Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 22

“Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Neva Eme”

“Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Neva Eme”

Esi Paulo ɖoe kplikpaa be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu taa, eyi Yerusalem

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 21:1-17 dzi

1-4. Nu ka tae Paulo ɖo ta Yerusalem, eye nu kae adzɔ ɖe edzi le afi ma?

 NƆVIAWO lé blanui esi Paulo kple Luka le dzodzom le wo gbɔ le Mileto. Mele bɔbɔe na Paulo kple Luka be woadzo le Efeso hamemetsitsiawo gbɔ o, elabe wolɔ̃ wo vevie! Dutanyanyuigblɔla evea ɖo tɔdziʋua. Nu siwo hiã wo na mɔzɔzɔa le woƒe agbawo me. Wotsɔ nudzɔdzɔ siwo woatsɔ ayi na Kristotɔ siwo ɖo hiã me le Yudea hã ɖe asi, eye wodi be yewoakpɔ egbɔ be nudzɔdzɔa va ka wo si dedie.

2 Ya fafɛ aɖe ƒo blewuu, eye tɔdziʋua ho miɔɔ yina. Paulo kple Luka kple nɔvi adre bubu siwo le mɔa zɔm kpli wo le Efeso nɔvi siwo lé blanuia ŋkume kpɔm esi ʋua ho dzo yina. (Dɔw. 20:4, 14, 15) Mɔzɔla siawo le asi ʋuʋum na wo xɔlɔ̃awo va se ɖe esime wobú ɖe eme.

3 Paulo kple Efeso hamemetsitsiawo wɔ dɔ kplikplikpli abe ƒe etɔ̃ ene. Gake fifia esi gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔe be wòayi Yerusalem taa, edze mɔ. Ðewohĩ enya nu vi aɖe tso nu siwo me wòava to le afi ma ŋu. Do ŋgɔa, egblɔ na Efeso hamemetsitsiawo be: “Gbɔgbɔ la zi dzinye be mayi Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si adzɔ ɖe dzinye le afi ma o hã; nu si menya koe nye be le du sia du me la, gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖia ɖase nam enuenu be woadem gaxɔ me eye mato xaxawo me.” (Dɔw. 20:22, 23) Togbɔ be Paulo ato nɔnɔme sesẽwo me hãa, ‘gbɔgbɔa zi edzi,’ si fia be ekpɔe be ele be yeawɔ ɖe gbɔgbɔa ƒe mɔfiame dzi ayi Yerusalem, eye elɔ̃ faa be yeayi hã. Ede asixɔxɔ eƒe agbe ŋu, gake Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le vevie nɛ wu.

4 Aleae wò hã nèsena le ɖokuiwò mea? Ne míeɖe adzɔgbe na Yehowa la, míedo ŋugbe nɛ be eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe anye nu vevitɔ na mí le agbe me. Ne míedzro apostolo Paulo ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu sia mea, aɖe vi na mí ŋutɔ.

Woto “Kipro Ƒukpoa” Ŋu (Dɔw. 21:1-3)

5. Mɔ kae Paulo kple eƒe zɔhɛawo to yi Tiro?

5 Tɔdziʋu si Paulo kple eƒe zɔhɛawo ɖo ‘zɔ mɔ tẽe.’ Esi yaƒoƒoa de wo dzi taa, woyi mɔzɔzɔa dzi va ɖo Kos gbe ma gbe ke. (Dɔw. 21:1) Edze abe wonɔ afi ma va se ɖe ŋufɔke ene, eye tɔdziʋua gadze mɔ ɖo ta Rodo kple Patara. Le Patara, si le Asia Sue ƒe anyiehe gomea, nɔviawo ɖo agbatsɔtɔdziʋu gã aɖe si kɔ wo tẽe yi Tiro le Foinike. Esi wole mɔa dzia, woto “Kipro ƒukpoa” ŋu eye woɖee “ɖe megbe le miame.” (Dɔw. 21:3) Nu ka tae Luka, si ŋlɔ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa gblɔ be yewoto Kipro ŋu?

6. (a) Nu ka tae dzi ɖo Paulo ƒo esi wòkpɔ Kipro ƒukpoa le adzɔge ɖaa? (b) Ne ède ŋugble le ale si Yehowa yra wò eye wòle kpekpem ɖe ŋuwò ŋua, aleke nàse le ɖokuiwò me?

