakpɔ míawo ŋutɔ alo mía nɔviwo ta?

18 Mlɔeba dudzikpɔlaa te ŋu na ɖoɖoe zi le amehaa nu. Dudzikpɔla sia si bua nuwo ŋu nyuiea ka ɖe edzi na wo be Kristotɔawo mate ŋu awɔ naneke yewoƒe gbedoxɔa kple mawunɔa o, eye be Paulo kple eƒe zɔhɛawo mewɔ nu gbegblẽ aɖeke ɖe Artemis ƒe gbedoxɔa ŋu o. Ena wonya hã be menye teƒe siae woakpɔ nya sia gbɔ le o. Ðewohĩ eƒe nya si gawɔ dɔ ɖe wo dzi wue nye esi wòɖo ŋku edzi na wo be Romatɔwo ate ŋu atsɔ nya ɖe wo ŋu be wole dadam le se dzi. Eya ta ena amehaa kaka. Eƒe nya siwo me susu le wɔ dɔ ɖe wo dzi, si na woƒe dzikua nu fa.—Dɔw. 19:35-41.

19 Menye esiae nye zi gbãtɔ si ŋusẽtɔ aɖe si bua nuwo ŋu nyuiea xɔ na Yesu yomedzelawo o, eye menye esiae nye zi mamlɛtɔ hã o. Le ŋutega aɖe si apostolo Yohanes kpɔ ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu mea, amegbetɔwo ƒe ɖoɖo aɖewo, siwo wotsɔ sɔ kple anyigba le ŋutegaa mea, ano yometiti ƒe tsi si Satana tu ɖe Yesu yomedzelawo ŋu. (Nyaɖ. 12:15, 16) Esia dzɔ hã nyateƒe. Edzɔ zi geɖe be ʋɔnudrɔ̃la siwo bua nuwo ŋu nyuie ʋli Yehowa Ðasefowo ta be wokpɔ mɔ aƒo ƒu ɖekae asubɔ eye woaɖe gbeƒã nya nyuia. Togbɔ be ele alea hãa, míaƒe agbenɔnɔ wɔa akpa vevi aɖe. Anɔ eme be Paulo ƒe agbenɔnɔe na dziɖuɖumegã siwo nɔ Efeso dometɔ aɖewo va lɔ̃ eƒe nya eye wolɔ̃ faa be yewoakpɔ eta. (Dɔw. 19:31) Ne míawo hã míedzea agbagba toa nyateƒe eye míedea bubu amewo ŋua, ana woawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie. Ne míewɔe alea, ava ɖe vi le mɔ aɖe nu gbe ɖeka godoo.

20. (a) Ne ède ŋugble tso ale si Yehowa ƒe nyaa nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le ƒe alafa gbãtɔ me kple egbea siaa ŋua, aleke nèsena le ɖokuiwò me? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ atsɔ akpe asi ɖe Yehowa ƒe aʋadziɖuɖu siawo ŋu?

20 Ðe dzi medzɔ mí ŋutɔ esi míede ŋugble tso ale si “Yehowa ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem henɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi” le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu oa? Nenema kee dzi dzɔa mí ne míekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeɖu aʋa geɖe dzi egbea. Ðe wò hã nàdi be yeawɔ akpa aɖe, aleke kee wòɖale sue o, atsɔ akpe asi ɖe aʋadziɖuɖu sia ŋua? Ne nenemaea, ke srɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu siwo me míedzroa me. Bɔbɔ ɖokuiwò. Wɔ ɖe Yehowa ƒe habɔbɔ si le zɔ ɖem ƒe mɔfiamewo dzi. Yi edzi nàdo vevie nu. Tsri gbɔgbɔyɔnuwɔna ɖe sia ɖe. Eye dze agbagba nàto nyateƒe ɣesiaɣi eye nàde bubu amewo ŋu be esia nanye ɖaseɖiɖi nyui aɖe na wo.

a Kpɔ aɖaka si nye “ Efeso—Asia Nutoa Ƒe Fiadu.”

b Paulo ŋlɔ 1 Korintotɔwo hã esime wònɔ Efeso.

c Anɔ eme be Paulo tsɔa takuviwo blaa ŋgonu ale be fifia nagage ɖe ŋku dzi nɛ o. Esi wogblɔ be Paulo doa akɔtawu le ɣeyiɣi sia me taa, ɖewohĩ ewɔa eƒe avɔgbadɔlɔlɔ̃dɔa ŋdi kanyaa ne ekpɔ vovo.—Dɔw. 20:34, 35.

d Luka gblɔ be agbalẽ mawo ƒe home le klosalogaku 50,000. Ne denario ŋue wòle nu ƒom tsoea, ke ele be ame nawɔ dɔ gbe sia gbe ŋkeke 50,000, si anɔ abe ƒe 137 ene, hafi akpɔ ga home sia.

e Ame aɖewo gblɔ be nudzɔdzɔ siae nɔ susu me na Paulo esime wògblɔ na Korintotɔwo be: “Míegaka ɖe edzi be míatsi agbe gɔ̃ hã o.” (2 Kor. 1:8) Gake ate ŋu anɔ eme hã be nudzɔdzɔ bubu si gasesẽ wu ema kurae nɔ susu me nɛ. Esi Paulo gblɔ na nɔviawo be “[yewɔ] avu kple lã wɔadãwo le Efeso” la, ɖewohĩ ele nu ƒom tso ale si wòwɔ avu kple lãwo ŋutɔŋutɔ le fefewɔƒe aɖe le Efeso ŋu, alo ele nu ƒom tso ame siwo tsi tre ɖe eŋua ŋu. (1 Kor. 15:32) Ðe sia ɖe ate ŋu adzɔ.

f Asinudɔwɔlawo ƒe habɔbɔ siwo nɔ anyi le blema kpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, anɔ abe ƒe alafa ɖeka ene megbea, abolomelawo ƒe habɔbɔ aɖe hã te ŋu de zi amewo me le Efeso.