6 Ðewohĩ Paulo fia asi ƒukpoa ɖaa eye wògblɔ nu siwo dzɔ le afi ma va yia na wo. Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔa me, anɔ abe ƒe asieke do ŋgɔa, eya kple Barnaba kple Yohanes si wogayɔna be Marko, do go dzotɔ aɖe si ŋkɔe nye Elima le afi ma. Ŋutsu sia tsi tsitre ɖe woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu vevie. (Dɔw. 13:4-12) Ðewohĩ esi Paulo kpɔ ƒukpoa ɖaa, eye wòde ŋugble tso nu siwo dzɔ va yi ŋua, anya do ŋusẽe be wòate ŋu anɔ te ɖe nu siwo le ŋgɔ nɛa nu. Ne míawo hã míedea ŋugble le ale si Mawu yra mí eye wòle kpekpem ɖe mía ŋu be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me ŋua, esia ado ŋusẽ mí. Ŋugbledede alea akpe ɖe mía ŋu míase le mía ɖokui me abe David ene, ame si gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ le wo katã me.”—Ps. 34:19.

“Míedi Nusrɔ̃lawo Hekpɔ Wo” (Dɔw. 21:4-9)

7. Nu kae mɔzɔlaawo wɔ esi wova ɖo Tiro?

7 Paulo nya be hadede kple nɔviwo ado ŋusẽ ye. Eya ta edina vevie be yeawɔ ɖeka kple nɔvia Kristotɔwo ɣesiaɣi. Esi wova ɖo Tiro la, Luka gblɔ be: “Míedi nusrɔ̃lawo hekpɔ wo.” (Dɔw. 21:4) Esi wonya be yewo nɔvi Kristotɔwo le Tiro dua me taa, wodi wo, ke ɖe wo ŋu, eye anɔ eme be wodze wo gbɔ. Yayra gã aɖe si míekpɔna le Yehowa subɔsubɔ mee nye be, afi sia afi si míazɔ mɔ ayia, míekpɔa mía nɔvi Kristotɔ siwo xɔa mí alɔeve. Xɔlɔ̃wo le ame siwo lɔ̃ Mawu eye wole subɔsubɔha vavãtɔ mea si le xexea ƒe akpa sia akpa.

8. Aleke míase nya siwo le Dɔwɔwɔwo 21:4 gɔmee?

8 Luka gblɔ nya wɔnuku aɖe esi wònɔ nu ƒom tso ŋkeke adre siwo wotsɔ nɔ Tiro ŋu. Egblɔ be: “[Tiro nɔviawo gblɔ] na Paulo enuenu to gbɔgbɔ la dzi be wòagaɖo afɔ Yerusalem o.” (Dɔw. 21:4) Ðe Yehowa trɔ susua? Ðe wòle gbɔgblɔm na Paulo azɔ be megayi Yerusalem oa? Ao. Gbɔgbɔa ɖee fia be woawɔ fu Paulo le Yerusalem, ke menye be wòagaka afɔ dua me kura o. Edze abe gbɔgbɔ kɔkɔeae kpe ɖe Tiro nɔviawo ŋu woƒo nya ta wòsɔ be Paulo ato nɔnɔme sesẽwo me le Yerusalem. Esi wotsi dzi ɖe Paulo ŋu taa, wogblɔ nɛ be wòagayi dua me o. Esɔ be wodi vevie be yewoakpɔ Paulo ta be afɔku aɖeke nagadzɔ ɖe edzi o. Gake Paulo di be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, eya ta eyi mɔzɔzɔa dzi ɖo ta Yerusalem.—Dɔw. 21:12.

9, 10. (a) Esi Paulo se nɔvi siwo nɔ Tiro ƒe nyawoa, anɔ eme be nu kae va susu me nɛ? (b) Susu kae le ame akpa gãtɔ si egbea, gake nu kae Yesu ya di be míawɔ?

9 Esi Paulo se nɔviawo ƒe nyawoa, ɖewohĩ anya ɖo ŋku edzi be nu ma tɔgbi ke dzɔ ɖe Yesu dzi. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be ne yeyi Yerusalem la, yeakpe fu geɖe le afi ma, eye woawu ye. Esi Petro tsi dzi ɖe Yesu nu taa, egblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, di nyui na ɖokuiwò; esia madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o.” Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Te yi megbenye, Satana! Mɔxenu nènye nam, elabena menye Mawu tɔ susum nèle o, ke boŋ amegbetɔwo tɔ.” (Mat. 16:21-23) Yesu lɔ̃ faa be yeatsɔ ye ɖokui ana awɔ dɔ si Mawu de ye si. Esia tututue Paulo hã di be yeawɔ. Abe Petro ke enea, susu nyui nɔ Tiro nɔviawo si, gake womede dzesi Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o.

Yesu yome dzedze bia be ame natsɔ nanewo asa vɔ

10 Egbea, ame geɖe dina be yewoawɔ nu si anɔ bɔbɔe na yewo, ne ema menye nyuitɔ o gɔ̃ hã. Eya ta ame akpa gãtɔ dina be yewoanɔ subɔsubɔha si ɖe mɔ na woƒe hameviwo be woawɔ nu sia nu si wodia me. Gake Yesu ya di be susu bubu kura nanɔ mía si ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti la, eye wòadze yonyeme ɖaa.” (Mat. 16:24) Yesu yome dzedze nye nu nyuitɔ si me susu le, gake mele bɔbɔe o.

11. Nu kae nusrɔ̃la siwo nɔ Tiro wɔ si ɖee fia be wolɔ̃ Paulo?

11 Ɣeyiɣia de be Paulo, Luka kple woƒe mɔzɔhati bubuawo nadze mɔ. Nu siwo dzɔ esi wonɔ nɔviawo klãmaa wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ, elabe eɖee fia be Tiro nɔviawo lɔ̃ Paulo, eye wodi vevie be yewoakpe ɖe eŋu le eƒe subɔsubɔdɔa me. Ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa ɖo Paulo ɖa va se ɖe ƒua ta. Wo katã wodze klo do gbe ɖa, eye wodo hedenyuie na mɔzɔlaawo. Emegbe Paulo, Luka kple woƒe zɔhɛawo ɖo tɔdziʋu bubu zɔ mɔ va ɖo Ptolemai. Wodo go nɔviwo le afi ma eye wonɔ wo gbɔ ŋkeke ɖeka.—Dɔw. 21:5-7.

12, 13. (a) Kpɔɖeŋu nyui kae Filipo ɖo le subɔsubɔdɔa me? (b) Aleke Kristotɔ vifofo siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ Filipo?

12 Azɔ Luka gblɔ be Paulo kple eƒe zɔhɛawo ɖo ta Kaisarea. Esi woɖo afi maa, woyi “ɖadze nyanyuigblɔla Filipo . . . ƒe aƒe me.” a (Dɔw. 21:8) Dzi anya dzɔ wo esi wokpɔ Filipo. Ƒe 20 aɖewo do ŋgɔ le Yerusalem la, apostoloawo tiae be wòanɔ ame siwo akpɔ nuɖuɖumamadɔa dzi le Kristo hame yeyea mea dome. Filipo ɖe gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔe ɣeyiɣi didi aɖe. Ðo ŋku edzi be esi yometiti na nusrɔ̃lawo ka hlẽa, Filipo yi Samaria eye wòte gbeƒãɖeɖe le afi ma. Emegbe eɖe gbeƒã na Etiopiatɔ aƒedzikpɔlaa eye wònyrɔe ɖe tsi me. (Dɔw. 6:2-6; 8:4-13, 26-38) Filipo wɔ nuteƒe, eye wòɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí!

13 Dzo si nɔ Filipo me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nu metsi o. Esi Luka yɔe be “nyanyuigblɔla” taa, efia be eyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Kaisarea, afi si wòva tsi koŋ. Míekpɔe hã be vinyɔnu ene siwo gblɔa nya ɖi le esi, si fia be wosrɔ̃ wo tɔ ƒe kpɔɖeŋua. b (Dɔw. 21:9) Esia ɖee fia be Filipo dze agbagba kpe ɖe eƒe ƒomea ŋu wodo vevie mawusubɔsubɔ. Anyo be Kristotɔ vifofo siwo li egbea nasrɔ̃ Filipo ƒe kpɔɖeŋua axɔ ŋgɔ le subɔsubɔdɔa me, eye woakpe ɖe wo viwo ŋu woawo hã nalɔ̃ gbeƒãɖeɖedɔa.

14. Vi kae Paulo ƒe sasrãkpɔwo ɖe na nɔvi siwo gbɔ wòdze, eye mɔnukpɔkpɔ siawo tɔgbi kae le ʋuʋu ɖi na míawo hã egbea?

14 Afi sia afi si woyia, Paulo dia haxɔsetɔwo, eye wònɔa wo gbɔ ɣeyiɣi aɖe. Nɔviwo adi vevie be yewoawɔ amedzro na dutanyanyuigblɔla sia kple eƒe zɔhɛwo. Sasrãkpɔ siawo ana mɔnukpɔkpɔa wo ‘woade dzi ƒo na wo nɔewo.’ (Rom. 1:11, 12) Mɔnukpɔkpɔ siawo gaʋuna ɖi na mí egbea. Ne míelɔ̃ faa xɔ nutome sue dzikpɔlawo kple wo srɔ̃wo ɖe míaƒe aƒe me ne nu mede mía dzi o gɔ̃ hãa, esia aɖe vi na mí.—Rom. 12:13.

“Mele Klalo . . . Be Maku” (Dɔw. 21:10-14)

15, 16. Nya kae Agabo va gblɔ, eye dɔ kae wòwɔ ɖe ame siwo nɔ eteƒea dzi?

15 Esi Paulo nɔ Filipo ƒe mea, amedzro bubu aɖe hã gava dze wo; eyae nye Agabo. Ame siwo ƒo ƒu ɖe Filipo ƒe mea nya Agabo be enye nyagblɔɖila. Le Klaudio ƒe dziɖuɣia, egblɔe ɖi be dɔ gã aɖe ato eye wòva eme. (Dɔw. 11:27, 28) Ðewohĩ woanya nɔ wo ɖokuiwo biam be: ‘Nu ka wɔ gee Agabo va? Nya kae wòtsɔ vɛ?’ Esi wonɔ ekpɔm tututua, etsɔ Paulo ƒe alidziblanu. Alidziblanu nyea avɔ lɛɛ si me ame dea ga kple nu bubuwoe tsɔna blaa ali dzii. Agabo tsɔ alidziblanua bla eya ŋutɔ ƒe afɔwo kple asiwo, eye wògblɔ nya aɖe si wɔ nublanui be: “Ale gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nye esi, ‘Aleae Yudatɔwo abla ŋutsu si tɔ alidziblanu sia nye la le Yerusalem, eye woatsɔe ade asi na dukɔwo me tɔwo.’”—Dɔw. 21:11.

16 Agabo ƒe nyagblɔɖia na wòdze ƒãa be Paulo ayi Yerusalem. Eɖee fia hã be ne eɖe gbeƒã na Yudatɔwoa, “woatsɔe ade asi na dukɔwo me tɔwo.” Nyagblɔɖia na ame siwo katã nɔ eteƒea tsi dzi vevie. Luka gblɔ be: “Esi míese nya sia la, míawo kple ame siwo nɔ afi ma míeɖe kuku nɛ vevie be wòagayi Yerusalem o. Ke Paulo ɖo eŋu be: ‘Nu kae nye esi wɔm miele le avi fam be miagblẽ tame si meɖo kplikpaa la me? Migavɔ̃ o, mele klalo, menye be woablam ɖeɖe ko o, ke be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta hã.’”—Dɔw. 21:12, 13.

17, 18. Nu kae Paulo ɖo kplikpaa be yeawɔ, eye aleke nɔviawo wɔ nui?

17 Kpɔ nudzɔdzɔa ɖa le susu me. Luka kple nɔvi bubuawo katã le kuku ɖem na Paulo be wòagayi Yerusalem o. Wo dometɔ aɖewo le avi fam. Paulo nya be lɔlɔ̃e ʋã nɔviawo wotsi dzi ɖe ye ŋu nenema eye esia wɔ dɔ ɖe edzi wògblɔ tufafatɔe be woƒe nuwɔnaa di be ‘yeagblẽ tame si yeɖo kplikpaa me,’ alo abe ale si Biblia aɖewo gblɔe enea, woƒe nuwɔnaa le “dzi gbãm na ye.” Gake Paulo ɖoe kplikpaa be yeayi. Abe ale si ko wònɔ esi wòdo go nɔvi siwo tso Tiro enea, meɖe mɔ woƒe aɖatsiwo alo ale si wole vɔvɔ̃m ɖe enu na dzi ɖe le eƒo o, ke boŋ eɖe nu si tae wòle be wòayia me na wo. Dzinɔameƒo ka gbegbee nye esi! Abe ale si Yesu wɔe va yi enea, Paulo ɖoe kplikpaa be yeayi Yerusalem. (Heb. 12:2) Menye ɖe Paulo di kokoko be yeaku ɖe yeƒe xɔse ta o, gake ne eva dzɔ nenema hãa, ebui be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeaku le esi yedze Kristo Yesu yome ta.

18 Aleke nɔviawo wɔ nui? Kpuie koa, wode bubu eŋu. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi melɔ̃ be woaƒoe ɖe ye nu o ta la, míedzudzɔ fuɖeɖe nɛ hegblɔ be: ‘Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu neva eme.’” (Dɔw. 21:14) Ame siwo nɔ nya ƒom ɖe Paulo nu be wòagayi Yerusalem oa mete tɔ ɖe edzi be Paulo nawɔ yewoƒe nya dzi kokoko o. Woɖo to Paulo eye wolɔ̃ ɖe eƒe susua dzi esi wode dzesii be emae nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, togbɔ be mele bɔbɔe na wo o hã. Ale Paulo dze mɔzɔzɔ si va kplɔe yi ku me mlɔebaa gɔme. Ne ɖe Paulo ƒe lɔlɔ̃tɔawo meƒo nya ɖe enu be wòatrɔ oa, anɔ bɔbɔe nɛ wu hafi.

19. Nu vevi kae míesrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Paulo dzi me?

19 Míesrɔ̃ nu vevi aɖe tso nu si dzɔ ɖe Paulo dzi me. Mímadi be míaƒo nya ɖe ame siwo ɖoe be yewoawɔ geɖe le mawusubɔsubɔ me nu alo aɖe dzi le wo ƒo gbeɖe o. Míate ŋu azã nu si míesrɔ̃ le nudzɔdzɔ sia mea le nɔnɔme vovovowo me, menye esiwo anye agbe kple ku ƒe nya kokoko o. Le kpɔɖeŋu me, esesẽ na dzila Kristotɔ geɖewo be wo viwo nadzo le wo gbɔ ava yi subɔ Yehowa le duta. Togbɔ be ele alea hãa, wodzea agbagba be yewomaɖe dzi le wo ƒo o. Nɔvinyɔnu Phyllis, si le England, gblɔ ale si wòse le eɖokui me esi vianyɔnu ɖeka kolia tiae be yeawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Afrika. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Menɔ bɔbɔe nam o. Esesẽ nam be wòadzo le gbɔnye ayi didiƒe nenema. Tiatia si wòwɔa do dzidzɔ nam, gake egana melé blanui vie. Medo gbe ɖa tso eŋu zi geɖe. Vinyenyɔnua ŋutɔe tso nya me be yeawɔ dɔ sia eye nyemedi be maƒo nya ɖe enu wòatrɔe o, elabe nye ŋutɔe fianɛ be wòatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Ƒe 30 sɔŋue nye esia wòle subɔsubɔm le duta eye medaa akpe na Yehowa ɖe ale si vinyea yi edzi le nuteƒe wɔm ta.” Eɖea vi geɖe ne míede dzi ƒo na nɔvi siwo tsɔ wo ɖokui na faa le Yehowa subɔsubɔ me.

Enyo be míade dzi ƒo na haxɔsetɔ siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa le mawusubɔsubɔ me

“Nɔviawo Xɔ Mí Kple Dzidzɔ” (Dɔw. 21:15-17)

20, 21. Nu kae ɖee fia be Paulo dina be yeade ha kple nɔviawo, eye nu ka tae wòwɔa esia?

20 Paulo kple eƒe zɔhɛawo dzra ɖo ɖe mɔzɔzɔa ŋu, eye wodze mɔ. Nɔvi siawo tso dzi me ke kpe asi ɖe eŋu le eƒe mɔzɔzɔa me tsɔ ɖee fia be yewolɔ̃e. Esi wole mɔ dzi yina Yerusalem la, wodi nɔviawo eye wode ha kpli wo le afi sia afi si woɖo. Le Tiro la, woke ɖe nusrɔ̃lawo ŋu eye wonɔ wo gbɔ ŋkeke adre. Le Ptolemai hãa, woto nɔviawo gbɔ do gbe na wo eye wonɔ wo gbɔ ŋkeke ɖeka. Le Kaisarea, wonɔ Filipo ƒe me ŋkeke geɖe. Emegbe nusrɔ̃la aɖewo tso Kaisarea dze Paulo kple eƒe zɔhɛawo yome yi Yerusalem eye wova dze nusrɔ̃la gbãtɔawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Mnason ƒe aƒe me. Luka gblɔ be: “Nɔviawo xɔ mí kple dzidzɔ.”—Dɔw. 21:17.

21 Edze ƒãa be Paulo dina be yeade ha kple yeƒe haxɔsetɔwo. Nɔviawo dea dzi ƒo nɛ, abe ale si ko wòle le míawo hã gome egbea ene. Kakaɖedzitɔea, nɔviawo ƒe dzideƒoname do ŋusẽ Paulo wòte ŋu nɔ te sesĩe togbɔ be tsitretsiɖeŋula siwo do dziku di be yewoawui hã.